Salomo

ƒe Lododowo

1

Susu si ta woŋlɔ Salomo ƒe lododowo ɖo kple nyati si dzi wotui ɖo

1Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:

2na nunya kple amehehe,

na nya goglowo gɔmesese,

3hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,

be woawɔ nu si dzɔ,

nu si le eteƒe kple nu si nyo,

4be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya

kple sidzedze sɔhɛwo,

5nunyalawo neɖo to,

ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu

eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,

6be woase nunyalawo ƒe lododowo

abebubuwo kple adzowo gɔme.

7Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,

ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.

Dzidede ƒo na amewo be woasrɔ̃ nunya

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti

8Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃

eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.

9Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta

kple kɔga anɔ kɔwò.

10Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la,

mègalɔ̃ na wo o.

11Ne wogblɔ na wò be,

“Va kplɔ mí ɖo,

na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti,

na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,

12ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene,

eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene

13ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si

eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee

14eya ta de mía dzi

ale be míana gakotoku ɖeka wò” la,

15vinye, mègakplɔ wo ɖo o,

mègaka afɔ woƒe toƒewo o

16elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu

eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.

17Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo

le wo katã ƒe ŋkume!

18Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ

ƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu!

19Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ,

elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le nunyagbegbe ŋuti

20Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi

eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo.

21Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye

le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm

le dua ƒe agbowo me be,

22“Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ?

Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu,

bometsilawo alé fu sidzedze?

23Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,

anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi

eye mena mienya nye susuwo.

24Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi,

esi meke nye abɔwo me,

mietsɔ ɖeke le eme o

25eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo,

hegbe nye mokaname ta la,

26nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta

eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi,

27ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene,

gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene,

eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi!

28“Ekema woayɔm gake nyematɔ o,

woadim gake womakpɔm o.

29Le esi wolé fu sidzedze

eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o,

30le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo

hedo vlo nye mokaname ta.

31Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse

eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo

32elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo

eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.

33Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me

eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”

2

Agbe nyui nɔnɔ si doa go tso nunya me ƒe viɖe

1Vinye, ne èxɔ nye nyawo

eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,

2ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu

hetsɔ wò dzi na gɔmesese,

3ne èyɔ sidzedze

eye nèdo ɣli na gɔmesese,

4ne èdii abe klosalo

alo kesinɔnu si woɣla ene la,

5ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme

eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu

6elabena Yehowae naa nunya,

eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.

7Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo

eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

8elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu

eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta.

9Ekema àse nu si nyo,

le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme,

ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme,

10elabena nunya age ɖe wò dzi me,

eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ.

11Tamebubu nyui akpɔ tawò,

eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.

12Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi,

tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me,

13ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna

le mɔ doblukɔwo dzi,

14ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na,

eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu,

15ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃

eye wotrana le woƒe mɔwo dzi.

16Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me

kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me

17ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi

eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii

le Mawu ŋkume la dzi o

18elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me

eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ.

19Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo

alo gena ɖe agbemɔ la dzi o.

20Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi

eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi.

21Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi

eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi

22gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi

eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.

3

Nunya ƒe viɖe bubuwo

1Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o,

eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,

2elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi

ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò.

3Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o,

tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.

4Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui

le Mawu kple amewo ŋkume.

5Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo,

mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o;

6ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi

ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.

7Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o,

ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃.

8Esia ahe dɔyɔyɔ vɛ na wò ŋutilã

kple nunyiame vɛ na wò ƒuwo.

9De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo

kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,

10ekema wò avawo ayɔ agbagba,

eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba.

11Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o

eye mègagbe eƒe mokaname o

12elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo

abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.

13Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu

kple ame si si gɔmesese su

14elabena nunya xɔ asi wu klosalo

eye viɖe geɖe le eme wu sika.

15Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba

eye nu siwo katã dim nèle la,

ɖeke mesɔ kplii o.

16Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me,

eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me.

17Eƒe mɔwo nye mɔ siwo dzi vivi le

eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã.

18Enye agbeti na ame siwo xɔ eya amea

eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo.

19Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyii

eye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe.

20Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe

eye lilikpowo dzaa zãmu.

21Vinye, lé afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi,

mègana woadzo le ŋkuwòme o.

22Woanye agbe na wò

kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ.

23Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me

eye wò afɔ maɖiɖi o.

24Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o,

ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi.

25Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyi

alo gbegblẽ si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi o

26elabena Yehowa anye wò dzideƒo

eye mana wò afɔ naɖo mɔ me o.

27Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ,

ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o.

28Mègagblɔ na wò aƒelika be,

“Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na wò” esi wòle asiwò fifia o.

29Mègaɖo vɔ̃ ɖe wò aƒelika,

ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o.

30Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzro

esi mewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o.

31Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla

alo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o,

32elabena Yehowa nyɔa ŋu ŋutsu nu tovo wɔla

gake elɔ̃a ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe.

33Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo

ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi.

34Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu,

ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.

35Nunyalawo nyia bubu ƒe dome,

ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe.

4

Nunya ƒo nuwo katã ta

1Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame;

miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.

2Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam

eya ta migagbe nye nufiafia o.

3Esi menye ɖevi sue kple vi fɛ̃ le fofonye ƒe aƒe me

kple vi ɖekɛ na danye la,

4efia num hegblɔ be,

“Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã,

lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe.

5Dze nunya, di gɔmesese,

mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.

6Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò,

lɔ̃e ekema akpɔ tawò.

7Nunya ƒo nuwo katã ta

eya ta dze nunya.

Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la,

di gɔmesese.

8De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi,

xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò.

9Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene

eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.”

10Ɖo to afii, vinye,

ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.

11Mele nunya ƒe mɔ fiam wò

eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo.

12Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò

afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o.

13Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o;

dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò.

14Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo

alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o.

15Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o,

lé wò mɔ tsɔ nàyi afi si yim nèle

16elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa,

womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o

va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi.

17Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo

eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain.

18Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene,

eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie.

19Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene

eye womenya nu si na wole nu klim o.

20Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu

eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu.

21Mègana woadzo le wò ŋkume o,

ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me,

22elabena wonye agbe na ame siwo

ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la.

23Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã,

elabena eyae nye agbe ƒe vudo.

24Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me,

eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ.

25Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe

eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò.

26Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo

eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ.

27Mègadze ɖe ɖusime alo miame o,

eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.

5

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ahasiwɔwɔ ŋuti

1Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu

eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu,

2be nànya nu si nàwɔ

eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo

3elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm,

eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami

4gake le nuwuwu la evena wu veve

eye wòɖana wu yi nuevee.

5Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke

eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe

6Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o,

eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o

7eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom,

migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o.

8Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ,

migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o,

9ne menye nenema o la,

miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime

ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu

kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu.

10Ne menye nenema o la,

amedzrowo anye avuzi le miaƒe kesinɔnuwo dzi

eye nu si nète fifia kpɔ la aɖo atsyɔ̃ na ame bubu ƒe aƒe me.

11Le wò agbe ƒe nuwuwu la, ànɔ ŋeŋem,

ne wò ŋutilã kple wò ameti blibo la vɔ le eme.

12Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ!

Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo!

13Nyemaɖo to nye nufialawo

alo aƒu to anyi ɖe nye amegãwo ŋu o.

14Esusɔ vie donyeme nagblẽ keŋkeŋ

le ameha la katã dome.”

15No tsi tso wò ŋutɔ wò tsiʋe me

kple tsi dzidzi tso wò ŋutɔ wò vudo me.

16Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi

kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea?

17Wonenye wò ɖeka ko tɔ,

mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o.

18Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ

ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.

19Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la,

eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi,

eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa.

20Vinye, nu ka ŋuti nàƒo kpakpakpa ɖe nyɔnu ahasitɔ ŋu?

Nu ka ŋuti nàlé alime na ame bubu srɔ̃?

21Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume

eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ.

22Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ,

eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.

23Aku le ɖokuidzimaɖumaɖu ta

eye eƒe bometsitsi gã la akplɔe atrae.

6

Nuxɔxlɔ̃ amewo le bometsitsi ŋuti

1Vinye, ne ède megbe na wò aƒelika,

eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ,

2ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo

eye wò numenyawo bla wò la,

3ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe,

esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta.

Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò,

ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe!

4Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o

eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o.

5Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene

alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene.

6Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ;

kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya!

7Gbeɖela loo dzikpɔla

alo dziɖula aɖeke mele esi o,

8gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu

eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi.

9Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma?

Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?

10Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe,

ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,

11tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene

eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.

12Yakame kple ame baɖa

si le yiyim kple alakpadada,

13le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam

eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii,

14ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me,

eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la

15eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi

eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o.

16Nu adree Yehowa tsri,

eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui:

17dadaŋkuwo, alakpaɖe,

asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi,

18dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo,

afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti

19aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi,

kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ahasiwɔwɔ ŋuti

20Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi

eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.

21Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee

eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti.

22Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la,

woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò

23elabena sedede siawo nye akaɖi,

nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo

si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,

24esi aɖe wò tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me

kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me.

25Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò

le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o,

26elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò,

nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò.

27Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata

eye eƒe awuwo nagbe fiafia?

28Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi

eye eƒe afɔwo nagbe fiafia?

29Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃,

womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o.

30Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu,

ne dɔ la ewum o

31gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre,

esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi.

32Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o

eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome.

33Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome

eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o

34elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla

eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o.

35Maxɔ avulénu aɖeke o,

eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã.

7

Kpɔ nyuie le nyɔnu ahasitɔ ŋuti

1Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi

eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò.

2Lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe

eye dzɔ nye nufiamewo ŋuti abe wò gadaglamakui ene.

3Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu

eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.

4Gblɔ na nunya be,

“Nɔvinye nyɔnu nènye.”

Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese,

5woana nyɔnu ahasitɔ la nanɔ adzɔge na wò,

eye woaɖe wò le srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe amenublenyawo ƒe asi me.

6Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu,

hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me.

7Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome,

mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome.

8Ele zɔzɔm le kpɔdome,

ɖo ta dzogoe si me nyɔnu la le la me;

ezɔ ɖo ta afi si nyɔnu la ƒe aƒe le,

9le fiẽ me, esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm,

eye zã do blukɔ.

10Tete nyɔnu aɖe do go va kpee,

edo awu abe gbolo ene eye ayedzedze le mo nɛ.

11Eƒe gbe le dzi dem,

metsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o

eye eƒe afɔwo gbe tɔtɔ ɖe aƒe me,

12ele kpɔdome fifia, kasia egado ɖe ablɔme xoxo

eye wòdea xa ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.

13Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe

eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be,

14“Ŋutifafavɔsa le aƒenye me,

egbe mexe nye adzɔgbeɖefewo o,

15eya ta medo be mava do go wò,

medi wò eye meke ɖe ŋuwò!

16Meɖo aklala biɖibiɖi ƒe abadzivɔ si wode amadede vovovowoe,

esi wowɔ le Egipte la ɖe nye aba dzi.

17Mewu lifi,

anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi,

18eya ta va, míano lɔlɔ̃ wòasu mí va se ɖe ŋdi,

na míatsɔ lɔlɔ̃ ado vivi ɖe mía ɖokuiwo ŋu!

19Nye aƒetɔ mele aƒe o,

ezɔ mɔ didi aɖe.

20Etsɔ eƒe gakotoku si ga yɔ fũu la dzoe

eye ne dzinu sɔ tegblẽ hafi wòagbɔ.”

21Etsɔ amenublenya siawo blee

eye wòtsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la kplɔe trae.

22Etso zia enumake hekplɔe ɖo abe nyitsu

wokplɔ yina wuwu ge

alo abe zi si ɖo afɔ mɔ me ene.

23Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã,

abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi

eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene

24eya ta azɔ la, vinyewo,

miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu.

25Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu loo,

alo miatra age ɖe eƒe toƒewo o.

26Elabena ame siwo tsi esi me la sɔ gbɔ,

eye ame siwo wòwu la de ha.

27Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza

siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me.

8

Nunya ƒe ameyɔyɔ

1Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa?

Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?

2Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame,

afi si afɔmɔwo do go le.

3Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa

kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be,

4“O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na

eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã.

5Mi bebewuwo, midze nunya;

mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si.

6Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ;

meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe.

7Nye nu gblɔa nu si le eteƒe,

elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.

8Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe;

ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o.

9Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le;

fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o.

10Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe

kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe

11elabena nunya xɔ asi wu adzagba

eye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o.

12“Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka;

gɔmesese kple sidzedze le asinye.

13Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃,

eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi,

agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.

14Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso,

gɔmesese kple ŋusẽ le asinye.

15Dzinyee fiawo tona ɖua fia

eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe.

16Dzinyee dumegãwo tona kplɔa du

eye nenema kee nye bubume

siwo le dzi ɖum le anyigba dzi.

17Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am

eye ame siwo diam la kpɔam.

18Hotsui kple bubu bɔ ɖe asinye,

nenema kee nye kesinɔnu

siwo megblẽna o kple dzidzedze.

19Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ,

eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa.

20Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi

kple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo,

21eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo lɔ̃am la dzi,

henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana.

22“Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene,

hafi wòava wɔ nuwo le blema.

23Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke,

tso gɔmedzedzea me,

hafi xexea me nava dzɔ.

24Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o,

eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o.

25Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la,

nye la, wodzim xoxo.

26Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbe

alo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo.

27Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe

eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame.

28Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo,

eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe,

29esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be

eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o

eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo.

30Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi,

dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbe

eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi.

31Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me

eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam.

32“Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom;

woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi.

33Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya,

mègado tokue o.

34Woayra ame si ɖoa tom,

nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe

eye wòlalana le nye kpui nu

35elabena ame si ke ɖe ŋutinye la,

ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.

36Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la,

wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”

9

Nunya kple bometsitsi ƒe amekpekpe

1Nunya tu eƒe xɔ

eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te.

2Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu,

tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.

3Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo

eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be,

4“Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!”

Egblɔ na numanyalawo be,

5“Miva, miɖu nye nu

eye mino nye wain si metɔtɔ.

6Miɖe asi le bometsitsi ŋu,

ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me.

7“Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm

eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu.

8Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la,

alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya.

9Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu,

fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti.

10“Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze

eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese

11elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu

eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo.

12Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò;

ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.”

13Nyɔnu bometsila la le ɣli dom,

womekplae o eye menya nu hã o.

14Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu,

enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake

15le ame siwo va le eme tsom la yɔm,

ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be,

16“Mí ame siwo katã nye bebewuwo la,

mige ɖe eme le afii!”

Egblɔna na ame siwo menya nu o la be,

17“Tsi si wofi la vivina,

eye nu si woɖu le vivime la vivina!”

18Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o

eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o.

10

Salomo ƒe lododowo

1Solomo ƒe lododowo:

Ɖevi si nya nu la nana fofoa kpɔa dzidzɔ,

ke ɖevi si tsi bome la hea nuxaxa vɛ na dadaa.

2Kesinɔnu si wokpɔ to mɔ fitifitiwo dzi la menye viɖe aɖeke o,

gake dzɔdzɔnyenye ɖea ame tso ku me.

3Yehowa menaa dɔ wua ame dzɔdzɔewo o,

ke egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe didiwo me.

4Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko

gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ.

5Ame si ƒoa nukuwo nu ƒu le dzomeŋɔli la nye vi nyanu,

ke ame si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi ŋukpenuwɔlae.

6Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta

ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me.

7Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra,

ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã.

8Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo,

ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.

9Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me,

ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi.

10Ame si tea ŋku ɖe ame kple dziku la

hea nuxaxa vɛ, eye bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.

11Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo,

ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ɖi ƒe nu me.

12Fuléle hea mama vɛ,

gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.

13Nunya le nugɔmeselawo ƒe nuyi dzi,

ke ameƒoti adze dzime na numanyalawo.

14Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo,

ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ.

15Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye du si ŋu wotɔ glikpɔ sesẽ ɖo,

ke hiãtɔwo ƒe ahedada nye woƒe gbegblẽ.

16Ame dzɔdzɔe ƒe dɔwɔfetu hea agbe vɛ nɛ,

gake ame vɔ̃ɖi ƒe viɖe hea tohehe vɛ nɛ.

17Ame si ɖo to amehehe la le agbemɔ fiam

gake ame si gbea ɖɔɖɔɖo la kplɔa ame bubuwo tranae.

18Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi

eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae.

19Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o,

ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae.

20Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe le abe klosalo nyuitɔ ene,

ke viɖe mele ame vɔ̃ɖi ƒe dzi ŋu o.

21Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi hea nunyiame vɛ na ame geɖewo,

gake bometsilawo kuna le simadzemadze ta.

22Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ,

eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o.

23Bometsila kpɔa dzidzɔ le nu tovo wɔwɔ ŋu,

ke ame si sea nu gɔme la,

nunyae nye eƒe dzidzɔ.

24Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le lae ava tui,

ke nu si dim dzɔdzɔetɔ le la, eyae woanae.

25Ne ahomya ƒo va yi la,

ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o,

ke ame dzɔdzɔe ya anɔ te sesĩe ɖaa.

26Abe ale si aha tsitsi nɔna na aɖu

eye dzudzɔ nɔna na ŋku ene la,

nenema kuviatɔ le na ame siwo dɔ dɔe.

27Yehowavɔvɔ̃ nana agbe didina.

Ke ame vɔ̃ɖi ƒe agbenɔƒewo le kpuie.

28Ame dzɔdzɔe ƒe viɖee nye dzidzɔ

gake ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua dzodzro.

29Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe,

ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo.

30Womaho ame dzɔdzɔe la akpɔ gbeɖe o

gake ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o.

31Nunya dona tso dzɔdzɔetɔ la ƒe nu me,

gake woalã alakpaɖe la ɖa.

32Ame dzɔdzɔe ƒe nuyiwo nya nya dzeto gbɔgblɔ,

gake ame vɔ̃ɖi ƒe nu gblɔa nya tovowo.

11

1Yehowa tsri nudanu amebatɔ,

ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ.

2Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu,

ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ.

3Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo,

ke nuteƒemawɔlawo la,

woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo.

4Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe,

ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.

5Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ,

ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi.

6Ame dzɔdzɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo,

ke didi vlowo zua mɔ ɖea nuteƒemawɔlawo.

7Ne ame vɔ̃ɖi ku la,

eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na,

nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso

eƒe ŋusẽ me la zua tofloko.

8Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me

eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ.

9Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee,

ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me.

10Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la,

du blibo kpɔa dzidzɔ,

ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la,

wodoa dzidzɔɣli.

11To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi,

ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi.

12Ame manyanu doa vlo ehavi,

ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe.

13Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla,

ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya.

14Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o,

ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi.

15Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu,

ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie.

16Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu,

ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.

17Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui,

gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii.

18Woxea fetu si me beble le la na ame vɔ̃ɖi,

ke ame si ƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku la axa nu geɖe.

19Ame si nye dzɔdzɔetɔ vavã la, akpɔ agbe,

ke ame si ti nu vɔ̃ɖi yome la yia eƒe ku me.

20Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa,

ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu.

21Maka ɖe esia dzi na mi be,

womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o,

ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo.

22Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la,

nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o.

23Ame dzɔdzɔewo ƒe didiwo vaa eme na wo nyuie,

ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ wua nu le dziku me.

24Ame ɖeka naa nu faa

gake egakpɔa geɖe ɖe edzi,

ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu

gake ahe ko wòdana.

25Nu adze dzi na ame si na nu faa,

ame si na amewo ƒe dzi dze eme la,

woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme.

26Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee

gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi.

27Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ

gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim.

28Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la

adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene.

29Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la,

ya anye eƒe domenyinu

eye bometsila anye subɔla na nunyala.

30Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti,

eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae.

31Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la,

ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!

12

1Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze,

ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae.

2Yehowa vea ame nyui la nu,

ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya.

3Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii o

gake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o.

4Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua,

ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.

5Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka,

ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble.

6Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu

gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo.

7Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o,

ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa.

8Wokafua ame le nunya si le esi la ta,

ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo.

9Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò,

wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o.

10Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo

ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ.

11Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe,

ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae.

12Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woha la le ŋutasẽlawo dzrom,

ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke ƒona ɖe to sesĩe.

13Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ,

ke ame dzɔdzɔe dona le fu me.

14Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ,

eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ.

15Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume,

ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo.

16Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka,

ke nunyala doa toku dzudzu.

17Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu,

ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu.

18Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene,

ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ.

19Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa,

ke alakpaɖe nu mesena yina o.

20Beble le ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la ƒe dzi me,

ke dzidzɔ nɔa ame siwo hea ŋutifafa vɛ la ƒe dzi me.

21Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o,

ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu.

22Yehowa lé fu alakpanuyiwo,

ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu.

23Nunyala mekɔa nu le sidzedze si su esi la dzi o,

ke bometsilawo ƒe dzi ɖea gbeƒã woƒe bometsitsi.

24Asi si doa vevi nu la aɖu fia,

ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me.

25Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi,

ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame.

26Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me,

ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.

27Kuviatɔ memea eƒe adelã o,

ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo.

28Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me,

makumaku le mɔ ma dzi.

13

1Vi nyanu ɖoa to fofoa ƒe amehehe,

ke fewuɖula metsɔa ɖeke le mokaname me o.

2Ame ƒe nu ƒe kutsetsee wòtsɔna ɖua nu nyuiwoe,

ke nuteƒemawɔlawo ƒe dzi tsi dzi ɖe nu vlo wɔwɔ ŋuti.

3Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti,

ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃.

4Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o,

ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.

5Ame dzɔdzɔe léa fu alakpanya,

ke ame vɔ̃ɖiwo ya hea ŋukpe kple vlododo vɛ.

6Dzɔdzɔenyenye dzɔa ŋutsu fɔmaɖila ƒe agbe ŋuti,

ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi léa nu vɔ̃ wɔla ƒua anyi.

7Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o,

ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi.

8Ame ƒe kesinɔnuwo ate ŋu aƒle eƒe agbe ta

gake ame dahe mesea ŋɔdzidoname aɖeke o.

9Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie,

ke wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi.

10Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ,

ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ.

11Ga si wokpɔ to mɔ fitifiti dzi la nu va yina,

ke ame si dia ga vivivi la wɔnɛ be wòdzina ɖe edzi.

12Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ,

ke didi si va eme la nye agbeti.

13Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu,

ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo.

14Nunyala ƒe nufiafia nye agbevudo,

eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.

15Gɔmesese nyui hea amenuveve vanɛ,

ke nuteƒemawɔlawo ƒe mɔ dzi sesẽna.

16Nunyala ɖe sia ɖe wɔa nu kple gɔmesese,

ke bometsila ɖea eƒe bometsitsi fiana.

17Dɔtsɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me,

ke dɔtsɔla si wɔa nuteƒe la hea dɔyɔyɔ vanɛ.

18Ame si do toku amehehe la,

ahedada kple ŋukpe vaa edzi,

ke wodea bubu ame si lɔ̃a mokaname ŋuti.

19Didi si vaa eme la vivina na luʋɔ,

ke vɔ̃tsitsri nye ŋunyɔ na bometsilawo.

20Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya,

ke ame si dzea xɔ̃ bometsilawo la

gena ɖe fuwɔame me.

21Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome

gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu.

22Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo,

ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo.

23Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe,

ke amebaba kplɔnɛ dzonae.

24Ame si vea nu le ameƒoti gbɔ la léa fu via,

ke ame si lɔ̃a via la kpɔa egbɔ be yehee nyuie.

25Ame dzɔdzɔe ɖua nu ɖia ƒo,

ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya.

14

1Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ,

ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ

ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi.

2Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la vɔ̃a Yehowa,

ke ame siwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la doa vloe.

3Bometsila ƒe nuƒo nana ameƒoti dzea eƒe dzimegbe,

ke nunyala ƒe nuyi kpɔa eta.

4Ne nyiwo meli o la, nyikpo me ɖia gbɔlo,

ke woxaa nuku geɖe to nyitsu ƒe ŋusẽ me.

5Ɖasefo nyateƒetɔ meblea ame o,

ke aʋatsoɖasefo ya trɔa alakpa kɔna ɖi glẽglẽglẽ.

6Fewuɖula dia nunya gake mekpɔa ɖeke o,

ke gɔmesese vana na ame si si sidzedze le la bɔbɔe.

7Te ɖa le bometsila gbɔ

elabena màkpɔ gɔmesese le eƒe nu me o.

8Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu,

ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa.

9Bometsilawo le alɔme ɖem le nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋuti,

ke ŋudzedzekpɔkpɔ le dzɔdzɔetɔwo dome.

10Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese

eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o.

11Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe,

ke ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ anɔ anyi ɖaa.

12Mɔ aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume,

ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.

13Le nukoko gɔ̃ hã me la,

dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me.

14Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta

eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu.

15Susu wodzoetɔ xɔa nya sia nya dzi sena,

ke nunyala dea ŋugble le eƒe afɔɖeɖewo ŋuti.

16Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa,

ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe.

17Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo

eye wòléa fu ayedzela.

18Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi,

ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo.

19Ame vɔ̃ɖiwo adze klo ɖe ame nyuiwo ŋkume

eye nenema ke nu tovo wɔlawo awɔ le ame dzɔdzɔewo ƒe agbonu.

20Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo,

ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si.

21Ame si do vlo ehavi la wɔ nu vɔ̃,

ke woayra ame si nyo dɔ me na hiãtɔ.

22Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ

ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃

kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo.

23Kutrikuku ɖe dɔwɔna ŋu hea viɖe vɛ,

ke nukpoloeƒoƒo ɖeɖe hea ame yia ahedada mee.

24Nunyalawo ƒe kesinɔnue nye woƒe fiakuku,

gake bometsilawo ƒe bometsinuwɔwɔ hea bometsitsi vanɛ.

25Ɖasefo nyateƒetɔ ɖea ame geɖewo ƒe agbe,

ke aʋatsoɖasefo nye ameblela.

26Ame si vɔ̃a Yehowa la,

mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.

27Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo

eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.

28Ame xexlẽme gbogbo nye fia ƒe ŋutikɔkɔe,

ke ne amewo mele du aɖe me o la,

gbegblẽ vaa dumegã dzi.

29Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si,

ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la,

ɖea eƒe bometsitsi fiana.

30Dzi si me ŋutifafa le la nana agbe ŋutilã

gake ŋubiã nana ƒuwo ƒaƒãna.

31Ame si tea ame dahewo ɖe anyi la doa vlo wo Wɔla,

ke ame si nyoa dɔ me na hiãtɔ la dea bubu Mawu ŋuti.

32Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to,

ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe.

33Ame si si sidzedze su la, nunya tsoa aƒe ɖe eƒe dzi me,

eye le bometsilawo dome gɔ̃ hã la, enana wodzea si ame si ƒomevi wònye.

34Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi,

ke nu vɔ̃ nye ŋukpe na dukɔmeviwo.

35Dɔla nyanu ƒe nu nyoa fia ŋu,

ke eƒe dɔmedzoe vaa dɔla ŋukpenanuwɔla dzi.

15

1Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu,

ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.

2Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana,

gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ.

3Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi

eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo

kple ame nyuiwo siaa ŋu.

4Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti,

ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.

5Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe,

ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae.

6Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala,

ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo.

7Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze,

ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o.

8Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa,

ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.

9Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ,

ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ.

10Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalam

eye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku.

11Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume,

kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi!

12Fewuɖula tsri nyagbename

eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o.

13Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna,

gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.

14Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese

gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu.

15Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃

gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii.

16Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu

kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le.

17Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu

nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo.

18Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ,

ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.

19Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi,

ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata.

20Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa,

ke bometsila doa vlo dadaa.

21Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu,

ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna.

22Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o,

ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze.

23Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame

eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o?

24Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi,

be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o.

25Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi,

ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ.

26Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo,

ke ame siwo dza la tɔ ya doa dzidzɔ nɛ.

27Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi,

ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe.

28Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ,

ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa.

29Yehowa le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo,

ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.

30Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi,

eye nya nyui dea agbe ƒuwo me.

31Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la,

ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome.

32Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui,

ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi.

33Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame

eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.

16

1Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo,

ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ.

2Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o,

ke Yehowa daa susuwo kpɔ.

3Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me,

ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò.

4Yehowa wɔ nu sia nu le eƒe ŋudɔwɔnu ta,

eɖo ame vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã ɖi hena dzɔgbevɔ̃eŋkeke la.

5Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa.

Maka ɖe edzi na wò be,

womagbe tohehe na wo o.

6Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me

eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me.

7Ne ame aɖe ƒe mɔwo nyo Yehowa ŋu la,

enana eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa anyi kplii le ŋutifafa me.

8Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu

nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo.

9Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me,

gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.

10Fia ƒe nuyiwo ƒoa nu abe nya gblɔm wòle ɖi ene

eya ta eƒe nu megatso afia gbegblẽ o.

11Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ

eye nenema ke nudakpe siwo katã

le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ.

12Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo

elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.

13Nuyi siwo dzi alakpa mele o la,

doa dzidzɔ na fiawo,

wodea asixɔxɔ ame si toa nyateƒe la ŋu.

14Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla,

ke nunyala alé avui.

15Ne fia ɖo mo kɔkɔe la,

egɔmee nye agbe

eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene.

16Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o,

eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o!

17Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi

eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti.

18Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ

eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.

19Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi

le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo.

20Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame

eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi.

21Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo,

eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ.

22Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti,

ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo.

23Nunyala ƒe dzi dzɔa eƒe nu ŋuti

eye eƒe nuyiwo doa nufiame ɖe ŋgɔ.

24Nya nyuiwo nye anyitsito,

enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo.

25Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume,

ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.

26Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ,

dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi.

27Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom

eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene.

28Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe

eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome.

29Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu,

eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi.

30Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom,

eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo.

31Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku,

agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ.

32Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ,

ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.

33Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui,

ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.

17

1Abolo ƒuƒlu sue ɖuɖu si ŋu ŋutifafa kple dziɖeɖi kpe ɖo la nyo wu

aƒe si me yɔ fũu kple agbeɖuɖu

eye dzre kpe ɖe eŋu.

2Dɔla nyanu aɖu aƒetɔ ɖe viŋutsu ŋukpenanuwɔla dzi

eye ama domenyinu la kpli wo abe wo nɔviŋutsu wònye ene.

3Sonu li na klosalo eye dzokpo li na sika,

ke Yehowae doa dziwo katã kpɔ.

4Ame vɔ̃ɖi ɖoa to nuyi vɔ̃ɖiwo

eye aʋatsotɔ ƒua to anyi ɖe aɖe si gblẽa ame ŋu la ŋu.

5Ame si ɖea alɔme le ame dahe ŋuti la doa vlo woƒe Wɔla

eye ame si kpɔa dzidzɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ la,

womagbe tohehe nɛ o.

6Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo

eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo.

7Nuyi siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la medzena bometsila

kaka alakpanuyiwo nahayi dziɖula dze ge o!

8Zãnu nye kpe xɔasi na ame si nae,

afi sia afi si wòayi la, edzea dzi nɛ.

9Ame si tsɔ nu tsyɔ vodada dzi la doa lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ

eye ame si gawɔ nu si wòwɔ va yi la maa xɔlɔ̃ veviwo dome.

10Mokaname dea ta me na ame si si sidzedze le

wu nu si ƒoƒo alafa ɖeka nye na bometsila.

11Ame vɔ̃ɖi la ɖoe kplikpaa be yeadze aglã

eya ta woadɔ dumegã sẽŋuta ɖe eŋu.

12Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu

esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me.

13Ne ŋutsu tsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe la,

vɔ̃ madzo ɖa le eƒe aƒe me kpɔ gbeɖe o.

14Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋu ene;

eya ta ɖe asi le nya ŋu hafi wòava zu dzre.

15Afiatsotso na agɔdzela,

kple fɔbubu agɔmadzela siaa nye nu si Yehowa tsri.

16Ŋudɔwɔnu ka ga nye le bometsila ƒe asi me,

esi didi aɖeke mele eme ɖe nunyadidi ŋuti o?

17Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi,

ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe.

18Ame manyanu ƒua asi akɔ

eye wòdoa ŋugbe tsɔa eɖokui daa megbee na ehavi si nyi fe.

19Ame si lɔ̃ dzrewɔwɔ la lɔ̃a nu vɔ̃

eye ame si de agbo kɔkɔ eƒe aƒe nu la le gbegblẽ dim.

20Ame si si dzi dovo le la nu medzea edzi nɛ o

eye ame si si alakpaɖe le la gena ɖe fukpekpe me.

21Viŋutsu si tsi bome la hea veve vɛ,

eye fofo si, si vi tsibome le la makpɔ dzidzɔ o.

22Dzi si kpɔa dzidzɔ la nye atike nyui,

ke gbɔgbɔ si wote ɖe to la nana ƒu tome ƒuna kplakplakpla.

23Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu le bebeme be

wòatrɔ nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi.

24Ame si si sidzedze le la ƒe ŋku nɔa nunya ŋu,

ke bometsila ƒe ŋkuwo tsana,

dona ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.

25Viŋutsu tsibome hea nuxaxa vɛ na fofoa

kple veve vɛ na ame si dzii.

26Menyo be woahe to na fɔmaɖila

alo aƒo dɔnunɔla ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta o.

27Ame si si sidzedze su la nya vlowo medona le enu o

eye ame si si gɔmesese le la ɖɔa ŋu ɖo,

medoa dziku dzodzro o.

28Wobua bometsila gɔ̃ hã nunyalae nenye be ezi ɖoɖoe,

eye wobunɛ sidzelae ne ekpɔ eƒe aɖe dzi nyuie.

18

1Ɖokuitɔdila dia eɖokui ko tɔ

eye meɖoa to nunyanya siwo gblɔm wole la o.

2Bometsila medoa vivi ɖe gɔmesese ŋu o,

ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le eya ŋutɔ ƒe susuɖegblɔ ŋu.

3Ne vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va la, vlododo kplɔnɛ ɖo

eye ne alɔmeɖeɖe va la, ŋukpe dzea eyome.

4Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo,

ke nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim.

5Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi

alo atrɔ ame maɖifɔ ƒe nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi o.

6Bometsila ƒe nuyiwo denɛ dzre me

eye eƒe nu hea ƒoƒo vaa edzii.

7Nu si bometsila ƒe nu gblɔ la,

metso eya ŋutɔ gbɔ o, eye eƒe nuyi nye mɔka na eƒe luʋɔ.

8Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina

abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene;

woyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.

9Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ

ŋuti la nye nugblẽla nɔvi.

10Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ,

ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.

11Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye woƒe du sesẽ

eye wobuna be wonye gli kɔkɔ si ame aɖeke mate ŋu aflɔ o.

12Hafi ame aɖe nadze anyi la,

dada nɔa eƒe dzi me,

ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.

13Enye bometsitsi kple ŋukpe na ame,

be wòaɖo nya ŋu hafi ase nu si gblɔm wole.

14Ame ƒe gbɔgbɔ lénɛ ɖe te le dɔléle me,

ke ame ka ate ŋu atsɔ gbɔgbɔ si gbã gudugudu?

15Sidzela ƒe dzi kpɔa gɔmesese

eye nunyala ƒe to dia gɔmesese.

16Nunana ʋua mɔ na nunala

eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee.

17Ame gbãtɔ si to eƒe nya la dzena dzɔdzɔetɔe

va se ɖe esime ame aɖe va bia gbee.

18Nudzidze tsia dzre nu

eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm.

19Nɔviŋutsu si dzi wodze agɔ le la sẽ wu du si ŋu woɖo gli sesẽ ɖo

eye dzrewɔwɔ le abe fiasã si ƒe agbowo ŋu wode gameti sesẽwoe ene.

20Ame ƒe numekutsetse ɖia ƒo nɛ

eye nuŋeŋe si doa go tso eƒe nuyiwo me la ana eƒe dzi nadze eme.

21Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si,

eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse.

22Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu

eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.

23Ame dahe ɖea kuku biaa nublanuikpɔkpɔ,

ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu adãtɔe.

24Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me,

gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.

19

1Anyo be nànye ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

wu bometsila si ƒe nuyiwo gblɔa nya tovo.

2Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee

alo atsi dzi ahabu mɔ o.

3Ame ŋutɔ ƒe bometsitsie gblẽa eƒe agbe dome,

evɔ eƒe dzi bina ɖe Yehowa ŋu.

4Kesinɔnunɔamesi dzea xɔlɔ̃ geɖe na ame,

gake ame dahe ƒe xɔlɔ̃wo kakana le eŋu.

5Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o

eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la,

madzo le ablɔɖe me o.

6Ame geɖewo wɔa nu be woadze fia ŋu,

eye ame si naa nu ame faa la, ame sia ame dzea xɔ̃e.

7Ame dahe ƒe ƒometɔwo katã ɖea kɔ ɖa le eŋu,

aleke exɔlɔ̃wo magbee geɖe wu o!

Togbɔ be etia wo yome nɔa kuku ɖem na wo hã la,

womedea nu eme nɛ o.

8Ame si, si nunya su la lɔ̃a eya ŋutɔ ƒe luʋɔ

eye ame si melɔ̃a nu le gɔmesese gbɔ o la,

nu dzea edzi nɛ.

9Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o

eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la atsrɔ̃.

10Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila ʋuu keke

wòahanye be kluvi ɖu aƒetɔ ɖe dumegãwo dzi o.

11Ame ƒe nunya nana wògbɔa dzi ɖi

eye ŋutikɔkɔe wònye nɛ ne eŋe aɖaba ƒu dzidada dzi.

12Fia ƒe dziku le abe dzata ƒe gbetete ene,

ke eƒe amenuveve le abe zãmu le gbedzi ene.

13Viŋutsu tsibome nye fofoa ƒe gbegblẽ

eye srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsitrɔnu si le ɖuɖum ɖaa ene.

14Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ,

ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya,

Yehowa gbɔe wòtsona.

15Kuvia nana ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi

eye dɔ wua ƒomewɔla.

16Ame si wɔna ɖe sedede dzi la dzɔa eƒe agbe ŋu,

ke ame si metsɔ ɖeke le eƒe mɔwo ŋu o la aku.

17Ame si nyo dɔ me na hiãtɔ la,

do nugbana na Yehowa, aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.

18He to na viwò ŋutsuvi elabena eya mee mɔkpɔkpɔ le;

ke mègakpe ɖe ame siwo le eƒe ku dim la ŋuti o.

19Ame si dzi kuna helĩhelĩ la,

axe eŋutife; ne èɖee le eme la, agawɔe ake.

20Ɖo to aɖaŋuɖoɖo,

nàxɔ amehehe eye le nuwuwua la, àdze nunya.

21Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me,

gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.

22Nu si ame dina lae nye lɔlɔ̃ si meʋãna o;

enyo be nànye ame dahe wu alakpatɔ.

23Yehowavɔvɔ̃ kplɔa ame yia agbe gbɔe.

Ekema ànɔ anyi aɖe dzi ɖi

eye kuxi aɖeke maƒo go wò o.

24Ne kuviatɔ de asi nuɖugba me la,

maɖee ɖa atsɔ yi nu gbɔe teti gɔ̃ hã o!

25Ƒo fewuɖula kple ati,

ekema gegemewo adze nunya;

ka mo na ame si si sidzedze le, ekema gɔmesese asu esi.

26Ame si daa adzo fofoa,

nyaa dada doa goe lae nye viŋutsu si hea ŋukpe

kple vlododo vɛ.

27Vinye, ne èdzudzɔ amehenyawo sese la,

ekema àtra tso gɔmesese ƒe nyawo gbɔ.

28Aʋatsoɖasefo ɖua fewu le afia nyui tsotso ŋu

eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu miaa nu vɔ̃ɖi.

29Woɖo tohehe ɖi na fewuɖulawo

eye woɖo ƒoƒo ɖi na bometsilawo ƒe dzime.

20

1Wain nye fewuɖula eye aha muame nye avuwɔla,

ame si wokplɔ trae la menya nu o.

2Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene

ame si do dziku nɛ la bua eƒe agbe.

3Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre

gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba.

4Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o,

eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe.

5Ŋutsu ƒe tameɖoɖowo nye tɔ goglo,

gake ame si si nugɔmesese su la akui wòavɔ.

6Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si

gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla?

7Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o;

yayra anɔ viawo dzi emegbe gɔ̃ hã.

8Ne fia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la,

eɖe vɔ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo.

9Ame ka ate ŋu agblɔ bena,

“Mewɔ nye dzi dzadzɛe,

ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?”

10Yehowa lé fu nudakpe vovovo eve

kple nudzidzenu vovovo eve siaa.

11Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me,

ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe.

12Yehowa wɔ to si sea nu

kple ŋku si kpɔa nu la siaa.

13Mègalɔ̃ alɔ̃ tsu dɔdɔ o, ne menye nenema o la,

àva zu hiãtɔ, nɔ ŋu ekema àɖu nu wòasusɔ.

14Nuƒlela gblɔna be,

“Menyo o, menyo o,”

emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi.

15Sika li, adzagba hã li fũu

gake nuyi siwo gblɔa nunyanya la, kpe xɔasi veviwo wonye.

16Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si,

tsɔe ɖo awɔbae ne eda megbe na nyɔnu gbolowɔla.

17Nuɖuɖu si wokpɔ to amefuflu me la vivina na ŋutsu,

gake le nuwuwu la, eƒe nu me yɔna kple kpekui sɔŋ.

18Wɔ ɖoɖo to aɖaŋuxɔxɔ me,

ne èle aʋa wɔm la, bia mɔfiame.

19Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla

eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola.

20Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la,

woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me.

21Domenyinu si wokpɔ to mɔ kpui dzi le gɔmedzedzea me la,

yayra manɔ edzi le nuwuwua o.

22Mègagblɔ be,

“Maɖo vɔ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò” o!

Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe wò.

23Yehowa lé fu nudakpe ƒomevi vovovowo

eye nudanu amebatɔ hã menyoa Yehowa ŋu o.

24Yehowa fiaa afɔɖeɖe ame,

ke aleke ame aɖe awɔ ase eya ŋutɔ ƒe mɔwo gɔme?

25Mɔ wònye na ame ne ekɔ nane ŋu tamemabumabutɔe

eye emegbe hafi wòva bu adzɔgbe si wòɖe la ŋuti.

26Fia nyanu gbɔa ame vɔ̃ɖiwo

eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam.

27Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me

eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ.

28Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nana fia nɔa dedinɔnɔ me

eye to lɔlɔ̃ me eƒe fiazikpui lia ke.

29Ɖekakpuiwo ƒe ŋusẽe nye woƒe ŋutikɔkɔe

eye ta ƒowɔ nye ame tsitsiwo ƒe atsyɔ̃.

30Kɔ kple abixɔxɔ ɖea vɔ̃ ɖa

eye ƒoƒo klɔa ame ƒe ememe ke.

21

1Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me;

efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la

abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene.

2Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu

gake Yehowae daa dziwo kpɔ.

3Nu dzɔdzɔe kple nu si

le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.

4Ŋku gã kple dzi si me dada

le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi,

evɔ wòhenye nu vɔ̃.

5Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ

nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ.

6Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba

abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le.

7Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe

elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o.

8Fɔɖila ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃

gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe.

9Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me

kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.

10Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame vɔ̃ɖi vevie,

mekpɔa nublanui na ehavi o.

11Ne wohe to na fewuɖula la,

bometsilawo dzea nunya;

ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi.

12Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu,

eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi.

13Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la,

ne eya hã do ɣli la,

ame aɖeke masee nɛ o.

14Nunana si wona le adzame la faa dziku nu

eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la

léa avu dziku helĩhelĩ.

15Afia nyui tsotso hea dzidzɔ vɛ na ame dzɔdzɔe,

ke ehea ŋɔdzi vɛ na vɔ̃ wɔlawo.

16Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la

va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me.

17Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ

eye ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o.

18Ame vɔ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe

eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu.

19Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi

kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola.

20Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu,

gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi.

21Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la,

tia agbe, dzidzedze kple bubu.

22Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi

eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.

23Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la,

ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me.

24Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela,

si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”

25Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ,

elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o.

26Ele nu dzrom ŋkeke blibo la,

ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.

27Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu,

kaka wòahanye be etsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi.

28Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi.

29Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi,

ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu.

30Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o,

ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.

31Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu,

gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le.

22

1Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo

eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.

2Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu:

Yehowae nye wo katã Wɔla.

3Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui

gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu.

4Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu,

bubu kple agbe vɛ.

5Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi,

ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ.

6He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la,

mate ɖa le edzi o.

7Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi

eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ.

8Ame si ƒã vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e,

eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti.

9Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo

elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo.

10Nya fewuɖula la do goe eye dzre hã ado go,

nenema ke nyahehe kple dzudzu hã awu nu.

11Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛ kple nuƒoƒo si me nya dzetowo le la,

eyae fia la adze xɔ̃e.

12Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu,

ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo.

13Kuviatɔ gblɔna be,

“Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!”

14Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye

eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme.

15Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu,

ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ.

16Ame si tea ame dahewo ɖe anyi be

yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi

kple ame si naa nu kesinɔtɔ la siaa age ɖe hiã me.

Nunyala ƒe nya blaetɔ̃awo

Nya gbãtɔ

17Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo,

na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti,

18elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe wò dzi me,

eye wo katã nanɔ klalo le wò nuyiwo dzi.

19Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea,

ɛ̃, wòe mele nu fiam.

20Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na wò,

aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo

21be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo

wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu

na ame si dɔ wò la oa?

Nya evelia

22Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o

eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o,

23elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu

eye wòaha ame si ha wo.

Nya etɔ̃lia

24Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o

eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o,

25ne menye nenema o la, àva srɔ̃ eƒe mɔwo

eye nàtsɔ ɖokuiwò ade mɔ me.

Nya enelia

26Mèganye ame si ƒua asi akɔ ɖe fenyila nu

alo dea megbe na ame si do nugbana la o;

27eye ne mèkpɔ ga axe fea o la,

woaɖe aba si dzi nèmlɔna la gɔ̃ hã le tewò.

Nya atɔ̃lia

28Mègaɖe blemaliƒokpe

si fofowòwo ɖi la ɖa o.

Nya adelia

29Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma?

Asubɔ le fiawo ŋgɔ

eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o.

23

Nya adrelia

1Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la,

lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie

2eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi

ne ènye nutsuɖula.

3Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o

elabena nuɖuɖu ma nye beble.

Nya enyilia

4Mègaku kutri vivivo,

agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o,

dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.

5Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la,

wo nu va yi xoxo

elabena woato aʋala godoo

eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene.

Nya asiekelia

6Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o,

eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o,

7elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum.

Egblɔ na wò be,

“Ɖu nu, nàno nu”

gake megblɔe tso eƒe dzi me o.

8Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã

eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee.

Nya ewolia

9Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o,

elabena ado vlo wò nunyanyawo.

Nya wuiɖekɛlia

10Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa

alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o

11elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila;

eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu.

Nya wuievelia

12Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu

eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu.

Nya wuietɔ̃lia

13Mègagbe tohehe na ɖevi o,

ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o.

14Tsɔ ameƒoti he to nɛ

eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me.

Nya wuienelia

15Vinye, ne wò dzi dze nunya la,

ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ

16eye nye ememe ke atso aseye ne wò

nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe.

Nya wuiatɔ̃lia

17Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o,

ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu.

18Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna

eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.

Nya wuiadelia

19Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya

eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi.

20Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo

alo lã geɖe ɖulawo o.

21Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la,

ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me.

Nya wuiadrelia

22Ɖo to fofowò, ame si dzi wò

eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.

23Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o;

ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.

24Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe

eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.

25Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ

eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye!

Nya wuienyilia

26Vinye, tsɔ wò dzi nam

eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu

27elabena gbolo la, ʋe globoe wònye

eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la,

vudo xaxɛ wònye.

28Ede xa ɖi abe adzodala ene

eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi.

Nya wuiasiekelia

29Ame kae le hũu ɖem?

Ame kae le veve sem?

Ame kae le nu xam?

Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm?

Ame kae xɔ abi yakatsyɔ?

Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene?

30Ame siwo tsia wainze te la tɔe,

ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe.

31Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe,

ne ele fu tsɔm le kplu me,

ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o!

32Le nuwuwu la,

eɖua ame abe da ene

eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.

33Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo

eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum.

34Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi

alo ame si mlɔ abala dzi ene.

35Àgblɔ be,

“Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o!

Woƒom gake mevem o!

Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”

24

Nya blaevelia

1Mègabiã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o,

mègadi woƒe hamenɔnɔ o

2elabena woƒe dzi ɖoa nu tovo

eye woƒe nuyiwo ƒoa nu tso nu gbegblẽ wɔwɔ ŋuti.

Nya blaeve-vɔ-ɖekɛlia

3Nunya wotsɔna tua xɔe

eye gɔmesese wotsɔna ɖoa egɔme anyie,

4to sidzedze me wotsɔa nu nyui tɔxɛ siwo mebɔ o

kple kesinɔnu nyuiwo yɔa woƒe xɔwo mee.

Nya blaeve-vɔ-evelia

5Ŋusẽ gã aɖe le nunyala si

eye ame si si gɔmesese le la dzia eƒe ŋusẽ ɖe edzi.

6Èhiã nufiame hafi adze aʋa eye hafi dziɖuɖu nava la,

èhiã aɖaŋuɖola geɖewo.

Nya blaeve-vɔ-etɔ̃lia

7Nunya kɔ boo na bometsila akpa;

le amehawo dome, le agbo nu la, nya aɖeke mele esi wòagblɔ o.

Nya blaeve-vɔ-enelia

8Ame si ɖo vɔ̃ be yeawɔ

lae woyɔna be ame vɔ̃ɖi.

9Bometsinuwo ɖoɖo nye nu vɔ̃ eye amewo tsria fewuɖula.

Nya blaeve-vɔ-atɔ̃lia

10Ne èʋuʋu le xaxaɣi la,

aleke wò ŋusẽ mehele sue o?

11Ɖe ame siwo wokplɔ yina wuwu ge

eye xɔ na ame siwo le yiyim sɔgɔsɔgɔ yina ɖe ku me.

12Ne ègblɔ be,

“Míenya naneke tso nu sia ŋuti o” la,

ɖe ame si daa dziwo kpɔ la menyae oa?

Ɖe wòle nyanya na ame si kpɔa wò agbe ta?

Ɖe maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu oa?

Nya blaeve-vɔ-adelia

13Vinye, no anyitsi elabena enyo;

anyitsi tso anyito me avivi le wò nu me.

14Nyae hã be, nunya avivi wò luʋɔ nu;

ne èke ɖe eŋu la,

mɔkpɔkpɔ li na wò hena etsɔ si gbɔna

eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.

Nya blaeve-vɔ-adrelia

15Mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o,

mègava ha enɔƒe o

16elabena togbɔ be ame dzɔdzɔe adze anyi zi adre hã la,

agafɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ya la,

dzɔgbevɔ̃e ahe wo aƒu anyi.

Nya blaeve-vɔ-enyilia

17Mègakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ne wò futɔ dze anyi o,

eye ne ekli nu la,

dzi megadzɔ wò o,

18elabena Yehowa akpɔe, eye madze eŋu o,

eye wòaɖe eƒe dziku ɖa le edzi.

Nya blaeve-vɔ-asiekelia

19Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta

alo aʋã ŋu ŋutasẽla o,

20elabena mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame vɔ̃ɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋuti o

eye woatsi ŋutasẽlawo ƒe akaɖi.

Nya blaetɔ̃lia

21Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la

eye mègade aglãdzelawo dzi o

22elabena ame eve mawo ana gbegblẽ naƒo ɖe wo dzi kpoyi

eye ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si woate ŋu ahe vɛ?

Nunyalawo ƒe nyagbɔgblɔ bubuwo

23Esiawo hã nye nunyalawo ƒe nyagbɔgblɔwo:

Akpa ɖeka dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.

24Ame si agblɔ na fɔɖila be,

“Mèdze agɔ o” la, amewo ado ɖiŋu nɛ

eye dukɔwo anyɔ ŋui.

25Ke eme anyo na ame siwo abu fɔ agɔdzela

eye yayra gãwo ava wo ameawo dzi.

26Nyaŋuɖoɖo ɖe ɖoɖo nu le

abe nugbugbɔ ene.

27Wu wò gotadɔwo nu

eye nàdzra wò agble me ɖo,

ema megbe la, tu wò xɔ.

28Mègaɖu ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro

alo atsɔ wò nuyiwo aka aʋatsoe o.

29Mègagblɔ be,

“Mele ewɔ ge nɛ abe ale si wòwɔe ɖe ŋutinye ene,

mele eteƒe ɖo ge na ŋutsu sia ɖe nu si wòwɔ la ta” o.

30Meto kuviatɔ kple ame manyanu

ƒe waingble ŋu yi;

31ŋu vu tsyɔ afi sia afi,

gbe to ɖe eme katã eye kpekpɔ la kaka le eŋu.

32Metsɔ nye dzi ɖo nu si mekpɔ la ŋu

eye mesrɔ̃ nu tso nu si mekpɔ la me.

33Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe,

ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,

34tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene,

eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.

25

Salomo ƒe lododo bubuwo

1Esiawoe nye Solomo ƒe lododo bubu siwo Yuda fia Hezekia ƒe dɔdzikpɔlawo ŋlɔ da ɖi.

2Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya;

eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me.

3Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la,

nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o.

4Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu,

ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu.

5Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia la ŋkume

ekema eƒe fiazikpui ali ke to dzɔdzɔenyenye me.

6Mègado ɖokuiwò ɖe dzi le fia la ŋkume o

eye mègaʋli nɔƒe le amegãwo dome o.

7Enyo be wòagblɔ na wò be,

“Va dzime le afii” wu be wòaɖiɖi wò le bubumewo ŋkume.

Nu si nèkpɔ kple wò ŋkuwo la,

8mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o

elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua

ne hawòvi la do ŋukpe wò?

9Ne èle nya hem kple hawòvi la,

mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o,

10ne menye nenema o la,

ame si see la ado ŋukpe wò

eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o.

11Nya si wogblɔ dedie la,

le abe “sikaplu” le klosalogba me ene.

12Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la

abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene.

13Dɔla nuteƒewɔla le na ame siwo dɔe la

abe ale si sno fanae le nuŋeɣi ene;

enana eƒe aƒetɔwo ƒe gbɔgbɔ gbɔna ɖe eme.

14Ŋutsu si ƒoa adegbe le nunana siwo mena o ŋu la

le abe lilikpododo kple ya si medzaa tsi o la ene.

15Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue

eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu.

16Ne èke ɖe anyitsi ŋu la, no esi sinu nàte ŋui ko,

ne ènoe fũu akpa la, àdzɔe.

17Mègaƒo afɔɖi hawòvi ƒe aƒe me o,

ne èle egbɔ dem kabakaba la, ava tsri wò.

18Ŋutsu si ɖi aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la le abe kpo,

yi alo aŋutrɔ ɖaɖɛ ene.

19Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣiwo le abe aɖu vovo

alo afɔ tutu ene.

20Ame si dzi ha na dzi kpekpe tɔ la le

abe ame si ɖe awu kpekpe ɖi le vuvɔwɔgbe

alo “vinigae” wokɔ ɖe “soɖa” dzi ene.

21Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na nui wòaɖu,

ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.

22Ne èwɔ esia la,

àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi,

eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na wò.

23Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la,

nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.

24Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be

woanɔ aƒe ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.

25Abe ale si tsi fafɛ faa akɔ na luʋɔ gbɔdzɔe ene la,

nenema kee nya nyui tso duta hã nɔna.

26Ame dzɔdzɔe si na mɔ ame vɔ̃ɖi la

le abe tsitsetse si me blu

alo vudo si me wolɔ gbe kɔ ɖo la ene.

27Menyo be woano anyitsi fũu

alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o.

28Ame si meɖua eɖokui dzi o la

le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.

26

1Abe ale si sno dzanae le dzomeŋɔli

alo tsi dzanae le nuŋeɣi ene la,

nenemae bubu medze bometsila o.

2Abe ale si atsutsrɔe dzonae

alo sagbadrɛ saa agbae ene la,

nenemae ɖiŋu si wodo na

ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee.

3Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi

nenemae ameƒoti li na bometsila ƒe dzimegbe!

4Mègaɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu o,

ne menye nenema o la, wò ŋutɔ hã ànɔ abe eya amea ene.

5Ɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu,

ne menye nenema o la ava bu eɖokui nunyalae le eɖokui gbɔ.

6Dudede asi na bometsila le

abe ame ŋutɔ ƒe afɔ lalã alo dzɔgbevɔ̃e nono ene.

7Abe ale si atatututɔ ƒe afɔ nɔa yamee ene la,

nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee.

8Abe ale si wotsɔa kpe dea akafomee ene la,

nenemae bubudede bometsila ŋu le.

9Abe ale si ŋuti nɔna le ahamula ƒe asimee ene la,

nenemae lododo nɔna le bometsila ƒe nu mee.

10Ame si daa aŋutrɔ bometsila dzodzro la le

abe ame si dɔa dɔ ame si le eme tsom la ene.

11Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la,

nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi.

12Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa?

Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea.

13Kuviatɔ gblɔna be,

“Dzata le mɔa dzi, dzata si le gbe tem ŋɔdzitɔe la

le tsatsam le ablɔwo me!”

14Abe ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee ene la,

nenemae kuviatɔ nɔa tɔtrɔm le eƒe aba dzii.

15Kuviatɔ tsɔ eƒe asi de nuɖugba me

gake kuvia ɖoe ale gbegbe be,

edede nu me zu dɔ nɛ.

16Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume,

wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe.

17Ame si le eme tsom gake de nu dzrenya si metsɔ egbɔ o

me la le abe ame si lé towo kple eve na avu ene.

18Abe ale si aɖaʋatɔ daa akakati bibi

alo aŋutrɔ si ŋu aɖi le la ene la,

19nenemae nye ame si ble ehavi

eye emegbe wògblɔ nɛ be,

“Fefem ko mele!”

20Ne nake meli o la,

dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena.

21Abe ale si aka léa dzo eye nake doa dzo ene la,

nenema ŋutsu dzretɔ ƒlɔa dzre ɖoe.

22Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina

abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene;

eyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.

23Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la,

nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le.

24Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue,

gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me.

25Togbɔ be eƒe nyawo nya le sesem hã la, mègaxɔ edzi se o

elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me.

26Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe,

gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome.

27Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme

eye ame si amli kpe la,

kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi.

28Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii,

eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ.

27

1Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o

elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o.

2Na ame bubu nakafu wò,

ke menye wò ŋutɔ wò nu o,

ame bubu newɔe, menye wò ŋutɔ wò nuyiwo o.

3Kpe nye nu kpekpe eye ke nye agba kpekpe

gake bometsila ƒe dzikudoname kpena wu wo ame evea.

4Dziku la ŋutasẽlae eye dɔmedzoe la agbodzelae,

ke ame ka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?

5Mokaname le ame dome nyo

wu lɔlɔ̃ si woɣla.

6Àte ŋu aka ɖe xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu dzi

gake ketɔ ƒe nugbugbɔ dzina ɖe edzi.

7Ƒoɖila doa vlo anyitsi,

ke hena dɔwuitɔ la, nu veve gɔ̃ hã vivina nɛ.

8Ame si tra tso eƒe aƒe me la

le abe xevi si bu eƒe atɔmemɔ ene.

9Ami ʋeʋĩ kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ doa dzidzɔ na dzi,

xɔlɔ̃ ƒe nunyoamenu tsoa eƒe aɖaŋuɖoɖo vavãwo me.

10Mègagblẽ xɔ̃wò alo fofowò xɔlɔ̃ ɖi o,

eye mègayi nɔviwò ƒe aƒe me ne dzɔgbevɔ̃e ƒo go wò o,

anyo na wò be nàyi hawòvi si tsɔ ɖe gbɔwò la gbɔ wu

nɔviwò si le adzɔge.

11Vinye, dze nunya eye nàhe dzidzɔ vɛ na nye dzi;

ekema mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si ado vlom.

12Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui

gake bometsila le yiyim eye wòkpe fu ɖe eta.

13Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si,

tsɔe de awɔba me, ne eda megbe na nyɔnu ahasitɔ.

14Ne ŋutsu aɖe le eƒe aƒelika yram kple ɣli le ŋdi kanya la,

woatsɔe abe ɖiŋudodo ene.

15Srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsitrɔnu si

le ɖuɖum madzudzɔmadzudzɔe le tsidzagbe ene.

16Asiɖoɖo edzi le abe asiɖoɖo ya dzi ene

alo asitsɔtsɔ ku ami ene.

17Abe ale si ga nyrea ga ene la,

nenema kee ame nyrea amee.

18Ame si lé be na eƒe gboti nyuie la aɖu eƒe tsetsea

eye woade bubu ame si kpɔ eƒe aƒetɔ dzi la ŋu.

19Abe ale si ame ƒe mo dzena le tsi dzii ene la,

nenema ame ƒe dzi ɖea eƒe nɔnɔme fianae.

20Ku kple tsiẽƒe meɖia ƒo gbeɖe o

nenema kee nye ame ƒe ŋku.

21Sonu li na klosalo, eye dzokpo li na sika,

gake wodoa ame kpɔ to kafukafu si wotsɔ nɛ la dzi.

22Togbɔ be èto bometsila le to me,

ètoe kple tati abe bli ene hã la,

màte ŋu aɖe eƒe bometsitsi ɖa le eŋu o.

23Ka ɖe edzi be wò alẽhawo ƒe nɔnɔme le nyanya na wò

eye wò ŋku le wò lãhawo ŋu ɖaa;

24elabena kesinɔnuwo menɔa anyi ɖikaa o

eye fiakuku hã menɔa anyi hena dzidzimewo katã o.

25Ne woƒo gbe eye gbe mumu mie ɖe eteƒe,

ne wolã gbe siwo le togbɛwo dzi ƒo ƒui la,

26ekema alẽviawo ana avɔ wò

eye gbɔ̃wo anye ga si nàtsɔ aƒle agblee.

27Gbɔ̃notsi anɔ asiwò fũu

be wò kple wò aƒemetɔwo miano

eye wòanye nunyiame na wò dɔlanyɔnuwo.

28

1Ame vɔ̃ɖi la léa du tsɔna,

evɔ ame aɖeke menyae ɖe du nu o,

ke dzi le ame dzɔdzɔe ƒo abe dzata ene.

2Dziɖulawo sɔ gbɔ ɖe dukɔ si me aglãdzedze le,

ke ŋutsu si si gɔmesese kple sidzedze le la hea ɖoɖodziwɔwɔ vɛ.

3Dziɖula si tea hiãtɔwo ɖe anyi la le abe tsidzadza si ɖe anyigba

eye megblẽ nuɖuɖu aɖeke ɖi o la ene.

4Ame siwo gbe nu le sea gbɔ la kafua ame vɔ̃ɖiwo

ke sedziwɔlawo tsia tsitre ɖe wo ŋu.

5Ame vɔ̃ɖiwo mesea afiatsotso nyui gɔme o

gake ame siwo dia Yehowa ya sea egɔme nyuie.

6Enyo be nànye hiãtɔ si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

wu nànye kesinɔtɔ si ƒe mɔwo to vo.

7Ame si léa sea me ɖe asi la nye vi nyanu

gake ame si dea ha kple nutsuɖulawo la doa ŋukpe fofoa.

8Ame si dzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi to demegaxɔxɔ me la,

le kɔ lim nuwo na ame bubu si anyo dɔ me na ame dahewo.

9Ne ame aɖe doa toku sea la,

eƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã zua ŋunyɔnu.

10Ame si kplɔ nu dzɔdzɔe wɔla to mɔ vɔ̃ dzi la,

age ɖe eya ŋutɔ ƒe mɔ me.

Ke ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la,

axɔ domenyinu nyui.

11Kesinɔtɔ nye nunyala le eya ŋutɔ gbɔ

gake hiãtɔ si si sidzedze le la kpɔa egɔme.

12Ne ame dzɔdzɔe ɖu dzi la,

dzidzɔkpɔkpɔ teƒe mekɔna o,

ke ne ame vɔ̃ɖi zu fia la,

amewo sina bena.

13Nu medzea edzi na ame si ɣla eƒe nu vɔ̃ o,

ke wokpɔa nublanui na ame si ʋu eƒe nu vɔ̃wo me

eye wògbe nu le wo gbɔ.

14Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa ɣe sia ɣi,

ke ame si sẽa eƒe dzi me la gena ɖe xaxa me.

15Ŋutasẽla si le ame dahewo dzi ɖum la

le abe dzata si le gbe tem alo sisiblisi si le ade tam ene.

16Dziɖula tamesesẽtɔ menyaa nu o,

ke ame si lé fu kesinɔnu ƒoɖi la anɔ agbe didi, ase vivi.

17Hlɔ̃dola si hlɔ̃dodo la zu agba na la anye tsatsala va se ɖe eƒe kugbe;

ame aɖeke megakpe ɖe eŋu o.

18Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la anɔ dedie,

ke ame si ƒe mɔwo to vo la adze anyi kpata.

19Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe,

ke ame si ƒe susu le nu manyatalenuwo

yome la, ahedada axɔ aƒe nɛ.

20Woayra ŋutsu nuteƒewɔla fũu,

ke womagbe tohehe na ame si tsi dzi ɖe

kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋuti o.

21Amedzidede menyo o

gake ame ayi aɖawɔ vɔ̃ ɖe abolo kakɛ ta.

22Ŋutsu nuvela tsi dzi ɖe hotsuikpɔkpɔ ŋu,

evɔ mehenya be ahedada le ye lalam o.

23Ame si ka mo na ŋutsu la,

axɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi wu

ame si alakpaɖe le nume na.

24Ame si da adzo fofoa alo dadaa hegblɔ be,

“Medze vɔ̃ o” la, nye kpeɖeŋutɔ na nugblẽla.

25Ŋutsu ŋubiala hea mama vɛ

ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, nu adze edzi nɛ.

26Ame si ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu la, bometsilae,

ke ame si zɔna le nunya me la anɔ dedie.

27Ame si naa nu hiãtɔ la,

naneke mahiãe o,

ke ame si miaa ŋku ɖe woƒe hiahiãwo dzi la,

axɔ fiƒode geɖe.

28Ne tamesesẽtɔ zu dziɖula la,

amewo sina bena, ke ne ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ la,

ame dzɔdzɔewo tsina.

29

1Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la,

atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe.

2Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la, amewo dzɔa dzi;

ke ne dziɖuɖu ge ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me la, amewo ŋena.

3Ame si lɔ̃a nunya la hea dzidzɔ vɛ na fofoa,

ke ame si dze xɔ̃ gbolowo la gblẽa eƒe ga dome.

4To afia nyui tsotso me fia hea dedinɔnɔ vɛ na dukɔ,

ke fia si klẽa ŋu ɖe zãnuxɔxɔ ŋu la gbãa du.

5Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.

6Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me,

ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye.

7Ame dzɔdzɔewo tsɔa ɖe le afiatsotso na hiãtɔwo me

gake ame vɔ̃ɖiwo ya metsɔa ɖeke le eme o.

8Fewuɖulawo dea ʋunyaʋunya du me,

ke nunyalawo tsia dziku nu.

9Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila,

bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o.

10Hlɔ̃dolawo lé fu ŋutsu nuteƒewɔla

eye wodina be yewoawu dzi dzadzɛ tɔ.

11Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana,

ke nunyala ɖua eɖokui dzi.

12Ne dziɖula ɖo to beblenyawo la,

eƒe dɔnunɔlawo katã zua ŋutasẽlawo.

13Nu ɖeka sia le hiãtɔ kple ameteɖetola siaa si,

Yehowae wɔ ŋku na wo ame evea.

14Ne fia drɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔ ɖe dzɔdzɔenyenye dzi la,

eƒe fiazikpui anɔ dedie ɣe sia ɣi.

15Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame,

gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa.

16Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la,

nu vɔ̃ hã dea dzi, ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze.

17Ne èhe viwò ŋutsuvi la, ekema àkpɔ ŋutifafa

eye wòahe dzidzɔ vɛ na wò luʋɔ.

18Afi si ɖeɖefia mele o la,

amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu;

ke woayra ame si léa sea me ɖe asi.

19Numenya ɖeɖe mate ŋu aɖɔ dɔla ɖo o,

togbɔ be ese egɔme hã la, mawɔ ɖe edzi o.

20Èkpɔ ame si ƒoa nu blablablaa?

Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea gɔ̃ hã.

21Ne ŋutsu aɖe wɔ vi na eƒe subɔviŋutsu tso eƒe ɖevime la,

ahe nuxaxa vɛ le nuwuwua.

22Ŋutsu dɔmedzoetɔ dea dzre amewo dome

eye ame si doa dziku kabakaba la wɔa nu vɔ̃ geɖe.

23Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe,

ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.

24Ame si wɔ ɖeka kple fiafitɔ la nye eya ŋutɔ ƒe futɔ;

wonana wòkaa atam

eye mekpɔ mɔ akɔ nu le edzi o.

25Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ,

ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie.

26Ame geɖewo dina be yewoado ɖe dziɖula ŋkume,

aƒo nu kplii gake Yehowa gbɔ ame ƒe afiatsotso tsona.

27Nu gbegblẽ wɔla nye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔe

eye nu dzɔdzɔe wɔla nye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi.

30

Agur ƒe nyawo

1Yake vi Agur ƒe nyagblɔɖi.

Ŋutsu sia gblɔ na Itiel, kple Ukal be:

2“Nyee tsi bome wu le amewo dome;

ame ƒe nugɔmesese mele asinye o.

3Nyemesrɔ̃ nunya

alo nya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o.

4Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ?

Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome?

Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me?

Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi?

Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe?

Gblɔe nam, ne ènyae!

5“Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o;

enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.

6Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o,

ne menye nenema o la, aka mo na wò

eye woakpɔe be ènye alakpatɔ.

7“O Yehowa, nu evee mebia wò;

mègatem hafi maku o.

8Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye,

mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o,

ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom.

9Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa,

agbe nu le gbɔwò ahabia be,

‘Ame kae nye Yehowa?’

Alo mada ahe akpa, afi fi.

10“Mègagblẽ dɔla ŋu na eƒe aƒetɔ o,

ne menye nenema o la, ado ɖiŋu na wò

eye nàkpe fu ɖe eta.

11“Ame aɖewo li,

siwo doa ɖiŋu na wo fofowo

eye womeyraa wo dadawo hã o;

12ame siwo dza le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume, evɔ womeklɔ ɖi si

woƒo la ɖa le wo ŋuti o;

13ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi,

eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;

14ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene

eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene,

ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi

eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome.

15“Vinyɔnu eve le axɔ̃ si,

wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’

“Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o,

eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o:

16woawoe nye, yɔdo,

vidzidɔ si tsi ko,

anyigba si tsi meɖia kɔ na o,

kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o.

17“Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu,

eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la,

balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome,

eye akagawo aɖui.

18“Nu etɔ̃ li siwo wɔ nuku nam akpa,

eye nyemese enelia gɔme o:

19hɔ̃ ƒe mɔ le yame,

da ƒe mɔ le agakpe dzi,

tɔdziʋu ƒe mɔ le atsiaƒuwo dzi

kple ŋutsu ƒe mɔ le ɖetugbi gbɔ.

20“Esiae nye nyɔnu ahasitɔ ƒe mɔ.

Eɖua nu hetutua nuto gblɔna be,

‘Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’

21“Nu etɔ̃ tee anyigba ʋuʋuna le kpekpekpe,

eye le enelia te ya la, mate ŋu atsɔe o:

22woawoe nye, dɔla si va zu fia,

bometsila si si nuɖuɖu bɔ ɖo fũu,

23ne nyɔnu si ame aɖeke melɔ̃ eƒe nya o,

la ɖe srɔ̃ kple ne dɔlanyɔnu xɔ ɖe eƒe aƒenɔ teƒe.

24“Nu ene le anyigba dzi le sue,

gake woƒe nunya gbɔ metsɔ o:

25anyidiwo nye nuwɔwɔ si ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le,

gake woƒoa woƒe nuɖuɖu nu ƒu le dzomeŋɔli;

26kpetomefiwo nye lã siwo ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le,

gake wowɔa woƒe nɔƒe ɖe agakpewo tome;

27Fia mele ʋetsuviwo si o,

gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me;

28woate ŋu alé adoglo kple asi,

gake fiawo ƒe aƒewo mee wokpɔa wo le.

29“Nu etɔ̃e zɔa agozɔli

eye nu enee zɔna abe fia ene:

30dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o;

31koklotsu,

gbɔ̃tsu,

kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe.

32“Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi

alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la,

tsɔ wò asi tsyɔ wò nu!

33Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta

eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la,

nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”

31

Fia Lemuel ƒe nyawo

1Fia Lemuel ƒe nyawo, nyagblɔɖi si dadaa fiae lae nye esi:

2“Oo vinye,

O nye dɔmevi, O nye adzɔgbeɖevi,

3Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋu

kple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o.

4“O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o,

menye fiawo tɔ be woano wain o

eye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o.

5Ne menye nenema o la,

woamu aha aŋlɔ nu si sea gblɔ la be

eye woaxɔ ablɔɖe le ame siwo wote ɖe anyi la si.

6Tsɔ aha muame na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m

kple wain na ane siwo le nuxaxa me,

7na woanoe aŋlɔ woƒe ahedada be

eye womagaɖo ŋku woƒe hiãtuame dzi akpɔ o.

8“Ƒo nu ɖe ame siwo mate ŋu aƒo nu ɖe

wo ɖokui nu o la nu eye nàʋli amemanɔsitɔwo ƒe ablɔɖe ta.

9Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,

ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.”

Nuwunyawo: Srɔ̃nyɔnu bubume ƒe nɔnɔme

10Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu?

Exɔ asi wu adzagba.

11Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo

eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.

12Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la,

ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o.

13Edia ɖetifu kple avemeka

eye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa.

14Ele abe asiʋu ene

eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee.

15Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o,

edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo.

16Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ,

eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee.

17Ewɔa dɔ kple ŋkubiã

eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu.

18Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe

eye yeƒe akaɖi metsina le zã me o.

19Ɖetifutreti le eƒe asi me

eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee.

20Eʋua asi na ame dahewo

eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ.

21Ne snodzaɣi ɖo la,

mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu o

elabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ.

22Elɔ̃a abadzivɔ na eƒe aba

eye wòdoa aklala biɖibiɖi ƒe awu kple awu blɔ.

23Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonu

ne enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome.

24Etɔa aklala biɖibiɖi ƒe awuwo dzrana

eye wòdzraa alidziblanu na asitsalawo.

25Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene

eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna.

26Eƒoa nu kple nunya

eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi.

27Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie

eye meɖua kuviabolo o.

28Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ,

nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be,

29“ ‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu,

gake wò la, èƒo wo katã ta.’

30Nyonyo la, beblee,

eye tugbedzedze nu hã va yina kaba;

gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa.

31Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ,

eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ

le dua ƒe agbowo nu.”