Yoel

ƒe agbalẽ

1

1Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.

Ʋetsuviwo ƒe vava

2Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo!

Mi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa.

Le miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe,

miese nya sia tɔgbi kpɔa?

3Mitsɔe xlɔ̃ nu mia viwoe

eye woawo hã nagblɔe na wo viwo

ne wòazu xotunya tso dzidzime yi dzidzime.

4Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la,

ʋetsuviwo aɖui,

nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la,

ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la,

abɔwo aɖui.

5Minyɔ, mi ahanomunɔwo,

ne miafa avi hehehe,

mi waintsunolawo,

mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me,

eye miagakpɔ wain yeye ano o!

6Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi.

Ŋɔdzi le wo ŋu ŋutɔ

eye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o,

evɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwo

kple dzatanɔ ƒe tsyowo ene!

7Wogblẽ nye waingble dome.

Wogblẽ nye gbotiwo,

wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.

8Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si

ƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene.

9Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso;

ale dɔwuame to na nunɔlaawo

kple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me

eye wole konyi fam.

10Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla,

bliwo dome gblẽ,

wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.

11Azɔ mi agbledelawo,

dzika netso mia ƒo, eye mialulũ,

mi waingbledelawo,

mifa avi sesĩe.

Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta

elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.

12Wainkawo ku, gboti yrɔ,

yevuboɖatiwo ƒu,

detiwo kple atɔtɔŋutiwo

kple agblemetiwo katã kura hã ku.

Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.

Yɔyɔ hena dzimetɔtrɔ

13O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu.

Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ,

mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã,

mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume.

Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa

kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.

14Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe

eye miyɔ takpekpe tɔxɛ.

Miyɔ ame tsitsiwo

kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la

ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.

15O ŋkeke ma!

Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.

Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.

16Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔ

kple aseyetsotso le miaƒe Mawu la

ƒe gbedoxɔ me mawu enu oa?

17Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me,

blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu

eye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi.

18Nyiwo le ŋeŋem,

nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe,

elabena nuɖuɖu meli na wo o,

eye alẽhawo le fu kpem.

19Yehowa, xɔ na mí!

Elabena dzo bi gbe damawo,

eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi.

20Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo,

elabena tsi mie le tɔʋuwo me,

dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ.

2

Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe

1Miku kpẽ le Zion!

Miku aʋadzedze ƒe kpẽ la be

woasee le nye to kɔkɔe la dzi!

Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya kple vɔvɔ̃,

elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe vɔ.

2Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke,

eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado.

Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la,

nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae.

Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o,

eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ

le xexea me ƒe dzidzimewo dome o!

3Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ

eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe.

Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene

gake ezua gbegbe le wo megbe.

Naneke mate ŋu asi le enu o.

4Wodzena abe sɔwo ene

eye woƒua du abe sɔdolawo ene.

5Wole kpo tim le towo tame,

woƒe afɔziwo le ɖiɖim abe tasiaɖamwo tɔ ene

eye abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene.

Wole du ƒum abe asrafo kalẽtɔwoe

le du dzi yina ɖe aʋa ene.

6Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya

eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta.

7Wozɔ yi ŋgɔ kple kalẽ abe aʋawɔlawo ene

eye woflɔ gliawo abe asrafowo ene.

Wo katã yi ŋgɔgbe eye ɖeke meto miame alo ɖusime o.

8Ɖeke mebe ɖe nɔvia xa o.

Ame sia ame le enɔƒe pɛpɛpɛ

Aʋawɔnu aɖeke mate ŋu

anɔ te ɖe wo ŋu o.

9Wo katã lũ ɖe du la dzi;

woflɔ gli la zɔ etame hege ɖe aƒewo

kple xɔwo me abe ale si fiafitɔ toa fesre nue ene.

10Anyigba ʋuʋu kpekpekpe

eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ.

Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o.

11Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem.

Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo

le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo.

Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã,

ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu.

Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?

Mitrɔ dzi me

12“Eya ta Yehowa be,

‘Mitrɔ ɖe ŋunye azɔ,

kple miaƒe dzi blibo.

Miva kple nutsitsidɔ,

avifafa kple konyifafa.’ ”

13Midze miaƒe dziwo,

menye miaƒe awuwo o.

Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la

ŋu, elabena amenuveve

kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi.

Medoa dziku kabakaba o,

eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o.

14Ame kae nya be ɖewohĩ atrɔ ave mía nu

eye wòagblẽ yayra ɖi na mí?

Ekema míagatsɔ nuɖuvɔsa

kple nunovɔsa vɛ na Yehowa, mia Mawu la.

15Miku kpẽ le Zion!

Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ.

16Miƒo ameawo nu ƒu;

mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo,

ɖeviwo kple vi nonowo siaa.

Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me

eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me.

17Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la

netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome,

afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ;

mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu

kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o.

Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be,

‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ ”

Yehowa ƒe ŋuɖoɖo

18Ekema Yehowa aʋã ŋu ɖe dukɔ la nu,

eye wòakpɔ nublanui na eƒe amewo.

19Yehowa aɖo eŋu be,

“Kpɔ ɖa, mele bli,

wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo.

Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.

20“Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ,

matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe.

Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me

eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me.

Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.”

Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe.

21Nye dukɔ, mègavɔ̃ o;

kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ

elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò.

22Mi gbemelãwo katã, migavɔ̃ o,

elabena lãnyiƒewo agada ama abe tsã ene.

Atiwo agatse ku eye gbotiwo kple wainkawo

agatse kplanyaa abe tsã ene.

23O, mi Ziontɔwo, dzi nedzɔ mi le Yehowa,

miaƒe Mawu la me!

Elabena tsidzadza si wòɖo ɖa la nye

eƒe tsɔtsɔke ƒe dzesi.

Adame kple kelemetsiwo adza ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ.

24Lu ayɔ lugbɔƒe fũu, eye wain

kple ami asɔ gbɔ ɖe nudzraɖoƒewo.

25“Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo,

abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi.

Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.

26Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene

eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la.

Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ,

ame si wɔ nukunu siawo katã na mi.

Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o.

27Mianyae be mele afii le nye dukɔ Israel dome,

eye mianyae hã be nye Yehowa,

ɖeka hɔ̃ɔ koe nye miaƒe Mawu.

Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o.

Yehowa ƒe ŋkeke

28“Le nu siawo megbe la,

matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi!

Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi,

miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo

eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.

29Matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,

ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi le ŋkeke mawo me

30eye mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo

kple anyigba dzi, siwo anye ʋu,

dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.

31Ɣe ado viviti eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã,

dziŋɔ la nava ɖo.

32Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la,

akpɔ ɖeɖe eye xɔname anɔ Zion towo dzi

kple Yerusalem kple ame siwo Aƒetɔ yɔ la dome

abe ale si Aƒetɔ la do ŋugbee la ene.

3

Ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔawo

1“Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda

kple Yerusalem te la,

2maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime

eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma

le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta,

elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome

eye woma nye anyigba.

3“Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi

eye woma nye amewo.

Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe

eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta.

4“Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi.

5“Mieva lɔ nye klosalo kple sika kple nye kesinɔnu veviwo tsɔ yi ɖe miaƒe trɔ̃wo ƒe xɔwo mee. 6Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke. 7Gake magakplɔ wo agbɔe tso teƒe siwo katã wokplɔ wo yii eye maɖo nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la teƒe na mi. 8Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe.

9“Miɖe gbeƒã nu sia le dukɔwo dome be,

‘Midzra ɖo na aʋawɔwɔ!’

Mitia miaƒe asrafo kalẽtɔwo,

miƒo miaƒe aʋawɔlawo katã nu ƒu na aʋawɔwɔ.

10Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe

eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe.

Ame gblɔewo negblɔ be,

‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’

11Mi dukɔ siwo kaka ɖe afi sia afi,

miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miava.

“O Yehowa, dɔ wò aʋakɔwo be woaɖiɖi ava anyi!

12“Miƒo dukɔwo nu ƒu;

mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee,

afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã.

13Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ

elabena nukuawo tsi vɔ

hele lalam na nuŋeɣi.

Miva, mifanya waintsetseawo,

elabena wainfiaƒe la yɔ,

eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba,

elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.”

14Ame akpe akpewo le Nyametsotso ƒe Balime

elabena Yehowa ƒe Ŋkeke la tu aƒe le Nyametsotso Balime la.

15Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.

16Yehowa aɖe gbe tso Zion

eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem

eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me.

Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo

kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel.

Yayra na Mawu ƒe amewo

17“Mlɔeba la, miava nya be

nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu,

si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi.

Yerusalem azu kɔkɔeƒe;

ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo

magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o.

18“Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti

eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame.

Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa,

eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime.

19Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe

elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti,

eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.

20Ke Yuda anɔ anyi tegbetegbe,

eye Yerusalem anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.

21Mahe to na Egiptetɔwo kple Edomtɔwo

ɖe woƒe ʋu maɖifɔ kɔkɔɖi ta.”

Yehowa le Zion.