Mika

ƒe agbalẽ

1

1Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me.

2Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia,

wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa;

Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me

eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!

Ʋɔnudɔdrɔ̃ Samaria kple Yerusalem

3Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe!

Eɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi.

4Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te,

eye balimewo ma le eŋgɔ

abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene;

abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.

5Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta,

ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta.

Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea?

Ɖe menye Samariae oa?

Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo?

Ɖe menye Yerusalem ye oa?

6“Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo,

ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã.

Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime

eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze.

7Woagbã eƒe legbawo gudugudu

eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me.

Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã.

Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui

eye gboloho woagazu.”

Konyifafa kple avifafa

8Le esia ta mafa avi ado ɣli;

maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu.

Maxlɔ̃ abe amegaxi ene,

eye mafa konyi abe adzexe ene,

9elabena Yuda ka abi makumaku.

Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke,

va ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã.

10Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o.

Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe

ke me le Bet Ofra.

11Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me;

mi Zaanantɔwo miadzo o.

Bet Ezel le konyi fam eya

ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o.

12Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke,

gake vevesese koe le wo lalam,

elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va

keke Yerusalem ƒe agbo nu.

13Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo

ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu.

Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe

elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.

14Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ.

Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo.

15Mi ame siwo le Maresa,

makplɔ aʋakɔ aƒu mi,

woaɖu mia dzi,

ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam.

16Lũ ta kolikoli nàfa konyi

elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe.

Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene,

elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.

2

Ame ƒe ɖoɖowo kple Mawu ƒe ɖoɖowo

1Baba na mi ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi be yewoawɔ

kple ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe abawo dzi.

Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo

elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe.

2Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe;

ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ.

Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la,

woxɔnɛ le esi.

Ale mietea ŋu xɔa amea

kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe.

3Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi,

“Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti

eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o.

Miate ŋu agazɔ dadatɔe o

elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃.

4Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu,

eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be:

‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo.

Yehowa xɔe le asinye.

Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’ ”

5Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la,

ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o.

6Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be:

“Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o

elabena ŋukpe mava mía dzi o.”

7O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae?

“Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea?

Ɖe esiawo tso egbɔa?

“Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na

ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa?

8Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye

abe woƒe futɔ ene.

Mieɖe awu xɔasiwo le ame

siwo va le eme tsom

le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene.

9Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ

me la le woƒe aƒe nyuiwo me.

Miexɔ nye yayra

le wo viwo si tegbee.

10Mitso ne miadzo le afi sia,

elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o;

elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe,

ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o.

11Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be,

‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’

la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”

Mawu do ɖeɖekpɔkpɔ ŋugbe

12“O Yakob, magaƒo mia nu ƒu.

Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo.

Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me

eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.

13Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo

eye woato agboawo me ado go.

Woƒe fia adze ŋgɔ na wo

eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”

3

Mawu ka mo na kplɔlawo kple nyagblɔɖilawo

1Eye megblɔ be:

“Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo.

Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.

Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ

2gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃.

Mievuvu ayi le nye amewo ŋu

ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti.

3Mieɖu nye amewo katã ƒe lã,

vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo

eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.”

4Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o

eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta.

5Ale Yehowa gblɔe nye esi:

“Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae;

ne ame aɖe na nu wo,

woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ;

ke ne ame aɖe mena nu wo o la,

wohoa aʋa ɖe eŋuti.

6Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o;

viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o.

Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi.

7Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe

eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo.

Woatsɔ asi atsyɔ mo

elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.”

8Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ,

Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye

eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye

kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ

kple Israel ƒe nu vɔ̃.

9Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo

kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.

Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ

eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.

10Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi

kple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi.

11Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu.

Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta

eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta

gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be:

“Yehowa le mia dome

eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.”

12Miawo ta woaŋlɔ

Zion abe agble ene,

Yerusalem azu glikpo gã ɖeka

eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.

4

Yehowa ƒe to la

1Le ŋkeke mamlɛawo me la,

woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ

le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene.

Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta

eye amewo aƒo zi ɖe eŋu.

2Dukɔ geɖewo ava agblɔ be,

“Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi

le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me.

Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.”

Nufiame atso Zion ava

eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.

3Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome,

eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe

kple didiƒe siaa la dome ɖo.

Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe,

eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.

Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu

alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.

4Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ

ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te;

eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o

elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

5Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me

gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.

Yehowa ƒe ɖoɖo

6Yehowa be,

“Le ŋkeke ma dzi la,

maƒo tekunɔwo,

aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu.

7Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo,

eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe.

Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi

le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee.

8Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla,

O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ,

dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene.

Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene

eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”

9Azɔ nu ka ta nèle avi fam

eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa?

Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to?

Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem

abe nyɔnu si le ku lém la enea?

10O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ,

nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene,

elabena tso azɔ dzi yina la,

àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe,

woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me

le Babilonianyigba dzi,

gake le afi sia la, maɖe wò.

Le afi ma la,

Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.

11Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ

babla ɖe mia ŋuti;

Wogblɔ be:

“Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”

12Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o,

eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o.

Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoa

lu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene.

13“Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu

elabena mana wò dzo nanye gayibɔ,

wò afɔkli nanye akɔbli

eye nàgbã dukɔwo gudugudu.”

Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa

kple woƒe kesinɔnuwo ŋu

na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.

5

Mawu do dziɖula aɖe tso Betlehem ƒe ŋugbe

1O aʋawɔlawo ƒe du.

Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu

elabena futɔwo ɖe to ɖe mí.

Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula.

2“Ke wò, Betlehem, Efrata,

togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la,

mewòe ame si le nye dukɔ Israel

kplɔ ge la ado tso nam.

Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o

elabena eli tso keke blema ke.”

3Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe

esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi;

eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la

natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ

woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.

4Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me

kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me.

Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me

elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti

le xexea me godoo.

Ɖeɖe kple tsɔtsrɔ̃

5Eyae anye woƒe ŋutifafa.

Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi heto

míaƒe mɔ sesẽwo me la,

ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋuti

kple kplɔla enyi be woakplɔ mí.

6Woaɖu Asiria dzi kple yi,

eye woato eƒe agbowo me age ɖe

Nimrɔd ƒe anyigba dzi.

Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be

wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi

be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.

7Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome

abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ

kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ

alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene.

8Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo

kple ame geɖewo dome abe

dzata le lã wɔadã siwo le ave me

kple dzatavi le alẽhawo dome ene.

Dzatavi si le yiyim la,

enyea avuzi hevuvua nu

eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.

9Àkɔ wò alɔ dzi le dziɖuɖu me ɖe wò futɔwo ŋuti

eye àɖu wò ketɔwo katã dzi.

10Yehowa be:

“Le gbe ma gbe la,

matsrɔ̃ miaƒe sɔwo

eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo

11Magbã wò duwo

eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi.

12Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzi

eye màgasa gbesa azɔ o.

13Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo

eye magbã wò legba siwo nèwɔ

kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o.

14Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi

eye magbã miaƒe duwo.

15Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe

dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”

6

Yehowa tsɔ nya ɖe Israel ŋu

1Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ:

“Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.

Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo

na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.

2“Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya

siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti.

Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo,

elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti

eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.

3“O, nye dukɔ, nu ka mewɔ wò?

Fu ka meɖe na wò?

Ɖo eŋu nam!

4Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte

eye meɖe wò tso kluvinyenye me.

Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi.

5Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak,

ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi.

Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal

la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”

6Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ

eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume?

Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa?

7Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua?

Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta

kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã?

8O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò.

Nu ka Yehowa di tso asiwò?

Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ

kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.

Israel ƒe agɔdzedze kple tohehe

9“Miɖo to! Yehowa le Yerusalem dua katã yɔm.

Ame si vɔa wò ŋkɔ la, nunyalae.

Miɖo to ameƒoti la kple Ame si dɔe ɖa.

10O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ

kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?

11Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi

eye nudakpe amebatɔwo yɔ akplo me nɛ fũua?

12Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse

eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa

eye amebeble le aɖe dzi na wo.

13Eya ta nye hã matsrɔ̃ wò,

agbã wò gudugudu ɖe wò nu vɔ̃wo ta.

14Àɖu nu, ke màɖi ƒo o,

eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa.

Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o,

elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la,

matsɔe ade asi na yi.

15Àƒã nu, ke màŋe nu o;

àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o;

àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o.

16Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu

eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã.

Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome

eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ

eye wò amewo azu alɔmeɖenu;

ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”

7

Israel ƒe nublanuitɔnyenye

1Baba nam!

Elabena mele ko abe ame aɖe si

le kutsetse dim vevie le ati dzi

le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene.

Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe,

aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.

2Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi.

Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o.

Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi

eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.

3Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me.

Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia

na ame si na zãnue.

Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole;

ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.

4Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa

ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ.

Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ.

Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe.

Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ.

5Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o.

Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o.

Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si

le akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ

6elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o;

vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu

eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu.

Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.

7Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa.

Mele lalam na Mawu, nye Ɖela.

Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã.

Israel agatsitre

8O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o;

togbɔ be medze anyi hã la,

magafɔ ɖe tsitre!

Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã,

Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli.

9Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la

mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya

eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me

eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.

10Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee.

Eya ame si bia be,

“Afi ka Yehowa wò Mawu la le?”

Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo

kple ale si woanyamae abe ba ene.

11Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava

eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.

12Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria

kple Egipte ƒe duwo me ava

eye ɖewo atso Egipte va se ɖe

keke Frat tɔsisi la nu.

Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,

tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa.

13Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ta.

Gbedodoɖa kple kafukafu

14O Yehowa, va kplɔ wò dukɔ kple wò atizɔti,

alẽha si nye wò domenyinu;

alẽha si nɔ eɖokui si le avewo me

kple lãnyiƒe damawo dzi.

Na woaɖu gbe damawo le Basan

kple Gilead abe tsã ene.

15“Abe ale si wònɔ le ŋkeke

siwo me nèdo go tso Egipte ene la,

mafia wo nye nukunuwo.”

16Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo

elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi.

Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.

17Woaɖu ʋuʋudedi abe da

kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene.

Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃,

atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la

ŋu eye woavɔ̃ miawo hã.

18Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le

wòanɔ abe wò si tsɔa wò

domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo

kple dzidadawo kena la ene?

Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ

èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.

19Àgakpɔ nublanui na mí,

atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi

eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã

aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!

20Àwɔ nuteƒe na Yakob,

eye àkpɔ nublanui

na Abraham abe ale si nèka atam

na mía fofowo tso blema ke ene.