Yeremia ƒe

Konyifahawo

1

Du si ɖi gbɔlo

1“Aleke du si yɔ fũu

kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale!

Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ

abe ahosi ene!

Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.

2“Ele avi fam hehehe le zã me

eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ.

Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o.

Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.

3“Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la,

Yuda yi ɖe aboyo me.

Ele dukɔwo dome

gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o.

Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me.

4“Zion mɔwo le konyi fam

elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe

eƒe azãwo ɖuƒe o.

Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem.

Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam

eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me.

5“Eƒe futɔwo zu edziɖulawo

eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi.

Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta.

Viawo yi ɖe aboyo me,

eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ.

6“Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu.

Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o,

eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene.

7“Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ

esi le blemaŋkekewo me la dzi,

le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me.

Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la,

ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.

Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta.

8“Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ.

Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi,

elabena wokpɔ eƒe amame,

eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo.

9“Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto,

elabena mebu etsɔ me kpɔ o.

Eƒe anyidzedze wɔ nuku

eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o.

“O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa

elabena ketɔ la ɖu dzi.”

10Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ;

ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo,

ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la

ge ɖe wò kɔkɔeƒe la.

11Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe,

wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe.

“O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.”

12“Mi ame siwo katã to afi ma yi,

ɖe mewɔ naneke na mi oa?

Mitsa ŋku miakpɔe ɖa!

Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye,

esi Yehowa he va dzinye le

eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?

13“Eɖo dzo ɖa tso dziƒo,

ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me.

Eɖo ɖɔ na nye afɔwo

eye wògbugbɔm ɖe megbe.

Ewɔm mezu gbegbe heku

ƒenyi ŋkeke blibo la katã.

14“Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene,

etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me.

Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume

eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa.

Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.

15“Aƒetɔ la gbe nu

le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ,

eɖo aʋakɔ ɖa

be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya.

Le eƒe wainfiaƒe,

Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo.

16“Esia ta mefa avi

eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo.

Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o

eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o.

Vinyewo zu hiãtɔwo

elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.”

17Zion ke eƒe abɔwo me gake

ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o.

Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be

eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo

eye Yerusalem va zu

ŋunyɔnu le wo dome.

18“Yehowa le dzɔdzɔe,

gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu.

Miɖo to, mi amewo katã,

mikpɔ nye fukpekpewo ɖa.

Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã

yi aboyo me.

19“Meyɔ xɔ̃nyewo

gake woflum.

Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa

tsrɔ̃ le dua me

esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim

be woaɖu atsi agbe.

20“O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa!

Nye ameti blibo la metɔtɔ

eye nye dzi hã le fu ɖem nam

elabena medze aglã vevie.

Yi le nu gblẽm le gota;

eye le eme la, ku koe li.

21“Amewo se nye ŋeŋe

gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o.

Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ

eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta.

Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava

be woawo hã nanɔ abe nye ene.

22“Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me;

wɔ na wo

abe ale si nèwɔm

le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene.

Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ

eye nu te nye dzi ŋuti.”

2

Mawu ƒe nyagblɔɖiwo va eme

1Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo

tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi!

Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi

eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le

eƒe dzikudogbe o.

2Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe

nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.

Eye le eƒe dziku me

wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi.

Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me.

3Etsɔ dziku helĩhelĩ helã

Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa.

Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la,

eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa.

Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia

nu sia nu si ƒo xlãe la ene.

4Ehe eƒe da me abe futɔ ene

eye eƒe nuɖusibɔ le klalo.

Ewu ame siwo katã nyo na

eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene.

Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe

Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene.

5Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel.

Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã

eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi.

Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa

kple konyifafa ɖe edzi.

6Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si

wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene

hegblẽ eƒe takpeƒe.

Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo

kple Dzudzɔgbewo be

eye le eƒe dziku helĩhelĩ me

wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa.

7Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui

kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ.

Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo

eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me

abe le ŋkekenyuiɖugbe ene.

8Yehowa ɖoe kplikpaa be

yeagbã gli le Zion vinyɔnu ŋu.

Etsɔ nudzidzeka ɖo eŋu

eye mehe eƒe asi ɖe megbe o,

ke boŋ egbãe gudugudu.

Ena be kpoƒuƒuwo kple gliwo siaa xa nu

eye wo kple eve la siaa mu dze anyi.

9Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba

eye wòŋe eƒe gametiwo

kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo.

Woɖe aboyo eƒe fia

kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome,

se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã

megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o.

10Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi

ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me.

Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame

eye wota akpanya.

Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to.

11Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu,

nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye,

nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba,

elabena wotsrɔ̃ nye amewo,

eye nu ti kɔ na ɖeviwo

kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo.

12Wobia wo dadawo be,

“Afi ka abolo kple wain le?”

Elabena nu te wo ŋu le dua ƒe kpɔdomewo

abe ame siwo ŋu wode abi ene

eye woƒe agbe nu tso le wo dadawo ƒe akɔnu.

13Nya ka magblɔ na wò?

O Yerusalem vinyɔnu,

nu ka matsɔ asɔ kpli wò?

Nu ka magblɔ be ele abe wò ene,

ne mafa akɔ na wò,

O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o?

Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene,

ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò?

14Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo

nye alakpa kple yakanyawo,

womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò,

be womagaɖo wò ɖe aboyo me o.

Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso

eye wòkplɔ mi trae.

15Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la

si akpe ɖe ŋuwò,

woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò

Yerusalem vinyɔnu ŋu be,

“Du siae woyɔna be tugbefia

kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?”

16Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò,

woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be,

“Míemi eya amea agbagbe.

Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na,

enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.”

17Yehowa wɔ nu si wòɖo,

ena eƒe nya si wògblɔ ɖi

gbe aɖe gbe ʋĩi la va eme.

Etsɔ mi ƒu gbe nublanuimakpɔmakpɔtɔe,

ena futɔwo kpɔ dzidzɔ le miaƒe anyidzedze ta

eye wòkɔ míaƒe futɔwo ƒe dzo ɖe dzi bobobo.

18Ameawo ƒe dzi le ɣli dom na Aƒetɔ la.

O Zion vinyɔnu ƒe gli,

na be wò aɖatsiwo nasi

abe tɔsisi ene zã kple keli,

mègana gbɔdzɔe ɖokuiwò

alo ana dzudzɔ wò ŋkuwo o.

19Fɔ, fa avi le zã me,

dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo,

trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene.

Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi

nɛ le viwòwo ƒe agbe ta,

ame siwo dɔwuame

na wole kukum le kpɔdomewo.

20“O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu.

Ame ka nèwɔ alea kpɔ?

Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi,

vi siwo dzi wokpɔa?

Ɖe wòle be woawu nunɔla

kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea?

21“Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa

ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomewo,

nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo tsi yi nu.

Ewu wo le wò dzikudogbe,

etsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.

22“Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la,

nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo.

Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la,

ame aɖeke mesi alo tsi agbe o.

Ame siwo mehe eye menyi la

nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”

3

Mawu ƒe lɔlɔ̃ si li tegbee

1Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te.

2Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me,

menye kekeli me o;

3Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii

le ŋkeke blibo la me.

4Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo

eye wògbã ƒu ɖe lãme nam.

5Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ

kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye.

6Ena menɔ viviti me

abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene.

7Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o,

eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ.

8Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la,

edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu.

9Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam

eye wòglɔ̃ nye mɔwo.

10Abe sisiblisi si de xa ɖi

kple dzata si le adeklo dzi ene la,

11ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum,

hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe.

12Evu eƒe da me eye wòdzidze

eƒe dati ɖe dzinye.

13Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi.

14Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome,

woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã.

15Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam

eye wòkpe veve nam meno.

16Etsɔ kpe ŋe aɖu nam

eye wòfanyam ɖe kewɔ me.

17Woxɔ ŋutifafa le asinye,

meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be.

18Eya ta megblɔ be,

“Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã

mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.”

19Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa,

dzigbagbã kple vevesese dzi.

20Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie

eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye.

21Ke esia dzi meɖo ŋkue

eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye:

22Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o

elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o.

23Wozua yeye ŋdi sia ŋdi,

wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ.

24Megblɔ na ɖokuinye be,

“Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ,

eya ta manɔ esinu kpɔm.”

25Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ

woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi,

kple ame siwo dinɛ vevie.

26Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me

na Yehowa ƒe ɖeɖe.

27Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime.

28Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me

elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi.

29Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me,

ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali.

30Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge

eye ŋukpe neyɔe fũu.

31Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o

32Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la,

egakpɔa nublanui na ame,

eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ.

33Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o.

34Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ.

35Ne woagbe nu si nye ame tɔ la

tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume,

36eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya;

ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa?

37Ame ka aƒo nu eye wòava eme,

ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o?

38Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo

kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa?

39Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne

wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta?

40Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ

eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.

41Mina míado míaƒe dziwo

kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena:

42“Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã

eye mètsɔe ke mi o.

43“Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi

eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe.

44Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be,

gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o.

45Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu

kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome.

46“Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti.

47Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃

kple gbegblẽ va mía dzi.”

48Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo

elabena wotsrɔ̃ nye amewo.

49Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa,

enu gbe tsotso,

50va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe.

51Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu

ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta.

52Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la

ɖem ɖe nu abe xevi ene.

53Wodze agbagba be woatso nye agbe nu

le vudo me eye wofɔ kpe ƒum.

54Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam.

55O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke.

56Èse nye kukuɖeɖe be,

“Mègado toku nye ɣlidodo

eye nàgbe akɔfafa nam o.”

57Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be,

“Mègavɔ̃ o.”

58O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ

eye nèɖe nye agbe.

59Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa,

vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye.

Na nye nya nadzɔ!

60Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme

kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye.

61O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo

kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye

62kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo

kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la.

63Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa!

Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o,

woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me.

64O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo,

ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.

65Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi

eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi!

66Ti wo yome kple dziku

eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te.

4

Zion ƒe tohehe

1Aleke sika bu eƒe keklẽ

eye sika nyui nyɔ vĩ ale!

Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome

ƒe dzogoewo katã dzi.

2Aleke Zion viŋutsu vevi

siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la,

le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!

3Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona

gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo

abe tsatsaboli le dzogbe ene.

4Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo;

ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖe

gake ame aɖeke meli ana wo o.

5Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la,

zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo.

Ame siwo ta ago veviwo tsã la,

mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia.

6Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ,

du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me

eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.

7Woƒe dumegãwo da dzo wu sno,

wofu wu nyinotsi,

woƒe ŋutilã biã wu soe

eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene.

8Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi

eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o.

Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii,

eye woƒu abe nake ene.

9Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu

ame siwo ku ɖe dɔwuame ta.

Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ,

heɖiku glãŋui,

le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta.

10Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔ

woawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa,

eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m.

11Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã

eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi.

Edo dzo ɖe Zion

eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo.

12Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka,

amewo nayi exɔ ge ase be,

futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe

Yerusalem ƒe agbowo me o.

13Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃

kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta,

ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me.

14Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo

abe ŋkuagbãtɔwo ene.

Woƒo ʋu ale gbegbe be,

ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o.

15Amewo doa ɣli ɖe wo ta be,

“Midzo le afi sia!

Mi ame makɔmakɔwo!

Mite yi! Mite yi!

Migaka asi mía ŋuti o!”

Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la,

amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be,

“Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.”

16Yehowa ŋutɔe kaka wo,

megale wo ta kpɔm o.

Womegadea bubu nunɔlawo ŋu

alo vea dumegãwo nu o.

17Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu

esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o;

tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me,

míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu

aɖe mí o la be wòava.

18Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe

ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be,

míagate ŋu ado go azɔ

le míaƒe ablɔwo dzi o.

Míaƒe nuwuwu tu aƒe,

woxlẽ míaƒe ŋkekewo

elabena míaƒe nuwuwu va ɖo.

19Ame siwo le mía yome tim la

ɖia du wu hɔ̃ le yame;

woti mía yome le towo dzi

eye wode xa ɖi na mí le gbegbe.

20Yehowa ƒe amesiamina la,

si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me.

Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la,

míanɔ dedie le dukɔwo dome.

21O, Edom vinyɔnu, tso aseye,

wò ame si le Uznyigba dzi.

Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na,

amu wò eye woaɖe ama wò.

22O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu,

wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o.

Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo

eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.

5

Kukuɖeɖe na nublanuikpɔkpɔ

1O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi,

ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.

2Wotsɔ míaƒe domenyinu,

na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo

na du bubu me tɔwo.

3Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo

eye mía nɔwo zu ahosiwo.

4Ɖe míedzea tsi hafi nona

eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake.

5Ame siwo ti mía yome la gogo,

ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o.

6Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte

kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu.

7Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o

gake woƒe tohehe va mía dzi.

8Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi

eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o.

9Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna,

le yi si le gbegbe la ta.

10Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene

eye asrã lé mí le dɔwuame ta.

11Wogblẽ Zion nyɔnuwo

kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me.

12Wobla dumegãwo tsɔ ku ati

eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o.

13Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii,

eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te.

14Ame tsitsiwo vɔ le agbonu

eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso.

15Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me

eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa.

16Fiakuku ge le ta na mí.

Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃!

17Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam,

le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ,

18Elabena Zion to tsi ƒuƒlu

eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma.

19O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee,

wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime.

20Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi?

Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea?

21O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu

be míate ŋu atrɔ agbɔ,

wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene.

22Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ,

eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o.