Psalmowo

1

Agbalẽ gbãtɔ

Psalmowo 1–41

Psalmo 1

1Woayra ame si

mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu

alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo

alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,

2ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu,

eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli.

3Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to,

esi tsea ku le etseɣi,

melũa xe o, eye

nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.

4Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o!

Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.

5Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe,

alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.

6Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta,

ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.

2

Psalmo 2

1Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom,

eye amewo le nu dzodzrowo ɖom?

2Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe,

eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe

Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.

3Wole gbɔgblɔm be,

“Mina míado le Yehowa kple eƒe amesiamina la te,

eye míana ablɔɖe mía ɖokuiwo.”

4Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu,

eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.

5Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me,

eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be,

6“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion,

nye to kɔkɔe la dzi.”

7Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la;

Yehowa gblɔ nam be,

“Wòe nye vinye ŋutsu,

egbea mezu fofowò.

8Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui

kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.

9Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi,

woakaka abe ale si ze gbãnae ene.”

10Eya ta mi fiawo, midze nunya,

eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame.

11Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me

kple dzodzo nyanyanya.

12Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la,

ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata,

elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi.

Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.

3

Psalmo 3

David ƒe ha, esi wòsi le via Absalom nu.

1O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale!

Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale!

2Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be,

“Mawu maɖee akpɔ o.” Sela

3O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm;

ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi.

4Yehowae medo ɣli na sesĩe,

eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela

5Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃;

meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye.

6Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho,

ɖe to ɖem godoo la o.

7Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu!

Ƒo tome na nye futɔwo katã;

eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.

8Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.

Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. Sela.

4

Psalmo 4

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1Nye Mawu dzɔdzɔetɔ,

tɔ nam ne meyɔ wò.

Na gbɔdzɔem le nye xaxa me;

kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.

2O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie

miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe?

Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble,

ahadze aʋatsomawuwo yome? Sela

3Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui,

eya ta Yehowa asee, ne meyɔe.

4Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o;

ne miele miaƒe abawo dzi la,

midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela

5Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe,

eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.

6Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?”

Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa.

7Ètsɔ dzidzɔ gã aɖe yɔ nye dzi me wu ame siwo bli

kple wain yeye do agbogbo na.

8Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me,

elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.

5

Psalmo 5

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii kple kpẽ.

1O! Yehowa, ɖo to nye nyawo,

eye nàse nye hũɖeɖe.

2Fianye kple Mawunye,

ɖo to nye ɣlidodo,

elabena wòe mele gbe dom ɖa na.

3O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe;

le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me,

eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.

4Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le vɔ̃ ŋutie nènye o;

wò la, ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o.

5Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o;

elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã.

6Ètsrɔ̃ aʋatsokalawo;

Yehowa tsri hlɔ̃dolawo kple ameblelawo.

7Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me.

Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.

8Kplɔm, O! Yehowa,

le wò dzɔdzɔenyenye nu le nye futɔwo ta,

eye wɔ wò mɔwo dzɔdzɔe le ŋkunye me.

9Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso

woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o,

woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ.

Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene,

eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.

10O! Mawu, bu fɔ wo!

Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi.

Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta,

elabena wodze aglã ɖe ŋuwò.

11Ke na ame siwo si wò tso la nakpɔ dzidzɔ,

eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee.

Keke wò ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi,

ale be ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la natso aseye le mewò.

12O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã,

eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.

6

Psalmo 6

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku kple seminit ŋu.

1O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me

alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o.

2Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye.

O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.

3Nye luʋɔ le nuxaxa me.

Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa,

va se ɖe ɣe ka ɣi?

4O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem;

ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

5Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o.

Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me?

6Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta;

metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la,

eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele.

7Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu;

womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta.

8Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo,

elabena Yehowa se nye avifafa.

9Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui;

Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve.

10Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa;

woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.

7

Psalmo 7

David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ, Kus ƒe nyawo ta.

1O! Yehowa, nye Mawu, wòe mesi tso,

xɔ nam, eye nàɖem tso ame siwo katã le yonyeme tim la ƒe asi me.

2Ne menye nenema o la,

woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene,

eye woavuvum ʋayaʋaya,

xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o.

3O! Yehowa, nye Mawu,

ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu,

4ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti

alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la,

5ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye;

na be wòafanyam ɖe anyigba,

eye wòana matsi ke me adɔ. Sela

6O! Yehowa, tso, le wò dziku me;

tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti.

Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi.

7Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò.

Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo;

8na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la.

O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta,

O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.

9O! Mawu dzɔdzɔetɔ,

ame si dzroa susuwo kple dziwo me,

na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso,

eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo.

10Nye akpoxɔnue nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la,

ame si ɖea ame si dza le eƒe dzi me.

11Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe,

Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe.

12Nu metia kɔ nɛ o, anyre eƒe yi,

eye wòavu eƒe dati me.

13Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi,

eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe.

14Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu,

eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la,

adzi beble ƒe vi.

15Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe si

eya ŋutɔ ɖe la me.

16Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti,

eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi.

17Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta,

eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.

8

Psalmo 8

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu.

1O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,

aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!

Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi

ɖe dziƒowo tame.

2Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo

kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be

nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.

3Ne mekpɔ wò dziƒowo,

siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo,

ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo,

nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,

4Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti

kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ?

5Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe,

eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.

6Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi;

eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.

7Alẽhawo, nyihawo,

gbemelãwo,

8dziƒoxeviwo, ƒumelãwo

kple nu siwo katã ƒua tsi

le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te.

9O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,

aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!

9

Psalmo 9

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “ŋutsuvi la ƒe ku” ƒe gbeɖiɖi nu.

1Makafu wò, O! Yehowa,

kple nye dzi blibo,

maɖe wò nukunuwɔwɔwo katã afia.

2Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò;

O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.

3Nye futɔwo trɔ megbe;

wokli nu, eye wo katã wotsrɔ̃ le ŋkuwò me.

4Elabena wòe xɔ nye nya,

eye nèɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go.

Ènɔ wò fiazikpui dzi, eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.

5Èka mo na dukɔwo, eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetutu

woƒe ŋkɔwo ɖa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

6Tsɔtsrɔ̃ mavɔ va futɔ la dzi,

elabena èho woƒe duwo,

eye womagaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã akpɔ gbeɖe o.

7Yehowa aɖu fia tegbetegbe;

eɖo eƒe fiazikpui anyi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.

8Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me;

akplɔ dukɔwo katã le nuteƒewɔwɔ me.

9Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi

kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo.

10Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò,

elabena wò Yehowa,

megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o.

11Midzi kafukafuhawo na Yehowa,

ame si nɔ fiazikpui dzi gli le Zion,

miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.

12Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la,

ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.

13O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa!

Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me,

14be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me,

eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta.

15Dukɔwo ge dze do si woawo ŋutɔ woɖe la me;

woƒe afɔwo ɖo ɖɔ si woawo ŋutɔ woɖo ɖi le bebeme la me.

16Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me;

ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me.

Ŋugbledede. Sela

17Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me,

nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be.

18Ke womaŋlɔ hiãtɔ be ɖikaa

alo ame si le fu kpem la, mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o.

19Tso, O Yehowa! Mègana amegbetɔ naɖu dzi o,

na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me.

20O! Yehowa, ƒo wo ƒu anyi kple ŋɔdzi;

na dukɔwo nanya be amegbetɔwo yewonye. Sela.

10

Psalmo 10

1O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo?

Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?

2Ame vɔ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi,

ke wògena ɖe mɔ si wòtre da ɖi la me.

3Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe;

eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu.

4Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o,

le dada viviwo ta,

le eƒe ŋugblededewo katã me la,

meɖoa ŋku Mawu dzi o.

5Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi,

edoa eɖokui ɖe dzi,

wò sewo didi tso egbɔ;

eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta.

6Egblɔna na eɖokui be, “Naneke maʋuʋum o,

makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o.”

7Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu,

eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te.

8Edea xa ɖe kɔƒewo xa;

ewu ame maɖifɔwo le xame,

eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme.

9Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene;

ale be wòalé amemanɔsitɔ;

eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.

10Etoa ƒu ɖe lãme na ame siwo wòlé,

woƒe mo tsyɔa zi, eye womuna dzea anyi le eƒe ŋusẽ te.

11Egblɔna na eɖokui be,

“Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.”

12Tso, Yehowa! O! Mawu, kɔ wò abɔ dzi.

Mègaŋlɔ hiãtɔ be o.

13Nu ka ta ame vɔ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo?

Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be,

“Mayɔm be mana akɔnta o” ɖo?

14Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese;

èbua eŋuti, eye asiwò me wole.

Ame si le fukpekpe me la,

tsɔa eɖokui dea asi na wò;

elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.

15Ŋe abɔ na ame vɔ̃ɖi kple nu tovo wɔla;

yɔe ne wòana akɔnta tso nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔ

ame aɖeke mekpɔe o la ŋuti.

16Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me;

dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.

17O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi;

ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo.

18Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta,

ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o.

11

Psalmo 11

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Yehowae mesi tso.

Aleke miele gbɔgblɔm nam be,

“Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?

2Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me;

wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be

woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.

3Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la,

nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”

4Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me;

Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo.

Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu,

eye wòdo wo kpɔ.

5Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna,

ke eƒe luʋɔ tsri ame vɔ̃ɖiwo

kple ame siwo lɔ̃a ŋutasesẽ.

6Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe

ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.

7Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ;

ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.

12

Psalmo 12

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe seminit ŋu.

1Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o,

eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome.

2Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi,

eye wovivia nu me,

elabena woƒe nuyiwo blea ame.

3Yehowa nelã beblenuyiwo katã

kple aɖe siwo doa wo ɖokui ɖe dzi

4hegblɔna be, “Míaɖu dzi kple míaƒe aɖewo,

míaƒe nuyiwo nye mía tɔ,

ame kae aɖu amegã ɖe mía dzi?”

5Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to,

eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ.

Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”

6Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o,

wole abe klosalo si wololo le anyikpo me,

eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.

7Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me,

eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome.

8O! Yehowa, àna míanɔ dedie,

eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe.

13

Psalmo 13

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?

Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika?

Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?

2Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu,

eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me?

Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye?

3Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam,

O! Yehowa, nye Mawu.

Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi,

ne menye nenema o la,

madɔ alɔ̃ ayi ku me.

4Ekema nye futɔwo agblɔ be,

“Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.

5Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu,

nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.

6Madzi ha na Yehowa,

elabena ewɔ nyui nam.

14

Psalmo 14

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be,

“Mawu aɖeke meli o.”

Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu;

ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.

2Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo,

be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome,

eye wòdia Mawu vevie mahã?

3Wo katã wodze ɖe aga,

wo katã tim wogblẽ;

ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o,

ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o.

4Ɖe nu tovo wɔlawo,

ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene,

eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?

5Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe,

elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.

6Mi nu tovo wɔlawo,

miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me,

gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe.

7O! Xɔname ado tso Zion na Israel.

Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la,

na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!

15

Psalmo 15

David ƒe ha.

1Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la?

Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?

2Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o,

eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae.

Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke

3eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o,

ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o,

eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,

4ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o,

ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti,

ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ,

gake megbea edziwɔwɔ o,

5ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o,

eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o.

Ame si wɔa nu siawo la,

naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.

16

Psalmo 16

David ƒe ha si wɔa dɔ ɖe ame dzi.

1O! Mawu, na manɔ dedie,

elabena wò mee mebe ɖo.

2Megblɔ na Yehowa be,

“Wòe nye nye Aƒetɔ;

nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.”

3Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la woe nye bubume

siwo ƒe nu nyoa ŋunye vevie.

4Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi.

Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo,

alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.

5Yehowa, èɖo tɔnye gome

kple nye kplu da ɖi nam;

èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.

6Liƒo ƒe dzidzeka la dze teƒe nyuiwo nam;

le nyateƒe me la, domenyinu si do dzidzɔ nam la su asinye.

7Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam;

le zã me ke hã, nye dzi xlɔ̃a num.

8Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa,

elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.

9Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm,

nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me,

10elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò,

Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.

11Èna menya agbemɔ la;

àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me,

eye matsɔ vivisese si mevɔna o la

anɔ wò nuɖusime tegbee.

17

Psalmo 17

David ƒe gbedodoɖa.

1See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo

kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe.

Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa

si metso alakpanuyiwo me o.

2Afiatsotso nam netso gbɔwò,

eye na wò ŋkuwo nakpɔ nu si le dzɔdzɔe.

3Togbɔ be èdzro nye dzi me

eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me;

ne èdom kpɔ hã la,

màkpɔ naneke le menye o.

Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o.

4Le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me la,

metsɔ wò numenya kpɔ ɖokuinye dzii be,

nyemage ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi o.

5Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo,

eye nye afɔ meɖiɖi o.

6Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam;

ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa.

7Ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ƒe nukunu fia,

wò ame si tsɔa wò nuɖusi ɖea ame siwo si wò tso,

tso woƒe futɔwo ƒe asi me.

8Kpɔ tanye abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene,

eye nàɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te,

9ɖem tso ame vɔ̃ɖi siwo le funyafunya wɔmem

kple futɔ siwo ɖe to ɖem la ƒe asi me.

10Wotu woƒe ŋutasẽdziwo,

eye wotsɔa woƒe nuwo gblɔa dadanyawoe.

11Wodo afɔ nam, eye azɔ la, woɖe to ɖem,

woƒe ŋkuwo le te ne woaxlãm ɖe anyigba.

12Wole abe dzata dɔwui si le nu dim be yealé,

hele adeklo dzi le avekɔe me ene.

13O! Yehowa, tso, kpe akɔ kpli wo,

he wo ƒu anyi, eye tsɔ wò yi nàɖem le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.

14O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi

kple xexemetɔ siawo ƒe asi me,

ame siwo ƒe fetu le agbe sia me.

Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu;

wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe,

eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo.

15Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me,

eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo.

18

Psalmo 18

David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. David gblɔ be:

1O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò.

2Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.

Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso.

Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe

ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.

3Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu,

eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.

4Ku ƒe kawo blam,

eye nu siwo gblẽa ame la ƒo ɖe dzinye abe tɔʋu ene.

5Tsiẽƒe ƒe kawo

blam, eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem.

6Meyɔ Yehowa le nye xaxa me;

medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem.

Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke,

eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.

7Tete anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu;

towo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye,

eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.

8Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime;

dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me

eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.

9Ema dziŋgɔli ɖe eve,

wòto eme ɖi va anyi,

eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.

10Ede kerubiwo dzi, eye wòdzo dzo.

Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.

11Viviti nye avɔ si wòtsyɔ, eye lilikpo yibɔ

si dzaa tsi lae nye agbadɔ si ƒo xlãe.

12Lilikpo, kpetsi kple dzikedzo do tso

eƒe mo ƒe keklẽ la me.

13Yehowa ɖe gbe tso dziƒo,

eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.

14Eda eƒe aŋutrɔ, eye wòkaka eƒe futɔwo,

eɖo dzikedzo ɖa, eye wòtɔtɔ wo.

15Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglã,

eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu.

Le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu

kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.

16Edo asi ɖa tso dziƒo lém,

Heɖem tso tɔ goglowo me.

17Eɖem tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me,

tso nye ketɔwo ƒe asi me,

ame siwo sesẽ wum akpa la ƒe asi me.

18Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe,

gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.

19Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa;

eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.

20Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu,

eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta.

21Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi;

nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o.

22Eƒe sewo katã le ŋkunye me;

eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o.

23Nyemeɖi fɔ le eŋkume o,

eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.

24Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye

kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta.

25Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla,

eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.

26Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza,

eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.

27Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui,

ke ame siwo si dadaŋku le la, èɖiɖia wo ɖe anyi.

28Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim,

eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli.

29Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me,

eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.

30Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,

Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ.

Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.

31Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu?

Ame kae ganye Agakpe,

ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?

32Mawue nye nye mɔ sesẽ,

Eyae na nye mɔ zu gbadzaa.

33Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene,

eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.

34Efia aʋawɔwɔ nye asiwo,

eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.

35Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam,

eye wò nuɖusi lém ɖe te.

Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.

36Èkeke mɔ le tenye,

be nye klowo magli le tenye o.

37Meti nye futɔwo yome, eye metu wo.

Nyemetrɔ le wo yome o,

va se ɖe esime wotsrɔ̃.

38Metsrɔ̃ wo be womagate ŋu afɔ gbeɖe o,

ale wodze anyi ɖe nye afɔ nu.

39Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ,

Èna mebɔbɔ ame siwo katã

tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.

40Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ,

eye metsrɔ̃ nye futɔwo.

41Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo,

gake ame aɖeke mexɔ na wo o,

elabena Yehowa metɔ na wo o.

42Metu wo memie abe ʋuʋudedi si ya lɔ ɖe nu la ene,

eye metrɔ wo ɖe mɔtata dzi abe anyi ene.

43Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la ƒe asi me,

ètsɔm ɖo dukɔwo nu,

eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.

44Ne wose ŋkɔnye ko la,

woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã

dzona nyanyanya le nye ŋkume.

45Dzi ɖena le wo katã ƒo, eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe

le woƒe mɔ sesẽwo me.

46Yehowa li tegbee!

Woakafu nye Agakpe la!

Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo!

47Eyae nye Mawu si biaa hlɔ̃ nam,

eye wòbɔbɔa dukɔwo ɖe nye afɔ te,

48ame si ɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me.

Èkɔm ɖe dzi gbɔ nye futɔwo ta,

eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me.

49O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome

le esia ta, eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ.

50Ena dziɖuɖu gãwo eƒe fia la;

eɖe amenuveve si nu meyi o la fia David,

eƒe amesiamina la kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.

19

Psalmo 19

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Dziƒo ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go,

eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwo.

2Tso ŋkeke yi ŋkeke, wole Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kafum,

eye tso zã yi zã,

wole eƒe gãnyenye ɖem fia.

3Nuƒoƒo alo gbegbɔgblɔ aɖeke meli

si me womese woƒe gbe le o.

4Woƒe gbe ɖina le anyigba dzi afi sia afi,

eye woƒe nyawo dea xexea me ƒe mlɔenu ke gɔ̃ hã.

Etu agbadɔ ɖe dziƒowo na ɣe,

5eye wòle abe ŋugbetɔsrɔ̃e le go dom tso eƒe agbadɔ me ene.

Ele abe duƒula si le dzidzɔ kpɔm be wòalé eƒe mɔ atsɔ ene.

6Ɣe dzena tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi,

eye wòzɔna yia go kemɛ dzi,

naneke meɣla ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.

7Yehowa ƒe se la de blibo,

enaa agbegbɔgbɔ luʋɔ!

Yehowa ƒe ɖoɖowo le eteƒe,

eye wonana bometsilawo dzea nunya.

8Yehowa ƒe mɔwo dzɔ,

wonana dzi kpɔa dzidzɔ.

Yehowa ƒe sewo me kɔ,

wonana ame dzea nunya.

9Yehowa ƒe sewo me kɔ;

wonɔa anyi ɖaa.

Yehowa ƒe sewo li ke sesĩe,

eye ɖikeke aɖeke mele woƒe dzɔdzɔenyenye ŋu o.

10Woxɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ;

wovivina wu anyitsi

kple anyitsi si woɖe le anyito me.

11Wò sewo wotsɔ xlɔ̃ nu wò dɔlae,

elabena viɖe gã geɖe le wo dzi wɔwɔ me.

12Ame kae ate ŋu ade dzesi nu gbegblẽ si wòwɔ?

Tsɔ nye vodada siwo metsɔ ɣla la kem.

13Ɖe wò dɔla tso lɔlɔ̃nuwɔwɔ ƒe nu vɔ̃wo hã me;

womaɖu dzinye akpɔ o.

Ekema mazu fɔɖiɖi manɔŋutɔ,

eye ŋutinye akɔ tso vodada gã me.

14Na be nye numenyawo

kple nye dzi ƒe ŋugbledede nadze ŋuwò,

O! Yehowa, nye Agakpe kple nye Xɔnametɔ.

20

Psalmo 20

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me;

Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla.

2Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la,

eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion.

3Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi,

eye wòaxɔ wò numevɔsawo. Sela

4Nena nu si wò dzi di la wò,

eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò.

5Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi

le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.

Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò.

6Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina,

etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la

kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee.

7Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu,

eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu,

ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa,

míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.

8Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi,

ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.

9O! Yehowa, xɔ na fia la!

Tɔ na mí ne míeyɔ wò!

21

Psalmo 21

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Yehowa, fia la le dzidzɔ kpɔm le wò ŋusẽ me.

Ale gbegbe wòle aseye tsom le dziɖuɖu gã siwo nènae la ta!

2Ètsɔ nu si eƒe dzi di la nɛ, eye nèwɔ nu

siwo wòtsɔ eƒe nu bia la dzi nɛ. Sela

3Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ,

eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ.

4Ebia agbe wò, eye nènae hedidi

eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me.

5Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me.

Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi.

6Vavã ènae yayra si nu meyina o,

eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me.

7Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la,

mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o.

8Wò asi alé wò futɔwo katã,

eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo.

9Ne wò vavaɣi ɖo la,

àwɔ wo abe kpodzo bibi ene.

Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me,

eye eƒe dzo afia wo katã.

10Àtsrɔ̃ woƒe dzidzimeviwo ɖa le anyigba dzi,

eye àtsrɔ̃ woƒe nunɔamesiwo ɖa le amegbetɔwo dome.

11Togbɔ be wole vɔ̃ ɖom ɖe ŋuwò,

eye wowɔ ɖoɖowo be woasẽ ŋuta le ŋuwò hã la,

madze edzi na wo o,

12elabena ne èdidi wò aŋutrɔ ɖe wo dzi la,

woatrɔ ʋu me ade wò adzo.

13Ède ŋgɔ, O! Yehowa, le wò ŋusẽ me;

eya ta míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ.

22

Psalmo 22

David ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe “Zinɔ le ŋdi kanyaa” ƒe gbeɖiɖi nu.

1Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?

Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam,

eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?

2O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke

kple zã me; megale edzi ko,

gake mètɔ nam o.

3Ke wò la, èle kɔkɔe, eye Israel ƒe kafukafuhawo zu

fiazikpui nènɔ anyi ɖe edzi gli.

4Mewòe mía fofowo tsɔ woƒe xɔse dee,

woka ɖe dziwò, eye nèɖe wo.

5Wodo ɣli na wò, eye nèɖe wo,

dziwòe woka ɖo, eye ŋu mekpe wo o.

6Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o,

elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom.

7Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye;

woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:

8“Eka ɖe Yehowa dzi,

Yehowa neɖee míakpɔ.

Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.”

9Ke wòe hem tso vidzidɔ me,

eye le danye ƒe no nu ke, èna meka ɖe dziwò.

10Wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me

ke, eye tso ɖevime wotsɔm de asi na wò.

11Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o,

elabena xaxa tum,

eye ame aɖeke meli axɔ nam o.

12Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem;

Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm.

13Woke woƒe nuwo ɖe ŋunye baa

abe dzata si le gbe tem hele nu si wòlé la vuvum ene.

14Woƒom ɖe anyi abe tsi ene,

eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo.

Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye.

15Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene,

eye nye aɖe lé ɖe nye nu me,

elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.

16Avuwo ƒo xlãm,

ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem,

eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo.

17Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo,

amewo fɔ ŋku ɖe dzinye,

eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti.

18Woma nye awuwo na wo nɔewo,

eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.

19Ke wò, O! Yehowa, mèganɔ adzɔge o;

O! Nye ŋusẽ, va kaba nàɖem.

20Ɖe nye agbe tso yi ƒe asi me,

eye ɖe nye agbe xɔasi la tso avuwo ƒe ŋusẽ me.

21Ɖem le dzatawo ƒe nu me,

eye nàɖem le towo ƒe dzowo nu.

22Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo,

eye le amehawo dome, makafu wò.

23Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafui!

Mi, Yakob ƒe dzidzimeviwo, mide bubu eŋuti!

Misroe ɖa, mi Israel ƒe dzidzimeviwo!

24Elabena menyɔ ŋu alo do vlo

ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o;

meɣla eƒe mo ɖee o,

ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu.

25Gbɔwòe nye kafukafuha si medzina

le ameha gãwo dome la ƒe tanya tsona.

Maxe nye adzɔgbeɖefewo

le ame siwo vɔ̃a wò la ŋkume.

26Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo;

ame siwo dia Yehowa la akafui.

Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!

27Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi,

atrɔ ɖe Yehowa ŋu,

eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã

ava de ta agu ɖe eŋkume.

28Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ,

eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi.

29Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la

aɖu nu, eye woasubɔe;

ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o,

eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume.

30Dzidzimewo asubɔe, eye dzidzime siwo ava dzɔ la,

woagblɔ nya na wo tso Aƒetɔ la ŋuti.

31Woaɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye na

ame siwo meva dzɔ haɖe o,

elabena eyae wɔe.

23

Psalmo 23

David ƒe ha.

1Yehowae nye kplɔnyela,

eya ta naneke mahiãm o.

2Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo,

eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,

3hena nye luʋɔ gbɔ agbe.

Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe

mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.

4Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la,

nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o,

elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti

kple atikplɔ faa akɔ nam.

5Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume.

Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.

6Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme

le nye agbemeŋkekewo katã me,

eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.

24

Psalmo 24

David ƒe ha.

1Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi,

xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.

2Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi,

eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli.

3Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ?

Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?

4Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe,

ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o,

eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.

5Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu,

eƒe Ɖela la, atso afia nɛ.

6O! Yakob ƒe Mawu,

aleae dzidzime si dia wò,

eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela

7O! Mi agbowo, miʋu;

mi blemaʋɔtruwo, miʋu,

ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.

8Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la?

Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae,

Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae.

9O! Mi agbowo, miʋu;

mi blemaʋɔtruwo, miʋu,

ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.

10Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia?

Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela.

25

Psalmo 25

David ƒe ha.

1O! Yehowa,

wòe mekɔ nye luʋɔ ɖe dzi na.

2O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo.

Mègana ŋu nakpem,

alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o.

3Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la,

ŋu makpee akpɔ gbeɖe o;

gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo.

4O! Yehowa, fia wò mɔwo

kple wò toƒewom,

5kplɔm le wò nyateƒe la me, eye nàfia num,

elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela,

eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã.

6O! Yehowa, ɖo ŋku wò lɔlɔ̃

kple wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi,

elabena woli tso blema ke.

7O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo

kple nye aglãdzemɔwo dzi o;

ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta,

elabena nyuiwɔwɔ le mewò.

8Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe,

eya ta efiaa eƒe mɔ nu vɔ̃ wɔlawo.

9Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me,

eye wòfiaa eƒe mɔ wo.

10Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na

ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi.

11O! Yehowa, togbɔ be nye dzidada sɔ gbɔ ale gbegbe hã la,

tsɔ wo kem le wò ŋkɔ la ta.

12Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa?

Afia nu wo le mɔ si woato la dzi.

13Woakpɔ dzidzedze le woƒe agbemeŋkekewo me,

eye woƒe dzidzimeviwo anyi anyigba la ƒe dome.

14Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ,

eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.

15Nye ŋkuwo le Yehowa ŋu ɖaa,

elabena eya koe aɖe nye afɔ le mɔ me.

16Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye,

elabena metsi akogo, eye hiã tum.

17Nye dzi ƒe nuxaxawo do gã ɖe edzi,

na vovom tso nye vevesesewo me.

18Nye kɔ nàkpɔ nye nuxaxa kple nye vevesese ɖa,

eye nàɖe nye nu vɔ̃wo katã ɖa.

19Kpɔ ale si nye futɔwo dzi ɖe edzii ɖa,

eye nàkpɔ ale si wolé fum ɖikaɖikae ɖa!

20Kpɔ nye agbe ta, eye nàɖem;

megana ŋu nakpem o, elabena mewòe mebe ɖo.

21Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye,

elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò.

22O! Mawu,

ɖe Israel tso woƒe xaxawo katã me.

26

Psalmo 26

David ƒa ha.

1O! Yehowa, tso afia nam,

elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o.

Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.

2O! Yehowa, lolom, dom kpɔ;

eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me,

3elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa,

eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi.

4Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome,

alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o.

5Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ,

eye megbe be nyemanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome o.

6Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me,

eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa,

7hele wò kafukafuha dzim

kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.

8O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle,

afi si wò ŋutikɔkɔe le.

9Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti

kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,

10ame siwo ƒe asi me ɖoɖo vɔ̃ɖiwo le,

eye woƒe nuɖusime yɔ fũu kple zãnuxɔxɔ o.

11Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o,

eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam.

12Nye afɔ le sɔsɔeƒe.

Makafu Yehowa le takpekpe gã la me.

27

Psalmo 27

David ƒe ha.

1Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe.

Ame ka mavɔ̃?

Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe,

ame ka adzi ŋɔ nam?

2Ne ame vɔ̃ɖiwo lũ ɖe dzinye be woavuvum,

ne nye futɔwo kple nye ketɔwo lũ ɖe dzinye la,

woakli nu adze anyi.

3Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la,

nye dzi mavɔ̃ o,

togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la,

azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.

4Nu ɖeka mebia Yehowa,

esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me

le nye agbemeŋkekewo katã me,

ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu,

eye madii le eƒe gbedoxɔ me.

5Elabena le xaxaɣiwo la,

atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me;

aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe,

eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.

6Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ

siwo ƒo xlãm godoo la ta;

matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me.

Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.

7O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ wò;

kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam.

8Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be,

“Di eƒe ŋkume!”

Yehowa, wò ŋkumee madi.

9Mègaɣla wò ŋkume ɖem o,

mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o,

elabena wòe nye nye xɔnametɔ.

O! Mawu, nye Ɖela,

mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o.

10Togbɔ be tɔnye kple nɔnye gblem ɖi hã la,

Yehowa axɔm.

11O! Yehowa, fia wò mɔwom;

kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi,

le ame siwo tem ɖe to la ta.

12Mègatsɔm de asi na nye futɔwo ƒe didi o,

elabena alakpaɖasefowo tso ɖe ŋutinye kpe ɖe

ame siwo lɔ ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔtsixɛ ɖe ƒo la ŋuti.

13Esia nye nu si dzi meka ɖo la be:

Makpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo

le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

14Kpɔ mɔ na Yehowa;

sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo.

Kpɔ mɔ na Yehowa.

28

Psalmo 28

David ƒe ha.

1O! Yehowa, nye Agakpe,

wò yɔm mele, mègado tokum o.

Elabena ne èzi ɖoɖoe la,

manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene.

2Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la,

se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ,

ne meyɔ wò be nàxɔ nam.

3Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o,

ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ,

gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me.

4Ɖo eteƒe na wo le woƒe nuwɔnawo

kple woƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo ta.

Xe fe na wo ɖe nu si woƒe asiwo wɔ la nu,

eye nàgbugbɔ tohehe si wodze na la ahe va wo dzii.

5Esi womede bubu Yehowa ƒe nuwɔnawo

kple eƒe asinudɔwo ŋuti o ta la,

àgbã wo aƒu anyi,

eye màgbugbɔ wo atu akpɔ gbeɖe o.

6Woakafu Yehowa, elabena ese ɣli si dom mele

le nublanuikpɔkpɔ biam.

7Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu;

nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem.

Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta,

eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.

8Yehowae nye eƒe dukɔ ƒe ŋusẽ;

ɖeɖe ƒe mɔ sesẽ wònye na eƒe amesiamina.

9Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu;

nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.

29

Psalmo 29

David ƒe ha.

1Mitsɔ bubu na Yehowa, O! Mi ŋusẽtɔwo,

mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.

2Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze Yehowa ƒe ŋkɔ nɛ;

misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me.

3Yehowa ƒe gbe ɖi le tsiwo dzi;

Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe gbe,

eye Yehowa ɖe gbe le tsi gãwo dzi.

4Ŋusẽ le Yehowa ƒe gbe ŋu,

eye ŋutikɔkɔe nye Yehowa ƒe gbe.

5Yehowa ƒe gbe ŋe Lebanon ƒe sedatiwo.

6Ena Lebanon ti kpo abe nyivi ene,

eye Sirion hã abe tovi ene.

7Yehowa ƒe gbe ke dzo mia abe dzikedzo ene.

8Yehowa ƒe gbe ʋuʋu dzogbenyigba,

eye Yehowa ʋuʋu Kades Dzogbenyigba.

9Yehowa na gboti sesẽwo ʋuʋu heyeheye,

eye wòna avewo lũ xɛ.

Le eƒe gbedoxɔ me la, ame sia ame do ɣli be,

“Ŋutikɔkɔe!”

10Yehowa nɔ eƒe fiazikpui dzi gli le tsiɖɔɖɔ dzi.

Woɖo Yehowa fia tso mavɔ me yi mavɔ me.

11Yehowa naa ŋusẽ eƒe dukɔ;

eye wòyraa eƒe amewo kple ŋutifafa.

30

Psalmo 30

David ƒe ha na gbedoxɔ la ŋutikɔkɔ.

1O! Yehowa, mado wò ɖe dzi,

elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me,

eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o.

2O! Yehowa, nye Mawu,

mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm.

3O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe,

eye mèna meyi aʋlime o.

4Midzi ha na Yehowa,

mi eƒe ame kɔkɔewo,

eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

5Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o,

ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã.

Avifafa anɔ anyi le zã me,

gake aseyetsotso ava le ŋdi me.

6Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be,

“Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.”

7O! Yehowa, esi nève nunye la,

èna nye to li ke zã,

gake esi nèɣla wò ŋkume ɖem la,

nye mo tsi dãa.

8Yehowa, wòe meyɔ,

Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam.

9“Viɖe kae le eme ne donyeme

gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime?

Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa?

Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa?

10See, O! Yehowa, eye nàkpɔ nye nublanui;

O! Yehowa, kpe ɖe ŋunye.”

11Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu;

èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam,

12ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o.

O! Yehowa, nye Mawu,

mada akpe na wò tegbetegbe.

31

Psalmo 31

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Yehowa, mewòe mebe ɖo;

mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o;

ɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta.

2Ƒu to anyi ɖe ŋunye, va kaba nàɖem,

nànye nye xɔxɔ ƒe agakpe

kple mɔ sesẽ ne nàɖem.

3Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm,

elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.

4Ɖem le mɔ si woɖo ɖi nam la me,

elabena wòe nye nye mɔ sesẽ.

5Asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ de, eya ta Yehowa,

nyateƒe ƒe Mawu, va nàɖem.

6Metsri ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu;

ke nye la meku ɖe Yehowa ŋu.

7Makpɔ dzidzɔ, eye matso aseye le wò lɔlɔ̃ la me,

elabena èkpɔ nye hiã henya nye luʋɔ ƒe nuxaxa.

8Mètsɔm de asi na nye futɔ o,

ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.

9O! Yehowa, kpɔ nublanui nam,

elabena nye dzi ʋu dzo,

nuxaxa na nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ,

eye konyifafa na nye luʋɔ kple ŋutilã gbɔdzɔ.

10Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me,

eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me.

Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta,

eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam.

11Le nye futɔwo ƒe nuwɔnawo ta mezu alɔmeɖenu na nye

aƒelikawo vevie ŋutɔ.

Mezu ŋɔdzinu na xɔ̃nyewo,

eye ame siwo do gom le mɔtata dzi la sina le nunye.

12Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene,

ale mezu ze gbagbã.

13Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo;

ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye,

eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa.

14Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo;

megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”

15Nye ɣeyiɣiwo le asiwò me;

ɖem tso nye futɔwo kple ame siwo

le yonyeme tim la ƒe asi me.

16Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi,

ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

17O! Yehowa, mègana ŋu nakpem o,

elabena wòe medo ɣli na;

ke na ŋu nakpe ame vɔ̃ɖiwo,

eye ɖoɖoe nazi le wo nu le yɔme.

18De ga nu na woƒe alakpanuyiwo,

elabena wotsɔa dada

kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu.

19Wò nu nyui siwo nèdzra ɖo ɖi na

ame siwo vɔ̃a wò la lolo ŋutɔ.

Nu nyui siwo nèkɔ ɖe ame siwo

si wò tso dzi le amewo ƒe ŋkume la lolo.

20Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò,

tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ.

Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be

woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ.

21Woakafu Yehowa,

elabena eɖe eƒe nukulɔlɔ̃ la fiam

le esime mele du si ŋu woƒu kpo ɖo la me.

22Megblɔ le nye dzikatsoƒo me be:

“Woɖem ɖa le wò ŋkume azɔ!”

Ke hã la, èse nye nublanuiɣlidodo

esi meyɔ wò be nàxɔ nam.

23Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo!

Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta,

ke eɖoa eteƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ dea

woƒe nuwɔnawo nu.

24Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã tsɔ

miaƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me.

32

Psalmo 32

David ƒe nufiameha.

1Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee,

eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi.

2Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o,

eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o.

3Esi mezi ɖoɖoe la,

nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ.

4Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã

kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye

abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee mele ene. Sela

5Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò,

eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o.

Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”,

eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela

6Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo,

elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o.

7Wòe nye nye bebeƒe,

àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe

ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela

8Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò.

Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò.

9Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ

siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o,

elabena ele be woade ka

kple numega nu me na wo hafi amla wo,

ne menye nenema o la,

womate ŋu ate ɖe ŋuwò o.

10Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe,

ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã

ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la.

11Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu,

mi ame dzɔdzɔewo;

midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!

33

Psalmo 33

1Midzi ha kple dzidzɔ na Yehowa,

mi ame dzɔdzɔewo;

edze mi ame siwo ƒe dzi to

mɔ ɖeka la be woakafui.

2Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo,

eye miƒo ha nɛ le ka ewo ƒe kasaŋku dzi.

3Midzi ha yeye nɛ;

miƒo ha nɛ kple ŋusẽ, eye míado dzidzɔɣli.

4Elabena Yehowa ƒe nya nye nyateƒe, eye wòto mɔ ɖeka;

etoa nyateƒe le nu siwo katã wòwɔna la me.

5Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ;

anyigba yɔ fũu kple eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o.

6Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe,

eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.

7Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me,

eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.

8Anyigba katã nevɔ̃ Yehowa,

eye xexemetɔwo katã nede bubu eŋu.

9Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ;

eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.

10Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me,

eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo.

11Ke Yehowa ya ƒe ɖoɖowo nɔa anyi maʋamaʋãe ɖikaa,

eye eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime.

12Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa,

ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome.

13Yehowa bi kɔ tso dziƒo ke,

eye wòkpɔ amegbetɔviwo katã.

14Ele eƒe nɔƒe ke hekpɔ

ame siwo katã le anyigba dzi,

15eya ame si wɔ ame sia ame ƒe dzi,

eye wòléa ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la ŋu.

16Aʋakɔ gbogbo si le fia aɖe si la mate ŋu aɖee o,

eye ŋusẽ triakɔ hã meɖea kalẽtɔ o.

17Ne eɖo ɖeɖe dzi la,

sɔ maɖe ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi o,

togbɔ be ŋusẽ triakɔ le esi hã la,

mate ŋu aɖee o.

18Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu,

ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe

eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi,

19be wòaɖe wo tso ku ƒe asi me,

eye wòana woatsi agbe le dɔŋɔli.

20Míele lalam le mɔ kpɔm na Yehowa,

eyae nye míaƒe xɔname kple akpoxɔnu.

21Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm le eya amea me,

elabena mieka ɖe eƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi.

22O! Yehowa, na wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la,

nanɔ mía dzi abe ale si míetsɔ míaƒe

mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò ene.

34

Psalmo 34

David ƒe ha. Ekpa ha sia esime wòdo aɖaʋatɔ eɖokui le Abimelek ŋkume, eye wònyae wòdzo.

1Mado Yehowa ɖe dzi ɣe sia ɣi;

eye eƒe kafukafu anɔ nye nu me ɖaa.

2Nye luʋɔ aƒo adegbe le Yehowa me,

ame siwo le veve sem la nesee ne woakpɔ dzidzɔ.

3Mido kɔkɔ Yehowa kplim;

mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi.

4Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me.

5Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ,

ŋukpe matsyɔ mo na wo o.

6Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe,

heɖee le eƒe xaxawo katã me.

7Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã

ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.

8Miɖɔe kpɔ, ne miakpɔe be Yehowa ƒe dɔ me nyo;

woayra ŋutsu si be ɖe eya amea me.

9Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo,

elabena naneke mehiãa ame siwo vɔ̃nɛ la o.

10Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ,

gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.

11Miva, vinyewo, miɖo tom,

ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi.

12Mia dometɔ siwo lɔ̃ agbe,

eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la,

13mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso vɔ̃ ŋuti,

eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti.

14Mite ɖa le vɔ̃ gbɔ, eye miawɔ nu nyui,

midi ŋutifafa, eye miati eyome.

15Yehowa ƒe ŋku le ame dzɔdzɔewo ŋu,

eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu;

16ke Yehowa klẽa ŋku ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo be wòaɖe wo ɖa

le anyigba dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ o.

17Ame dzɔdzɔewo do ɣli,

Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me.

18Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ,

eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi.

19Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ,

gake Yehowa ɖenɛ le wo katã me;

20ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta,

eye womaŋe wo dometɔ aɖeke o.

21Dzɔgbevɔ̃e awu ame vɔ̃ɖi,

eye woabu fɔ ame dzɔdzɔewo ƒe futɔwo.

22Yehowa ɖea eƒe dɔlawo,

eye womabu fɔ ame siwo katã sinɛ tsona la o.

35

Psalmo 35

David ƒe ha.

1O! Yehowa, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim;

wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim.

2Tso, tsɔ akpoxɔnu kple wò akɔtatsyɔnu, eye nàxɔ nam.

3Tsɔ akplɔ nueveetɔ kple nuɖekɛtɔ ɖe yonyemetilawo ŋuti.

Gblɔ na nye luʋɔ be,

“Nyee nye wò xɔname.”

4Ame siwo le nye agbe yome tim la,

ŋukpe kple vlododo nelé wo,

eye ame siwo le nugbe ɖom ɖe nye gbegblẽ ŋu la,

gbegblẽ netrɔ va woawo ŋutɔ dzi.

5Wonenɔ abe bli ƒe atsa si ya lɔ ɖe nu ene,

eye Yehowa ƒe dɔla nenya wo ɖe du nu;

6woƒe mɔ dzi nedo viviti, ahanɔ ɖiɖim,

eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome.

7Esi nyemewɔ naneke wo o,

gake woɖo ɖɔ ɖi nam, eye woɖe ʋe ɖi nam ta la,

8gbegblẽ neƒo ɖe wo dzi kpoyi,

ɖɔ si woɖo nam la neɖe woawo ŋutɔ,

eye woage dze ʋe si woɖe ɖi nam la me aƒaƒã ɖe afi ma.

9Ekema nye luʋɔ atso aseye le Yehowa me,

eye wòadzɔ dzi le eƒe xɔname ŋuti.

10Nye ameti blibo la katã mado ɣli be,

“O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò?

Wò ame si ɖe ame beliwo tso

ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me,

eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso

ame siwo ha wo la ƒe asi me.”

11Ɖasefo ŋutasẽlawo zɔ va ŋgɔgbe,

eye wobia biabiam tso nu

siwo ŋuti nyemenya naneke le o.

12Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam,

eye wogble nye luʋɔ ɖe nuxaxa me.

13Gake ne wodze dɔ la,

metaa akpanya, eye metsɔa nutsitsidɔ bɔbɔa ɖokuinyee.

Ne womeɖo nye gbedodoɖa ŋuti nam o la,

14menɔa yiyim kpokpokpo le nuxaxa me abe xɔ̃nye

alo nɔviŋutsu fam mele ene.

Medea mo to abe danye ƒe ku fam mele ene.

15Gake ne mekli nu la,

woƒoa ƒu koa nu hahaha,

eye ne mele vo me la, futɔwo va ɖea to ɖem.

Woɖea alɔme le ŋunye madzudzɔmadzudzɔe.

16Woɖua fewu le ŋunye vevesesetɔe,

eye woɖua aɖukli ɖe ŋunye abe mawumavɔ̃lawo ene.

17O! Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ te akpɔ wo ase ɖo?

Ɖe nye agbe tso woƒe nu gbegblẽwo me,

ɖe nye agbe xɔasi tso dzata siawo ƒe asi me.

18Ekema mada akpe na wò le ameha gã la dome,

eye makafu wò le ame gbogbowo dome.

19Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu

ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o,

eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la

nate ŋku ɖem kple vevesese o.

20Womeƒoa nu ŋutifafatɔe o,

ke boŋ woɖoa alakpa ƒe amenutsonyawo ɖi ɖe

ame siwo le anyigba dzi kpoo la ŋuti.

21Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be,

“Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.”

22O! Yehowa, èkpɔ esia, eya ta mègazi ɖoɖoe o.

O! Aƒetɔ, mèganɔ adzɔge nam o.

23Nyɔ, tso nàʋli tanye!

Wɔ avu ɖe nunye,

nye Mawu kple nye Aƒetɔ.

24Tso afia nam le wò dzɔdzɔenyenye la ta,

O! Yehowa, nye Mawu,

mègana woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye o.

25Mègana woabu be,

“Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o.

Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o.

26Ame siwo katã le dzidzɔ kpɔm tso nye xaxa ŋuti la,

ŋukpe nelé wo, eye woatɔtɔ;

na be ame siwo kɔ wo ɖokuiwo dzi ɖe ŋutinye la

nata ŋukpe kple vlododo abe avɔ ene.

27Ke ame siwo dzɔ dzi be nètso afia nam la

nedo dzidzɔɣli kple aseyetsoɣli.

Wonenɔ gbɔgblɔm ɖaa be,

“Woado Yehowa, ame si dzɔa dzi le eƒe dɔla

ƒe dedinɔnɔ ŋu la ɖe dzi.”

28Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti,

eye wòadzi wò kafukafuha ɖaa.

36

Psalmo 36

David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la.

1Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tso

ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti.

Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.

2Elabena le eya ŋutɔ ŋkume,

wòvivi nu me na eɖokui ale gbegbe be

mete ŋu kpɔ eƒe nu vɔ̃ dze sii

alo wòagbe nu le egbɔ o.

3Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi,

henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me

kple nu nyui wɔwɔ.

4Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi,

etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃,

eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o.

5O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke,

eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke.

6Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gãwo ene,

eye wò afiatsotso le abe tɔ goglo ene.

O! Yehowa, èkpɔa amegbetɔwo kple lãwo siaa ta.

7Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo!

Ame siwo ŋuti bubu le

kple ame siwo ŋuti mele o,

le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe

le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.

8Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo,

eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me.

9Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le,

eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.

10Yi edzi nàɖe wò lɔlɔ̃ afia ame siwo nya wò,

eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afia

ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.

11Dadalawo megaɖo afɔ dzinye,

alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o.

12Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa;

wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!

37

Psalmo 37

David ƒe ha.

1Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta,

alo aʋã ŋu nu tovo wɔlawo o

2elabena esusɔ vie woayrɔ abe gbe ene,

eye abe gbe mumu ene la, woaku wo atsɔ aƒu gbe.

3Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui;

nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.

4Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nu

siwo wò dzi di la wò.

5Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me;

ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò.

6Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene,

eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene.

7Zi kpoo le Yehowa ŋkume,

eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me.

Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo,

eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la,

mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.

8Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de wò dɔmedzoe,

ŋɔ megadzi wò o,

elabena nu vɔ̃ɖi me ko wòakplɔ wò ayii.

9Woatsrɔ̃ ame vlowo

gake ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de

Yehowa me la, anyi anyigba la ƒe dome.

10Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o,

togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o.

11Ke ame fafawo anyi anyigba la ƒe dome,

eye dzi adzɔ wo le ŋutifafa gbogbo la ta.

12Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe

ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti.

13Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom,

elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna.

14Ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe yi,

eye wohe woƒe dati me be woada hiãtɔ

kple ame dahe aƒu anyi,

eye woawu ame siwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka.

15Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo,

eye woƒe datiwo aŋe.

16Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔewo si la nyo wu

kesinɔnu gbogbo siwo le ame vɔ̃ɖiwo si,

17elabena woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ,

ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te.

18Ame siwo ŋuti fɔɖiɖi mele o la

ƒe ŋkekewo le nyanya na Yehowa,

eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbetegbe.

19Le ŋkeke vɔ̃wo dzi la, womalũ xɛ o;

le dɔŋɔli la, nuɖuɖu ado agbogbo na woawo ya.

20Ke ame vɔ̃ɖi ya atsrɔ̃.

Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene,

woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi,

woabu abe dzudzɔ ene.

21Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o,

ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa.

22Ame siwo Yehowa yra la anyi anyigba la ƒe dome,

ke ame siwo wòƒo fi de la, woaɖe wo ɖa.

23Ŋutsu si ƒe mɔwo dze Yehowa ŋu la,

elia ke eƒe afɔɖeɖewo;

24ne ekli nu hã la, madze anyi o

elabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te.

25Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi,

gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo,

alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o.

26Woawo boŋ vea ame nu ɣe sia ɣi,

eye wodoa nugbana na amewo faa;

eya ta wo viwo axɔ yayra.

27Tsri nu vɔ̃ɖi, eye nàwɔ nyui

ekema ànɔ anyigba dzi tegbetegbe.

28Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo,

eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o.

Akpɔ wo ta tegbee,

ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.

29Ame dzɔdzɔe anyi anyigba la ƒe dome,

eye wòanɔ edzi tegbee.

30Nunyanya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me,

eye eƒe aɖe gblɔa nu si le eteƒe.

31Eƒe Mawu ƒe se le eƒe dzi me,

eya ta eƒe afɔ meɖiɖina o.

32Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo,

eye wole woƒe ku dim;

33gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te,

alo wòaɖe mɔ be, woabu fɔ wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o.

34Lala nàkpɔ Yehowa ƒe asinu,

eye nàlé eƒe mɔ ɖe asi.

Ado wò ɖe dzi be nànyi anyigba la ƒe dome.

Ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.

35Mekpɔ ame vɔ̃ɖi,

ŋutasẽla aɖe wòda ama nyuie

abe ati dama si dzɔ kple anyigba la ene.

36Gake eteƒe medidi o ko, enu va yi, eye megali o;

togbɔ be medii hã la, nyemeke ɖe eŋuti o.

37Bu ame maɖifɔ la ŋu,

eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu,

elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã.

38Ke woatsrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo katã,

eye woaɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa.

39Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ,

eye eyae nye woƒe mɔ sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me.

40Ke Yehowa kpena ɖe wo ŋu, eye wòɖea wo tso dzɔgbevɔ̃e me;

eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,

eye wòkpena ɖe wo ŋu,

elabena eyae wosi tso.

38

Psalmo 38

David ƒe ha. Kukuɖeɖe.

1O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me,

alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o,

2elabena wò aŋutrɔwo ƒo ɖem,

eye wò asi sẽ ɖe dzinye.

3Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o;

nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta.

4Nye dzidada kɔ gbɔ tanye abe agba kpekpe si

nyemate ŋu atsɔ o la ene.

5Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm

le nye bometsitsi ƒe nu vɔ̃ ta.

6Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m,

eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me.

7Vevesese manyagblɔ aɖe xɔ nye ame blibo la me,

eye ŋusẽ aɖeke megale nye ameti blibo la ŋu o.

8Megbɔdzɔ, hegba gudugudu,

eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta.

9O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me,

eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o.

10Nye dzi le tsotsom kpokpokpo,

ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.

11Le nye abiawo ta,

xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam,

eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam.

12Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam,

ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la

le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti;

ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.

13Mele abe tokunɔ si mate ŋu ase nu o la ene,

eye mele abe aɖetututɔ si mate ŋu aƒo nu o la ene.

14Mele abe ame si mesea nu o la ene

kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene.

15O! Yehowa, mele asiwò nu kpɔm,

O! Aƒetɔ, nye Mawu, atɔ nam godoo.

16Elabena megblɔ be, “Mègana be woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye,

alo woado wo ɖokui ɖe dzi ɖe ŋutinye ne nye afɔ ɖiɖi o.”

17Esusɔ vie ko madze anyi,

eye nye vevesese la le edzi ɖaa.

18Meʋu nye dzidada me,

eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam.

19Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo,

eye ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la sɔ gbɔ ŋutɔ.

20Ame siwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyui siwo mewɔ teƒe la

ƒo ɖi nye ŋkɔ,

esi meti nu si nyo la yome.

21O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o,

O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o.

22Va kaba, nàɖem,

O! Aƒetɔ, nye Ɖela.

39

Psalmo 39

David ƒe ha na hɛnɔ Yedutun.

1Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu,

akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o,

eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la,

made ga nye nu.”

2Gake esi mezi ɖoɖoe li kpoo,

eye nyemele nya nyui aɖeke gblɔm o hã la,

nye vevesese do ga ɖe edzi.

3Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔ me nam;

esi mele ŋugble dem la, exɔ dzo ɖe edzi;

tete meƒo nu kple nye aɖe.

4“O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu

kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam;

eye na manya ale si nye agbe le du dzii.

5Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene,

eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o.

Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. Sela

6“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm,

ke vɔvɔli ko wònye.

Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro

Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle,

gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.

7“Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na?

Nye mɔkpɔkpɔ le mewò.

8Ɖem tso nye vodadawo katã me,

eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o.

9Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o,

elabena wòe wɔ esia.

10Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa;

wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba.

11Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta;

ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene,

ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene. Sela.

12“O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,

nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò;

mègado toku nye avifafa o.

Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò

abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.

13Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, ale be magakpɔ dzidzɔ hafi mayi,

eye nyemaganɔ anyi o.”

40

Psalmo 40

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Mele mɔ kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me;

etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo.

2Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me,

eye wòɖem tso ba finyafinya me,

hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi,

eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo.

3Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la.

Ame geɖewo akpɔe,

woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.

4Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu,

ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu,

alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o.

5O! Yehowa, nye Mawu,

wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo!

Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la,

ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o.

Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu,

eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o,

elabena wosɔ gbɔ akpa.

6Mèdi vɔsa kple nunana,

alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o,

ke boŋ èʋu nye towo be mase wò gbe,

7eya ta meɖo ŋu be,

“Nyee nye si meva;

agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye.

8Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu,

O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”

9O! Yehowa, meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gã la dome,

eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o.

10Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o,

ke boŋ meƒo nu le wò nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti.

Nyemeɣla wò lɔlɔ̃

kple wò nyateƒe la ɖe ameha gã la o.

11O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o,

ke boŋ na be wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa,

12elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem,

nye nu vɔ̃wo wu tsɔtsɔ nam

eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.

Wosɔ gbɔ wu nye taɖa,

eye dzi ɖe le ƒonye.

13O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem;

O! Yehowa, va kaba nàɖem.

14Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la;

woƒe mo netsi dãa,

eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la

negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

15Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be,

“Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo.

16Ke ame siwo katã dia wò la akpɔ dzidzɔ,

eye woatso aseye akpɔ dzidzɔ le mewò.

Ame siwo lɔ̃a wò ɖeɖe la negblɔ ɖaa be,

“Mido Yehowa ɖe dzi!”

17Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem,

O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu,

wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname,

mègahe ɖe megbe o.

41

Psalmo 41

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo,

Yehowa aɖee le xaxaɣi.

2Yehowa adzɔ eŋu, eye wòakpɔ eƒe agbe ta.

Yehowa ayrae le anyigba dzi,

eye matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe didi o.

3Yehowa anɔ kplii le dɔba dzi, eye wòana lãmesesẽe,

afɔe tso dɔba dzi.

4Megblɔ be, “O! Yehowa,

kpɔ nublanui nam, yɔ dɔm,

elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.”

5Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be,

“Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?”

6Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la,

edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu,

eye wòdoa go yina kakanɛ.

7Nye futɔwo katã le dalĩ dom le ŋutinye,

eye wole nu vɔ̃ɖiwo susum tso ŋutinye le gbɔgblɔm be,

8“Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze edzi,

magatso le afi si wòmlɔ la akpɔ gbeɖe o.”

9Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o,

ame si dzi meka ɖo,

eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.

10O! Yehowa, ke wò ya kpɔ nye nublanui,

kɔm ɖe dzi be maɖo teƒe na wo.

11Menya be èkpɔ ŋudzedze le ŋutinye,

elabena nye ketɔ meɖu dzinye o.

12Le nye nuteƒewɔwɔ ta la, èlém ɖe asi,

eye nètsɔm ɖo wò ŋkume tegbetegbe.

13Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la

tso mavɔ me yi mavɔ me.

Neva eme, ɛ̃, neva eme.

42

Agbalẽ evelia

Psalmowo 42–72

Psalmo 42

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.

1Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la,

O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.

2Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu,

ɖe Mawu gbagbe la ŋu.

Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?

3Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli,

evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be,

“Afi ka wò Mawu la le?”

4Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me.

Tsã la, nyee kplɔa amehawo;

menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me,

eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi

le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.

5O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam?

Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?

Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,

elabena magakafui,

eya ame si nye nye Ɖela

kple nye Mawu.

6Nye luʋɔ le nu xam le menye,

eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi,

le Hermon tame ke kple Mizar to dzi.

7Tɔ goglo yɔa tɔ goglo le wò tsitsetsewo ƒe howɔwɔ me;

wò tsitsotsoewo kple tsi kpakawo ŋe tsyiɔ dzinye.

8Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem,

le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme,

eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la.

9Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be,

“Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo?

Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam

le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?”

10Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo

le alɔme ɖem le ŋunye,

le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be,

“Afi ka wò Mawu la le?”

11O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?

Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?

Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,

elabena magakafui,

eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.

43

Psalmo 43

1O! Mawu, tso afia nam,

eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome,

ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.

2Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ.

Nu ka ta nègbem ɖo?

Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam

le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?

3Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm;

na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna.

4Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ,

Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ.

O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.

5O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?

Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?

Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,

elabena magakafui,

eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.

44

Psalmo 44

Korah ƒe viwo ƒe nufiameha na hɛnɔ la.

1O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee

kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na

mí tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema.

2Ètsɔ wò asi nya dukɔwo,

eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe.

Ègbã dukɔwo gudugudu,

ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi.

3Anyigba mesu wo si to

woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo,

alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o,

ke boŋ wò nuɖusi,

wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo,

elabena èlɔ̃ wo.

4Wòe nye nye Fia kple nye Mawu,

wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob.

5To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe,

eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.

6Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o,

eye nye yi mehe dziɖuɖu vɛ nam o,

7ke boŋ èna míeɖu míaƒe ketɔwo dzi,

eye nèna ŋukpe lé míaƒe adikatɔwo.

8Míetsɔ Mawu ƒo adegbe ŋkeke blibo la,

eye míakafu wò ŋkɔ tegbetegbe. Sela

9Ke azɔ la, ègbe mí, eye nèbɔbɔ mí ɖe anyi;

azɔ la, mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o.

10Èna míegbugbɔ ɖe megbe le míaƒe futɔwo ŋgɔ,

eye míaƒe ketɔwo ha mí.

11Ètsɔ mí na be woavuvu mí abe alẽwo ene,

eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome.

12Ètsɔ wò dukɔ la dzra ho kpɔtsɔe

eye mèkpɔ naneke le wo dzadzra me o.

13Ètsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo,

eye míezu alɔmeɖenu kple nu ɖikokoe na ame siwo ƒo xlã mí.

14Ètsɔ mí wɔ lodonu le dukɔwo dome,

eye amewo ʋuʋua ta ɖe mía ŋu ne wokpɔ mí.

15Nye vlododo le ŋkunye me ŋkeke blibo la,

eye ŋukpe tsyɔa mo nam,

16ne vlodolawo, fewuɖulawo le nunye ɖiam,

elabena futɔ la ɖoe kplikpaa be yeabia hlɔ̃m.

17Togbɔ be míeŋlɔ wò be,

alo da alakpa le wò nubabla la me o hã

la, èna nu siawo katã va mía dzi.

18Míaƒe dziwo metrɔ le yowòme o,

eye míaƒe afɔwo hã metra le wò mɔ dzi o.

19Gake ègbã mí gudugudu hegble mí ɖe amegaxiwo dome,

eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi.

20Nenye ɖe míeŋlɔ míaƒe Mawu ŋkɔ be,

alo ke míaƒe abɔwo na dzromawu aɖe la,

21ɖe Mawu manya esi wònya

dzimenu ɣaɣlawo katã oa?

22Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la,

eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.

23Nyɔ, O Aƒetɔ! Nu ka ta nèle alɔ̃ dɔm ɖo?

Fɔ! Mègagbe mí ɖikaa o.

24Nu ka ta nèɣla wò mo,

eye nèŋlɔ míaƒe hiãkame kple teteɖeanyi be ɖo?

25Wohe mí ƒu ke me,

eye míaƒe ŋutilã lé ɖe anyigba.

26Tso, nàxɔ na mí,

ɖe mí le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

45

Psalmo 45

Korah ƒe viwo ƒe nufiameha si nye srɔ̃ɖeha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe dzogbenya ƒe gbeɖiɖi nu.

1Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me

esi mele ha sia kpam na fia la,

eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.

2Èdze ɖeka wu ŋutsuwo katã,

wotsɔ amenuveve si ami na wò nuyi,

elabena Mawu yra wò tegbee.

3O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali,

eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata.

4Do sɔ dziɖuɖutɔe le wò fianyenye me.

Le nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me,

na wò nuɖusi naɖe wò nuwɔwɔ dziŋɔwo afia.

5Na wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo naŋɔ fia la ƒe futɔwo ƒe dzi,

eye na dukɔwo nadze anyi ɖe wò afɔ nu.

6O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,

wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ.

7Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ;

eya ta Mawu, wò Mawu la

ɖo wò nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ

ƒe amisisi na wò me.

8Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le wò awuwo me.

Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le wò nyiɖufiasawo me.

9Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome,

eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime.

10O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi.

Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be.

11Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ,

eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ.

12Tiro vinyɔnu atsɔ nunana vɛ,

eye ŋutsu kesinɔtɔwo ava bia amenuveve tso gbɔwò.

13Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me;

eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ.

14Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka,

eye wokplɔe va fia la gbɔe;

eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo,

eye wokplɔ wo vɛ na wò.

15Wokplɔ wo ge ɖe eme le dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso me,

ale woge ɖe fiasã la me.

16Mía viŋutsuwo axɔ ɖe mía fofowo teƒe,

eye míawɔ wo fiaviwo le anyigba la katã dzi.

17Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me,

eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

46

Psalmo 46

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu.

1Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ,

xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.

2Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o,

ne towo ho ɖadze atsiaƒu me,

3eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu,

ale be towo dzo kpekpekpe

le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. Sela

4Tɔsisi aɖe li,

esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du,

teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna.

5Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o.

Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti.

6Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu;

ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo.

7Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí,

Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela

8Miva kpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ɖa,

miva kpɔ gbegblẽ si wòhe va anyigba dzi la ɖa.

9Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke;

eŋe da, eye wòfli akplɔ,

hetɔ dzo akpoxɔnuwo.

10“Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu.

Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome,

eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”

11Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí,

Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela.

47

Psalmo 47

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.

1Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã.

Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.

2Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe,

eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!

3Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te,

eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.

4Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob,

ame si wòlɔ̃. Sela

5Mawu yi dzi kple aseyetsotso,

Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.

6Midzi kafukafuhawo na Mawu,

midzi kafukafuhawo;

midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la,

midzi kafukafuhawo,

7elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi,

midzi kafukafuha nɛ.

8Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi.

Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.

9Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi

abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene,

elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ,

elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.

48

Psalmo 48

Korah ƒe viwo ƒe ha.

1Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu

le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.

2Zion to la kɔkɔ henya kpɔ ale gbegbe,

eye wònye dzudzɔdonu na anyigba blibo la.

Fia gã la ƒe du, si le abe Zafon to kɔkɔe la ene.

3Mawu le eƒe fiasãwo me,

eye wòɖe eɖokui fia abe eƒe mɔ sesẽ ene.

4Fiawo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu,

hezɔ ɖe edzi ɖekae,

5ke esi wokpɔe la, woƒe nu ku,

ŋɔdzi lé wo eye wosi dzo.

6Dzidzi ƒo wo, eye wose veve

abe nyɔnu si le ku lém la ene.

7Egbã wo gudugudu

abe ale si ɣedzeƒeya gbã Tarsis tɔdziʋuwo ene.

8Abe ale si míese ene la,

nenemae míekpɔe le Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la

kple míaƒe Mawu la ƒe du mee.

Mawu na wòanɔ dedie

tegbetegbe. Sela

9O! Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu

le wò gbedoxɔ me.

10O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu

ke abe wò ŋkɔ ene.

Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.

11Zion to kpɔ dzidzɔ,

eye Yuda ƒe kɔƒewo

le aseye tsom le wò afiatsotso ta.

12Mizɔ Zion to la ŋu godoo,

mizɔ ƒo xlãe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo,

13ne miakpɔ kpo si woƒo ɖe eƒe gliwo ŋu.

Mikpɔ eƒe fiasãwo nyuie ne míatsɔe atu xoe

na dzidzime si gbɔna,

14elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu

tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me;

eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu.

49

Psalmo 49

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.

1Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia;

mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi,

2mi ame dzodzrowo kple amegãwo,

ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa.

3Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo,

eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ.

4Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu,

eye mato adzo kple nye kasaŋku.

5Nu ka ta mavɔ̃ ne ŋkeke vɔ̃wo va,

ne ame vɔ̃ɖi, ameblelawo ƒo xlãm,

6ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu,

eye wotsɔa woƒe nukpɔkpɔ gbogboawo nɔa adegbe ƒom ɖo?

7Ame aɖeke mate ŋu aɖe nɔvia ƒe agbe

alo atsɔ ga aƒle etae le Mawu gbɔ o.

8Agbeƒlega menye ga sue o,

eye ga home aɖeke made enu be

9amea nanɔ agbe tegbee,

eye makpɔ ku o.

10Ame sia ame kpɔe be nunyala kuna;

bometsilawo kple abunɛtɔwo siaa tsrɔ̃na,

eye wogblea woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.

11Togbɔ be anyigbawo le wo

si woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la,

woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee,

eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime.

12Togbɔ be kesinɔnu geɖewo

le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o,

ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.

13Esia nye nu si dzɔna ɖe

ame siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la dzi.

Aleae wòanɔ na wo yomedzela

siwo dea woƒe nyagbɔgblɔwo dzi. Sela

14Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene,

eye woanye nuɖuɖu na ku.

Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi,

woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me,

eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ.

15Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me,

eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ. Sela

16Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ la,

megawɔ moya na wò o,

ne eƒe aƒe ƒe atsyɔ̃ dzi ɖe edzi la, megawɔ nuku na wò o,

17elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o,

eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o.

18Togbɔ be ebu eɖokui ame si woyra,

eye amewo kafui esi nu le edzi dzem nɛ hã la,

19ayi aɖawɔ ɖeka kple fofoa ƒe dzidzime

si magakpɔ agbe ƒe kekeli akpɔ o.

20Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la

le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene.

50

Psalmo 50

Asaf ƒe ha.

1Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na

anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.

2Mawu klẽ tso Zion

le eƒe anidzedze blibo la me.

3Míaƒe Mawu la gbɔna,

ahom le tutum le eŋgɔ,

dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.

4Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo

kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ,

5“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam,

ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”

6Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye,

elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. Sela

7“See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge,

O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò,

elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la.

8Nyemeka mo na wò ɖe wò akpedavɔsa

alo numevɔsa siwo le ŋkunye me ɖaa la ta o.

9Nyemehiã nyitsu tso wò nyikpo me,

alo gbɔ̃wo tso wò gbɔ̃kpo me o,

10elabena avemelãwo katã tɔnye wonye,

kple nyi siwo le togbɛ akpewo dzi.

11Menya xevi ɖe sia ɖe si le towo dzi,

eye nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le gbe me la tɔnyee wonye.

12Ne dɔe le wuyem la, nyemagblɔe na wò o,

elabena xexea me kple nu siwo katã le eme la nye tɔnye.

13Ɖe meɖua nyilã

alo noa gbɔ̃wo ƒe ʋua?

14“Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu,

eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la.

15Miyɔm le xaxagbe,

maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”

16Ke Mawu le gbɔgblɔm na ame vɔ̃ɖi la be:

“Mɔ ka nèkpɔ be nàxlẽ nye sewo afia,

alo alé nye nubabla la ɖe nu?

17Wò la èlé fu nye nufiame,

eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbe.

18Ne èkpɔ fiafitɔ la, èwɔa ɖeka kplii,

eye nèdea ha kple ahasitɔwo.

19Nya vlowo doa go le nuwò,

eye wò aɖe blea ame.

20Ègblɔa nya tsia tsitre ɖe nɔviwò ŋu,

eye nèƒoa ɖi dawòvi ŋutsu.

21Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe,

eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene,

gake maka mo na wò,

eye mado asi ɖe mo na wò.

22“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be,

ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ,

eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.

23Ame si na akpedavɔsa la,

de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be

mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”

51

Psalmo 51

David ƒe ha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esime wòwɔ ahasi kple Batseba, eye Nyagblɔɖila Natan va egbɔ.

1O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.

2Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam

ŋunye nakɔ tso nye nu vɔ̃wo me.

3Elabena menya nye dzidadawo,

eye nye nu vɔ̃wo le nye ŋkume ɖaa.

4Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo,

eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ,

eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ,

eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.

5Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me,

eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.

6Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina;

èfia nunyam le ememe ke.

7Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi;

le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.

8Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso,

ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.

9Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo,

eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.

10O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam,

eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.

11Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume,

alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.

12Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye,

eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.

13Ekema mafia wò mɔwo dzidalawo,

eye nu vɔ̃ wɔlawo atrɔ ava gbɔwò.

14O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ me,

wò Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha

le wò dzɔdzɔenyenye ŋu.

15O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo,

eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu.

16Mèdia vɔsa o, anye ne metsɔe na wò;

numevɔsa hã medoa dzidzɔ na wò o.

17Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã.

O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.

18Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu,

eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te.

19Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo

kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò,

ado dzidzɔ na wò, eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe

le wò vɔsamlekpui dzi.

52

Psalmo 52

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esi Edomtɔ, Doeg yi ɖagblɔ na Saul be, “David yi ɖe Ahimelek ƒe aƒe me.”

1Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ?

Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la,

wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?

2Wò aɖe le gbegblẽ ɖom;

èle abe hɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpatɔ.

3Èlɔ̃ vɔ̃ wu nyui,

èlɔ̃ alakpa wu nyateƒetoto. Sela

4O! Wò alakpaɖe,

èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko!

5Vavã, Mawu hã aƒu wò anyi ɖe gbegblẽ mavɔ me.

Mawu ahe wò ado goe tso wò agbadɔ me,

aho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela

6Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃;

woakoe ahagblɔ be,

7“Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o,

ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu,

eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!”

8Ke nye la, mele abe amiti si le tsetsem le Mawu ƒe aƒe me la ene.

Meɖo dzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o

la ŋu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

9Makafu wò tegbee le nu si nèwɔ la ta;

matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade wò ŋkɔ me,

elabena wò ŋkɔ nyo.

Makafu wò le wò ame kɔkɔewo ŋkume.

53

Psalmo 53

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe nublanuigbe me.

1Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be,

“Mawu aɖeke meli o.”

Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo,

ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.

2Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo,

ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã.

3Ke ame sia ame trɔ megbe dee,

wo katã tim wɔ nu tovo;

ame ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si wɔa nu nyui o,

ɖeka pɛ hã meli o.

4Ɖe ame vɔ̃ɖiwo,

ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene,

eye womeyɔa Mawu o la

ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea?

5Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o.

Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la;

ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.

6O! Xɔname neva tso Zion na Israel!

Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ ƒe nunyonamewo te la,

Yakob netso aseye, eye Israel nekpɔ dzidzɔ!

54

Psalmo 54

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. David kpa ha sia esi Zifitɔwo yi Saul gbɔ gblɔ nɛ be, “Ɖe David meva ɣla ɖe mía dome oa?”

1Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ,

tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam.

2O! Mawu, se nye gbedodoɖa,

eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu.

3Amedzrowo tso ɖe ŋunye,

ŋutasẽlawo ti nye agbe yome,

ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela

4Mawu nye nye xɔnametɔ vavã,

Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi.

5Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi,

tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta.

6Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò,

O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.

7Eɖem tso nye xaxawo katã me,

eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.

55

Psalmo 55

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1O! Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa,

mègado toku nye kokoƒoƒo o.

2Ɖo tom, eye nàtɔ nam.

Nye tamesusuwo ɖea fu nam, eye metɔtɔna,

3ne mese futɔ la ƒe gbe,

alo ne ame vɔ̃ɖi la tro ŋku ɖem.

Elabena wohe fukpekpe va dzinye,

eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le woƒe dɔmedzoe me.

4Nye dzi le nu xam vevie le menye;

ku ƒe ŋɔdzi ɖe to ɖem.

5Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém,

eye ŋɔdzi gbagba blam.

6Megblɔ be,

“O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la,

anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe.

7Madzo ayi keke gbegbe,

aɖanɔ afi ma. Sela

8Maɖe abla ayi ɖe nye bebeƒe,

ate ɖe aga tso ya sesẽwo kple ahom gbɔ.”

9O! Aƒetɔ, tɔtɔ ame vɔ̃ɖiwo,

tɔtɔ woƒe nyagbɔgblɔwo, elabena mekpɔ ŋutasesẽ

kple ʋunyaʋunya le dua me.

10Zã kple keli wole tatam le eƒe gliwo dzi,

eye nugbeɖoɖo kple hiãkame le eme.

11Ŋusẽ siwo gblẽa nu la le dɔ wɔm le dua me;

ŋutasesẽ kple alakpadada medzona le eƒe ablɔ dzi o.

12Ne futɔe le dzu yem la, mate ŋu atsɔe;

ne ketɔe kɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye la, mate ŋu aɣla ɖee,

13gake wò, ŋutsu abe nye ene,

xɔ̃nye vevi kple nye kpeɖeŋutɔ,

14nye kple ame si dome habɔbɔ vivi aɖe nɔ,

eye míezɔna aduadu le amehawo dome le gbedoxɔ me lae.

15Ku neƒo ɖe nye ketɔwo dzi kpoyi;

woneyi yɔdo me agbagbe,

elabena nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖe wo dome.

16Ke meyɔ Mawu,

eye wòtɔ nam, heɖem.

17Fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ

medo ɣli le xaxame, eye wòse nye gbe.

18Eɖem tso aʋa si le edzi yim kplim la me le dedinɔnɔ me,

togbɔ be ame geɖewo tso ɖe ŋutinye hã.

19Mawu, ame si le fiazikpui dzi tegbee la asee,

eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, Sela

ame siwo gbe tɔtrɔ le woƒe mɔwo dzi,

eye womevɔ̃a Mawu o lae.

20Nye zɔhɛ wɔ avu

kple exɔlɔ̃wo hegblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.

21Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene,

evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me;

eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami,

gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.

22Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò,

elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.

23O! Mawu, ke wò la,

àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me.

Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe

wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o.

Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.

56

Psalmo 56

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Ahɔnɛ si dzo ɖe logoti dzi le didiƒe ke” la ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Filistitɔwo lée le Gat.

1Kpɔ nye nublanui, O! Mawu,

elabena amegbetɔwo ti yonyeme kple ŋkubiã;

ŋkeke blibo la wole yonyeme kutɔkutɔe.

2Ame siwo le ŋunye gblẽm la ti yonyeme ŋkeke blibo la,

eye wo dometɔ geɖewo tso ɖe ŋunye kple dada.

3Maka ɖe dziwò ne vɔvɔ̃ ɖom.

4Wò Mawu si ƒe nya mekafu,

Mawu si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ akpɔ o.

Nu ka amegbetɔ, ŋutilã kple ʋu, awɔm ma?

5Ŋkeke blibo la wotrɔa gbo nye nyawo,

ɣe sia ɣi wole nugbe ɖom be woawɔ nuvevim.

6Woɖo babla, wole ŋu tsam,

hele ŋku lém ɖe nye afɔɖeɖewo ŋu,

eye wotsi dzi ɖe nye agbetsɔtsrɔ̃ ŋuti.

7Ɖe woƒe vɔ̃ɖinyenye ta la, megana mɔ woasi o;

O! Mawu, he dukɔwo ƒu anyi le wò dɔmedzoe me.

8Ŋlɔ nye konyifafa da ɖi;

lé nye aɖatsiwo ɖe agbalẽ dzi;

ɖe womele wò nyaŋlɔɖiwo me xoxo oa?

9Ekema nye futɔwo atrɔ adzo, ne meyɔ wò be nàxɔ nam.

To esia me la, manya be Mawu nye tɔnye.

10Mawu, ame si ƒe nya mekafu,

Yehowa ame si ƒe nya mekafu.

11Mawu, ame si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ o.

Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?

12O! Mawu, meɖe adzɔgbe na wò,

eya ta maxe adzɔgbeɖefe na wò.

13Elabena èɖem tso ku me,

eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o,

ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume

le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

57

Psalmo 57

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi wòsi le Saul nu yi ɖabe ɖe agado aɖe me.

1Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui,

elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le.

Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe

esime gbegblẽ la nu nava yi.

2Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na,

Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi.

3Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na

ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. Sela

Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.

4Mele dzatawo dome,

memlɔ lã lénuwo dome,

amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo,

eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo.

5Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu,

na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.

6Woɖo ɖɔ ɖi na nye afɔ,

ena mete ɖe anyi kple nuxaxa.

Woɖe ʋe ɖe mɔ dzi nam,

gake woawo ŋutɔ ge dze eme. Sela

7Nye dzi li ke sesĩe, O Mawu,

nye dzi li ke sesĩe,

eya ta madzi ha aƒo saŋku.

8Nyɔ, nye luʋɔ!

Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku!

Mana fɔŋli nanyɔ!

9O! Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome,

eye madzi ha na wò le dukɔwo dome,

10elabena wò lɔlɔ̃ keke ta,

yi ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli.

11Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu,

na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.

58

Psalmo 58

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu.

1Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea?

Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa?

2Ao, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ boŋ míeɖo ɖe miaƒe dziwo me,

eye míaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnu le anyigba dzi.

3Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke,

eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke,

wodze aglã, hedaa alakpa.

4Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene.

Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene,

5eye ne gbesala ɖe gbe nɛ la, mewɔa edzi o;

aleke gbegbee dzotɔ la bi ɖe gbesasa mee hã la, mesenɛ o.

6O, Mawu, ŋe aɖu ɖe nu me na wo,

O, Yehowa, tu tsyo na dzata la!

7Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene.

Ne wovu woƒe dawo me la,

woƒe aŋutrɔwo nu netsi.

8Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene.

Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o.

9Hafi miaƒe zewo nase ŋutidzo si wodo ɖe wo te ŋkɔ,

eɖanye mumua, alo ƒuƒua o,

woakplɔ ame vɔ̃ɖi la adzoe.

10Ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ,

ne wole hlɔ̃ biam ɖe wo nu,

eye wole woƒe afɔwo klɔm ɖe

ame vɔ̃ɖiwo ƒe ʋu me.

11Ekema amewo agblɔ be,

“Vavã, wogale eteƒe ɖom na ame dzɔdzɔe,

eye Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba vavã.”

59

Psalmo 59

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Saul dɔ amewo be woadzɔ eƒe aƒe ŋu, eye ne edo go la, woawui.

1O! Mawu, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me;

kpɔ tanye le ame siwo tso ɖe ŋutinye la ta.

2Ɖem tso nu vlo wɔlawo ƒe asi me

eye nàxɔm tso hlɔ̃dolawo ƒe asi me.

3Kpɔ ale si wode xa ɖi nam lae ɖa!

Ame nyanyrawo ɖo nugbe ɖe ŋunye,

evɔ la, O Yehowa, nyemedze agɔ,

alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke o.

4Nyemeda vo aɖeke o,

evɔ wole klalo be woadze dzinye.

Tso, nàxɔ nam; kpɔ xaxa si me mele la ɖa!

5O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ,

Israel ƒe Mawu, nyɔ nàhe to na dukɔwo,

mègakpɔ nublanui na ametatrɔla vɔ̃ɖi siawo o. Sela

6Wotrɔ gbɔ le fiẽ me le gbe tem abe avuwo ene,

eye wole tsaglãla tsam le dua me.

7Kpɔ nu si wotu tso woƒe nu me la ɖa,

wotu nyawo tso woƒe nuyiwo me le gbɔgblɔm be,

“Ame ka ate ŋu aɖo to mí?”

8O! Yehowa, wò koe le wo kom,

èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu.

9O! Nye ŋusẽ, mele nuwò kpɔm.

O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ,

10nye Mawu lɔlɔ̃tɔ.

Mawu adze ŋgɔ nam, eye ana makpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ

ɖe nye ketɔwo dzi.

11Gake mègawu wo o,

O! Aƒetɔ, míaƒe akpoxɔnu,

ne menye nenema o la, nye amewo aŋlɔ be.

Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla,

eye nàhe wo aƒu anyi.

12Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃,

woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo,

Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la,

13fia wo kple dziku,

fia wo va se ɖe esime womaganɔ anyi o.

Ekema woanya va se ɖe anyigba la ƒe mlɔenu ke, be

Mawue nye fia ɖe Yakob dzi. Sela

14Wotrɔ gbɔ le fiẽ me, le gbe tem abe avuwo ene,

eye wole tsaglãla tsam le dua me.

15Wole tsatsam le nuɖuɖu dim,

eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm.

16Ke nye la, madzi wò ŋusẽ ƒe ha,

eye le ŋdi me la, madzi ha le wò lɔlɔ̃ ŋuti,

elabena wòe nye nye mɔ sesẽ,

kple nye sitsoƒe le xaxaɣiwo.

17O! Nye ŋusẽ, mele kafukafuha dzim na wò.

O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ kple nye Mawu si dzi meka ɖo.

60

Psalmo 60

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. David kpa nufiameha sia esi wòwɔ aʋa kple Aram Naharaim kple Aram Zobah, kpe ɖe esi Yoab trɔ gbɔ tso aʋa le Dze Balime, afi si wòwu Edomtɔ akpe wuieve (12,000) le la ŋu.

1O! Mawu, ègbe mí, èti kpo dze mía dzi,

eye nèdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu,

eya ta gbugbɔ mí ɖo te!

2Èʋuʋu anyigba la, eye nèfee wòle nuvo,

eya ta gatre eƒe gbagbãƒeawo, elabena ele ʋuʋum.

3Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la,

eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ.

4Ke hena ame siwo vɔ̃a wò la,

èkɔ aflaga dzi be wòanye akpoxɔnu ɖe

woƒe aŋutrɔ ŋu. Sela

5Xɔ na mí, eye nàɖe mí kple wò nuɖusi,

be ame siwo nèlɔ̃ la nakpɔ xɔxɔ.

6Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be;

“Le dziɖuɖu me, mama Sekem,

eye madzidze Sukɔt Balime hã.

7Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee.

Nye gakukue nye Efraim,

eye Yuda nye nye fiatikplɔ.

8Moab nye nye asiklɔgba,

meɖe nye tokota ƒu gbe ɖe Edom dzi,

eye medo dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ta.”

9Ame ka akplɔm ayi du si ŋu

woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me?

Ame ka akplɔm ayi Edom?

10O! Mawu, ɖe menye wòe o la,

wò ame si gbe mí, eye mègadona

kple míaƒe aʋakɔwo lae oa?

11Kpe ɖe mía ŋu, ɖe míaƒe futɔwo ŋuti,

elabena amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o.

12To Mawu dzi, míaɖu dzi,

eye míafanya míaƒe futɔwo ɖe anyigba.

61

Psalmo 61

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1Se nye ɣlidodo, O Mawu,

eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.

2Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu,

meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli;

azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,

3elabena wòe nye nye sitsoƒe

kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta.

4Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee,

eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. Sela

5O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo,

eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.

6Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ,

eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo.

7Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee,

eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.

8Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee,

eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.

62

Psalmo 62

David ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun.

1Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le,

eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona.

2Eya koe nye nye agakpe,

nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.

3Va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ ame ɖeka ƒoƒo dzi?

Ɖe mi katã mialé ame si le abe gli gbagbã

kple kpɔ si le mumum ene la aƒu anyia?

4Woɖoe vavã be yewoatutui tso

eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada.

Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe,

ke fiƒode le woƒe dzi me. Sela

5O! Nye luʋɔ, gbɔ ɖe eme le Mawu ɖeka ko me,

elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.

6Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe,

nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ,

eya ta nyemaʋuʋu o.

7Nye xɔxɔ kple bubu ku ɖe Mawu ŋu,

eyae nye nye agakpe sesẽ kple nye sitsoƒe.

8O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi;

mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi,

elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela

9Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye,

eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo,

elabena ne woda wo le nudanu dzi la,

tofloko ko wonye,

eye wo katã ƒuƒu ko wonye.

10Migaɖo ŋu ɖe amebaba ŋu,

alo akpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo wofi la ŋuti o.

Togbɔ be wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi hã la,

mègatsɔ wò dzi da ɖe wo dzi o.

11Mawu gblɔ nya ɖeka,

eye mese nu eve le eme be,

“Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ,

12eye O Aƒetɔ, wò la lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò.

Vavã, àɖo eteƒe na ame

sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.”

63

Psalmo 63

David ƒe ha. Ekpae esi wòle Yuda gbegbe.

1O! Mawu, wòe nye nye Mawu,

mele diwòm vevie;

tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò,

nye ameti blibo la mele diwòm,

le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla,

eye tsi aɖeke meli o la dzi.

2Mekpɔ wò le kɔkɔeƒe la,

eye mekpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe.

3Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la,

nye nuyiwo ado wò ɖe dzi.

4Makafu wò, zi ale si mele agbe,

eye mado nye asiwo ɖe dzi le wò ŋkɔ me.

5Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene;

hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.

6Le nye aba dzi, meɖoa ŋku dziwò,

mebua ŋutiwò le nye ŋunɔɣi le zã me.

7Esi nènye nye xɔnametɔ ta la,

madzi ha le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.

8Nye luʋɔ ku ɖe ŋuwò goŋgoŋgoŋ,

eye wò ɖusibɔ lém ɖe te.

9Woatsrɔ̃ ame siwo le nye agbe yome tim,

woayi ɖe keke anyigba la ƒe tume ke.

10Woatsɔ wo ade asi na yi,

eye woazu nuɖuɖu na amegaxiwo.

11Ke fia la akpɔ dzidzɔ le Mawu me;

ame siwo katã kaa atam le Mawu ƒe ŋkɔ me la akafui,

ke woamia nu na alakpatɔwo.

64

Psalmo 64

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Mawu, ɖo tom, esi meɖe nye kuxiwo na wò;

kpɔ nye agbe ta tso futɔ siwo le ŋɔdzi dom nam la ƒe asi me.

2Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo

kple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me.

3Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene,

eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dzi

abe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene.

4Wodea xa hedaa aŋutrɔ ame maɖifɔ la,

eye wodanɛ zi ɖeka vɔvɔ̃manɔŋutɔe.

5Wodea dzi ƒo na wo nɔewo

le woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me,

woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivime

la ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?”

6Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be,

“Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!”

Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe,

7gake Mawu ada aŋutrɔ wo

eye wòalɔ wo zi ɖeka kpoyi woamu adze anyi.

8Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya me

eye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me.

Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe.

9Tete vɔvɔ̃ aɖo amegbetɔƒomea katã;

woado Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,

eye woade ŋugble le nu si wòwɔ la ŋuti.

10Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye wòasii atso.

Ame siwo katã dza le woƒe dzi me la akafui!

65

Psalmo 65

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Mawu, kafukafu le lalawòm le Zion;

wòe míaxe míaƒe adzɔgbeɖefewo na.

2O! Wò ame si sea gbedodoɖa,

gbɔwòe amewo katã ava.

3Esi nu vɔ̃ do agba ɖe mía dzi la,

ètsɔ míaƒe dzidadawo ke mí.

4Woayra ame siwo nètia,

eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo!

Ètsɔ wò aƒe me,

wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí.

5Èna ŋuɖoɖo mí to dzɔdzɔenyenye ƒe ŋɔdzidɔwo me,

O, Mawu míaƒe xɔnametɔ,

anyigba ƒe mlɔenu ke,

kple atsiaƒu siwo le didiƒe ke la katã ƒe mɔkpɔkpɔ.

6Wò ame si na towo va dzɔ to wò ŋusẽ me,

eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzii,

7wò ame si tsi atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ

kple ƒutsotsoe dzeagbowo

kpakple dukɔwo ƒe ʋunyaʋunyawo nu.

8Ame siwo le didiƒe la vɔ̃ wò nukunuwo;

èna dzidzɔhawo ɖi tso afi si ɣe dzena tsona

kple afi si wòɖoa to ɖo.

9Èlé be na anyigba,

de aɖui wòsui nyuie, eye nède tsii fũu.

Tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋuwo banaa,

ne wòana bli eƒe dukɔ,

elabena nenema nèɖoe.

10Ède tsi eƒe boliƒowo,

eye nègbã kpoteƒewo wozu sɔsɔe.

Ètsɔ agbafie bɔbɔ anyigba lae,

eye nèyra eƒe nukuwo.

11Ètsɔ wò kesinɔnu gbogboawo ɖo atsyɔ̃e na ƒe la,

eye wò agblekekewo yɔ gbagba.

12Lãnyiƒe siwo le gbegbe la yɔ gbagba,

eye wotsɔ aseyetsotso ta na togbɛwo.

13Gbe damawo dzi yɔ fũu kple lãhawo,

eye balimewo ƒe afi sia afi yɔ kple bli;

wo katã do dzidzɔɣli, eye wodzi ha.

66

Psalmo 66

Ha na hɛnɔ la.

1Mi anyigbawo katã mido ɣli,

mitso aseye ɖe Mawu ŋu!

2Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha;

mikafu Mawu ƒe gãnyenye!

3Migblɔ na Mawu be,

“Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo!

Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be,

wò futɔwo de ta agu na wò.

4Anyigba la katã de ta agu na wò,

wole kafukafuha dzim na wò,

wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” Sela

5Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ,

ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo!

6Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui,

wozɔ afɔ to tsi la titina;

miva míatso aseye le eya amea me.

7Ele fia ɖum kple eƒe ŋusẽ tegbee,

eƒe ŋku le dukɔwo ta kpɔm,

aglãdzela aɖeke megatso ɖe eŋuti o. Sela

8O! Mi dukɔwo, mikafu míaƒe Mawu la;

mina eƒe kafukafu nade dzi woase.

9Eyae kpɔ míaƒe agbe ta,

eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o.

10Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ,

wòe lolõ mí abe klosalo ene.

11Wòe de mí gaxɔ me,

eye nèdo agba ɖe megbe na mí.

12Èna amewo zɔ míaƒe ta dzi,

eye míeto dzo me kple tɔ me,

gake èkplɔ mí va anyigba

si dzi nuwo do agbogbo ɖo fũu.

13Mava wò gbedoxɔ me kple numevɔsa,

eye maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò,

14adzɔgbe siwo nye nuyi ɖe,

eye nye nu ɖe gbeƒã wo, esi meɖo xaxa me.

15Matsɔ lã damiwo kple agbowo asa numevɔe na wò,

hekpe ɖe nyitsuwo kple gbɔ̃wo ŋuti. Sela

16Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu;

mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi.

17Metsɔ nye nu do ɣli nɛ,

eƒe kafukafu le nye aɖe dzi.

18Ɖe mena nɔƒe nu vɔ̃ le nye dzi me la,

ne Aƒetɔ la meɖo tom o,

19gake Mawu ɖo tom vavã,

eye wòse nye gbe le gbedodoɖa me.

20Woakafu Mawu, ame si medo toku nye gbedodoɖa,

alo te eƒe lɔlɔ̃ ɖa le gbɔnye o!

67

Psalmo 67

Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí,

na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela

2Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi

kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome.

3O! Mawu, dukɔwo akafu wò,

anyigbadzidukɔwo katã akafu wò.

4Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye,

elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me,

eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela

5Mawu, dukɔwo katã akafu wò;

wòe dukɔwo katã akafu.

6Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu,

míaƒe Mawu la ayra mí.

7Mawu ayra mí, eye anyigba

ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.

68

Psalmo 68

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1Mawu tso, na wò futɔwo naka hlẽ,

na wò ketɔwo nasi le nuwò.

2Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene.

Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la,

nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.

3Ke ame dzɔdzɔewo ya akpɔ dzidzɔ,

atso aseye le Mawu ŋkume;

na woakpɔ dzidzɔ, eye woatu aglo.

4Midzi ha na Mawu,

midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ,

mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi,

eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;

5eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo,

ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.

6Mawu kplɔa ame siwo tsi akogo la dea ƒomewo me,

enana ablɔɖe gamenɔlawo, eye wodzia dzidzɔhawo.

Ke ame dzeaglãwo la, egblẽa wo ɖe kuɖiɖinyigba dzi.

7O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ,

hezɔ to gbegbe la, Sela

8anyigba ʋuʋu, dziƒowo dza tsi bɔbɔbɔ le Mawu,

si nɔ Sinai la ŋkume, le Mawu,

Israel ƒe Mawu la ŋkume.

9O! Mawu, èna tsi dza fũu,

eye nèna wò domenyinu si nu ti kɔ na

belibelibeli la gakpɔ ŋusẽ.

10Mawu, wò amewo yi ɖanɔ edzi,

eye tso wò nu gbogboawo me, èna nu ame dahewo.

11Aƒetɔ ɖe gbeƒã nya la,

eye ameha gã aɖe do ɣli kplii be,

12“Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba,

elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me.

13Esi miele alɔ̃ dɔm le lãkpowo dome la,

wotsɔ klosalo fa ɖe nye ahɔnɛ ƒe aʋala ŋu,

eye wotsɔ sika si le keklẽm la fa ɖe eƒe fuwo ŋuti.”

14Esi Ŋusẽkatãtɔ la kaka anyigbadzifiawo hlẽ la,

enɔ abe tsikpee dza ɖe Zalmɔn dzi ene.

15Basan towo ƒe dzedzeme

kple kɔkɔme nya kpɔ ŋutɔ;

to tsaklitsakliwo Basan toawo nye.

16O! To tsaklitsakliwo,

nu ka ta mietsɔ ŋuʋaʋã ƒe ŋku

le to si Mawu tia be wòanye yeƒe fiazikpui ƒe nɔƒe

kple Yehowa ŋutɔ ƒe nɔƒe tegbee la kpɔmii?

17Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo

kple akpe teƒe akpewo;

Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.

18Esi nèlia yi dzi la, ètɔ ka aboyomewo hekplɔ dzoe,

èxɔ nunana tso amewo gbɔ,

tso aglãdzelawo gɔ̃ hã gbɔ, be wò,

O! Yehowa Mawu, àte ŋu anɔ afi ma.

19Kafukafu woana Aƒetɔ, Mawu míaƒe Ɖela,

ame si tsɔa míaƒe agbawo gbe sia gbe. Sela

20Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame;

ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi.

21Vavã, Mawu agbã ta na eƒe futɔwo

kple dzodome na ame siwo gale woƒe nu vɔ̃wo dzi yim.

22Aƒetɔ la gblɔ be,

“Makplɔ wo vɛ tso Basan;

makplɔ wo ado goe tso atsiaƒu ƒe gogloƒe ke,

23be nàklɔ afɔ ɖe wò futɔwo ƒe ʋu me,

eye wò avuwo ƒe aɖewo hã nakpɔ wo tɔ gome.”

24O! Mawu, wole míaƒe azɔlime kpɔm,

wole ale si nye Mawu

kple fianye zɔ ge ɖe kɔkɔeƒe lae la kpɔm.

25Woɖo ɖe fli me, hadzilawo le ŋgɔgbe,

hafialawo ɖo, eye ɖetugbi siwo

le axatsɛ ƒom la tsɔ wo ɖe dome.

26Mikafu Mawu le ameha gã la dome.

Mikafu Yehowa le Israelviwo ƒe takpekpe me.

27Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo,

Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma,

eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma.

28O! Mawu, yɔ wò ŋusẽ vɛ;

O! Mawu, ɖe wò ŋusẽ fia mí abe tsã ene.

29Le wò Yerusalem gbedoxɔ ta la,

fiawo atsɔ nunanawo vɛ na wò.

30Blu ɖe lã wɔadã siwo le aƒlawo me

kple nyitsuwo ƒe ha siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta.

Netsɔ klosalokɔ gãwo vɛ le ɖokuibɔbɔ me.

Kaka dukɔ siwo aʋawɔwɔ doa dzidzɔ na.

31Ame dɔdɔwo atso Egipte ava,

eye Kus abɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te.

32O! Mi anyigbadzifiaɖuƒewo,

midzi ha na Mawu,

midzi kafukafuha na Aƒetɔ la, Sela

33Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi,

eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe.

34Miɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋusẽ,

ame si ƒe atsyɔ̃ le Israel dzi,

eye eƒe ŋusẽ le dziŋgɔli ŋu.

35O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la;

Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ

kple ŋutete eƒe dukɔ la.

Woakafu Mawu!

69

Psalmo 69

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu.

1Mawu, ɖem,

elabena tsi ɖɔ ɖe ŋunye va se ɖe nye kɔgbɔ ke.

2Meɖo ba yi ɖe tome ke,

afi si afɔɖoƒe mele o.

Meɖo tɔ goglowo me;

tsi ɖɔ to tanye.

3Medo ɣli be woaxɔ nam,

ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla.

Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu,

eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.

4Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la

sɔ gbɔ wu nye taɖa.

Amewo lé fum yakatsyɔ,

eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m.

Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.

5O! Mawu, ènya nye bometsitsi,

eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe wò o.

6O! Aƒetɔ, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ,

mègana ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔ

le mewò la naɖu ŋukpe le tanye o.

O! Israel ƒe Mawu, ame siwo le diwòm la,

mègana ŋu nakpe wo le tanye o.

7Tawòe wodo vlom ɖo,

eye ŋukpe tsyɔ mo nam.

8Menye amedzro na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo

kple ame manyamanya na danyevi ŋutsuwo.

9Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye,

eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye.

10Esi mefa avi, tsi nu dɔ la,

vlododo boŋ wozu nam;

11esi meta akpanya la,

mezu nu ɖikokoe na amewo.

12Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye,

eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem.

13O! Yehowa, medo gbe ɖa na wò le wò amenuveɣi;

O! Mawu, le wò lɔlɔ̃ gã la ta,

tɔ nam kple wò xɔname si medana le edzi o.

14Ɖem tso agbi me,

mègana mayi to o,

ɖem le ame siwo lé fum la ƒe asi me,

tso tɔ goglowo me.

15Mègana tsi naɖɔ to tanye,

alo gogloƒe namim, eye ʋe globo natu eƒe nu ɖe dzinye o.

16O! Yehowa, tɔ nam, le wò lɔlɔ̃ deto la ta,

eye trɔ ɖe ŋutinye le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.

17Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o;

ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me.

18Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam,

ɖem le nye ketɔwo ta.

19Ènya ale si wodo vlom,

ɖi gbɔ̃m, eye wodo ŋu kpem;

nye futɔwo katã le ŋkuwò me.

20Vlododo na nye dzi gbã,

eye mezu xɔnamemanɔsitɔ;

mekpɔ mɔ na babadoname,

gake ɖeke meli o.

Mekpɔ mɔ na akɔfalawo,

gake nyemekpɔ ɖeke o.

21Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me,

eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.

22Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu mɔ na wo;

nezu teƒeɖoɖo kple mɔ na wo.

23Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be,

womagate ŋu akpɔ nu o,

eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee.

24Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi,

eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo.

25Woƒe nɔƒe neɖi gbɔlo;

mègana be ame aɖeke neganɔ woƒe agbadɔwo me o.

26Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome,

eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.

27Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi;

mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o.

28Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me,

eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe

ame dzɔdzɔewo dome o.

29Mele vevesese kple nuxaxa me;

O! Mawu, na wò xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm.

30Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ,

eye madoe ɖe dzi kple akpedada.

31Esia adze Yehowa ŋu wu nyi,

eye wòado dzidzɔ nɛ wu nyitsu

kple eƒe dzowo kpakple eƒe afɔkliwo.

32Hiãtɔwo akpɔe ahatso aseye,

eye mi ame siwo dia Mawu la,

míaƒe dziwo nenɔ agbe ɖaa!

33Yehowa ɖoa to hiãtɔwo,

eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o.

34Dziƒo kple anyigba nekafui,

atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me,

35elabena Mawu aɖe Zion,

eye wòagbugbɔ Yuda ƒe duwo atso.

Ekema amewo aɖanɔ afi ma, axɔe wòazu wo tɔ;

36eƒe dɔlawo ƒe viwo atsɔe anyi domee,

eye ame siwo lɔ̃ eƒe ŋkɔ la anɔ afi ma.

70

Psalmo 70

David ƒe ha na hɛnɔ la. Kukuɖeɖe.

1O! Mawu, netsɔ nàɖem;

O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam.

2Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo

le nye agbe yome tim la dzi.

Ame siwo le nye gbegblẽ dim la

negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

3Na be ame siwo le gbɔgblɔm be,

“Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la

natrɔ megbe adzo kple ŋukpe.

4Ke ame siwo dia wò la netso aseye;

woakpɔ dzidzɔ le mewò,

eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be,

“Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!”

5Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum,

eya ta va gbɔnye kaba.

O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o,

elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.

71

Psalmo 71

1O! Yehowa, mewòe mebe ɖo,

mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.

2Xɔ nam, eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta;

trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye nàxɔ nam.

3Nye sitsoƒe ƒe agakpe,

afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi.

Ɖe gbe be woaxɔ nam,

elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.

4O! Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,

eye nàɖem tso nu tovo wɔlawo

kple ŋutasẽlawo ƒe fego me.

5Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ

kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke,

O! Aƒetɔ Yehowa.

6Tso nye dzigbe ke,

wò ko ŋu meku ɖo,

elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me,

eya ta makafu wò ɖaa.

7Mezu nu maɖinu na ame geɖewo,

gake wòe nye nye mɔ sesẽ.

8Wò kafukafu yɔ nye nu me,

eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la.

9Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o,

eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.

10Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye,

eye ame siwo le lalam be yewoawum la,

wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye.

11Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome,

míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”

12O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o,

O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.

13Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe,

eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ

ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.

14Ke nye ya la, mɔkpɔkpɔ anɔ asinye ɖaa,

eye makafu wò, agakafu wò ɖe edzi.

15Nye nu aɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye

kple wò xɔname ŋkeke blibo la,

togbɔ be nyemenya eƒe kpekpeme o hã.

16Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo,

O Aƒetɔ Yehowa.

Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye,

wò ɖeka tɔ ko.

17O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke,

nèfia num, eye va se ɖe egbe la,

mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo.

18O! Mawu, ne metsi,

ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o,

va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ

na dzidzime si ava dzɔ

kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.

19O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke,

wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo.

O! Mawu, ame kae le abe wò ene?

20Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la,

àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm

ado goe tso anyigba ƒe tume ke.

21Àdzi nye bubu ɖe edzi,

eye àgafa akɔ nam.

22O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku

le wò nuteƒewɔwɔ ta;

madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku,

O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ.

23Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli,

ne mele kafukafuhawo dzim na wò,

nye ame si nèɖe.

24Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye

ƒe dɔwo ŋkeke blibo la,

elabena ŋukpe kple tɔtɔ va

ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.

72

Psalmo 72

Ha na Solomo.

1O! Mawu, tsɔ wò afia nyui tsotso do na fia la,

kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.

2Adrɔ̃ ʋɔnu na wò dukɔ la le dzɔdzɔenyenye me,

eye wòatso afia nyui na ame siwo ƒe dzi gbã la.

3Towo atsɔ kesinɔnuwo vɛ na wò dukɔ,

eye togbɛwo atsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse vɛ na wo.

4Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta,

axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo,

eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.

5Zi ale si ɣe kple ɣleti li la,

anɔ te le dzidzimewo katã me.

6Anɔ abe tsidzadza ɖe anyigba si dzi woƒo gbe le

kple agbafie si dza ɖe anyigba hede tsii ene.

7Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me,

eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o.

8Aɖu fia tso atsiaƒu ƒe go sia dzi ayi go kemɛ dzi,

tso tɔsisi to ase ɖe anyigba la ƒe mlɔenuwo ke.

9Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ,

eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.

10Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ,

eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.

11Fiawo katã ade ta agu nɛ,

eye dukɔwo katã asubɔe,

12elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam

kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o.

13Akpɔ nublanui na ame gblɔewo kple hiãtɔwo,

eye wòaɖe ame dahewo tso ku me.

14Aɖe wo le teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me,

elabena woƒe ʋu xɔ asi le eŋkume.

15Fia la nenɔ agbe tegbee!

Wonetsɔ Seba sika nɛ.

Amewo nedo gbe ɖa ɖe eta ɖaa,

eye wòayra ŋkeke blibo la.

16Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi;

eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi.

Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene,

eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene.

17Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa,

eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm.

Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi,

eye woayɔe be yayratɔ.

18Woakafu Yehowa Mawu,

Israel ƒe Mawu la,

eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo.

19Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe

le la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me;

eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi.

Amen, ɛ̃, Amen.

20Esiawo wu Yese ƒe vi, David ƒe gbedodoɖawo nu.

73

Agbalẽ etɔ̃lia

Psalmowo 73–89

Psalmo 73

Asaf ƒe ha.

1Vavã, Mawu wɔ nyui na Israel

kple ame siwo dza le woƒe dzi me.

2Ke nye la, nye afɔ ɖiɖi kloe,

eye esusɔ vie ko medze anyi.

3Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ

ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe.

4Hiãkame aɖeke mele wo dzi o,

eye wole lãmesẽ kple dedinɔnɔ me.

5Wovo tso agba siwo tena ɖe amewo dzi la me,

eye amegbetɔwo ƒe hiãtuame aɖeke mele wo dzi o.

6Eya ta dada nye woƒe kɔga,

eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene.

7Dzidada dona tso woƒe dzi si ku atri la me,

eye seɖoƒe meli na woƒe susu ƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖoɖo o.

8Woɖua fewu, ƒoa nu vlodoametɔe,

eye le woƒe dada me la, woklẽa ŋku ɖe amewo be woabɔbɔ na wo.

9Woƒe nuwo xɔ dziƒo wɔ wo tɔe,

eye woƒe aɖewo xɔ anyigba wòzu wo tɔ.

10Eya ta woƒe amewo trɔ ɖe wo gbɔ,

eye wono tsi fũu.

11Wogblɔ be, “Aleke Mawu awɔ anya?

Ɖe nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?”

12Aleae ame vɔ̃ɖiwo le,

wole ablɔɖe me ɣe sia ɣi, eye wodzia woƒe kesinɔnuwo ɖe edzi.

13Nyateƒee, dzodzro ko wònye be mewɔ nye dzi dzadzɛ,

eye dzodzroe meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.

14Mekpea fu ŋkeke blibo la,

eye ŋdi sia ŋdi wohea to nam.

15Ɖe megblɔ be,

“Ale maƒo nui nye si” la,

anye ne mede viwòwo asi.

16Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ

esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme,

17va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe Kɔkɔeƒe la,

tete mese afi si woawu nu ɖo la gɔme.

18Vavã, ètsɔ wo ɖo didiƒe,

eye nètsɔ wo xlã ɖe anyi wogblẽ keŋkeŋ.

19Aleke wohetsrɔ̃ kpata ale,

ŋɔdzi kplɔ wo dzoe kaba ŋutɔ!

20O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne

ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la,

do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene.

21Esi nye dzi bi ɖe dɔ me nam,

eye nye gbɔgbɔ se veve la,

22mezu bometsila kple numanyala,

eye mele abe lã tagbɔkukutɔ ene le ŋkuwò me.

23Ke mele gbɔwò ɣe sia ɣi,

eye nèlé nye ɖusibɔ ɖe asi.

24Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu,

eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee.

25Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko?

Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o.

26Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi,

gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ

kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe.

27Ame siwo le adzɔge tso gbɔwò la atsrɔ̃,

elabena ètsrɔ̃ ame siwo katã meto nyateƒe na wo o.

28Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu.

Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee,

maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia.

74

Psalmo 74

Asaf ƒe nufiameha.

1O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa?

Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?

2Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema,

dukɔ si nye wò domenyinu,

ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi.

3Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu,

gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae.

4Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le;

wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma.

5Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asi

le ave dodowo me be woalã atiwo ene.

6Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋu

siwo wowɔ ɖe gliawo ŋu.

7Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba,

eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna.

8Wogblɔ le woƒe dzi me be,

“Míagbã wo gudugudu!”

Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le,

le anyigba dzi.

9Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o;

womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi o

eye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o.

10O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewu

le ŋuwò ase ɖo?

Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea?

11Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo?

Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo!

12Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke;

wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi.

13Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu,

eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me.

14Wòe gbã Leviatan ƒe ta,

eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo.

15Wòe ʋu nu le tsitsetsewo

kple tɔʋuwo nu wosi bababa,

eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.

16Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe;

wòe wɔ ɣe kple ɣleti.

17Wòe ɖo liƒo na anyigba,

eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli.

18O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wò

kple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi.

19Mègatsɔ wò akpakpa ƒe agbe de asi na lãwɔadãwo o,

eye mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe gbe be ɖikaa o.

20Tsɔ ɖe le wò nubabla la me,

elabena ŋutasesẽ ƒe wɔnawo yɔ anyigba la ƒe ɣaɣlɛƒewo fũu.

21Mègana ame siwo wote ɖe anyi la

nate gbugbɔɖemegbe kple ŋukpe o;

ke boŋ ame dahewo kple hiãtɔwo nekafu wò ŋkɔ.

22O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta;

ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖem

le ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi.

23Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ,

kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o.

75

Psalmo 75

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu.

1O! Mawu, míeda akpe na wò,

míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ,

eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia.

2Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi,

elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.

3Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la,

nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela

4Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be,

‘Midzudzɔ dada,’

eye na ame vɔ̃ɖi be,

‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.

5Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o,

eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ ”

6Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe,

ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o,

7ke boŋ Mawue nye afiatsola,

eɖea ame sia le zi dzi,

eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.

8Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me,

wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme;

ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi,

wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.

9Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be;

madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;

10maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo,

ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.

76

Psalmo 76

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1Wonya Mawu le Yuda,

eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel.

2Eƒe agbadɔ le Salem,

eye eƒe nɔƒe le Zion.

3Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo,

akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo. Sela

4Keklẽ geɖe ƒo xlã wò,

eye nènya kpɔ sãsãsã wu to siwo me adelã le fũu la.

5Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ;

aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka pɛ

hã magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o.

6O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la,

sɔ kple tasiaɖam siaa tɔ ɖe teƒe ɖeka.

7Wò ko wòle be woavɔ̃.

Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?

8Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒo,

anyigba vɔ̃, eye wòzi ɖoɖoe.

9O! Mawu, esi nètso be yeatso afia,

aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la,

nu sia nu zi ɖoɖoe. Sela

10Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu,

he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe

le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.

11Miɖe adzɔgbe na Yehowa, miaƒe Mawu la,

eye mixe adzɔgbeɖefeawo;

anyigba siwo katã ƒo xlã mi la

netsɔ nunanawo vɛ na Ame si wòle be woavɔ̃ la.

12Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu;

anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ.

77

Psalmo 77

Asaf ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun.

1Medo ɣli na Mawu be wòaxɔ nam;

medo ɣli na Mawu be wòaɖo tom.

2Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la;

le zã me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o,

eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ.

3O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu.

Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela

4Èna nye ŋkuwo gbe miamia;

fuɖeɖewo sɔ gbɔ ale gbegbe be

nyemate ŋu aƒo nu o.

5Mebu gbe aɖe gbe ŋkekewo

kple blemaƒewo ŋu.

6Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le zã me la dzi.

Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be:

7“Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea?

Ɖe magave ame nu akpɔ oa?

8Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la vɔ tegbetegbea?

Ɖe eƒe ŋugbedodo vɔ hena ɣeyiɣiawo katã?

9Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea?

Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?” Sela

10Tete megblɔ be,

“Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi ƒe ƒewo ko maƒo koko na.”

11Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi,

ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.

12Made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu,

eye mabu ta me le wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo ŋu.

13O! Mawu, wò mɔwo le kɔkɔe

mawu kae lolo abe míaƒe Mawu la ene?

14Wòe nye Mawu si wɔ nukunuwo,

eye nèɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.

15Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la,

ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. Sela

16O! Mawu, tsiwo kpɔ wò,

tsiwo kpɔ wò, eye woŋe,

gogloƒewo ke hã dzo nyanyanya.

17Lilikpo ɖuɖu tsi bababa,

dziŋgɔli ɖe gbe, eye wò aŋutrɔwo klẽ dzo bibibi, yi gagbɔ.

18Wose wò gbeɖeɖe le yali me,

wò dzikedzo klẽ ɖe xexea me,

eye anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya.

19Wò mɔ to atsiaƒu me, eye wò toƒe

le tɔ gãwo me, gake womekpɔa wò afɔteƒe o.

20Èkplɔ wò dukɔ abe alẽha ene,

to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi.

78

Psalmo 78

Asaf ƒe nufiameha.

1O! Nye dukɔ, mise nye nufiame,

eye miɖo to nye numenyawo.

2Make nye nu, aƒo nu le lododowo me.

Magblɔ nu siwo le ɣaɣla,

nu siwo li tso blema ke.

3Nu siwo míese, eye míenya,

nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí.

4Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o,

ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ

siwo dze na kafukafu,

eƒe ŋusẽ kple nukudɔ

siwo wòwɔ la na megbeviwo.

5Ewɔ ɖoɖowo na Yakob,

eye wòɖo se anyi ɖe Israel,

se siwo ŋu wòde se na

mía fofowo be woafia wo viwo,

6ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo,

eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo,

ne woawo hã nafia wo viwo.

7Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi,

eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o,

ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi.

8Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo,

dzidzime dzeaglã,

ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o,

eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o.

9Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la,

wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe.

10Womelé Mawu ƒe nubabla me ɖe asi o,

eye wogbe be yewomanɔ agbe ɖe eƒe se la nu o.

11Woŋlɔ nu si wòwɔ la be,

esiwo nye nukunu siwo wòɖe fia wo.

12Ewɔ nukunu le wo fofowo ŋkume

le Egiptenyigba dzi,

le Zoan nuto me.

13Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee,

eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene.

14Etsɔ lilikpo kplɔ woe le ŋkeke me,

eye wòtsɔ dzo keklẽ kplɔ woe le zã me.

15Efe agakpe me le gbegbe,

eye wòna tsi wo wòsɔ gbɔ

abe atsiaƒumetsiwo ene.

16Ena tsi do tso agakpe me

eye tsi la si bababa abe tɔsisiwo ene.

17Ke woyi edzi gawɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu,

eye wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu le gbedzi.

18Wotsɔ woƒe lɔlɔ̃nu te Mawu kpɔ,

esi wobia nuɖuɖu si le wo dzrom vevie.

19Woƒo nu tsi tsitre ɖe Mawu ŋu be,

“Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ na mí le gbedzia?

20Esi wòtsɔ nu ƒo agakpe la, tsi do bababa,

eye tɔʋuwo si kplakplakpla.

Gake ɖe wòate ŋu ana nuɖuɖu mía?

Ate ŋu ana lã eƒe dukɔa?”

21Esi Yehowa se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie;

eƒe dzo bi ɖe Yakob ŋu,

eye eƒe dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu,

22elabena womexɔ Mawu dzi se,

alo ka ɖe eƒe xɔname dzi o.

23Ke hã la, eɖe gbe na lilikpowo le dzi,

eye wòʋu dziƒo ƒe ʋɔtruwo,

24ena mana dza tso dziƒo na dukɔ la be woaɖu,

eye wòna bli wo tso dziƒo.

25Amegbetɔ ɖu mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu,

eye wòɖo nuɖuɖu si sinu wohiã la ɖe wo.

26Etu ka ɣedzeƒeya tso dziƒo,

eye wòkplɔ dzigbeya kple eƒe ŋusẽ.

27Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene,

eye xe dzodzoewo abe ƒutake ene.

28Ena woge dze woƒe asaɖa me,

eye woƒo xlã woƒe agbadɔwo.

29Ale woɖui ʋuu heɖi ƒo taŋ,

elabena ewɔ nu si dzrom wole la dzi na wo.

30Ke hafi nuɖuɖu si wodzro la navɔ,

eye esi wògale nu me na wo ko la,

31Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu;

ewu ame sesẽwo le wo dome,

eye wòlã Israel ɖekakpuiwo ƒu anyi.

32To nu siawo katã gbɔ hã la,

wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi,

eye togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la,

womexɔe se o.

33Ale wòna woƒe ŋkekewo wu nu nanekemakpɔkpɔe,

eye woƒe ƒewo wu nu le ŋɔdzi me.

34Ɣe sia ɣi si ke Mawu wu wo ko la,

wodinɛ, eye wogatrɔna ɖe eŋu kple vevidodo.

35Woɖoa ŋku edzi be Mawue nye woƒe Agakpe,

eye Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye woƒe Ɖela.

36Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ,

eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.

37Woƒe dziwo meku ɖe eŋu vavã o,

eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o.

38Gake ekpɔ nublanui na wo;

etsɔ woƒe vodadawo ke wo, eye metsrɔ̃ wo o.

Zi geɖe la, eɖoa asi eƒe dziku dzi,

eye menaa eƒe dɔmedzoe katã bina o.

39Eɖo ŋku edzi be ŋutilã ko wonye,

eye wonye ya si ƒona yina gake megatrɔna gbɔna o.

40Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbedzi,

eye womedo vevesese nɛ le kuɖiɖinyigba dzi o!

41Enuenu wotea Mawu kpɔna,

eye wodoa dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.

42Womeɖo ŋku eƒe ŋusẽ dzi,

gbe si gbe wòɖe wo tso ŋutasẽla ƒe asi me,

43gbe si gbe wòɖe eƒe nukudzesiwo fia

le Egipte kple eƒe nukudɔwo fia le Zoan nuto me o.

44Etrɔ woƒe tɔsisiwo wozu ʋu,

eye womete ŋu no woƒe tɔʋumetsi o.

45Eɖo togbato ƒe ha gã aɖe ɖe wo dome,

woɖu wo kple akpɔkplɔwo wogblẽ woƒe nuwo.

46Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetrawo

kple woƒe kutsetsewo na ʋetsuviwo.

47Egblẽ woƒe waingblewo kple kpetsi,

eye woƒe gbotiwo kple tsidzadza sesẽ.

48Etsɔ woƒe nyihawo na kpetsi,

eye wòtsɔ woƒe lãhawo na dzikedzo.

49Eɖo eƒe dɔmedzoe nyanyra,

dziku helĩhelĩ, xaxa kple fuwɔame,

siwo nye mawudɔla siwo gblẽa nu la ɖe wo.

50Eɖe mɔ ɖi na eƒe dɔmedzoe;

meɖe woƒe agbe tso ku me o,

ke boŋ etsɔ wo de asi na dɔvɔ̃.

51Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi

siwo nye woƒe ŋutsunyenye

ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te.

52Gake ekplɔ eƒe dukɔ la abe lãhawo ene,

eye wòkplɔ wo abe alẽwo ene to gbedzi.

53Ekplɔ wo le dedinɔnɔ me, ale be womevɔ̃ o,

gake ƒu la tsyɔ woƒe futɔwo dzi.

54Ale wòkplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la ƒe liƒo dzi,

va tonyigba si eƒe nuɖusi xɔ la gbɔ.

55Enya dukɔwo le wo ŋgɔ,

eye wòma woƒe anyigba na wo be

wòanye woƒe domenyinu,

eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me.

56Ke wote Mawu kpɔ,

wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu,

eye womelé eƒe sewo me ɖe asi o.

57Abe wo fofowo ene la,

womeɖo to o, wowɔ nu dzimaxɔsetɔe,

eye wole abe dati doagblɔ ene,

elabena womate ŋu aka ɖe wo dzi o.

58Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dɔmedzoe nɛ,

eye woƒe legbawo na ŋuʋaʋã tso le eya amea me.

59Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ,

eye wògbe Israel keŋkeŋ.

60Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi,

agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome.

61Eɖo nubablaɖaka si nye eƒe ŋusẽ la ɖe aboyome,

eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃nu de asi na futɔ la.

62Etsɔ eƒe dukɔ de asi na yi,

eye wòdo dɔmedzoe vevie ɖe

eƒe domenyinu la ŋu.

63Ena dzo fia eƒe ɖekakpuiwo,

eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o.

64Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi,

eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo.

65Tete Aƒetɔ la nyɔ tso alɔ̃ me abe ale si aha kɔna

le mo na ame si no wain mu la ene.

66Enya eƒe futɔwo do ɖe megbe,

eye wòdo ŋukpe mavɔ wo.

67Emegbe la, wògbe nu le Yosef ƒe agbadɔwo gbɔ,

eye metia Efraim ƒe to la o.

68Ke boŋ etia Yuda ƒe to la,

esi nye Zion to si wòlɔ̃na vevie.

69Etu eƒe kɔkɔeƒe la abe kɔkɔƒe ene,

eye abe anyigba si wòli kee tegbetegbe ene.

70Etia David dɔla,

eye wòɖee le alẽkpo me;

71tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ,

Yakob kple eƒe domenyinu, Israel.

72David kpɔ wo dzi le dzi dzɔdzɔe me,

eye wòkplɔ wo le aɖaŋu me.

79

Psalmo 79

Asaf ƒe ha.

1O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe wò domenyinu la dzi,

wodo gu wò gbedoxɔ kɔkɔe la,

eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe.

2Wotsɔ wò dɔlawo ƒe kukuawo

na dziƒoxewo abe nuɖuɖu ene,

eye wotsɔ wò ame kɔkɔeawo ƒe ŋutilã

na anyigbadzilã wɔadãwo.

3Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem,

eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.

4Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo,

eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã mí.

5O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?

Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea?

Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?

6Trɔ wò dziku helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ

siwo menya wò o la dzi

kple fiaɖuƒe siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.

7Elabena wovuvu Yakob,

eye wogbã eƒe denyigba.

8Mègawɔ na mí ɖe mía fofowo ƒe nu vɔ̃ nu o;

na wò nublanuikpɔkpɔ nava do go mí kaba,

elabena míeɖo xaxa gã aɖe me.

9O! Mawu, mía Ɖela,

kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta.

Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo

ake mí le wò ŋkɔ la ta.

10Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be,

“Afi ka woƒe Mawu la le?”

Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be,

èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi.

11Aʋaléleawo ƒe ŋeŋe neɖo gbɔwò,

tsɔ wò asi ƒe ŋusẽ ɖe

ame siwo wotso kufia na.

12O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo

do wò la teƒe na wo zi adre.

13Ekema mí wò dukɔ,

wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee,

eye tso dzidzime yi dzidzime

míaɖe wò kafukafu afia.

80

Psalmo 80

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu.

1O, Israel ƒe Kplɔla, ɖo to mí,

wò ame si kplɔ Yosef ƒe dzidzimeviwo abe lãha ene;

wò ame si nɔ anyi ɖe kerubiwo titina gli,

klẽ 2le Efraim, Benyamin kple Manase ŋgɔ.

Nyɔ wò ŋusẽ,

va nàxɔ na mí.

3O! Mawu, gaɖo mí te;

na wò mo naklẽ ɖe mía dzi,

be míakpɔ xɔxɔ.

4O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ,

va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe

wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?

5Èna aɖatsibolo wo woɖu,

eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.

6Ètsɔ mí wɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo,

eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu.

7O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te;

na wò mo naklẽ ɖe mía dzi,

be míakpɔ xɔxɔ.

8Ètsɔ wainka tso Egipte,

ènya dukɔwo, eye nèdoe.

9Èdzra eŋuti ɖo nyuie,

eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba.

10Edo vɔvɔli ɖe towo tame

eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame.

11Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke,

eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke.

12Nu ka ŋuti nègbã kpɔ le eŋu,

ale be ame siwo to afi ma yi la fɔ wain tsetsewo?

13Gbehawo nya avuzi le edzi,

eye gbemelãwo ɖui.

14Trɔ va mía gbɔ, O Mawu, Ŋusẽkatãtɔ!

Do kɔ ɖa tso dziƒo, eye nàkpɔ nu!

Kpɔ wainka sia ta,

15ke si wò nuɖusi do,

viŋutsu si wò ŋutɔ nèhe wòtsi.

16Wolã wò wainka,

wotɔ dzoe, eye wò mokaname na wò amewo tsrɔ̃.

17Wò asi nenɔ ŋutsu si le wò nuɖusime,

amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi.

18Ekema míatrɔ le yowòme o;

gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ.

19O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te;

na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.

81

Psalmo 81

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu.

1Midzi ha, mikpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, míaƒe ŋusẽ la ŋu,

eye mitso aseye kple ɣli ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!

2Mido ha ɖa, xatsɛwo neɖi,

miƒo kasaŋku kple gakasaŋku siwo ƒe gbe me kɔ.

3Miku lãdzokpẽwo le Dzinu Yeye dzi

kple ne dzinu sɔ tegblẽe le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe.

4Esia nye se na Israel kple ɖoɖo na Yakob ƒe Mawu la.

5Esi Mawu tso ɖe Egiptetɔwo ŋu la,

eɖoe anyi be wòanye se na Yosef,

afi si míese gbegbɔgblɔ si gɔme míese o la le:

6Egblɔ be, “Meɖe agba la ɖa le woƒe abɔta,

eye woɖe woƒe asiwo ɖa le kusi la ŋuti.

7Mieyɔm le miaƒe xaxa me, eye mexɔ na mi.

Metɔ na mi le dziɖegbelilikpo la me.

Medo mi kpɔ le Meriba tsi la gbɔ. Sela

8Mísee, o nye dukɔ, maxlɔ̃ nu mi.

O! Israel, nenye ɖe nàɖo tom ɖe!

9Dzromawu aɖeke maganɔ dowòme o;

màgade ta agu na mawu tutɔ aɖeke o.

10Nyee nye Yehowa, wò Mawu,

ame si kplɔ wò do goe tso Egipte.

Ke wò nu baa, eye mana wòayɔ.

11“Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o;

Israel gbe, mebɔbɔ eɖokui nam o,

12eya ta meɖe asi le wo ŋu na

woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu

siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.

13“Ɖe wònye nye dukɔ aɖo tom,

eye Israel nazɔ nye mɔwo dzi la,

14aleke nyemahabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyii kaba,

eye nyemahakɔ nye asiwo dzi ɖe woƒe ketɔwo ŋui o!

15Ame siwo lé fu Yehowa la ada alakpa le eŋkume,

eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee.

16Ke míaɖu bliwɔ nyuitɔ,

eye matsɔ kpetomenyitsi aɖi ƒoe na mi.”

82

Psalmo 82

Asaf ƒe ha.

1Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la,

eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome.

2“Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta,

eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” Sela

3“Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta,

eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to.

4Mixɔ na ame gblɔewo kple hiãtɔwo,

eye miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.

5“Womenya naneke o, womese naneke gɔme o.

Wole zɔzɔm le blukɔ me,

eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu.

6“Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye;

mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’,

7gake miaku abe amegbetɔwo ko ene

eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.”

8O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la

elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.

83

Psalmo 83

Asaf ƒe ha.

1O! Mawu, mègazi kpi o,

O! Mawu, mègazi ɖoɖoe o,

mèganɔ anyi kpoo o.

2Kpɔ ale si wò futɔwo le nyanyram ɖa,

kpɔ ale si wò ketɔwo kɔ ta dzii ɖa.

3Wole nu baɖa ɖom ɖe wò dukɔ ŋu le ayeme,

eye woɖo nugbe ɖe ame siwo nèlɔ̃na la ŋu.

4Wogblɔ be, “Miva, míatsrɔ̃ wo, be womaganye dukɔ o,

eye womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.”

5Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu,

eye wobla ɖe ŋuwò,

6ame siwo le Edom ƒe agbadɔwo me,

Ismaelitɔwo, Moabtɔwo, Hagritɔwo,

7Gebalitɔwo, Amonviwo, Amalekitɔwo,

Filistitɔwo kple ame siwo tso Tiro.

8Asiria gɔ̃ hã kpe ɖe wo ŋu,

be wòado alɔ Lot ƒe dzidzimeviwo. Sela

9Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midian,

Sisera kple Yabin le Kison tɔsisi la to ene,

10ame siwo tsrɔ̃ le Endor,

eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba.

11Wɔ woƒe bubumewo abe Oreb kple Zeb ene,

eye woƒe dumegãwo abe Zeba kple Zalmuna ene,

12ame siwo gblɔ be,

“Mina míaxɔ Mawu ƒe lãnyiƒewo.”

13O! Nye Mawu, wɔ wo abe betsyo

kple blitsa si ya lɔ ɖe nu ene.

14Abe ale si dzo biaa ave,

alo dzo ƒe aɖe tɔa dzo towo ene la,

15nenemae nàti wo yomee kple wò ya sesẽ,

eye nàdo ŋɔdzi na wo kple wò ahom.

16Tsɔ ŋukpe tsyɔ mo na wo,

ale be amewo nadi wò ŋkɔ, O Yehowa.

17Na ŋukpe nalé wo,

woƒe mo natsi dãa, eye wonetsrɔ̃ le ŋukpe me.

18Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la,

wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.

84

Psalmo 84

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu.

1O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

wò nɔƒe dzeani loo!

2Yehowa, wò xɔxɔnuwo

le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe.

Nye dzi kple ŋutilã

le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.

3O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

Fianye kple Mawunye,

sagbadre gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe,

eye atsutsrɔe wɔ atɔ na eɖokui,

afi si wòatsɔ viawo ada ɖo,

be wòate ɖe wò vɔsamlekpui la ŋu.

4Woayra ame siwo nɔa wò aƒe me la,

elabena wole kafuwòm ɖaa. Sela

5Woayra ame siwo ƒe ŋusẽ le mewò,

ame siwo ƒe dzi ku ɖe xɔsemɔzɔzɔ ŋuti.

6Ne woto Baka Balime la,

wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒewo,

eye kelemetsi tsyɔa edzi kple yayra.

7Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe

esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion.

8Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ;

O! Yakob ƒe Mawu,

ɖo to nye gbedodoɖa. Sela

9O! Mawu, nye kɔ nàkpɔ míaƒe akpoxɔnu,

eye nakpɔ wò amesiamina la kple amenuveve.

10Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe;

enyo be manye agbonudzɔla

le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ

ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me,

11elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu.

Yehowae naa amenuveve kple bubu,

eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi

mele woƒe zɔzɔme ŋu o.

12O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.

85

Psalmo 85

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Yehowa, èɖe amenuveve fia wò anyigba;

ègaɖo Yakob ƒe nunyonamewo te.

2Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada kee,

eye nètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi. Sela

3Èɖe asi le wò dzikudodo helĩhelĩ ŋuti

eye nèdzudzɔ dɔmedzoe kaɖikaɖi dodo.

4O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo mí te,

míaƒe nu meganɔ dzi kum na wò o.

5Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa?

Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la

wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?

6Màgagbɔ agbe mí,

be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?

7O! Yehowa, ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia mí,

eye nàna wò xɔname mí.

8Maɖo to ase nya si Yehowa Mawu agblɔ;

edo ŋutifafa ƒe ŋugbe na eƒe dukɔ,

eƒe ame kɔkɔewo, gake ɖeko mègana

woatrɔ ayi bometsitsi gbɔ o.

9Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ,

ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.

10Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo,

eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.

11Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me,

eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo.

12Yehowa ana nu si nyo la mí vavã,

eye míaƒe anyigba atse eƒe ku.

13Dzɔdzɔenyenye le eŋgɔ,

eye wòle mɔ tam na eƒe afɔtoƒewo.

86

Psalmo 86

David ƒe gbedodoɖa.

1Ɖo tom, O Yehowa, eye nàtɔ nam,

elabena meda ahe, eye hiã tum.

2Kpɔ nye agbe ta,

elabena metsɔ ɖokuinye na wò.

Wòe nye nye Mawu,

eya ta ɖe wò dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò.

3O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui,

elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la.

4O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ vɛ na wò dɔla,

elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.

5O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena,

lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò.

6O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,

eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu.

7Le nye xaxagbe, mayɔ wò elabena àtɔ nam.

8O! Aƒetɔ aɖeke megale mawuawo dome abe wò ene o;

nuwɔna aɖeke mesɔ kple tɔwò o.

9O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ

le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ.

10Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo;

wò koe nye Mawu.

11O! Yehowa, fia wò mɔm,

eye mazɔ le wò nyateƒe la me;

tsɔ dzi si to mɔ ɖeka la nam,

ale be mavɔ̃ wò ŋkɔ.

12Makafu wò, O Aƒetɔ, nye Mawu,

kple nye dzi blibo.

Mado wò ŋkɔ ɖe dzi tegbee,

13elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ,

eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke.

14O! Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye,

ŋutasẽlawo ƒe ha ti nye agbe yome,

eye wonye ŋutsu siwo mebu wò ɖe naneke me o.

15O! Aƒetɔ, ke wò la,

Mawu si kpɔa nublanui,

eye wòvea ame nu lae nènye,

mèdoa dɔmedzoe kabakaba o,

lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe.

16Trɔ ɖe ŋutinye, eye nàkpɔ nublanui nam;

na wò ŋusẽ wò dɔla, eye nàɖe viwò ŋutsu nuteƒewɔla.

17Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam,

be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo,

elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.

87

Psalmo 87

Korah ƒe viwo ƒe ha.

1Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi.

2Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo

wu Yakob ƒe nɔƒewo katã.

3O! Mawu ƒe du,

wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. Sela

4“Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe

ame siwo nyam la dome,

nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti,

magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ”

5Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be,

“Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma,

eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.”

6Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be,

“Wodzi esia le Zion.” Sela

7Ne wole ha dzim la, woadzi ha be,

“Nye agunuwo katã le mewò.”

88

Psalmo 88

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Enye nufiameha si Ezrahitɔ Heman kpa; woadzii ɖe Mahalat Leanot ƒe gbeɖiɖi nu.

1O! Yehowa, Mawu si ɖem,

mele ɣli dom le ŋkuwò me zã kple keli.

2Nye gbedodoɖa nede gbɔwò,

ƒu to anyi ɖe nye kokoƒoƒo ŋu,

3elabena nye luʋɔ yɔ fũu kple xaxawo,

eye nye agbe ɖo kudo nu.

4Wobum ɖe ame siwo yi aʋlime la dome;

mele abe ŋutsu si si ŋusẽ mele o la ene.

5Woɖem ɖe aga da ɖe ame kukuwo dome,

eye mele abe ame siwo wowu wole yɔdo me la ene,

ame siwo dzi miagaɖo ŋkui o,

eye woɖe wo ɖa le wò dzikpɔkpɔ te.

6Ètsɔm de ʋe goglotɔ me,

yi ɖe keke viviti tsiɖitsiɖi me.

7Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie,

eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye. Sela

8Èxɔ xɔ̃nye veviwo le asinye,

eye nètsɔm wɔ ŋunyɔnu na wo.

Ètsɔm da ɖe xaxɛƒe, nyemate ŋu asi o,

9eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ.

O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe,

eye meke nye abɔwo me na wò.

10Ɖe nàte ŋu aɖe wò nukunuwo afia ame kukua?

Ɖe ame siwo ku la ate ŋu atsi tsitre akafu wòa? Sela

11Ɖe woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le yɔdo me

kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea?

12Ɖe woanya nu le wò nukunuwo ŋu le viviti me,

alo le wò dzɔdzɔenyenyedɔwo ŋu le anyigba manyamanya dzia?

13Ke wò, o Yehowae,

mele ɣli dom na be nàxɔ nam,

eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò.

14O! Yehowa, nu ka ta nègbem,

eye nèɣla wò mo ɖem ɖo?

15Tso nye ɖekakpuime ke, mekpe hiã,

eye meɖo kudo nu,

mekpe fu le wò ŋɔdzidodowo ta,

eye dzi ɖe le ƒonye.

16Wò dziku helĩhelĩ tsyɔ dzinye,

eye wò ŋɔdzi gblẽ donyeme.

17Woƒo xlãm ŋkeke blibo la abe tsiɖɔɖɔ ene,

eye wonye tsyɔ dzinye.

18Èɖe nye zɔhɛwo kple xɔ̃nyewo ɖa le ŋunye,

eye vivitie nye xɔ̃nye si tsɔ ɖe gbɔnye.

89

Psalmo 89

Ezrahitɔ Etan ƒe nufiameha.

1Madzi ha le Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã la ŋu ɖaa,

matsɔ nye nu aɖe gbeƒã wò

nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.

2Maɖe gbeƒã be wò lɔlɔ̃ li ke tegbee,

eye nèɖo wò nuteƒewɔwɔ anyi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ.

3Ègblɔ be, “Mebla nu kple nye ame tiatia,

meka atam na David, nye dɔla be,

4‘Maɖo wò ƒome anyi tegbee,

eye mana wò fiazikpui nali ke na dzidzimewo katã.’ ” Sela

5O! Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kafum,

kple wò nuteƒewɔwɔ hã

le ame kɔkɔewo ƒe hame.

6Elabena ame kae le dziŋgɔli me

si woatsɔ asɔ kple Yehowa?

Le nu gbagbe siwo le dziƒo dome la,

kae le abe Yehowa ene?

7Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ,

ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe.

8O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame kae ɖi wò?

O! Yehowa, wò la, ŋusẽtɔe nènye, eye wò nuteƒewɔwɔ ƒo xlã wò.

9Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi,

ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi.

10Ègbã Rahab gudugudu abe

ame siwo wowu la dometɔ ɖeka ene,

eye nètsɔ wò abɔ sesẽ kaka wò futɔwo.

11Dziƒowo nye tɔwò, anyigba hã tɔwòe;

wòe wɔ xexea me kple emenuwo katã.

12Wòe wɔ anyiehe kple dziehe;

ne Tabɔr kple Hermon se wò ŋkɔ ko la,

wodzia ha, tsoa aseye.

13Wotsɔ ŋusẽ de wò abɔ me,

eye wò asi sesẽ, wò nuɖusi de dzi.

14Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi,

eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.

15Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe,

eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa.

16Wotsoa aseye le wò ŋkɔ me ŋkeke blibo la,

eye wokpɔa dodoɖedzi le wò dzɔdzɔenyenye me.

17Elabena wòe nye woƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ,

eye to wò amenuveve me, nèkɔ míaƒe dzo ɖe dzi.

18Vavã, míaƒe akpoxɔnu nye Yehowa tɔ,

miaƒe fia nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.

19Ɣe aɖe ɣi la, èƒo nu na wò

ame kɔkɔewo le ŋutega me be,

“Metrɔ ŋusẽ kɔ ɖe kalẽtɔ aɖe dzi;

medo ɖekakpui aɖe ɖe dzi le nye amewo dome.

20Meke ɖe David, nye dɔla

ŋu, eye mesi ami nɛ kple nye ami kɔkɔe.

21Nye asi alée ɖe asi,

le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe.

22Futɔ aɖeke mazi edzi wòadzɔ ga nɛ o,

eye ame vɔ̃ɖi aɖeke matee ɖe to o.

23Mafanya eƒe futɔwo le eŋgɔ,

eye maƒo ame siwo tso ɖe eŋu la aƒu anyi.

24Nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la anɔ anyi kplii,

eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi to nye ŋkɔ dzi.

25Makɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu dzi,

eye eƒe nuɖusi ɖe tɔsisiwo dzi.

26Ayɔm be, ‘Wòe nye Fofonye, nye Mawu,

nye Agakpe kple Ɖela.’

27Matsɔe awɔ nye ŋgɔgbevi

kple fia si wodo ɖe dzi wu

le anyigbadzifiawo katã dome.

28Malé nye lɔlɔ̃ nɛ me ɖe asi ɖaa,

eye nye nubabla kplii mada

le edzi akpɔ gbeɖe o.

29Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee,

eye zi ale si dziƒo li la,

nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii.

30“Ne viawo gblẽ nye sewo ɖi,

eye womewɔ nye ɖoɖowo dzi o,

31ne woda le nye sedede dzi,

eye wogbe nye gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ la,

32ekema matsɔ ati ahe to na woe ɖe

woƒe nu vɔ̃wo ta, eye matsɔ ƒoƒo ahe to

na wo ɖe woƒe vodadawo ta,

33gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi,

alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o.

34Nyemagbe nye nubabla la dzi wɔwɔ o,

eye nyematrɔ nu si nye nu gblɔ la o.

35Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka

hena ɣeyiɣiwo katã be,

nyemada alakpa na David o.

36Ke boŋ eƒe ƒome anɔ anyi tegbee,

eye eƒe fiazikpui ali ke

le nye ŋkume abe ɣe ene.

37Woaɖoe anyi ɖaa abe ɣleti,

ɖasefo nuteƒewɔla si le dziŋgɔli ŋu ene.” Sela

38Gake ègbe, èdo vlo, eye nèdo dɔmedzoe ɖe wò

amesiamina ŋu vevie.

39Ète fli ɖe nu si nèbla kple wò dɔla me,

eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me.

40Ègbã eƒe gliwo,

eye nèwɔ eƒe mɔ sesẽwo wozu aƒedo.

41Ame siwo katã to afi ma la hae,

eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo.

42Èdo eƒe futɔwo ƒe nuɖusi ɖe dzi,

eye nèna eƒe ketɔwo katã tso aseye.

43Èna eƒe yi nu tsi, eye mèkpe ɖe eŋu

le aʋawɔwɔ me o.

44Èna eƒe ŋutikɔkɔe wu enu,

eye nètsɔ eƒe fiazikpui ƒu gbe ɖe anyigba.

45Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ,

eye nètsɔ ŋukpe tsyɔ nɛ abe avɔ ene. Sela

46O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie?

Ɖe nàɣla ɖokuiwò tegbea?

Ɣe ka ɣi wò dziku abi abe dzo ene ase ɖo?

47Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi.

Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!

48Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o,

alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me? Sela

49O! Aƒetɔ, afi ka wò lɔlɔ̃ gã tsãtɔ le,

wò lɔlɔ̃ si nye atam nèka na David

le wò nuteƒewɔwɔ me la le?

50Aƒetɔ, ɖo ŋku ale si woɖu fewu le wò dɔla ŋuti

kple ale si nye dzi tsɔ dukɔwo ƒe vlodoame la dzi.

51O! Yehowa, ɖo ŋku vlodoame si wò futɔwo tsɔ

le alɔme ɖem le wò amesiamina ƒe

afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti la dzi.

52Woakafu Yehowa tegbetegbee!

Amen, ɛ̃, Amen.

90

Agbalẽ enelia

Psalmowo 90–106

Psalmo 90

Mose, Mawu ƒe ame ƒe gbedodoɖa.

1Yehowa, wòe nye míaƒe sitsoƒe

le dzidzimewo katã me.

2Hafi towo nava dzɔ,

alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me,

tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu.

3Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be,

“O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”

4Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me

le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene,

alo abe ŋudzɔɣi le zã me ene.

5Èkplɔa amewo dzonae to ku me;

wole abe gbe mumu le ŋdi me ene.

6Togbɔ be emie le ŋdi yeyee hã la,

le fiẽ me la, eƒu, eye wòku.

7Wò dɔmedzoe la tsrɔ̃ mí

eye wò dɔmedzoe do ŋɔdzi na mí.

8Ètsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋkume

kple míaƒe nu vɔ̃ siwo míewɔ

le ɣaɣlaƒe la ɖo wò mo ƒe kekeli nu.

9Míaƒe ŋkekewo katã nu va yi le wò dziku ta,

eye míewu míaƒe ƒewo nu kple ŋeŋe.

10Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre,

alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema,

elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu;

wo nu va yi kaba, eye míedzo.

11Ame kae nya wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ?

Elabena wò dziku nu sẽ abe ale si woavɔ̃ wòe ene.

12Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la mí,

ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si.

13O! Yehowa, bɔbɔ wò asi! Va se ɖe ɣe ka ɣi?

Kpɔ nublanui na wò dɔlawo.

14Tsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ɖi ƒoe na

mí le ŋdi me, be míadzi ha kple dzidzɔ,

eye míatso aseye le míaƒe ŋkekewo katã me.

15Na míatso aseye, ɖe ŋkeke siwo katã nètu nu kpli mí

kple ƒe siwo katã me nèhe fukpekpe va mía dzi la ta.

16Na woaɖe wò dɔwɔwɔwo afia wò dɔlawo

kple wò atsyɔ̃ afia wo viwo.

17Aƒetɔ, míaƒe Mawu, na wò amenuveve nanɔ mía dzi,

eye nàli ke míaƒe asinudɔwo na mí, ɛ̃,

míaƒe asinudɔwo, nàna woali ke nyuie.

91

Psalmo 91

1Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la

agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.

2Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ,

nye Mawu si ŋu meku ɖo.”

3Vavã, aɖe wò le xevimɔtrela ƒe mɔ

kple dɔvɔ̃ dziŋɔ me.

4Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò,

àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋala te,

eye eƒe nuteƒewɔwɔ anye wò akpoxɔnu

kple mɔxenu aƒo xlã wò.

5Màvɔ̃ zãmeŋɔdzi alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me,

6dɔvɔ̃ si le tsatsam le viviti me,

alo dɔxɔleameŋu si le nu gblẽm le ŋdɔ la o.

7Akpe adze anyi ɖe axawò,

eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime,

ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.

8Ɖeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo,

eye àkpɔ ale si woahe to na ame vɔ̃ɖiwoe.

9Ne ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la, Yehowa,

ame si nye nye sitsoƒe wɔ nɔwòƒee la,

10ekema dzɔgbevɔ̃e maɖi kpe wò o,

eye gbegblẽ mate ɖe wò agbadɔ ŋu o,

11elabena ade se na eƒe dɔlawo tso ŋutiwò,

be woakpɔ tawò le wò mɔwo katã dzi.

12Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me,

be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.

13Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi, eye ànya avuzi

le dzata dziŋɔ kple da vɔ̃ɖi dzi.

14Yehowa be, “Maɖee, elabena elɔ̃m,

madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ.

15Ayɔm, eye matɔ nɛ;

manɔ anyi kplii le xaxa me,

maɖee, eye made bubu eŋuti.

16Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ,

eye maɖe nye xɔxɔ afiae.”

92

Psalmo 92

Ha si wokpa. Hadzidzi. Na Dzudzɔgbe ŋkeke la.

1Enyo be woakafu Yehowa,

eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,

2ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le ŋdi me

kple wò nuteƒewɔwɔ le fiẽ me,

3ɖe ka ewo gakasaŋku

kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.

4O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le wò nuwɔnawo ta.

Medzi ha tso aseye le wò asinudɔwo ta.

5O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo,

aleke wò susuwo me goglo ale?

6Numanyala menya esia o,

eye bometsilawo mese egɔme o,

7be togbɔ be ame vɔ̃ɖi tsi mlɔmlɔmlɔ abe gbe ene,

eye nu tovo wɔlawo ƒo se hã la,

woatsrɔ̃ wo gbidigbidi.

8Ke wò, o Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbetegbe.

9Vavã, wò futɔwo, o Yehowa,

atsrɔ̃ le nyateƒe me,

eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe.

10Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to tɔ ene,

eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye.

11Nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye ketɔwo dzii,

eye nye towo se ale si wonya avuzi

le nye futɔ vɔ̃ɖiwo dzii.

12Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene,

woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;

13ati siwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me,

woatsi nyuie le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnu.

14Aleke gbegbe wotsii hã la,

woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ xɛ o.

15Woaɖe gbeƒã be, “Yehowae nye dzɔdzɔetɔ;

eyae nye nye Agakpe, eye vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o.”

93

Psalmo 93

1Yehowa le fia ɖum, eta gãnyenye,

Yehowa ta gãnyenye, eye ŋusẽ le esi.

Eli ke xexea me, maʋã o.

2Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke,

eye nèli tso mavɔ me ke.

3Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa,

atsiaƒuwo le ɣli dom,

atsiaƒuwo dze agbo,

eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem.

4Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe,

ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃,

Yehowa le dziƒo tri akɔ.

5Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ;

O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃

na wò aƒe ɣeawo katã ɣi.

94

Psalmo 94

1O! Yehowa, Mawu si biaa hlɔ̃,

O! Mawu si biaa hlɔ̃, klẽ.

2Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la,

ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo.

3O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi

ame vɔ̃ɖi la atso aseye?

4Wole nya tovowo gblɔm,

eye dada yɔ ame vɔ̃ɖiwo katã me fũu.

5O! Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya,

wote wò domenyinu la ɖe to.

6Wowu ahosiwo kple amedzrowo,

eye wowu tsyɔ̃eviwo hã.

7Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o,

Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”

8Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me,

mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya?

9Ɖe eya ame si wɔ to la mase nu oa?

Ɖe eya ame si wɔ ŋku la makpɔ nu oa?

10Ɖe eya ame si hea to na dukɔwo la mahe to oa?

Ɖe eya ame si fiaa nu ame la, ahiã na nunya?

11Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu,

eye wònya be tofloko ko wònye.

12O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na,

ame si nèfia nui tso wò se la me,

13eye nèna gbɔdzɔe tso dzɔgbevɔ̃eŋkekewo me,

va se ɖe esime wòɖe ʋe na ame vɔ̃ɖiwo.

14Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o,

eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o.

15Woagaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi,

eye ame siwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la adze eyome.

16Ame ka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam?

Ame ka atsi tsitre ɖe nu tovo wɔlawo ŋu ɖe nunye?

17Ɖe menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la,

anye ne eteƒe madidi o la, manɔ ɖoɖoezizi me le tsiẽƒe.

18Esi medo ɣli be,

“Nye afɔ le ɖiɖim” la, wò lɔlɔ̃,

O! Yehowa, de megbe nam.

19Esi dzitsitsi yɔ menye la,

wò akɔfaname he dzidzɔ vɛ na nye luʋɔ.

20Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ

si hea hiãkame vɛ to

eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa?

21Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu,

eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ.

22Gake Yehowae nye nye mɔ sesẽ,

nye Mawu kple agakpe si nye nye sitsoƒe.

23Aɖo woƒe nu vɔ̃wo teƒe na wo,

eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta, ɛ̃,

Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo.

95

Psalmo 95

1Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu,

eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.

2Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada,

eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.

3Elabena Yehowae nye Mawu gã la,

eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.

4Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me,

eye towo ƒe tsutsueƒe ke hã nye etɔ.

5Atsiaƒu hã nye etɔ,

elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã.

6Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ,

eye mina míadze klo ɖe

Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.

7Elabena eyae nye míaƒe Mawu,

eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe,

kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te.

Egbe, ne miese eƒe gbe la,

8migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba

kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o.

9Afi mae mia fofowo,

togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ hã la,

wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le.

10Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ,

megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ,

eye womenya nye mɔwo o.”

11Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be,

“Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”

96

Psalmo 96

1Midzi ha yeye na Yehowa;

Mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa.

2Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ;

miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe.

3Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome

kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.

4Elabena Yehowa lolo,

eye wòdze kafukafu ŋutɔ;

ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.

5Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo,

ke Yehowae wɔ dziƒowo.

6Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ,

eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.

7O! Mi dukɔwo ƒe ƒomewo,

mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.

8Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ,

eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe.

9Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me,

eye anyigba katã nedzo nyanyanya le eŋkume.

10Migblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.”

Eɖo xexea me gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o;

eye adrɔ̃ ʋɔnu amewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

11Mina dziƒowo natso aseye, anyigba nekpɔ dzidzɔ,

atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe,

12eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye.

Ekema avemetiwo adzi ha atso aseye;

13woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna,

eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge.

Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me

kple dukɔwo le nyateƒe me.

97

Psalmo 97

1Yehowa le fia ɖum, anyigba nekpɔ dzidzɔ,

eye ƒutadu siwo le didiƒe ke la netso aseye.

2Lilikpowo kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒo xlãe,

eye dzɔdzɔenyenye kple afia nyui tsotso nye

eƒe fiazikpui ƒe gɔmeɖokpe.

3Dzo le bibim le eŋgɔ,

eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa.

4Eƒe dzikedzo si akaɖi ɖe xexea me,

eye anyigba kpɔe heʋuʋu heyeheye.

5Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃,

le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.

6Dziƒowo le gbeƒã ɖem eƒe dzɔdzɔenyenye,

eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.

7Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã,

ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee,

ke misubɔe, mi mawuwo katã!

8Zion see, dzi dzɔe, eye Yuda ƒe kɔƒewo hã tso aseye

le wò afia nyui tsotsowo ta, o Yehowa.

9O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi,

eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã.

10Mi ame siwo lɔ̃a Yehowa la, mitsri vɔ̃,

elabena edzɔa etɔ siwo wɔa nuteƒe la ƒe agbe ŋuti,

eye wòɖea woƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.

11Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa

ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.

12Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me,

eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

98

Psalmo 98

Hadzidzi.

1Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo;

eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ.

2Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu

le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo.

3Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃

kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la,

eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã

kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe.

4Mi anyigbawo katã,

mido dzidzɔɣli na Yehowa,

migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo.

5Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku,

mitsɔ kasaŋku, hadzidzi,

6kpẽkuku kple lãdzokuku

kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume.

7Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli,

anyigba kple edzinɔlawo katã hã.

8Mina tɔsisiwo naƒo asikpe,

eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta.

9Wonedzi ha le Yehowa ŋkume,

elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la.

Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me

kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

99

Psalmo 99

1Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya,

enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome,

anyigba neʋuʋu.

2Yehowa nye gã le Zion,

ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta.

3Wonekafu wò ŋkɔ gã,

dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.

4Fia la nye ŋusẽtɔ,

elɔ̃a afia nyui tsotso,

wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi,

eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.

5Mido Yehowa, míaƒe Mawu la

ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu,

elabena eya amea le kɔkɔe.

6Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome;

Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome;

woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo.

7Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me,

eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.

8O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo;

togbɔ be èhe to na wo

le woƒe nu tovowo ta hã la,

ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel.

9Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi,

eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi,

elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.

100

Psalmo 100

Hadzidzi Akpedaha.

1Mi anyigbawo katã,

mido dzidzɔɣli ɖe Yehowa ŋu.

2Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ,

eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume.

3Minyae be Yehowae nye Mawu.

Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ,

eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.

4Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada,

eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu;

mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.

5Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa;

nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi

tso dzidzime yi dzidzime.

101

Psalmo 101

David ƒe ha.

1O! Yehowa, madzi ha le wò lɔlɔ̃

kple afia nyui tsotso ŋuti,

eye madzi kafukafuha na wò.

2Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o,

eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ?

Mazɔ le aƒenye me

kple dzi si ŋuti mokaka mele o.

3Nyematsɔ nu si me vɔ̃ le la aɖo nye ŋkume o.

Metsri xɔsemanɔsitɔwo ƒe nuwɔnawo,

womalé ɖe ŋunye o.

4Ame siwo ƒe dzi to vo la, ate ɖa xaa tso gbɔnye,

kadodo aɖeke mele nye kple nu vɔ̃ɖi dome o.

5Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme,

eye ame si ŋku gã le esi

eye wòdana le dzi me la,

eya nyematɔ ɖe egbɔ o.

6Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu

le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim.

Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la,

anye nye nunɔla.

7Ame si nye ameblela la, manɔ aƒenye me o,

eye ame si daa alakpa la matsi tsitre ɖe ŋkunye me o.

8Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo

le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe.

Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa

le Yehowa ƒe du la me.

102

Psalmo 102

Hiãtɔ aɖe ƒe gbedodoɖa, esi nu te eŋu, eye wòfa konyi le Yehowa ŋkume.

1O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,

eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò.

2Mègaɣla wò ŋkume ɖem,

ne mele xaxa me o.

Trɔ wò to ɖe gbɔnye,

eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.

3Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene,

eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.

4Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene.

Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be.

5Le nye ŋeŋe sesĩe ta la,

meɖi ku zu ƒu ɖeɖe.

6Mele abe ʋlukuku si le gbegbe ene,

alo abe ʋlukuku si le gli gbagbãwo tome ene.

7Mele ŋu le aba dzi,

eye mele abe xevi si tsi akogo le xɔ tame ene.

8Nye futɔwo le alɔme ɖem

le ŋunye ŋkeke blibo la,

eye ame siwo tso ɖe ŋunye

la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui.

9Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene,

eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,

10le wò dziku helĩhelĩ la ta

elabena èdom ɖe dzi,

eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge.

11Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene,

eye meyrɔ abe gbe ene.

12O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe,

eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime.

13Ke wò la àtso,

akpɔ nublanui na Zion,

elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃,

ɣeyiɣi ɖoɖi la de.

14Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ,

eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãa

nublanuikpɔkpɔ le wo me.

15Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,

eye anyigbadzifiawo katã ade bubu wò ŋutikɔkɔe ŋu.

16Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso,

eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me.

17Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu,

eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o.

18Miŋlɔ esia ɖi hena dzidzime siwo ava dzɔ,

ale be ame siwo womedzi haɖe o

la nakafu Yehowa be:

19“Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la,

eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo,

20be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe,

eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.”

21Ale woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion

kple eƒe kafukafu le Yerusalem,

22ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo

ƒo ƒu be woasubɔ Yehowa.

23Eŋe nye ŋusẽ le nye agbemɔ dzi,

eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ,

24eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu,

mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o,

wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime.

25Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi,

eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ.

26Woatsrɔ̃, ke wò ya ànɔ anyi ɖaa;

woanyunyɔ abe avɔ ene,

eye àɖɔli wo abe avɔ ene

ahatsɔ wo aƒu gbe.

27Ke wò la, ègale ale si nènɔ,

eye wò ƒewo mawu enu akpɔ o.

28Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me,

eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”

103

Psalmo 103

David ƒe ha.

1O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa;

nu siwo katã le menye la,

mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

2O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa,

eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã

wòwɔ na wò la be o.

3Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò,

eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.

4Ame si ɖea wò agbe tso ʋe me,

eye wòtsɔa lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.

5Ame si tsɔa nu nyuiwo ɖia ƒo na wò didiwo,

ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.

6Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ,

eye wòtsoa afia na ame siwo katã wote ɖe anyi.

7Ena Mose nya eƒe mɔwo,

eye wòna Israelviwo nya eƒe nuwɔwɔwo.

8Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu,

medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.

9Metsɔa nya ɖe ame ŋu ɣe sia ɣi,

alo léa dɔmedzoe ɖi ɖikaa o.

10Mewɔna na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu,

alo ɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.

11Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la,

nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ.

12Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la,

nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.

13Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la,

nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ,

14elabena enya ale si wowɔ mí,

eye eɖo ŋku edzi be ʋuʋudedi ko míenye.

15Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene,

edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene;

16ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o,

womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o.

17Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li

kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi

kple wo viwo ƒe viwo

18kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,

eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.

19Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo,

eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.

20Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa,

mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu,

eye miewɔa eƒe nya dzi.

21Mikafu Yehowa,

mi eƒe dziƒoʋakɔwo katã,

mi eƒe dɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.

22Mikafu Yehowa,

mi eƒe dɔwɔwɔwo katã,

le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te.

O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa.

104

Psalmo 104

1O! Luʋɔnye, kafu Yehowa.

O! Yehowa, nye Mawu, èlolo loo;

èɖo atsyɔ̃, eye nèta gãnyenye.

2Etsyɔ kekeli abe avɔ ene,

ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene,

3eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo

ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi.

Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam,

eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.

4Yae nye eƒe dɔtsɔlawo,

eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo.

5Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi,

eya ta maʋã akpɔ gbeɖe o.

6Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene,

eye tsiawo tɔ ɖe toawo tame.

7Ke esi nèblu la, tsiawo si,

eye esi nèɖe gbe la, wolé du tsɔ.

8Wosi to towo tame,

heva to balimewo, va ɖo teƒe si nètia na wo la.

9Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo,

eye womagakaka axɔ anyigba dzi akpɔ gbeɖe o.

10Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me,

eye wosi to towo dome.

11Wonaa tsi gbemelãwo,

eye wotsia gbetedziwo ƒe tsikɔwuame nu.

12Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to,

eye wodzia ha le atilɔwo dzi.

13Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me;

eƒe dɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba.

14Ena gbe mie na nyihawo,

eye wòƒãa nuku na amegbetɔ be wòaxa,

ale wòna nuɖuɖu do tso anyigba la me na wo;

15wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi,

ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm

kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te.

16Wode tsi Yehowa ƒe atiawo nyuie,

Lebanon ƒe sedati siwo wòdo.

17Afi mae xeviwo wɔ woƒe atɔwo ɖo,

eye aŋɔɣi wɔ eƒe nɔƒe ɖe gbotiwo me.

18To kɔkɔwo nye gbemegbɔ̃wo tɔ,

eye agakpewo tome zu bebeƒe na hlɔ̃madɛwo.

19Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome,

eye ɣe nya ɣeyiɣi si wòaɖo to.

20Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã

le ave me la doa go.

21Dzatawo ɖea gbe na nuléle,

eye wodia woƒe nuɖuɖu tso Mawu gbɔ.

22Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me.

23Tete ame do go yi dɔ me,

yi ɖe eƒe dɔ gbɔ va se ɖe fiẽ.

24O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo!

Èwɔ wo katã le nunya deto me,

anyigba dzi yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.

25Atsiaƒue nye ekem, elolo hekeke,

lã siwo mele xexlẽme o la yɔe,

nenema kee nye nu gbagbe bubuwo hã,

suewo kple gãwo siaa.

26Meliwo zɔa edzi yina,

gagbɔna, eye afii mae boso si nèwɔ la hã le.

27Esiawo katã le asiwò nu kpɔm be

nàna nuɖuɖu yewo le wo naɣi.

28Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu;

eye ne èʋu wò asi la, ètsɔa nu nyui ɖia ƒo na wo.

29Ke ne èɣla wò mo la,

ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la,

wokuna, trɔna zua kewɔ.

30Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la,

wodzɔna, eye nèwɔa anyigba ƒe ŋkume yeyee.

31Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nenɔ anyi tegbee.

Yehowa nekpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu,

32eya ame si do mo ɖe anyigba dzi, eye anyigba dzo nyanyanya;

eya ame si ka asi towo ŋu, eye wotu dzudzɔ.

33Madzi ha na Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me,

eye zi ale si mele agbe la,

madzi kafukafuha na nye Mawu la.

34Nye ŋugbledede nedze eŋu,

esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me.

35Ke nu vɔ̃ wɔlawo netsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi,

eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o.

O! Luʋɔnye, kafu Yehowa.

Mikafu Yehowa.

105

Psalmo 105

1Mida akpe na Yehowa,

miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu

siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.

2Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,

miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo.

3Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,

mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye.

4Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,

midi eƒe ŋkume ɖaa.

5Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,

eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.

6O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo.

O! Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.

7Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu la,

eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi la me.

8Eɖoa ŋku eƒe nubabla

kple se siwo wòde

na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,

9eyae nye nu si wòbla kple Abraham

kple atam si wòka na Isak.

10Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene,

eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be,

11“Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,

abe wò domenyinu ene.”

12Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,

womesɔ gbɔ o,

eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,

13wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me,

tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me.

14Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o,

le wo ta, wòka mo na fiawo be,

15“Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o,

eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”

16Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi,

eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã,

17ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef,

ame si wodzra abe kluvi ene la ɖe wo ŋgɔ.

18Wode kunyowu afɔ nɛ,

wode abi eŋu, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ,

19va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme,

eye va se ɖe esime Yehowa ƒe nya

naɖo kpe edzi, be nya si wògblɔ la nye nyateƒe.

20Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game,

eye dukɔ la dziɖula na ablɔɖee.

21Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu,

eye wònye eƒe nunɔamesiwo katã dzikpɔla,

22be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu,

eye wòafia nunya eƒe dumegãwo.

23Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi,

eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene.

24Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi,

eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo,

25ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la,

eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu.

26Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa.

27Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome

kple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi.

28Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ

elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?

29Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu,

eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku.

30Ena woƒe anyigba la dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo,

esiwo ge ɖe woƒe dumegãwo ƒe xɔgãwo me ke.

31Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ

woƒe dukɔ la katã me.

32Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi,

eye dzikedzo kpe ɖe eŋuti

le woƒe anyigba blibo la dzi.

33Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi,

eye wòmu ati siwo le woƒe dukɔ me la ƒu anyi.

34Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi,

nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã;

35woɖu numiemie mumu ɖe sia ɖe le woƒe anyigba la dzi,

eye woɖu nuku ɖe sia ɖe si le bo dzi hã.

36Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã

le woƒe anyigba dzi la ƒu anyi,

esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo.

37Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika,

eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o.

38Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo,

elabena Israel ƒe ŋɔdzi lé wo.

39Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene,

eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me.

40Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu,

eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.

41Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa,

eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene.

42Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo na

eƒe dɔla Abraham la dzi.

43Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso,

eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli.

44Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo,

eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la

va zu domenyinu na wo.

45Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,

eye woawɔ eƒe sewo dzi.

Mikafu Yehowa.

106

Psalmo 106

1Mikafu Yehowa.

Mida akpe na Yehowa,

elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

2Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsu

siwo wòwɔ alo akafui wòade go?

3Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi,

ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi.

4O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem,

va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem,

5be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me,

be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la,

eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò.

6Míewɔ nu vɔ̃ abe mía fofowo ke ene;

míewɔ nu tovo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.

7Esi mía fofowo nɔ Egipte la,

womebu wò nukunuwo ŋu o;

womeɖo ŋku wò dɔmenyo gbogboawo dzi o,

ke boŋ wodze aglã le ƒu la to,

le Ƒu Dzĩ la to,

8gake eɖe wo le eƒe ŋkɔ la ta,

be wòana woanya eƒe ŋusẽ triakɔ la.

9Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie;

ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene.

10Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me,

eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le.

11Tsi la ŋe tsyɔ wo yometilawo dzi,

eye ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o.

12Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se,

eye wodzi ha kafui.

13Kasia woŋlɔ nu si wòwɔ la be xoxo,

eye womelala xɔ aɖaŋu tso egbɔ o.

14Le gbea dzi la, wodzro nu vevie,

eye le gbegbe la, wote Mawu kpɔ.

15Ale wòtsɔ nu si biam wole la na wo,

gake eɖo dɔvɔ̃ ɖe wo dome.

16Woʋã ŋu Mose kple Aron le asaɖa la me,

ame si ŋuti wokɔ na Yehowa.

17Anyigba ke nu mi Datan,

eye wòɖi Abiram kple eyomedzelawo agbagbe.

18Dzo va fia wo yomedzelawo,

eye dzo ƒe aɖewo fia ame vɔ̃ɖiawo.

19Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ,

eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga.

20Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe.

21Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be,

Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte

22kple dzesiwo le Hamnyigba dzi

kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to.

23Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge.

Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la

metsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ na

eƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo.

24Wodo vlo anyigba dzeani la,

eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o.

25Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me,

eye womeɖo to Yehowa o.

26Eya ta wòdo eƒe asiwo ɖe dzi ka atam na wo

be yele nana ge wo katã natsrɔ̃ ɖe gbea dzi,

27woƒe dzidzimeviwo atsi dukɔwo dome,

eye yeakaka wo ɖe anyigbawo dzi.

28Wotsɔ Baal Peor ƒe kɔkuti ku kɔ na wo ɖokuiwo,

eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ̃e na mawu siwo me agbe mele o.

29Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖiawo do dɔmedzoe na Yehowa,

eye dɔvɔ̃ gbã gboo ɖe wo dome.

30Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me,

tete dɔvɔ̃ la nu tso.

31Wobu esia dzɔdzɔenyenye nɛ

hena dzidzime mavɔ siwo ava dzɔ.

32Le Meriba tsiawo gbɔ,

wodo dɔmedzoe na Yehowa,

eye Mose kpɔ nya le woawo ta.

33Elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ ŋuti,

eye nya vlowo ge le Mose nu.

34Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o,

35ke boŋ wotsaka kple dukɔwo,

eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo.

36Wosubɔ woƒe legbawo,

esi zu mɔ me woge ɖo.

37Wotsɔ woƒe ŋutsuviwo

kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo.

38Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi,

wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu,

ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo,

eye wotsɔ woƒe ʋu gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.

39Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me,

eye to woƒe nuwɔnawo me,

wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe,

40eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti,

eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu.

41Etsɔ wo de asi na dukɔwo,

eye woƒe futɔwo ɖu fia ɖe wo dzi.

42Woƒe futɔwo te wo ɖe to,

eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te.

43Eɖe wo zi geɖe,

gake woɖoe kplikpaa be yewoadze aglã,

eye wovɔ le eme keŋkeŋ

le woƒe nu vɔ̃ me.

44Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa,

esi wòse woƒe ɣlidodo;

45le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi,

eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta.

46Ena ame siwo katã ɖe aboyo wo

la kpɔ nublanui na wo.

47O! Yehowa, míaƒe Mawu,

ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome,

be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la,

eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu.

48Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la,

tso mavɔ me yi mavɔ me.

Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!”

Mikafu Yehowa.

107

Agbalẽ atɔ̃lia

Psalmowo 107–150

Psalmo 107

1Mida akpe na Yehowa,

elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

2Ame siwo Yehowa ɖe la negblɔ esia;

ame siwo wòɖe tso futɔ la ƒe asi me,

3ame siwo nu wòƒo ƒui tso anyigbawo dzi,

tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe.

4Ame aɖewo tsa tsaglãla le gbedzi kple gbedadaƒo,

eye womekpɔ mɔ si woato ayi du aɖe si me woanɔ la o.

5Dɔ kple tsikɔ wu wo,

eye nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me.

6Tete wodo ɣli yɔ Yehowa le woƒe xaxa la me,

eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.

7Ekplɔ wo tẽe yi

ɖe du aɖe si me woanɔ.

8Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o

la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.

9Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na

ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.

10Ame aɖewo nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me,

gamenɔla siwo le fu kpem le gakɔsɔkɔsɔwo me,

11elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe nyawo ŋuti,

eye wodo vlo Dziƒoʋĩtɔ la ƒe aɖaŋudede.

12Eya ta wòtsɔ wo de asi na dɔ sesẽ wɔwɔ,

womu sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, eye ame aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o.

13Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me,

eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.

14Eɖe wo le viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖitsiɖi la me,

eye wòtso woƒe gakɔsɔkɔsɔwo.

15Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o

la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,

16elabena eŋe akɔbligbowo,

eye wòlã gayibɔ ƒe gametiwo me.

17Wo dometɔ aɖewo zu bometsilawo to

woƒe aglãdzenuwo wɔwɔ me,

eye wokpe fu le woƒe dzidadawo ta.

18Wonyɔ ŋu nuɖuɖu ɖe sia ɖe,

eye woɖo ku ƒe agbowo nu.

19Wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me,

eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.

20Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo,

heɖe wo tso tsiẽƒe.

21Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o

la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.

22Wonesa akpedavɔ nɛ,

eye woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo afia to aseyetsohawo me.

23Ame aɖewo le meli me zɔ atsiaƒu dzi,

wonye asitsalawo le tɔ gãwo dzi.

24Wokpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo,

wokpɔ eƒe nukudɔwo le atsiaƒu gɔme,

25elabena eƒo nu, elɔ ahom kɔ ɖe ƒu la dzi,

eye eƒe tsotsoewo dze agbo.

26Woyi dziƒo boo, eye wogadze eme

le gogloƒe ke, ale le woƒe agbe ƒe xaxa me,

woƒe dzideƒo lolo gbana.

27Wole mumum sɔgɔsɔgɔsɔgɔ,

le nu klim abe ame siwo mu aha ene,

eye womegale naneke gɔme sem o.

28Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me,

eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.

29Etsi ahom la nu wòzi ɖoɖoe abe dalĩ dom wole ene,

eye ƒutsotsoeawo hã ɖo to kpoo.

30Wokpɔ dzidzɔ esi wòdze kɔ anyi,

eye wòkplɔ wo va se ɖe

esime wova ɖo afi si wodi be yewoanɔ.

31Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta

kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.

32Wonedoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ƒuƒoƒo me,

eye woakafui le dumegãwo ƒe takpekpe me.

33Etrɔ tɔsisiwo wozu gbegbe

kple tsidzɔƒewo wozu kuɖiɖinyigba,

34eye agbledeƒe zu dzeƒi le ame siwo

le teƒe ma ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.

35Etrɔ gbegbe wòzu tɔʋu,

eye kuɖiɖinyigba zu tsidzɔƒe;

36afi mae wòkplɔ dɔwuitɔwo be woava nɔ,

eye wotso du si me woanɔ.

37Woƒã nukuwo ɖe agble me,

wode waingblewo, eye wotse ku geɖe hena xaxa.

38Eyra wo, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ.

Nenema ke mena woƒe lãhawo dzi ɖe kpɔtɔ o.

39Tete wozu ʋɛ, wobɔbɔ wo ɖe anyi le teteɖeanyi,

dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa me;

40eye eya ame si trɔa vlododo kɔna ɖe ame ŋkutawo dzi la,

wɔe be wole tsaglãla tsam le gbegbe afi si mɔtoƒe aɖeke mele o.

41Ke ekɔ hiãtɔwo ɖe dzi tso woƒe hiã me,

eye wòna woƒe ƒome dzi ɖe edzi abe lãhawo ene.

42Ame dzɔdzɔe kpɔe,

eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu.

43Ame si nye nunyala la,

neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti.

108

Psalmo 108

Hadzidzi. David ƒe ha.

1O! Mawu, nye dzi le te goŋgoŋgoŋ.

Madzi ha, aƒo saŋku kple nye luʋɔ blibo.

2Saŋku kple kasaŋku,

minyɔ! Manyɔ fɔŋli.

3O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome,

eye madzi ha le ŋuwò le anyigbadzitɔwo dome,

4elabena wò lɔlɔ̃ de blibo,

hekɔ wu dziƒowo, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ lilikpowo.

5O! Mawu, woado wò ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu,

eye na wò ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la dzi.

6Ɖe mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu kple wò nuɖusibɔ,

be ame siwo nèlɔ̃ vevie la nakpɔ ɖeɖe.

7Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be,

“Mama Sekem le dziɖuɖu me,

eye madzidze Sukɔt Balime.

8Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee;

nye gakukue nye Efraim,

eye Yuda nye nye fiatikplɔ.

9Moab nye nye tsiletɔkpo,

matsɔ nye atokota aƒu gbe ɖe Edom dzi,

eye mado dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ŋu.”

10Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee?

Ame ka akplɔm ayi Edom?

11O! Mawu, ɖe menye wòe oa?

Nu ka wɔ nègbe mí,

eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o?

12Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti,

elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi hã me o.

13Ne Mawu le mía dzi la, míaɖu dzi,

eye wòafanya míaƒe futɔwo ɖe eƒe afɔ te.

109

Psalmo 109

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Mawu, wò ame si mekafu,

mègazi ɖoɖoe o,

2elabena ame vɔ̃ɖiwo kple alakpatɔwo,

ke woƒe nuwo ɖe ŋutinye,

eye wogblɔ nya ɖe ŋunye kple alakpaɖewo.

3Wotsɔ fulényawo ƒo xlãm;

wotso ɖe ŋunye nanekemawɔmawɔe.

4Wotsɔ fɔbubu nam ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe,

ke nye la, ame si doa gbe ɖa vevie lae menye.

5Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam,

eye wotsɔ fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe.

6Tia ame vɔ̃ɖi aɖe wòatso ɖe eŋu;

eye na amenutsola natsi tsitre ɖe eƒe nuɖusime.

7Ne wodrɔ̃ ʋɔnui la,

woneɖe agɔdzedze nɛ,

eye eƒe gbedodoɖawo nebu fɔe.

8Eƒe ŋkekewo nenɔ ʋɛ

eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.

9Viawo nezu tsyɔ̃eviwo,

eye srɔ̃a nezu ahosi.

10Viawo nenɔ tsaglãla tsam, anɔ nu biam;

wonenya wo do goe le woƒe aƒe gbagbãwo me.

11Fetɔ aɖe nexɔ eƒe nunɔmesiwo katã,

eye amedzrowo neha nu siwo wòwɔ dɔ kpɔ.

12Ame aɖeke megave enu loo,

alo akpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o.

13Eƒe dzidzimeviwo netsrɔ̃,

eye woaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le dzidzime si gbɔna la me.

14Woneɖo ŋku fofoawo ƒe vodadawo dzi

le Yehowa ŋkume, eye womegatutu dadaa

ƒe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.

15Woƒe nu vɔ̃wo nenɔ Yehowa ŋkume ɖaa,

ale be wòaɖe woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi,

16elabena mebu dɔmenyowɔwɔ ŋuti kpɔ o,

ke boŋ eƒo hiãtɔ,

ame dahe kple ame si ƒe dzi gbã la ƒu anyi woku.

17Elɔ̃a ɖiŋudodo, eya ta ɖiŋudodo neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi;

amewo yayra medoa dzidzɔ nɛ o,

eya ta yayra nete ɖa xaa tso eya ŋutɔ gbɔ.

18Etsɔ ɖiŋudodo do abe awu ene,

wòge ɖe eƒe lãme abe tsi ene,

eye wòɖo eƒe ƒuwo me abe ami ene,

19eya ta netae abe avɔ ene,

eye nebla ali dzi nɛ abe alidziblaka ene tegbetegbe.

20Esia nenye fe si Yehowa axe na nunyetsolawo

kple ame siwo gblɔa nya vɔ̃ ɖe ŋutinye.

21Ke wò la, o Aƒetɔ Yehowa,

wɔ nyui nam le wò ŋkɔ la ta,

ɖem le wò lɔlɔ̃ si wɔa nyui la ta,

22elabena hiãtɔ kple ame dahe menye,

eye nye dzi xɔ abi le menye.

23Nunye yi abe vɔvɔli le fiẽ me ene

eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene.

24Le nutsitsidɔ ta la,

nye klowo zu belie,

eye meɖi ku glaglaglã.

25Mezu alɔmeɖenu na nunyetsolawo,

eye woʋuʋua ta ne wokpɔm.

26O! Yehowa, nye Mawu,

kpe ɖe ŋunye, ɖem le wò lɔlɔ̃ la ta.

27O! Yehowa, wonenya be to wò asi dzie nèwɔ esia.

28Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame,

ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo,

ke wò dɔla ya atso aseye.

29Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene,

eye wòata ŋukpe abe avɔ ene.

30Matsɔ nye nu ado Yehowa ɖe dzi,

eye le ameha gã la dome, makafui,

31elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime,

be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me.

110

Psalmo 110

David ƒe ha.

1Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be,

“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime,

va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo

awɔ wò afɔɖodzinui.”

2Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion,

eye àɖu fia le wò futɔwo dome.

3Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe.

Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe,

si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me,

axɔ wò ɖekakpuimezãmu.

4Yehowa ka atam,

eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be

“Wòe nye nunɔla tegbee,

le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.”

5Aƒetɔ la le wò nuɖusime,

agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi.

6Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo,

nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi.

7Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me,

eya ta afɔ eƒe ta dzi.

111

Psalmo 111

1Mikafu Yehowa.

Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo

le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome.

2Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem;

ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti.

3Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo,

eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee.

4Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi;

Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla.

5Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ,

eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe.

6Eɖe eƒe dɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la

eye wòtsɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigba na wo.

7Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ;

nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii,

8elabena wole te tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,

eye wòde sewo le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me.

9Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ,

eɖo eƒe nubabla anyi tegbee,

eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu.

10Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,

eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi

la, gɔmesese nyui sua wo si.

Eya tɔe nye kafukafu tegbee.

112

Psalmo 112

1Mikafu Yehowa.

Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa,

eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.

2Viawo anye ŋusẽtɔwo le anyigba la dzi,

eye woayra dzi dzɔdzɔetɔwo ƒe dzidzime.

3Kesinɔnu kple nu nyuiwo le eƒe aƒe me,

eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖikaa.

4Le viviti me gɔ̃ hã la,

kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo,

nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu,

kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.

5Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa,

eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi.

6Vavã, maʋã akpɔ o;

woaɖo ŋku ame dzɔdzɔe dzi tegbee.

7Mavɔ̃ na nya vɔ̃ sese o,

eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi.

8Mavɔ̃ naneke o, elabena dzi le eƒo;

eye mlɔeba la, akpɔ eƒe futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.

9Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu,

eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee,

eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me.

10Ame vɔ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui,

aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ.

Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko.

113

Psalmo 113

1Mikafu Yehowa.

O! Mi Yehowa ƒe dɔlawo,

mikafui, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ.

2Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ

tso fifia yi ɖe mavɔ me ke.

3Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ

tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo.

4Yehowa nye gã ɖe dukɔwo katã dzi,

eye eƒe ŋutikɔkɔe gbɔ dziƒowo ta.

5Ame kae le abe Yehowa,

míaƒe Mawu la ene, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le dziƒo,

6eye wòbɔbɔ be yeakpɔ dziƒowo kple anyigba ɖa?

7Efɔ ame dahe ɖe tsitre tso ke me,

eye wòfɔ hiãtɔ ɖe dzi tso dzowɔ me;

8hetsɔ wo ɖo dumegãwo xa,

ɛ̃, woƒe dumegãwo xa.

9Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me,

hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene.

Mikafu Yehowa.

114

Psalmo 114

1Esi Israel do go tso Egipte,

esi Yakob ƒe aƒe la do go

tso gbe bubu gblɔlawo dome la,

2Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe,

eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe.

3Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo,

Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe.

4Towo ti kpo abe agbowo ene,

eye togbɛwo abe alẽviwo ene.

5O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo,

O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo?

6Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene,

eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo?

7O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume,

le Yakob ƒe Mawu la ŋkume,

8eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu

kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe.

115

Psalmo 115

1Menye míawoe o, o Yehowa, menye míawoe o,

ke boŋ ŋutikɔkɔe la nye wò ŋkɔ tɔ,

le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta.

2Nu ka ta dukɔwo le gbɔgblɔm be,

“Afi ka woƒe Mawu la le?”

3Míaƒe Mawu la le dziƒo,

eye nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna,

4gake woawo ya ƒe legbawo nye klosalo kple sika,

eye amegbetɔ ƒe asiwoe wɔ wo,

5eya ta nu li na wo,

gake womate ŋu aƒo nu o, ŋku li na wo,

gake womate ŋu akpɔ nu o;

6to li na wo,

gake womesea nu o, ŋɔti li na wo,

gake womeʋẽa nu sena o;

7asi li na wo,

gake wometea nu kpɔna o, afɔ li na wo,

gake womate ŋu azɔ loo, alo aƒo nu to ve me o.

8Ame siwo wɔ wo la, anɔ abe woawo ke ene,

eye nenema kee nye ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe wo dzi.

9O! Israel ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.

10O! Aron ƒe aƒe,

ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.

11Mi ame siwo vɔ̃nɛ, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.

12Yehowa ɖo ŋku mía dzi,

eya ta ayra mí.

Ayra Israel ƒe aƒe la,

ayra Aron ƒe aƒe la,

13ayra ame siwo vɔ̃a Yehowa,

suewo kple gãwo siaa.

14Yehowa nana miadzi ɖe edzi,

miawo ŋutɔwo kple mia viwo.

15Yehowa neyra mi,

eya dziƒo kple anyigba Wɔla.

16Dziƒo kɔkɔtɔ nye Yehowa,

Wɔla la tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔ.

17Menye ame kukuwoe kafua Yehowa o,

menye ame siwo zi ɖoɖoe le aʋlimee o;

18ke boŋ mí ame siwo doa Yehowa

ɖe dzi fifia kple ɖaasi lae.

Mikafu Yehowa.

116

Psalmo 116

1Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe;

ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam.

2Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la,

mayɔe zi ale si mele agbe.

3Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye.

Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye.

4Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be,

“O! Yehowa, ɖem!”

5Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ;

míaƒe Mawu la yɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ.

6Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta;

esi menɔ hiahiã gã aɖe me la, eɖem le eme.

7O! Luʋɔnye, gagbɔ ɖe eme,

elabena Yehowa nyo dɔ me na wò.

8O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me,

nye ŋkuwo tso aɖatsi si me,

nye afɔwo tso anyidzedze me;

9be mate ŋu azɔ le Yehowa ŋkume

le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

10Mexɔe se, eya ta megblɔ be,

“Wokaa hiãm ŋutɔ.”

11Eye le nye moya me, megblɔ be,

“Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.”

12Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo

siwo katã Yehowa wɔ nam la teƒe nɛ?

13Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi,

eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

14Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa

le eƒe dukɔ blibo la ŋkume.

15Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi

le Yehowa ŋkume.

16O! Yehowa, menye wò dɔla vavã,

wò dɔlae menye,

wò subɔla ƒe viŋutsue menye,

eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.

17Masa akpedavɔ na wò,

eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

18Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa,

le eƒe dukɔ blibo la ŋkume,

19le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo,

le mia dome, o Yerusalem.

Mikafu Yehowa.

117

Psalmo 117

1Mi dukɔwo katã, mikafu Yehowa;

midoe ɖe dzi, mi ame siwo katã le anyigba dzi.

2Elabena eƒe lɔlɔ̃ na mí sɔ gbɔ ŋutɔ,

eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee.

Mikafu Yehowa.

118

Psalmo 118

1Mida akpe ne Yehowa,

elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

2Israel negblɔ be;

“Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”

3Aron ƒe aƒe la negblɔ be;

“Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”

4Ame siwo vɔ̃a Yehowa la negblɔ be,

“Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”

5Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa,

etɔ nam, eye wòɖe gam.

6Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o.

Nu ka amegbetɔ awɔm?

7Yehowa li kplim, eyae nye nye xɔnametɔ.

Makpɔ nye futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.

8Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee

wu, be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu.

9Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be

woaɖo ŋu ɖe dumegãwo ŋu.

10Dukɔwo katã ɖe to ɖem,

gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me,

metsrɔ̃ wo katã.

11Woɖe to ɖem,

gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me,

metsrɔ̃ wo katã.

12Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene,

gake wo nu va yi kaba abe ŋuvedzo ene;

ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkɔ mee metsrɔ̃ wo le.

13Wotu asim do ɖe megbe,

eye medze anyi kloe,

gake Yehowa xɔ nam.

14Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye ha,

eye wòzu nye xɔname.

15Aseyetsotso kple dziɖuɣli le ɖiɖim

le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ me be,

“Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!

16Yehowa ƒe nuɖusi le dzi bobobo!

Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!”

17Nyemaku o,

ke boŋ manɔ agbe,

eye maɖe gbeƒã nu siwo Yehowa wɔ.

18Yehowa he to nam vevie,

gake metsɔm de asi na ku o.

19Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam,

mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa.

20Esiae nye Yehowa ƒe agbo,

afi si dzɔdzɔetɔwo ato age ɖe eme.

21Mada akpe na wò,

elabena èɖo tom, eye nèzu nye xɔname.

22Kpe si xɔtulawo gbe la,

eyae va zu dzogoedzikpe.

23Yehowae wɔ esia,

eye wònye nukunu le míaƒe ŋkume.

24Esia nye ŋkeke si Yehowa wɔ,

mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye le eme.

25O! Yehowa, ɖe mí, o Yehowa,

na wòadze edzi na mí dzro.

26Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me.

Míeyra wò tso Yehowa ƒe aƒe me.

27Yehowae nye Mawu,

eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi.

Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne

miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe

hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.

28Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò;

wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.

29Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo,

eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbetegbe.

119

Psalmo 119

א Aleph

1Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o,

ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu.

2Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,

eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo.

3Womewɔa vɔ̃ aɖeke o;

ke boŋ wozɔna le eƒe mɔwo dzi.

4Èwɔ se siwo dzi wòle be

woawɔ ɖo blibo la da ɖi.

5O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩe

le wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ.

6Ekema ŋu makpem ne mebu wò sewo katã ŋu o.

7Makafu wò le dzi dzɔdzɔe me,

ne mele wò se dzɔdzɔeawo srɔ̃m.

8Mawɔ ɖe wò sededewo dzi,

eya ta mègagblẽm ɖi keŋkeŋ o.

ב Beth

9Aleke ɖekakpui awɔ,

be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi?

To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee.

10Madi wò kple nye dzi blibo,

eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o.

11Meɣla wò nya ɖe nye dzi me,

be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.

12O! Yehowa, woakafu wò ɖaa;

fia wò sededewom.

13Matsɔ nye nu axlẽ se siwo katã

do tso wò nu me la afia.

14Melé wò ɖoɖowo me ɖe asi dzidzɔtɔe,

abe ale si ame kpɔa dzidzɔ ɖe

kesinɔnu gbogbowo ŋu ene.

15Mede ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu,

eye melé ŋku ɖe wò mɔwo ŋu.

16Wò sededewo doa dzidzɔ nam,

nyemaŋlɔ wò nya la be o.

ג Gimel

17Wɔ nyui na wò dɔla, be manɔ agbe.

Mawɔ wò nya la dzi.

18Ʋu nye ŋkuwo be makpɔ

nukunuwo le wò se la me.

19Amedzroe menye le anyigba dzi,

eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o.

20Nu te nye luʋɔ ŋu,

le wò sewo yometiti ɣe sia ɣi ta.

21Èka mo na dadalawo,

ame siwo woƒo fi de,

eye wotra tso wò sewo gbɔ.

22Ɖe ŋukpe kple vlododo ɖa le ŋunye,

elabena melé wò sewo me ɖe asi.

23Togbɔ be dziɖulawo nɔ anyi ɖe teƒe ɖeka,

eye wole ŋunye gblẽm hã la,

wò dɔla ade ŋugble le wò sededewo ŋu.

24Wò ɖoɖowo dzɔa dzi nam;

wonye nye aɖaŋuɖolawo.

ד Daleth

25Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me,

kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu.

26Mexlẽ nye mɔwo fia, eye nèɖo tom.

Fia wò sededewom.

27Na mase wò sewo ƒe nufiafia gɔme;

ekema made ŋugble le wò nukunuwo ŋu.

28Nuxaxa na nye luʋɔ gbɔdzɔ;

do ŋusẽm le wò nya la nu.

29Ɖem le alakpamɔwo dzi,

eye nàve nunye to wò se la dzi.

30Metia nyateƒe ƒe mɔ,

eye nye dzi ku ɖe wò sewo ŋu.

31Meku ɖe wò sewo ŋu vevie,

o Yehowa, eya ta mègana ŋu nakpem o.

32Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi,

elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me.

ה He

33O, Yehowa, fia ale si madze wò sededewo yomee lam,

ekema malé wo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu.

34Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi,

eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo.

35Dam ɖe wò sededewo ƒe mɔ dzi,

elabena afi ma mekpɔa dzidzɔ le.

36Trɔ nye dzi ɖe wò sewo ŋu,

ke menye ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ŋu o.

37Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu,

eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu.

38Wɔ wò ŋugbedodo la dzi na wò dɔla,

ale be woavɔ̃ wò.

39Ɖe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa,

elabena wò sewo nyo.

40Mele wò sewo dim vevie ŋutɔ!

Le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖe nye agbe.

ו Waw

41O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ si meʋãna o

la neva gbɔnye;

nenema kee nye wò xɔname hã

le wò ŋugbedodo la nu,

42ekema maɖo eŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye,

elabena meka ɖe wò nya dzi.

43Mègaɖe nyateƒe ƒe nya la le nye nu me o,

elabena meda nye mɔkpɔkpɔ ɖe wò sewo dzi.

44Mawɔ ɖe wò se la dzi ɣe sia ɣi,

tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

45Mazɔ le ablɔɖe me,

elabena medi wò ɖoɖowo yomemɔ.

46Maƒo nu tso wò sewo ŋu

le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o.

47Wò sededewo doa dzidzɔ nam,

elabena melɔ̃a wo.

48Medo nye asiwo ɖe dzi na wò sedede siwo melɔ̃ la,

eye mede ŋugble le wò sededewo ŋu.

ז Zayin

49Ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla la dzi,

elabena ètsɔ mɔkpɔkpɔ de menye.

50Esiae nye nye akɔfafa le nye fukpekpe me,

be wò ŋugbedodo ɖe nye agbe.

51Dadalawo ɖua fewu le ŋunye faa,

gake nyemetrɔ le wò se la yome o.

52O! Yehowa, meɖo ŋku wò blemasewo dzi,

elabena mekpɔa akɔfafa le wo me.

53Ŋɔdzi lém le ame vɔ̃ɖiwo ta,

ame siwo gbe nu le wò se la gbɔ.

54Afi sia afi si medze la,

wò sewo nyea nye ha ƒe tanya.

55O! Yehowa, le zã me la, meɖoa ŋku wò ŋkɔ dzi,

eye malé wò sewo me ɖe asi.

56Esia nye tɔnye gome,

elabena mewɔa wò ɖoɖowo dzi.

ח Heth

57O! Yehowa, wòe nye nye gomekpɔkpɔ,

eya ta medo ŋugbe be mawɔ ɖe wò nyawo dzi.

58Medi wò ŋkume kple nye dzi blibo,

eya ta ve nunye le wò ŋugbedodo la nu.

59Melé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu,

eye metrɔ nye afɔ ɖe wò nuɖoanyiwo ŋu.

60Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o,

be mawɔ ɖe wò sededewo dzi.

61Togbɔ be ame vɔ̃ɖiwo blam kple ka hã la,

nyemaŋlɔ wò sewo be o.

62Mefɔ le zãtitina be mada akpe

na wò ɖe wò se dzɔdzɔeawo ta.

63Menye xɔ̃ na ame siwo katã vɔ̃a wò

kple ame siwo katã dze wò sewo yome.

64O! Yehowa, anyigba dzi yɔ fũu

kple wò lɔlɔ̃, eya ta fia wò sededewom.

ט Teth

65O! Yehowa, wɔ nyui na wò dɔla

le wò nya la nu.

66Fia nunya kple afia nyui tsotsom,

elabena mexɔ wò sededewo dzi se.

67Hafi woava aka hiãm la,

metra mɔ, ke azɔ la, meɖo to wò nya la.

68Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo,

eya ta fia wò sededewom.

69Togbɔ be dadalawo tsɔ alakpa sisi ɖe ŋunye keŋ hã la,

melé wò sewo me ɖe asi kple nye dzi blibo.

70Woƒe dzi ku atri, eye megasea naneke o,

ke nye la, mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu.

71Enyo be woka hiãm,

ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo.

72Se siwo do tso wò nu me la xɔ asi nam wu

sika kple klosalo akpewo.

י Yodh

73Wò asie wɔm, eye wò asimee medo tso;

tsɔ gɔmesese nam, be masrɔ̃ wò sededewo.

74Na ame siwo vɔ̃a wò la nakpɔ dzidzɔ ne wokpɔm,

elabena metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.

75O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe,

eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm.

76Na be wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la nanye nye akɔfafa,

le ŋugbe si nèdo na wò dɔla la ta.

77Wò dɔmenyo neɖiɖi ɖe dzinye, be manɔ agbe,

elabena wò se lae nye nye dzidzɔ.

78Na ŋu nakpe dadala,

le esi wòwɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, nye nanekemawɔmawɔe;

ke nye la, made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.

79Na ame siwo vɔ̃a wò la natrɔ ɖe ŋunye,

ame siwo se wò nuɖoanyiwo gɔme.

80Na kpɔtsɔtsɔ manɔ nye dzi ŋuti ɖe wò sededewo ŋu o,

ale be ŋu makpem o.

כ Kaph

81Nu ti kɔ na nye luʋɔ le wò ɖeɖedidi vevie ta,

gake metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.

82Nu te nye ŋkuwo ŋu,

le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta.

Megblɔ be, “Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?”

83Togbɔ be mele abe waingolo

le dzudzɔ me ene hã la,

nyemeŋlɔ wò sededewo be o.

84Va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔla alala?

Ɣe ka ɣi nàhe to na yonyemetilawo?

85Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam,

nu si tsi tsitre ɖe wò se la ŋu.

86Wò sededewo katã nye nu si dzi woaka ɖo;

kpe ɖe ŋunye,

elabena amewo ti yonyeme susumanɔmetɔe.

87Esusɔ vie woɖem ɖa le anyigba dzi kloe,

gake nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.

88Le wò lɔlɔ̃ la ta, kpɔ nye agbe ta,

eye maɖo to se siwo do tso wò nu me.

ל Lamedh

89O! Yehowa, wò nya la nye nya mavɔ,

eli ke goŋgoŋgoŋ ɖe dziƒo.

90Wò nuteƒewɔwɔ li le dzidzimewo katã;

wòe ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòli ke ɖaa.

91Wò sewo gali va se ɖe egbe,

elabena wòe nuwo katã subɔna.

92Nenye ɖe wò se la menye nye dzidzɔ o la,

anye ne metsrɔ̃ le nye hiãkame me.

93Nyemaŋlɔ wò ɖoɖowo be o,

elabena èkpɔ nye agbe ta to wo dzi.

94Ɖem, elabena tɔwò menye,

elabena medi wò ɖoɖowo ƒe mɔ.

95Ame vɔ̃ɖiwo le lalam be woatsrɔ̃m,

ke nye la, madzro wò sewo me.

96Mekpɔ seɖoƒe na nu de blibo ɖe sia ɖe,

gake wò sededewo ya la, seɖoƒe meli na wo o.

מ Mem

97O, ale gbegbe mehelɔ̃ wò se lae!

Medea ŋugble le eŋuti ŋkeke blibo la.

98Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo katã,

elabena wole gbɔnye ɖaa.

99Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã,

elabena medea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.

100Gɔmesese le asinye wu dumegãwo,

elabena mewɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.

101Meɖe nye afɔ ɖa le mɔ vɔ̃ ɖe sia ɖe dzi,

ale be mawɔ ɖe wò nya la dzi.

102Nyemedzo le wò sewo gbɔ o,

elabena wò ŋutɔe fia num.

103Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ,

eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ!

104Gɔmesese su asinye to wò sewo dzi,

eya ta metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.

נ Nun

105Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ

kple kekeli na nye mɔ.

106Meka atam, eye meɖo kpe edzi be,

wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ.

107Mekpe fu geɖe,

eya ta o Yehowa,

kpɔ nye agbe ta,

le wò nya la nu.

108O! Yehowa, xɔ kafukafu si nye nu dzra ɖo ɖi la,

eye nàfia wò sewom.

109Togbɔ be metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome enuenu hã la,

nyemaŋlɔ wò se la be o.

110Ame vɔ̃ɖi la tre mɔ nam,

gake nyemetra tso wò nuɖoanyiwo gbɔ o.

111Wò ɖoɖowo nye nye domenyinu tegbee,

elabena wonye nye dzi ƒe dzidzɔ.

112Nye dzi ku ɖe wò sededewo dzi

wɔwɔ ŋu va se ɖe nuwuwu.

ס Samekh

113Melé fu susuevetɔwo,

gake melɔ̃ wò se la.

114Wòe nye nye sitsoƒe kple nye akpoxɔnu,

metsɔ nye mɔkpɔkpɔ de wò nya la me.

115Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo,

be mate ŋu alé nye Mawu ƒe sewo me ɖe asi!

116Lém ɖe asi le wò ŋugbedodo la nu,

ekema manɔ agbe, eye mègana ŋu nakpem

le nye mɔkpɔkpɔ me o.

117Lém ɖe te, ekema makpɔ ɖeɖe,

eye ɣe sia ɣi made bubu wò sededewo ŋu.

118Ègbe nu le ame siwo katã tra mɔ tso

wò sededewo gbɔ la gbɔ,

elabena woƒe alakpadada nye nu dzodzro.

119Ègbe nu le ame vɔ̃ɖi siwo katã

le anyigba dzi la gbɔ abe gbeɖuɖɔ ene,

eya ta melɔ̃ wò nuɖoanyiwo.

120Nye lãme le ƒoƒom

le vɔvɔ̃ na wò ta,

eye nye mo wɔ yaa le wò sewo ta.

ע Ayin

121Mewɔ nu si dzɔ kple nu si le eteƒe,

eya ta mègaɖe asi le ŋunye na

ame siwo tem ɖe anyi la o.

122Kpɔ wò dɔla la ƒe dedinɔnɔ gbɔ,

mègana dadalawo natem ɖe to o.

123Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ɖeɖedidi ta.

124Wɔ nu kple wò dɔla le wò lɔlɔ̃ ta,

eye nàfia wò sededewom.

125Wò dɔlae menye,

eya ta na sidzedzem, be mase wò nuɖoanyiwo gɔme.

126O! Yehowa, ɣeyiɣi de na wò be nàɖe afɔ,

elabena wole wò sewo tum.

127Elabena melɔ̃ wò sewo wu

sika kple sika nyuitɔ.

128Eye esi mebu wò ɖoɖowo katã be wole dzɔdzɔe ta la,

metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.

פ Pe

129Wò sewo nye nuku,

eya ta meɖo to wo.

130Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo,

eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.

131Meke nu ɖe te hele gbɔgbɔm fuxefuxe,

le wò sewo dim vevie.

132Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanui

abe ale si nèwɔnɛ ɖaa na

ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene.

133Na maɖe afɔ le wò nya la nu,

eye mègana nu vɔ̃ aɖeke naɖu dzinye o.

134Ɖem tso amewo ƒe teteɖeanyi me,

be mawɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.

135Na wò mo naklẽ na wò dɔla,

eye nàfia wò sededewom.

136Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene,

elabena womewɔ wò sewo dzi o.

צ Tsadhe

137O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye,

eye wò sewo hã le dzɔdzɔe.

138Nu siwo nèɖo anyi hã la le dzɔdzɔe,

woaka ɖe wo dzi ɖikeke manɔmee.

139Dzo si metsɔ ɖe ŋuwò la na megbɔdzɔ,

elabena nye futɔwo gbe nu le wò nyawo gbɔ.

140Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie,

eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ.

141Togbɔ be wodo vlom,

eye nyemele ɖeke me o hã la,

nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.

142Wò dzɔdzɔenyenye li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,

eye wò se la hã nye nyateƒe.

143Fukpekpe kple xaxa va dzinye,

gake wò sededewo doa dzidzɔ nam.

144Wò nuɖoanyiwo le dzɔdzɔe ɖaa,

eya ta na gɔmesesem, be manɔ agbe.

ק Qoph

145O! Yehowa, mele yɔwòm kple nye dzi blibo,

eya ta tɔ nam, eye mawɔ wò sededewo dzi.

146Wòe meyɔ, xɔ nam,

eye malé wò ɖoɖoawo me ɖe asi.

147Mefɔ hafi ŋu ke, eye medo ɣli be woaxɔ nam,

ke metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.

148Nye ŋkuwo le te le zã blibo la katã me,

be made ŋugble le wò ŋugbedodowo ŋu.

149Se nye gbe, le wò lɔlɔ̃ la ta,

O! Yehowa, ɖe nye agbe,

le wò sewo ƒe ɖoɖo nu.

150Ame siwo le nu vɔ̃ɖiwo ɖom la gogo,

gake wodidi tso wò se la gbɔ.

151O! Yehowa, ètsɔ ɖe gbɔnye ɖe!

Wò sededewo katã hã nye nyateƒe.

152Mesrɔ̃ nu tso wò se la me gbe aɖe gbe ke,

be èɖo wo gɔme anyi be woanɔ anyi

tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

ר Resh

153Kpɔ nye hiãtuame ɖa, eye nàɖem,

elabena nyemeŋlɔ wò se la be o.

154Ʋli tanye, eye nàɖem,

kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu.

155Ɖeɖe le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo,

elabena womedia wò sededewo ƒe mɔ o.

156O! Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ,

eya ta kpɔ nye agbe ta le wò sewo nu.

157Futɔ siwo ti yonyeme la sɔ gbɔ ŋutɔ,

gake nyemetrɔ le wò ɖoɖowo yome o.

158Menyɔ ŋu xɔsemanɔsitɔwo,

elabena womewɔa wò nya la dzi o.

159Kpɔ ale si melɔ̃ wò sewoe ɖa;

eya ta o Yehowa,

kpɔ nye agbe ta le wò lɔlɔ̃ la ta.

160Wò nyawo katã nye nyateƒe,

eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo.

ש Sin kple Shin

161Dziɖulawo tia nye agbe yome susumanɔŋutɔe,

gake nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta.

162Mekpɔ dzidzɔ le wò ŋugbedodo la me

abe ame si ke ɖe afunyinu gbogbo aɖe ŋu ene.

163Metsri, eye menyɔ ŋu alakpa,

ke melɔ̃ wò se la.

164Mekafua wò zi adre le ŋkeke me,

le wò se dzɔdzɔeawo ta.

165Ame siwo lɔ̃a wò se la,

kpɔa ŋutifafa gã aɖe,

eye naneke mawɔ wo woakli nu o.

166O! Yehowa, mele wò xɔxɔ lalam,

eye manɔ wò sededewo yome.

167Mawɔ ɖe wò nuɖoanyiwo dzi,

elabena melɔ̃ wo ŋutɔ.

168Mawɔ ɖe wò sewo kple ɖoɖowo dzi,

elabena nye mɔwo katã le nyanya na wò.

ת Taw

169O! Yehowa, nye ɣlidodo nede gbɔwò,

tsɔ gɔmesese nam le wò nya la nu.

170Nye gbedodoɖawo nede gbɔwò;

ɖem le wò ŋugbedodo la ta.

171Nye nuyiwo negbã go kple kafukafu,

elabena èfia wò sededewom.

172Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu,

elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe.

173Wò asi nenɔ klalo akpe ɖe ŋunye,

elabena metia wò sewo.

174O! Yehowa, wò xɔname le dzroyem vevie ŋutɔ,

elabena wò se lae nye nye dzidzɔ.

175Na manɔ agbe, ne makafu wò,

eye na wò sewo nalém ɖe te.

176Metra mɔ abe alẽ bubu ene.

Di wò dɔla la,

elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.

120

Psalmo 120

Mɔzɔha.

1Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.

2O! Yehowa, ɖem,

tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.

3O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò,

eye nu ka wòatsɔ akpee na wò?

4Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na

wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti.

5Baba nam be mele Mesek,

eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me!

6Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa

la dome wòdidi fũu akpa.

7Ŋutifafamee menye,

gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa.

121

Psalmo 121

Mɔzɔha.

1Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu,

afi ka nye xɔname atso ava?

2Nye xɔname atso Yehowa,

ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.

3Mana wò afɔ naɖiɖi o,

eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.

4Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la,

madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.

5Yehowae nye tawòkpɔla,

Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime

6eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo,

alo ɣleti le zã me o.

7Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me,

eye wòakpɔ wò agbe ta.

8Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti,

fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.

122

Psalmo 122

David ƒe mɔzɔha.

1Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be,

“Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”

2O! Yerusalem,

míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.

3Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe

wo nɔewo nu ene.

4Afi ma to vovovoawo yina,

Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa,

le ɖoɖo si wòna Israel nu.

5Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo,

David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo.

6Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be,

“Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie.

7Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me

kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.”

8Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be,

“Ŋutifafa nenɔ mewò.”

9Le Yehowa,

míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.

123

Psalmo 123

Mɔzɔha.

1Mewu mo dzi na wò,

wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.

2Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu

kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la,

nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la

ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí.

3O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí,

O! Kpɔ míaƒe nublanui,

elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi.

4Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo,

eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo

ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.

124

Psalmo 124

David ƒe mɔzɔha.

1Ne menye Yehowae le mía dzi o la,

Israel negblɔ be,

2“Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la,

esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,

3eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la,

anye ne womi mí agbagbee,

4anye ne tsi ɖe mí

hesi to mía dzi,

5anye ne tɔ dzeagbowo

kplɔ mí dzoe.”

6Woakafu Yehowa,

ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.

7Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene;

mɔka la tso, eye míesi dzo.

8Míaƒe xɔname le Yehowa,

dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.

125

Psalmo 125

Mɔzɔha.

1Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la

le abe Zion to si meʋãna o,

eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.

2Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la,

nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae,

tso fifia yi ɖe mavɔ me.

3Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si

woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o,

ne menye nenema o la,

ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.

4O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo,

ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.

5Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la,

Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu.

Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

126

Psalmo 126

Mɔzɔha.

1Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la,

míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.

2Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu,

eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi.

Tete wogblɔ le dukɔwo dome be,

“Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.”

3Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí,

eya ta dzidzɔ yɔ mía me.

4O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te,

abe tɔʋu si le Gbegbe ene.

5Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la,

axa nu kple dzidzɔhawo.

6Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi la

atrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe.

127

Psalmo 127

Solomo ƒe mɔzɔha.

1Ne Yehowa metu xɔ o la,

etulawo le agbagba dzem dzodzro.

Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la,

dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.

2Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi,

henɔa agbagba dzem

le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ,

ke ame siwo wòlɔ̃na la,

enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.

3Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,

eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.

4Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,

le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.

5Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.

Ŋu makpe wo o,

ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.

128

Psalmo 128

Mɔzɔha.

1Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa,

ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.

2Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse,

eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.

3Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me;

viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.

4Kpɔ ɖa, aleae woyraa

ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae.

5Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me,

eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze.

6Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo.

Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

129

Psalmo 129

Mɔzɔha.

1Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke.

Israel negblɔ be,

2“Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke,

gake womeɖu dzinye o.

3Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe,

eye woɖe boliƒowo wodidi,

4gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ,

etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.”

5Na be ame siwo katã tsri Zion la,

nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

6Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene,

gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge.

7Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo,

alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o.

8Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be,

“Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò;

míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.

130

Psalmo 130

Mɔzɔha.

1O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke.

2O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe.

Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli.

3O! Yehowa, ne àlé amewo

ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la,

O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?

4Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò,

eya ta wovɔ̃a wò ɖo.

5Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm,

nye luʋɔ le lalam,

eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.

6Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu

ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke;

mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke.

7O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi,

elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si,

eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.

8Eya ŋutɔ aɖe Israel

tso eƒe nu vɔ̃wo katã me.

131

Psalmo 131

David ƒe Mɔzɔha.

1O! Yehowa, dada mele nye dzi me o,

eye ŋku gã hã mele tanye o.

Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo,

alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o,

2gake mena nye luʋɔ zi ɖoɖoe,

heli kpoo abe ale si ɖevi si ɖi no la nɔa dadaa ƒe akɔnu ene,

eye nye luʋɔ le abe ɖevi si ɖi no la ene.

3O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi,

tso fifia yi ɖase ɖe mavɔmavɔ me ke.

132

Psalmo 132

Mɔzɔha.

1O! Yehowa, ɖo ŋku David

kple fukpekpe siwo katã me wòto la dzi.

2Eka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe

na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la be,

3“Nyemage ɖe aƒenye me,

alo aɖamlɔ nye aba dzi o.

4Nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃,

alo nye aɖaba nadɔ akɔlɔ̃e o,

5va se ɖe esime mekpɔ teƒe na Yehowa

kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.”

6Míesee le Efrata, eye míedo goe le Yaar gbegbe be,

7“Mina míayi ɖe enɔƒe,

mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.

8O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe,

wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ.

9Wò nunɔlawo nedo dzɔdzɔenyenye ƒe awu,

eye wò ame kɔkɔewo nedzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta.”

10Le David, wò dɔla ta la,

mègagbe wò amesiamina la o.

11Yehowa ka atam na David;

eka atam vavã si matu o la be,

“Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi.

12Nenema ke ne viwò ŋutsuwo lé nye nubabla

kple nye se siwo mefia wo me ɖe asi la,

ekema wo viwo anɔ wò fiazikpui dzi tso

mavɔ me yi ɖe mavɔ me.”

13Elabena Yehowa tia Zion,

eye wòtiae be wòanye ye nɔƒe be,

14“Esia nye nye gbɔɖemeƒe tso

mavɔ me yi ɖe mavɔ me,

afi siae manɔ fiazikpui dzi le gli,

elabena nye ŋutɔe tiae.”

15Matsɔ nu nyui geɖewo ayrae,

eye matsɔ nuɖuɖu aɖi ƒoe na eƒe ame dahewo.

16Mado xɔxɔ ƒe awu na eƒe nunɔlawo,

eye eƒe ame kɔkɔewo adzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta tegbetegbe.

17“Le afi sia, mana dzo nado na David,

eye masi akaɖi aɖo anyi na nye amesiamina la.

18Matsɔ ŋukpe ado na eƒe futɔwo,

ke fiakuku si anɔ eƒe ta la, anɔ keklẽm.”

133

Psalmo 133

David ƒe Mɔzɔha.

1Aleke wohenyo, eye wòvivinae,

ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me!

2Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me,

eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene,

ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe

eƒe awu ƒe kɔme.

3Ele abe Hermon zãmue

le dzadzam ɖe Zion to dzi ene,

elabena afi mae Yehowa kɔ yayra

kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.

134

Psalmo 134

Mɔzɔha.

1Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo katã,

mi ame siwo subɔna

le Yehowa ƒe aƒe me le zã me.

2Mido miaƒe asiwo ɖe dzi

le kɔkɔeƒe la me, eye mikafu Yehowa.

3Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla,

neyra mi tso Zion.

135

Psalmo 135

1Mikafu Yehowa.

Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ,

mikafui, mi Yehowa ƒe dɔlawo.

2Mi ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me,

le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnuwo.

3Mikafu Yehowa,

elabena Yehowa nyo;

midzi ha na eƒe ŋkɔ,

elabena esia vivina.

4Elabena Yehowa tia Yakob be wòanye ye tɔ,

eye wòtia Israel be wòanye yeƒe domenyinu xɔasi la.

5Menya be Yehowa lolo,

eye míaƒe Aƒetɔ la lolo wu mawuwo katã.

6Yehowa wɔa nu sia nu si dze eŋu

le dziƒo kple anyigba,

le atsiaƒuwo me kple woƒe gogloƒewo katã.

7Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke,

edɔa dzikedzo be wòava kple tsidzadza,

eye wòɖea yaƒoƒo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒewo.

8Eƒo Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi;

amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo.

9O! Egipte, edɔ eƒe dzesiwo

kple nukunuwo ɖo ɖe mía dome,

ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu.

10Eƒo dukɔ geɖewo ƒu anyi,

eye wòwu fia sesẽwo.

11Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia,

Ɔg, Basantɔwo ƒe fia

kple Kanaan fiawo katã,

12eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu,

na eƒe dukɔ Israel.

13O! Yehowa, wò ŋkɔ li tegbetegbe,

o Yehowa, èxɔ ŋkɔ le dzidzimewo katã me.

14Elabena Yehowa atso afia na eƒe dukɔ,

eye wòakpɔ nublanui na eƒe dɔlawo.

15Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika,

amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.

16Nu li na wo, gake womeƒoa nu o, ŋku li na wo

gake womekpɔa nu o,

17to li na wo, gake womesea nu loo,

alo gbɔna to woƒe nu me o.

18Ame siwo wɔ wo la anɔ abe woawo ke ene,

eye nenema kee nye ame siwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu.

19O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa,

O! Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa,

20O! Levi ƒe aƒe, mikafu Yehowa,

eye mi ame siwo vɔ̃nɛ la, mikafu Yehowa.

21Woakafu Yehowa tso Zion,

eya ame si nɔ Yerusalem.

Mikafu Yehowa!

136

Psalmo 136

1Mida akpe na Yehowa, elabena enyo.

Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

2Mida akpe na mawuwo dzi Mawu la,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

3Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

4Eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wɔa nukunu dzɔatsuwo,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

5Eya ame si tsɔ eƒe nugɔmesese wɔ dziƒowoe,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

6Ame si keke anyigba ɖe tsiwo dzi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

7Ame si wɔ nu keklẽ gãwo,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

8Be ɣe naɖu ŋkeke dzi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

9Be ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

10Eya ame si ƒo Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

11Eye wòkplɔ Israel do goe le wo dome,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

12Kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

13Eya ame si ma Ƒu Dzĩ la ɖe eve,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

14Eye wòkplɔ Israel to eƒe titina,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

15Ke ekplɔ Farao kple eƒe aʋakɔ la de Ƒu Dzĩ la me,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

16Eya ame si kplɔ eƒe dukɔ la to gbedzi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

17Ame si ƒo fia gãwo ƒu anyi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

18Eye wòwu fia sesẽwo,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

19Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa

20kple Ɔg, Basantɔwo ƒe fia,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

21Eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

22Domenyinu na eƒe dɔla, Israel,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

23Eya ame si ɖo ŋku mía dzi,

esime wobɔbɔ mí ɖe anyi,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

24Eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me,

elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

25Eya ame si naa nuɖuɖu nu gbagbe ɖe sia ɖe,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

26Mida akpe na Dziƒo Mawu la,

Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.

137

Psalmo 137

1Babilonia tɔsisiwo toe míenɔ,

hɛnɔ avi fam,

esi míeɖo ŋku Zion dzi.

2Míetsɔ míaƒe kasaŋkuwo ku

amuti siwo le afi ma,

3elabena afi mae ame siwo ɖe

aboyo mí la bia ha tso mía si le;

ame siwo wɔ fu mí la bia

dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be,

“Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na mí!”

4Aleke miadzi Yehowa ƒe hawo

le dzronyigba dzi?

5O! Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la,

nye nuɖusibɔ nèŋlɔ eƒe ŋusẽ be,

6eye nye aɖe nelé ɖe nye nu me,

ne nyemeɖo ŋku dziwò o,

ne nyemebu Yerusalem,

nye dzidzɔ kɔkɔtɔ kekeake o.

7O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi,

gbe si gbe wogbã Yerusalem.

Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi,

migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”

8O! Babilonia vinyɔnu,

woɖo wò ɖi na tsɔtsrɔ̃,

woayra ame si aɖo nu si nèwɔ

mí la teƒe na wò,

9ame si alé wò vidzĩwo

axlã ɖe agakpewo.

138

Psalmo 138

David ƒe ha.

1O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo;

madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume.

2Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ,

eye makafu wò ŋkɔ,

le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta,

elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya

gbɔ nu sia nu ta sãsãsã.

3Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam,

hedo ŋusẽ nye dzi.

4O! Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò,

ne wose wò numenya.

5Na woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu,

elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo.

6Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ,

ke edzea si dadala tso adzɔge.

7Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la,

èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe

nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu,

hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.

8Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme.

O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa,

mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.

139

Psalmo 139

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Yehowa, èdzro menye, eye nènyam.

2Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi,

eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke.

3Ènya nye godoɣi kple nye anyimlɔɣi,

ale nènya nye mɔwo katã nyuie.

4O! Yehowa, hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la,

ènya nya la katã xoxo.

5Ètsɔm ɖe tome,

le megbe kple ŋgɔ siaa, eye nèɖo wò asi dzinye.

6Nunya sia wɔ nuku nam akpa,

nyemate ŋu aɖo afi ma o,

elabena ekɔkɔ nam akpa.

7Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi?

Afi ka masi atso wò ŋkume ayi?

8Ne meyi dziƒo la, èle afi ma,

ne meɖo nye mlɔƒe ɖe gogloƒewo hã la, èle afi ma.

9Ne medzo yi yame le fɔŋli ƒe aʋalawo dzi,

ne meyi ɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la,

10wò asi akplɔm,

eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe.

11Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla,

eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la,

12viviti la gɔ̃ hã mado blukɔ na wò o,

zã aklẽ na wò abe ŋkeke ene,

elabena viviti le na wò abe kekeli ene.

13Elabena wòe wɔ nye ememe ke;

eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me.

14Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.

Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu,

menya esia nyuie.

15Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe wò o,

esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe.

Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me

le anyigba ƒe gogloƒe la,

16wò ŋkuwo kpɔ ale si menye ʋukɔe.

Ŋkeke siwo katã woɖo nam la,

woŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me

hafi ŋkeke gbãtɔ dze egɔme.

17O! Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ!

Wò susuwo sɔ gbɔ loo!

18Ne mebe maxlẽ wo la,

woasɔ gbɔ wu ke.

Ne menyɔ tso alɔ̃ me la,

megale gbɔwò ko.

19O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi!

Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo!

20Woƒoa nu tso ŋutiwò kple susu baɖa,

wò futɔwo wɔa wò ŋkɔ ŋu dɔ yakayaka.

21O! Yehowa, ɖe nyemelé fu ame siwo lé fu wò,

eye menyɔ ŋu ame siwo tso ɖe ŋuwò oa?

22Fuléle koe le asinye na wo,

eye mebu wo nye ketɔwoe.

23Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi;

dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.

24Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã,

eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi.

140

Psalmo 140

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me

eye dzɔ ŋunye le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,

2ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me,

eye wodoa aʋa gbe sia gbe.

3Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene,

eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Sela

4O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,

dzɔ nye agbe ŋu le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,

ame siwo ɖo be woaɖe afɔ le tenye.

5Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam,

woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam

eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. Sela

6O! Yehowa, megblɔ na wò be,

“Wòe nye nye Mawu.”

See, o Yehowa,

se nye nublanuiɣli.

7O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ,

ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.

8O! Yehowa, mègana ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o,

eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o,

ne menye nenema o la, woanɔ dadam. Sela

9Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem

ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi.

10Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi;

wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me

kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o.

11Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o,

eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi.

12Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo,

eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu.

13Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã,

eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa.

141

Psalmo 141

David ƒe ha.

1O! Yehowa, mele yɔwòm, va gbɔnye kaba.

Se nye gbe, ne meyɔ wò.

2Nye gbedodoɖa neva gbɔwò abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene,

eye na be nye asi siwo medo ɖe dzi la, nanɔ

na wò abe fiẽvɔsa ene.

3O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu,

eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu.

4Mègana be woahe nye dzi ɖe nu vɔ̃ɖi ŋuti,

be mayi gome kpɔ ge

le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me kple ŋutsu,

nu vɔ̃ɖi wɔlawo o, eye mègaɖe mɔ be maɖu woƒe nuɖuɖu viviwo o.

5Na ame dzɔdzɔe naƒom, enye dɔmenyo wòwɔ nam,

na wòaka mo nam, enye ami wòsi ɖe ta nam.

Nye ta magbe exɔxɔ o.

Gake nye gbedodoɖa tsia tsitre ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe wɔnawo ŋu ɖaa,

6woatutu woƒe dziɖulawo tso togbɛwo dzi aƒu agame,

eye ame vɔ̃ɖiwo anya be megblɔ nye nyawo memie ɖe eteƒe.

7Woagblɔ be, “Abe ale si ame ŋlɔa nu hedzoboa anyigbae ene la,

nenemae woakaka míaƒe ƒuwoe ɖe yɔdowo nu.”

8O! Aƒetɔ Yehowa, meda nye ŋkuwo ɖe dziwò,

mewòe mebe ɖo, mègatsɔm na ku o.

9Ɖem le mɔ siwo wotre nam la me,

tso mɔkli si nu tovo wɔlawo ɖo ɖi la me.

10Na ame vɔ̃ɖiwo naɖo woawo ŋutɔ ƒe ɖɔwo me,

ne matso eme ayi le dedinɔnɔ me.

142

Psalmo 142

David ƒe nufiameha esi wònɔ agado me. Gbedodoɖa.

1Medo ɣli na Yehowa sesĩe,

eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui.

2Metrɔ nye nuxaxawo kɔ ɖe eŋkume,

eye metrɔ nye vevesesewo kɔ ɖe eya amea gbɔ.

3Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la,

wò koe nya nye mɔ.

Ŋutsuwo tre mɔ

ɖe mɔ si metona la dzi nam.

4Trɔ ɖe nye ɖusime ne nàkpɔ;

ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o.

Bebeƒe aɖeke meli nam o,

eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o.

5O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na.

Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe,

kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.”

6Ɖo to nye ɣlidodo,

elabena meɖo xaxa me ŋutɔ.

Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me,

elabena wosesẽ nam akpa.

7Ɖem tso nye gaxɔ me,

be makafu wò ŋkɔ.

Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem,

le wò nyui si nèwɔ nam la ta.

143

Psalmo 143

David ƒe ha.

1O! Yehowa, se nye gbedodoɖa,

lé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu,

eye nàxɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ

kple dzɔdzɔenyenye ta.

2Mègabu fɔ wò dɔla o,

elabena amegbetɔ aɖeke

mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.

3Futɔ la ti yonyeme,

egbãm ɖe anyigba,

eye wòna menɔ viviti me abe

ame siwo ku xoxo va yi la ene.

4Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye,

eye nye dzi wɔ yaa le menye.

5Meɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi,

hede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋuti,

eye mebu nu siwo wò asiwo wɔ la ŋuti.

6Mekeke nye abɔwo me na wò,

eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò

abe kuɖiɖinyigba ene. Sela

7O! Yehowa, tɔ nam kaba,

elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu.

Mègaɣla wò mo ɖem o,

ne menye nenema o la,

manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.

8Na ŋdi natsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o

la ƒe nya vɛ nam,

elabena dziwòe meka ɖo.

Fia mɔ si mato lam,

elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.

9O! Yehowa, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me,

elabena mewòe mebe ɖo.

10Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu,

elabena wòe nye nye Mawu;

na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm

to anyigba sɔsɔe dzi.

11O! Yehowa, le wò ŋkɔ la ta,

kpɔ nye agbe ta,

le wò dzɔdzɔenyenye ta,

ɖem le xaxa me.

12Le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta, mia nu na nye futɔwo;

tsrɔ̃ nye ketɔwo katã,

elabena wò dɔlae menye.

144

Psalmo 144

David ƒe ha.

1Woakafu Yehowa, nye Agakpe la,

ame si fia aʋawɔwɔ nye asi kple asibidɛwo.

2Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ,

nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu,

nye Mawu si me mebe ɖo,

ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye.

3O! Yehowa, nu kae nye amegbetɔ be nètsɔ ɖe le eme nɛ

kple amegbetɔvi be nèbua eŋuti?

4Amegbetɔ le abe gbɔgbɔ ko ene,

eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli si va yina kaba la ene.

5O! Yehowa, dze wò dziƒowo ne nàɖi va,

eye nàka asi towo ŋu, be woatu dzudzɔ.

6Dɔ dzikedzo ɖa woakaka futɔwo,

da wò aŋutrɔ, eye nàtsrɔ̃ wo.

7Do wò asi ɖa tso dziƒo nàxɔ nam,

eye nàɖem tso tsi sesẽwo

kple amedzrowo ƒe asi me,

8ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa,

eye woƒe nuɖusi blea ame.

9O! Mawu, madzi ha yeye na wò,

matsɔ kasaŋku, ka ewo tɔ aƒo ha na wò,

10wò ame si na dziɖuɖu fiawo,

eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me.

11Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me,

ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa,

eye woƒe nuɖusi blea ame.

12Ekema mía viŋutsuwo

le woƒe ɖekakpuime,

anɔ abe ati siwo wode tsii nyuie ene,

eye mía vinyɔnuwo anɔ abe sɔti si ŋu

wota nu ɖo hetsɔ ɖo atsyɔ̃e na fiasã ene.

13Míaƒe avawo ayɔ fũu

kple nuku vovovowo.

Míaƒe alẽwo adzi ɖe edzi le akpewo

kple akpe ewowo me le míaƒe lãnyiƒewo.

14Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ.

Ale gli gbagbã maganɔ anyi o,

aboyomeyiyi maganɔ anyi o,

eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o.

15Woayra dukɔ si wòava eme na alea le nyateƒe me;

Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa.

145

Psalmo 145

David ƒe kafukafuha.

1Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la.

Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

2Makafu wò gbe sia gbe,

eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

3Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu,

elabena ame aɖeke mate ŋu anya

eƒe gãnyenye ƒe goglome o.

4Dzidzime ɖeka akafu wò dɔwɔwɔwo

na dzidzime bubu, eye woatu xo

le wò nu dzɔatsuwo ŋu.

5Woaƒo nu le wò gãnyenye

ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti,

eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋuti.

6Woaƒo nu le wò ŋɔdzidɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ ŋuti,

eye maɖe gbeƒã wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo.

7Woaɖu wò nyuiwɔwɔ gbogboawo ƒe azã,

eye woadzi ha atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.

8Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla;

medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.

9Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame,

eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ.

10O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò,

eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi.

11Woaƒo nu le wò fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu,

eye woagblɔ nya tso wò ŋusẽ ŋuti,

12ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo

kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃.

13Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ,

eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me.

Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me,

eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.

14Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi,

eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi.

15Ŋkuwo katã le wò asinu kpɔm,

eye nèna nuɖuɖu wo le enaɣi.

16Èʋu wò asiwo me, eye nètsɔ nu gbagbe

ɖe sia ɖe ƒe nu si wòdi la nɛ.

17Yehowa nye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã dzi,

eye wòlɔ̃a eƒe nu siwo katã wòwɔ.

18Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ,

ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me.

19Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo,

esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo.

20Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta,

gake atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã.

21Nye nu agblɔ Yehowa ƒe kafukafu.

Nu gbagbe ɖe sia ɖe nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la

tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

146

Psalmo 146

1Mikafu Yehowa.

O! luʋɔnye, kafu Yehowa.

2Makafu Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me.

Madzi kafukafuha na nye Mawu la, zi ale si mele agbe.

3Migaɖo dzi ɖe dziɖulawo ŋu o,

eye migaka ɖe amegbetɔ kodzogbea,

si mate ŋu axɔ na ame o la dzi o.

4Ne woƒe gbɔgbɔ do go

le wo me la, wogatrɔna zua kewɔ,

gbe ma gbe ke woƒe ɖoɖo

siwo katã wowɔ la zua tofloko.

5Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la,

eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me.

6Eya ame si wɔ dziƒo kple anyigba,

atsiaƒu kple nu siwo katã le eme,

Yehowa nye nuteƒewɔla tegbetegbe.

7Etsoa afia na ame siwo wote ɖe anyi,

eye wònaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo.

Yehowae naa ablɔɖe gamenɔlawo.

8Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo,

Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi,

Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.

9Yehowa kpɔa amedzrowo ta,

eye wònye tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo hã ta kpɔla.

Ke etɔtɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo.

10Yehowa le fia ɖum tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

O! Zion, wò Mawu la aɖu fia le dzidzimewo katã me.

Mikafu Yehowa.

147

Psalmo 147

1Mikafu Yehowa.

Aleke mehenyoe be woadzi kafukafuha na míaƒe Mawu la o!

Aleke wòhevivina, eye wòdze be woakafui!

2Yehowa gbugbɔ tso Yerusalem du la,

eye wòkplɔ Israel ƒe aboyomewo gbɔe.

3Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,

eye wòbla woƒe abiwo na wo.

4Eyae ɖo xexlẽme na ɣletiviwo,

eye wòyɔa ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ.

5Gãe nye míaƒe Aƒetɔ la,

eye eƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ,

seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o.

6Yehowa kpɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la dzi,

ke etsɔ ame vɔ̃ɖi ya xlã ɖe anyigba.

7Midzi ha na Yehowa kple akpedada,

eye miƒo ha na míaƒe Mawu la kple kasaŋku.

8Etsɔa lilikpo xea yamee,

eye wònana tsi dzana ɖe anyigba la dzi hewɔnɛ be

gbe miena ɖe togbɛwo dzi.

9Enaa nuɖuɖu nyiwo

kple akpaviã siwo le xɔxlɔ̃m nɛ.

10Eƒe dzidzɔ mele sɔ ƒe ŋusẽ me loo,

alo amegbetɔ ƒe afɔ me o;

11ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me,

ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.

12O! Yerusalem, do Yehowa ɖe dzi,

O! Zion, kafu wò Mawu la,

13elabena eyae glã wò agbowo ƒe gametiwo,

eye wòyra ame siwo le mewò.

14Ena ŋutifafa le wò liƒowo dzi,

eye wòtsɔ mɔlu nyuitɔ ɖi ƒo na wòe.

15Eɖo eƒe sedede ɖe anyigba la dzi,

eye eƒe nya kaka kple du ɖo teƒewo.

16Ekaka tsikpe abe ɖetifu ene,

eye wòkaka afu abe dzofi ene.

17Eɖo kpetsi ɖe anyigba abe kpekui ene.

Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe wò ya fafɛ la nu?

18Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòlolo wo.

Ede ŋusẽ eƒe yawo me, eye tsiwo de asi sisi me.

19Eɖe eƒe nya fia Yakob eye wòɖe eƒe sewo

kple sededewo fia Israel.

20Mewɔ esia na dukɔ bubu aɖeke o,

eye womenya eƒe sewo o.

Mikafu Yehowa.

148

Psalmo 148

1Mikafu Yehowa.

Mikafu Yehowa tso dziƒowo,

mikafui le kɔkɔƒewo le dzi me.

2Mi eƒe dɔlawo katã mikafui,

dziƒoʋakɔwo hã mikafui.

3Ɣe kple ɣleti nekafui,

mikafui, mi ɣletivi keklẽwo.

4Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui,

eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui.

5Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ,

elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ.

6Etsɔ wo ɖo wo nɔƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,

ede se si nu mayi akpɔ gbeɖe o.

7Mikafu Yehowa tso anyigba,

mi nuwɔwɔ gã siwo le atsiaƒu me kple gogloƒewo katã.

8Dzikedzo kple kpetsi,

tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu,

9mi towo kple togbɛwo katã,

atikutsetsetiwo kple sedatiwo katã,

10gbemelãwo kple nyiwo katã,

nuwɔwɔ suewo kple xe dzodzoewo,

11anyigbadzifiawo kple dukɔwo katã,

mi dumegãwo kple dziɖula siwo katã le anyigba dzi,

12ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo,

ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui.

13Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ,

elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi,

eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame.

14Ena dzo aɖe do na eƒe dukɔ,

esi nye Israel,

eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe kafukafu,

ame siwo tsɔ ɖe eƒe dzi gbɔ.

Mikafu Yehowa.

149

Psalmo 149

1Mikafu Yehowa.

Midzi ha yeye na Yehowa,

midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me.

2Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me,

Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu.

3Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu,

eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku.

4Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu,

eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo.

5Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me,

eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi.

6Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me,

eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me,

7ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo,

eye woatsɔe ahe toe na amewo,

8ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ,

eye woade kunyowu woƒe bubumewo,

9ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi.

Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe.

Mikafu Yehowa.

150

Psalmo 150

1Miakafu Yehowa.

Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me.

Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.

2Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta.

Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.

3Mitsɔ kpẽkuku kafui.

Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.

4Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu.

Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku.

5Mikafui kple ayawagba eve

siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii.

Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve

siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.

6Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.

Mikafu Yehowa!