Hiob

ƒe agbalẽ

1

Mawu do Hiob kpɔ

1Ŋutsu aɖe nɔ Uznyigba dzi si ŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. 2Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ esi, 3kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome.

4Via ŋutsuwo ɖoa nuɖukplɔ̃ na wo xɔlɔ̃wo ɖe woƒe aƒewo me ɖe wo nɔewo yome eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woaɖu nu ano nu kple yewo. 5Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.

Hiob ƒe dodokpɔ gbãtɔ

6Gbe ɖeka la, dziƒodɔlawo va be woatsɔ wo ɖokui afia Yehowa, eye Satana hã nɔ wo dome. 7Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso?”

Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi, menɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le edzi.”

8Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o; enye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, ŋutsu si vɔ̃a Mawu eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.”

9Ke Satana bia Mawu be, “Ɖe Hiob vɔ̃a Mawu dzodzroa? 10Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi. 11Ke do wò asi ɖa, ne nàxlã asi ɖe nu siwo katã le esi, ekema le nyateƒe me aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume.”

12Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ta, nu sia nu si le esi la le asiwò me, ke mègaka asibidɛ eya amea ŋutɔ ŋu o.”

Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume.

13Gbe ɖeka la, esime Hiob ƒe viŋutsuwo kple via nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me la, 14dɔla aɖe va Hiob gbɔ gblɔ nɛ be, “Nyiawo nɔ agble ŋlɔm, tedziawo nɔ gbe ɖum le wo gbɔ lɔƒo, 15kasia Sebeatɔwo va dze wo dzi kplɔ wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi eye nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”

16Esi wòganɔ nu ƒom ko la, dɔla bubu va eye wògblɔ be, “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia alẽawo kple dɔlawo, nye ɖeka koe si be mava gblɔe na wò!”

17Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, dɔla bubu va gblɔ be, “Kaldeatɔwo ƒe adzoha etɔ̃ va dze wò kposɔwo dzi eye wolé wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi, nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”

18Esi ame sia hã mekpɔ ɖe nu le nya si gblɔm wònɔ me o la, dɔla bubu ge ɖe eme eye wògblɔ be, “Viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me. 19Kasia ya sesẽ aɖe ƒo tso gbegbe va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe me. Tete xɔ la mu dze wo dzi eye woku; nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”

20Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu, 21hedo gbe ɖa be,

“Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me,

eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo.

Yehowae na eye Yehowae gaxɔe;

woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!”

22Le esiawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ to fɔbubu Mawu me be ewɔ nu gbegblẽ o.

2

Hiob ƒe dodokpɔ evelia

1Gbe bubu gbe la, dziƒodɔlawo va do ɖe Yehowa ŋkume eye Satana hã va do kpli wo ɖe Mawu ƒe ŋkume. 2Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso va do?”

Satana ɖo eŋu be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi eye menɔ yiyim, nɔ gbɔgbɔm le edzi.”

3Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o, enye ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe, ame si vɔ̃a Yehowa eye wòtsri vɔ̃. Togbɔ be ède adã menye ɖe eŋu be magblẽ edome esi mewɔ naneke o hã la, egalé eƒe blibodede la me ɖe asi ko.”

4Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Ŋutilã ɖe ŋutilã teƒe, ekema ame atsɔ nu sia nu si le esi la katã ana ɖe eƒe agbe ta. 5Do wò asi ɖa eye nàtu nu kple eƒe ŋutilã kple eƒe ƒuwo, ekema nàkpɔe ɖa be mado ɖiŋu na wò le wò ŋutɔ wò ŋkume o mahã?”

6Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ŋutɔ. Kpɔ ɖa, ele asiwò me, gake mègaka asi eƒe agbe ya ŋu o.”

7Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume hekplɔ abi vɔ̃ɖi aɖewo ƒu Hiob, tso eƒe afɔgɔme va se ɖe eƒe dzodome. 8Tete Hiob tsɔ ze kakɛ nɔ ŋuti kum esi wònɔ anyi ɖe afi me.

9Srɔ̃a va egbɔ biae be, “Ɖe nègalé wò blibodede la me ɖe asi koa? Do ɖiŋu na Mawu ne nàku!”

10Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ɖe míaxɔ nu nyuiwo ko tso Mawu gbɔ eye menye vɔ̃ hã oa?”

Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ le eƒe nuƒoƒo me o.

Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo

11Esi Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo, Temanitɔ Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar se dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe Hiob dzi la wodze mɔ tso woƒe aƒewo me le ŋkeke si woɖo ɖi la dzi be woaɖafa nɛ eye woafa akɔ nɛ. 12Esi wokpɔe le adzɔge la, womete ŋu dze sii o, ale wowo avi gboo kple ɣli, wodze woƒe awu ʋlayawo eye wolɔ ke kɔ ɖe tame. 13Ale wonɔ anyi ɖe egbɔ le anyigba ŋkeke adre kple zã adre sɔŋ. Ame aɖeke mebia nya aɖekee o elabena wokpɔ ale si wònɔ veve semii.

3

Hiob ƒo nu

1Le esia megbe la, Hiob ke nu eye wòƒo fi de eƒe dzigbe. 2Egblɔ be,

3“Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃,

nenema ke nye zã si me wogblɔ be,

‘Wodzi viŋutsu na mí!’

4Ŋkeke ma nezu viviti,

Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o,

kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o.

5Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe,

lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi.

6Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã ma

eye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo me

alo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o.

7Zã ma netsi ko

eye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o.

8Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la,

neƒo fi de ŋkeke ma,

ame siwo le klalo be

woade adã ta me na ʋɔ driba la.

9Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti,

kekeli si lalam wòle la megado nɛ o

eye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o,

10elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye,

be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o.

11“Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe

eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o?

12Nu ka ta ata aɖewo le klalo be

woakɔm ɖe akɔ eye no aɖewo li be mano?

13Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me,

le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme.

14Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ,

ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo.

15Anye ne mele dziɖula siwo si sika le

eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ.

16Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene,

abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o?

17Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le

eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le.

18Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe me

eye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o.

19Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi ma

eye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me.

20“Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawo

eye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam?

21Nu ka ta wòna agbe ame siwo le ku dim,

evɔ mevana na wo o

kple ame siwo le edim vevie wu kesinɔnu si woɣla

22kple ame siwo kpɔa dzidzɔ,

tsoa aseye ne woɖo yɔdo me?

23Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣla

kple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo?

24Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe

eye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene.

25Nu si mevɔ̃ na la va dzinye

eye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye.

26Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔɖeme aɖeke o,

negbe ʋunyaʋunya ko.”

4

Elifaz ƒo nu

1Tete Temanitɔ Elifaz ɖo eŋu na Hiob be,

2“Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la,

ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea?

Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti?

3Bu ale si nèfia nu ame geɖewo

kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti.

4Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te

eye nèdo ŋusẽ klo beliwo.

5Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dziwò,

eye dzi ɖe le ƒo wò;

eƒo wò ƒu anyi eye nèse veve.

6Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo

eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa?

7“Azɔ bu eŋuti kpɔ.

Ame maɖifɔ ka wohe to na kpɔ?

Afi ka wogblẽ ame dzɔdzɔe dome le kpɔ?

8Abe ale si mede dzesii ene la,

ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble

eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ.

9Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna

eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na.

10Dzatawo aɖe gbe,

axlɔ̃ sesĩe gake woate ŋu aŋe aɖu na dzataviwo.

11Dzata kuna ne mekpɔ nu lé o

eye dzatanɔwo kakana.

12“Wotsɔ nya aɖe vɛ nam le adzame,

nye towo see wotsɔe do dalĩ nam.

13Le drɔ̃ewo me le zã me,

esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la,

14vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém

eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe.

15Gbɔgbɔ aɖe ɖo asagba va to nye ŋkume yi

eye ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye.

16Etɔ gake nyemate ŋu agblɔ nu si wònye o.

Nɔnɔme aɖe va tsi tsitre ɖe ŋkunye me

eye mese gbe bɔlɔe aɖe be,

17‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua?

Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa?

18Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o

eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo,

19ʋuu keke, ke wòahanye ame siwo le anyixɔwo me,

ame siwo gɔme woɖo anyi ɖe ke me

eye wogbãa wo bɔbɔe abe ŋɔvi ene!

20Wogbãa wo gudugudu le fɔŋli kple zã dome,

ame aɖeke menyana gɔ̃ hã o,

ale wotsrɔ̃na gbidii.

21Ɖe womehoa woƒe agbadɔkawo, ale be

woaku numanyamanyae oa?’ ”

5

1“Ne àlɔ̃ la, yɔ ame aɖe

gake ame kae atɔ na wò?

Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo?

2Tosesẽ wua bometsila

eye ŋubiã wua numanyala.

3Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tom

gake kasia woƒo fi de eƒe aƒe.

4Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo,

wobua fɔe le ʋɔnu

eye ame aɖeke meli aʋli eta o.

5Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa,

woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã

eye ame siwo wum tsikɔ le la

ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu.

6Elabena fukpekpe medoa go tso ke me

alo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o.

7Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la,

nenemae wodzi ame na hiãtuame.

8“Ke nenye nyee wònye la,

anye ne maɖe kuku na Mawu

atsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume.

9Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o

eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o.

10Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi,

eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe.

11Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi

eye wòkɔa ame siwo le nu xam la

dana ɖe dziɖeɖi me.

12Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me,

ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o.

13Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me

eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae.

14Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me

eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene.

15Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la me

eye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me.

16Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si

eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu.

17“Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo

eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o.

18Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ,

ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ.

19Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me

eye le adrelia me la,

vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.

20Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la,

aɖe wò le yi ƒe asi me.

21Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me,

eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o.

22Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽm

eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o.

23Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nu

eye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me.

24Ànyae be wò agbadɔ le dedie

eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la,

àkpɔe be ɖeke mebu o.

25Ànyae be viwòwo asɔ gbɔ

eye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abe

gbe mumu le anyigba dzi ene.

26Ànɔ agbe wòade edeƒe,

ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye

woxa hebla le nuŋeɣi ene.

27“Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe.

Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.”

6

Hiob ƒe Ŋuɖoɖo

1Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,

2“Ne ɖe woada nye vevesese

eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe!

3Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta,

eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o.

4Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme,

nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom.

Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.

5Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ

alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua?

6Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee

alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa?

7Megbe be nyemaɖui o,

nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ.

8“O, ne ɖe woana nu si mebia lam,

ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam,

9ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu

eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe!

10Ekema esia aganye akɔfafa nam ko

kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be,

nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.

11“Ŋusẽ kae gale asinye

be maganɔ mɔ kpɔm?

Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi?

12Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea?

Akɔblie nye nye ŋutilãa?

13Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu,

esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea?

14“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe

ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu

togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.

15Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o

elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene

alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana,

16ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi,

ne sno si dza ɖe edzi la lolo

hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi

17gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo

eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene.

18Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba

eye wokuna ɖe mɔ dzi.

19Asiha siwo tso Tema la le tsi dim,

asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm.

20Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi

gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu.

21Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o,

miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃.

22Ɖe megblɔ kpɔ be,

‘Mina nane ɖe nunye,

mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me,

23miɖem le ketɔ la ƒe asi me

alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’

24“Mifia num eye mazi ɖoɖoe;

mifia afi si meda ƒu le lam.

25Aleke nyateƒenyawo mehe venae o!

Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia?

26Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo

eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la

ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea?

27Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi

eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue.

28“Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye,

ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea?

29Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o

migbugbɔ bu eŋuti

elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me.

30Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia?

Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”

7

1“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le

le anyigba dzi oa?

Ɖe eƒe ŋkekewo mele

abe agbatetsɔla tɔ ene oa?

2Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba

alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,

3nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le

kple zã siwo me hiãtuame le la nam.

4Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be,

‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’

Zã didina eye meƒoa togotogoe

le aba dzi va se ɖe fɔŋli.

5Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu

eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm.

6“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu

eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.

7O Mawu, ɖo ŋku edzi be,

nye agbe la, ƒuƒu ko wònye,

nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.

8Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o,

miadim eye nyemanɔ anyi o.

9Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la,

nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o.

10Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o,

eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.

11“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o,

maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me,

eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.

12Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be,

nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?

13Ne mebu be nye aba afa akɔ nam

eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la,

14ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam

eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam.

15Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo

kple ku wu nye ŋutilã sia.

16Menyɔ ŋu nye agbe,

nyemanɔ agbe ɖaa o.

Ɖe asi le ŋunye,

viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o.

17“Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea,

be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe,

18be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi

eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe?

19Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye

alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa?

20Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla,

nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò?

Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale?

Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?

21Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu

eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o?

Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me,

àdim gake nyemaganɔ anyii o.”

8

Bildad ƒo nu

1Tete Suhitɔ, Bildad ɖo nya ŋu na Hiob be,

2“Va se ɖe ɣe ka ɣie nànɔ nya siawo gblɔm?

Wò nyawo nye yaƒoƒo sesẽ ɖeɖe ko.

3Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa?

Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua?

4Esi viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la,

etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu vɔ̃ dze na.

5Gake ne àkpɔ Mawu dzi ɖa,

aƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la,

6ekema ne èle dzadzɛe,

le dzɔdzɔe, fifia gɔ̃ hã la,

atso le tawò eye wòagaɖo wò te,

ada wò ɖe teƒe si wòle be nànɔ.

7Wò gɔmedzedze anɔ sue

gake emegbe àdzi asɔ gbɔ ɖe edzi.

8“Bia dzidzime siwo do ŋgɔ,

eye nàkpɔe ɖa be nu ka wo fofowo srɔ̃ mahã,

9elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o

eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene.

10Ɖe womafia nu wò, agblɔe na wò oa?

Ɖe womagblɔ nya na wò tso woƒe gɔmesese me oa?

11Ɖe keti miena, tsina ƒlaluu ɖe teƒe si sii mele oa?

Ɖe aƒla awɔ nyuie ne mekpɔ tsi oa?

12Esi wogale mumu ko eye womeɖo sisi me haɖe o

la, woyrɔna kaba wu gbe si le gbedzi.

13Aleae wòvaa emee na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be

eye nenemae Mawumavɔ̃lawo ƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃nae.

14Nu si ŋu wòɖo dzi ɖo la meɖo ŋusẽ o

eye nu si wòde mee la nye yiyiɖɔ.

15Ede me eƒe ɖɔ eye wòlã, eku ɖe eŋu,

gake etso ɖe eƒe asi me.

16Ɖeko wòle abe ati si wode tsii nyuie le ŋdɔgbe ene

ekekea eƒe alɔwo ɖe abɔa me,

17eƒe kewo blana ɖe agakpe geɖewo ŋu

eye wodia teƒe le kpewo dome.

18Gake ne wohoe le enɔƒe la,

teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be,

‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’

19Vavã eƒe agbe yrɔna

eye atiku bubuwo miena ɖe eteƒe.

20“Enye nyateƒe be Mawu megbea ame si ŋu fɔɖiɖi mele o

alo doa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.

21Ke hã la, agana nukoko nayɔ wò nu me fũu,

eye wòatsɔ dzidzɔɣli ayɔ wò nuyiwo nu.

22Ŋukpe alé wò futɔwo eye ame vɔ̃ɖiwo

ƒe agbadɔwo maganɔ anyi o.”

9

Tete Hiob ƒo nu

1Hiob ɖo eŋu nɛ gblɔ be,

2“Vavã menya be esia nye nyateƒe,

gake aleke amegbetɔ kodzogbea

anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee?

3Togbɔ be anye ame ƒe didi be

yeahe nya kplii hã la,

mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu

nɛ le nya akpe dome o.

4Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta,

ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ?

5Emli towo ɖa gake womenya o

eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me.

6Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna

eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe.

7Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o,

etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume

ale be womeklẽna o.

8Eya ɖekae keke dziƒowo me

eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi.

9Eyae wɔ ɣletivi siwo woyɔna be,

Avutɔ, Koklovinɔ kple Atifieŋu

kple dzieheɣletiviwo.

10Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o

eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.

11Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o,

ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o.

12Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la,

ame kae ate ŋu aɖo asi edzi?

Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be,

‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’

13Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o,

Rahab ƒe aʋakɔwo gɔ̃ hã bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te.

14“Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie?

Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii?

15Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la,

nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o.

Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be

wòakpɔ nublanui nam.

16Ne meyɔe eye wòtɔ nam gɔ̃ hã la,

nyemebu be aɖo tom o.

17Atsɔ ahomya agbãm gudugudu

eye wòadzi nye abiwo ɖe edzi dzodzro.

18Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o,

ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.

19Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa,

ŋusẽtɔe wònye!

Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la,

ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?

20Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm,

eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm.

21“Togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la,

nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o

eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe.

22Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be,

‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi la siaa.’

23Ne ameƒoti he ku vɛ kpata la,

eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti.

24Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la,

ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.

Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?

25“Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula,

wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee.

26Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene

eye abe hɔ̃woe de agba anyi be

yewoaƒo nu le anyigba ene.

27Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be

eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’

28ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam

elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o.

29Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe,

nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro?

30Ne mele tsi kple tsiledzalẽ

eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi gɔ̃ hã la,

31aganyrɔm ɖe anyiʋe me,

ale be manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã.

32“Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ,

be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o.

33Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome,

ada asi ɖe mí ame evea dzi

34ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye,

ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo.

35Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e,

gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o.”

10

1“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ,

eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa

eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me.

2Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o

gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam.

3Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to,

be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe

eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa?

4Ŋutilãmeŋkue le tawòa?

Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ

kodzogbea kpɔa nu enea?

5Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene

alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene,

6be nàtsa adi nye vodadawo,

aku nye nu vɔ̃wo gɔme,

7evɔ nènya be nyemedze agɔ o

eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa?

8“ ‘Wò asiwoe wɔm eye womem.

Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma?

9Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem.

Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia?

10Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene

eye nèna mebla abe notsi babla ene oa?

11Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye

eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo

kple lãmekawo ŋuti oa?

12Èna agbem henyo dɔ me nam

eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti.

13“ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me

eye menya be esia le wò susu me be,

14Ne mewɔ nu vɔ̃ la,

wò ŋkuwo anɔ ŋutinye

eye màgbe tohehe nam

le nye vodada ta o.

15Ne meɖi fɔ la, baba nam!

Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la,

nyemate ŋu afɔ mo dzi o

elabena ŋukpe yɔ menye fũu

eye menyrɔ ɖe nye vevesese me.

16Ne mefɔ mo dzi la,

ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene

eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la

fiana ɖe ŋutinye.

17Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye

eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi,

ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe

wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene.

18“ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me?

Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la,

adzɔ dzi nam ŋutɔ,

anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.

19Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye

ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta!

20Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa?

Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe,

21hafi ayi demagbɔnugbe,

ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,

22anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le,

teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe,

afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”

11

Zofar ƒo nu

1Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be,

2“Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa?

Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa?

3Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa?

Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa?

4Ègblɔ na Mawu be

‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o

eye medza le ŋkuwòme.’

5O, aleke medi be Mawu naƒo nu,

ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò,

6ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wò

elabena mo evee li na nunya.

Vavã, nya esia be:

Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã.

7“Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea?

Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea?

8Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ?

Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya?

9Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu.

10Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la,

ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?

11Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la,

ɖe medzea sii oa?

12Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu

adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la,

nenema kee womate ŋu

awɔ bometsila hã wòazu nunyala o.

13“Ke hã la, ne ètsɔ wò dzi nɛ blibo,

ne èwu wò asiwo dzi do ɖe egbɔ,

14ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖa

eye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke be

wòanɔ wò agbadɔ me o la,

15ekema àkɔ wò mo dzi ŋukpemanɔmee,

ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o.

16Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be

eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.

17Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati

eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene.

18Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li,

àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me.

19Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o;

ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò.

20Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu,

bebeƒe abu ɖe wo

eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”

12

Hiob ƒo nu

1Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,

2“Mewɔ nuku be miawo koe nye amewo

eye ne mieku la nunya aku kpli mi o!

3Gake susu le asinye abe miawo ke ene.

Mienyo wum o.

Ame ka menya nu siawo katã o?

4“Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la,

mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo.

Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la,

mezu alɔmeɖenu na wo!

5Ŋutsu siwo li le dziɖeɖi me la do vlo dzɔgbevɔ̃etɔ

eye nenema ke woawɔ na ame siwo ƒe afɔ ɖiɖi.

6Adzohawo ƒe agbadɔwo li le ŋutifafa me

eye ame siwo do dziku na Mawu la li le dedinɔnɔ me.

Nenema kee nye ame siwo tsɔa woƒe mawu

ɖe woƒe asi me.

7“Ke bia gbemelãwo, ne woafia nu wò alo dziƒoxeviwo,

ne woagblɔe na wò.

8Alo ƒo nu na anyigba,

ne wòafia nu wò alo na atsiaƒumelã ne wòaka eta na wò.

9Nu siawo katã dometɔ kae menyae be,

Yehowa ƒe asie wɔ esiawo katã o?

10Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe asi me

eye amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ hã le eƒe asi me.

11Ɖe to medoa nyawo kpɔ

abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene oa?

12Ɖe menye amegãɖeɖiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa?

Ɖe agbe didi mehea gɔmesese vɛ oa?

13“Mawu tɔe nye nunya kple ŋusẽ;

aɖaŋudede kple gɔmesese hã nye etɔ.

14Nu si wògbã kɔ ɖi la,

womagate ŋu agbugbɔ atui o.

Ame si wòde gaxɔ me la,

womate ŋu aɖe asi le eŋu o.

15Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina,

ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba

16Etɔe nye ŋusẽ kple dziɖuɖu,

ame si woble kple ameblela katã wonye etɔ.

17Ekplɔa dumegãwo dzonae amama

eye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo.

18Eɖea atsyɔ̃ɖonu siwo fiawo dona la ɖa

eye wòtsɔa avɔ kakɛ sana ɖe ali na wo.

19Ekplɔa nunɔlawo dzonae amama

eye ame siwo li ke tso gbe aɖe gbe

ke la emua wo ƒua anyi.

20Edea ga nu na aɖaŋuɖola siwo ŋu woɖoa dzi ɖo

eye wòɖea dumegãwo ƒe sidzedze ɖa.

21Edoa ŋunyɔ bubumewo

eye wòxɔa lãnu le kalẽtɔwo si.

22Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go

eye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me.

23Eyae naa dukɔwo xɔa ŋkɔ

eye eya kee tsrɔ̃a wo.

Eyae dzia dukɔwo ɖe edzi

eye eya kee kakaa wo.

24Exɔa susu le anyigbadzifiawo si

eye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe.

25Wotsaa asi blukɔ me afi si akaɖi mele o

eye wònana wonɔa ya mum abe ame siwo mu aha ene.”

13

1“Nye ŋkuwo kpɔ nu siawo katã,

nye towo se wo eye wose wo gɔme.

2Nu si nènya la, nye hã menyae,

mède ŋgɔ wum o.

3Gake medi vevie be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la

eye mahe nya kple Mawu.

4Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo,

mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o!

5Ne mi katã miahaɖo to ɖe!

Le mia gbɔ la, esia anye nunya.

6Mise ɖokuinyenuɖeɖe azɔ,

mise nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒo.

7Ɖe miaƒo nu baɖa ɖe Mawu nua?

Ɖe miaƒo nu bebletɔe ɖe enua?

8Ɖe miebe yewoade edzia?

Ɖe miebe yewoaxɔ nya ɖe Mawu nua?

9Anyo na mi ne edo mi kpɔa?

Miate ŋu ablee abe ale si miable amewo enea?

10Le nyateƒe me, aka mo na mi,

ne miede edzi le adzame.

11Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa?

Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa?

12Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo

eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko.

13“Mizi ɖoɖoe ne miana mɔm maƒo nu,

ekema nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la nedzɔ.

14Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me

eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome?

15Togbɔ be ele wu ye ge hã la,

matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko.

Le nyateƒe me maʋu go

nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ.

16Vavã esia ava zu ɖeɖe nam

elabena mawumavɔ̃la aɖeke mate kpɔ be yeado ɖe eŋkume o!

17Miɖo to miase nye nyawo nyuie,

miƒu to anyi miase nu si gblɔ ge mele.

18Azɔ meɖo nye nyawo ɖe ɖoɖo nu vɔ,

menya be tɔnye adzɔ godoo.

19Ɖe ame aɖe ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunyea?

Ne ame aɖe ate ŋui la, ekema mazi ɖoɖoe aku.

20“O Mawu, nu eve siawo ko medi be nàwɔ nam,

eye nyemaɣla ɖokuinye ɖe wò o.

21Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye eye nàdzudzɔ vɔvɔ̃dodo nam

kple wò ŋɔdzinuwo.

22Ekema yɔm eye matɔ alo maƒo nu

eye nàɖo eŋu.

23Nu vɔ̃ kple nu gbegblẽ nenie mewɔ?

Ɖe nye vodada kple nu vɔ̃ fiam.

24Nu ka tae nèɣla wò mo

eye nèbum wò futɔe?

25Ɖe nàwɔ funyafunya aŋgba si ya lɔ ɖe nua?

Ɖe nàti atsa yomea?

26Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye

eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye.

27Ède gakɔsɔkɔsɔ nye afɔwo,

wò ŋkuwo le nye toƒewo katã ŋu

eye nède dzesi nye afɔƒome.

28“Ale mevɔ le eme abe nu si ƒaƒã

alo avɔ si gbagblaʋui ɖu la ene.”

14

1“Amegbetɔ si nyɔnu dzi ƒe agbemeŋkekewo le kpuie

eye woyɔ fũu kple fukpekpe.

2Ekena abe seƒoƒo ene eye wòyrɔna,

ele abe vɔvɔli si dzona kaba eye metɔna ɖi o la ene.

3Ɖe nàke ŋku ɖe esia tɔgbi ŋua?

Ɖe nàkplɔe va ʋɔnui le ŋkuwòmea?

4Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me?

Ɖeka pɛ teti hã o!

5Èɖo ame ƒe ŋkekewo ɖi xoxo;

èɖo eƒe ɣletiwo da ɖi eye nèɖo liƒo

siwo dzi mate ŋu agbɔ o la ɖi nɛ.

6Eya ta ɖe ŋku ɖa le eŋu

eye nàɖe asi le eŋu va se ɖe esime

eƒe ɣeyiɣi de abe agbatedɔwɔla ene.

7“Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã, ne wolãe la,

egadzena yeyee eye eƒe alɔ yeyeawo nu matsi o.

8Eƒe kewo anya do xoxo ɖe tome

eye eƒe takpo aku ɖe tome,

9ke hã la, ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, egadzena

eye wòtoa alɔwo abe ati si wodo ene.

10Gake ne amegbetɔ ya ku la,

wotsɔnɛ mlɔa anyie kpoo nenema;

egbɔa eƒe gbɔgbɔ mamlɛa eye meganɔa agbe o.

11Abe ale si atsiaƒu ɖia ke alo tsi miena

le tɔsisi me wòƒuna kplakplakpla ene la,

12nenemae amegbetɔ mlɔa anyie eye megafɔna o

va se ɖe esime dziƒo nu ava yi.

Amegbetɔwo magafɔ alo anyɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o.

13“O, ne ɖe nàɣlam ɖe yɔdo me,

atsyɔ nu dzinye va se ɖe

esime wò dziku nu va yi ɖe!

Alo nàɖo ɣeyiɣi nam

eye emegbe nàɖo ŋku dzinye ɖe!

14Ne ame ku la, ɖe wòaganɔ agbea?

Le nye ɣeyiɣi sesẽwo me hã,

manɔ nye yeyewɔwɔ ƒe ŋkeke la lalam.

15Àyɔm eye matɔ, wò dzi alé dzo ɖe nu

si wò asiwo wɔ la ŋu.

16Ekema àxlẽ nye afɔɖeɖewo,

ke menye be wò ŋku nanɔ nye nu vɔ̃wo ŋu o.

17Woatre nye dzidadawo nu ɖe akplo me

eye àtsyɔ nu nye nu vɔ̃wo dzi.

18“Gake abe ale si ke ɖena le to te wòŋena dzea eme

eye agakpe ʋãna le eteƒe ene la,

19abe ale si tsi nyia kpewoe

eye tsidzadza kplɔa ke si le anyigba dzonae ene la,

nenemae nègblẽa ame ƒe mɔkpɔkpɔ mee.

20Èdzea edzi kple ŋusẽ zi ɖeka

eye ɖe wòvɔnae nye ekema;

ètrɔa eƒe dzedzeme henyanɛ dzonae.

21Ne wode bubu via ŋutsuwo ŋu hã la, menyanɛ o,

ne woɖi gbɔ̃ wo hã la, mekpɔnɛ o.

22Negbe eya ŋutɔ ƒe veve si sem wòle le ŋutilã me koe

eye eya ŋutɔ fana na eɖokui.”

15

Elifaz ƒo nu

1Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be,

2“Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo

alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea?

3Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya

alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea?

4Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃

eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe.

5Wò nu vɔ̃e ƒoe

ɖe nuwò ale nètia ayetɔwo ƒe aɖe.

6Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o,

eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò.

7“Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa?

Ɖe wodzi wò hafi togbɛwo va dzɔa?

8Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa?

Gbɔwò ko nunya tso aƒe ɖoa?

9Nu ka nènya si míawo ya míenya o?

Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o?

10Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi,

ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã.

11Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la,

mesɔ agbɔ na wò oa?

12Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe,

wò ŋkuwo le dzo dam,

13ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu

eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me?

14“Nu kae nye amegbetɔ be,

wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?

15Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o

eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o,

16aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi,

esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!

17“Ɖo tom ne maɖe nu me na wò;

na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò,

18nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe

eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o,

19ame siwo ko wotsɔ anyigba la na,

esi amedzro aɖeke meto wo dome o.

20Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le

eƒe agbemeŋkekewo katã me,

nenema ke ŋutasẽla hã kpea fu le ƒe

siwo katã woɖo ɖi nɛ la me.

21Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu

eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la,

adzohawo va dzea edzi.

22Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o

elabena wotsɔe de asi na yi.

23Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene

elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe.

24Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ

eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene.

25Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu

eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,

26helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe

kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe.

27“Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ

eye wòlolo ɖe ali gbɔ hã la,

28anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me,

xɔ siwo gbã zu glikpo.

29Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi

alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o.

30Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ

eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe.

31Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o

elabena ɖeke maɖe vi nɛ o.

32Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ

abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o.

33Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene

alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene.

34Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o

eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo.

35Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi

eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me.”

16

Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo

1Hiob ɖo eŋu nɛ be,

2“Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ,

akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!

3Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa?

Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko?

4Nenye miawoe le tenyeƒe la,

nye hã maƒo nu abe miawo ke ene,

agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu

eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu.

5Maƒo nu ade dzi ƒo na mi

eye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme.

6“Gake ne meƒo nu la,

nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ o

eye ne medzudzɔ hã la,

veveseseawo medzona o.

7O Mawu, vavãe èna mevɔ le eme keŋkeŋ

eye nètsrɔ̃ nye aƒekɔ la katã.

8Èna meɖi ku, vɔ keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi,

nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye.

9Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku me

eye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye,

nye ketɔ fɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye.

10Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye.

Woƒo tome nam fewuɖutɔe

eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.

11Mawu dem asi na ame vɔ̃ɖiwo

eye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me.

12Nuwo nɔ edzi dzem nam nyuie gake ekakam.

Elé kɔʋume nam hegbãm gudugudugudu.

Etsɔm wɔ ade si minyam wòle,

13eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem.

Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe

eye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba.

14Eva ƒo ɖe dzinye enuenu

eye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene.

15“Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilã

eye metsɔ nye mo de ke me.

16Avifafa na nye mo biã dzẽe,

vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo,

17evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o

eye nye gbedodoɖa hã dza hafi.

18“O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o

eye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o!

19Azɔ gɔ̃ hã la, nye ɖasefo le dziƒo

eye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma.

20Tanyeʋlila nye xɔ̃nye,

esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu.

21Eɖea kuku na Mawu ɖe ame ta

abe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene.

22“Ƒe ʋɛ aɖewo koe ava yi

hafi madze mɔ ayi demagbɔnugbe.

17

1Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli,

nye ŋkekewo hã le kpuie

eye yɔdo le lalayem.

2Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm,

ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu.

3“O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam.

Ame kae gali si ade megbe nam?

4Ètu woƒe susu ɖe gɔmesese ŋu

eya ta màna woƒe alɔ nade dzi o.

5Ne ame aɖe gbe exɔlɔ̃wo ɖe nu si woanae ta la,

viawo ƒe ŋkuwo atsi.

6“Mawu tsɔm wɔ lodonue na ame sia ame,

ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo gɔ̃ hã.

7Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ

eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene.

8Ame dzɔdzɔewo ƒe mo wɔ yaa le esia ta;

dɔ me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti.

9Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi

eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.

10“Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ!

Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.

11Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ

eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã.

12Ame siawo trɔ zã wòzu ŋkeke,

ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be,

‘Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ’

13Ne aƒe si ko mele mɔ kpɔm na la nye yɔdo,

ne meɖo aba ɖe viviti me,

14ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’

eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’

alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la,

15ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le?

16Ɖe wòayi ɖe ku ƒe agbowo mea?

Ɖe nye kplii míayi tome ɖekaea?”

18

Bildad ƒe nuƒo

1Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be,

2Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ?

Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.

3Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe

eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume?

4Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me,

ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò

alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?

5“Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi

eye eƒe dzo megabina o.

6Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti

eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina.

7Megatea ŋu ɖea abla o

eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi.

8Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ me

eye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me.

9Mɔ léa afɔkpodzi nɛ

eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe.

10Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba

eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me.

11Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa

eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.

12Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi

eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi.

13Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo

eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo

14Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me

eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia.

15Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me

eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe.

16Eƒe kewo yrɔna le ete ke

eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.

17Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi

eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome.

18Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me

eye woɖenɛ ɖa le xexea me.

19Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o

eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o.

20Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta

eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.

21Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna,

aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”

19

Hiob ƒe nuƒo

1Hiob ɖo eŋu be,

2“Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam

eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm?

3Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom

eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe.

4Nenye nyateƒee be metra mɔ la,

vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya.

5Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye,

ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la,

6ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye

eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm.

7“Togbɔ be mefa avi sesĩe be,

‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la,

ame aɖeke metɔ nam o

eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la,

wometso nam o.

8Exe nye mɔ be nyemate ŋu ato edzi ayi o,

etsɔ viviti tsyɔ nye toƒewo.

9Eklo bubu le ŋunye

eye wòɖe fiakuku le tanye.

10Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo,

ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene.

11Eƒe dziku bi ɖe ŋunye

eye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome.

12Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ,

woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖe

nye agbadɔ ŋu godoo va kpe.

13“Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye

eye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ.

14Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnye

eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.

15Ame siwo va dze gbɔnye

kple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroe

eye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume.

16Meyɔ nye dɔla gake metɔ o

togbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi.

17Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nye

eye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo.

18Ŋutsuvi suewo gɔ̃ hã koam eye ne meva do la,

woɖua fewu le ŋunye.

19Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la,

tso ɖe ŋutinye.

20Mezu ŋutilã kple ƒu ɖeɖe,

eye meɖo kudo nu.

21“Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo,

mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom.

22Nu ka ta mieti yonyeme

abe ale si Mawu ti yonyemee ene?

Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa?

23“O nenye ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi,

nenye ɖe woaŋlɔe ɖe agbalẽ me eye

24nenye ɖe woatsɔ gayibɔnuŋlɔnu aɖee ɖe akɔblikpe dzi

alo woaɖee ɖe agakpe dzi tegbee hã la, anyo ŋutɔ.

25Menya be nye Xɔnametɔ le agbe,

eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.

26Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la,

makpɔ Mawu le nye ŋutilã me,

27Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo,

menye ame bubu aɖeke tɔ o.

Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o!

28“Ne miegblɔ be,

‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ?

Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la,

29ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔ

elabena dziku atsɔ yi ahe toe

eye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”

20

Zofar ƒe nuƒo

1Tete Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu nɛ be,

2“Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na wò

elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ.

3Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye,

eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu.

4“Meka ɖe edzi be ènya ale si wònɔ tso blema,

tso ɣeyiɣi si ke wowɔ amegbetɔ da ɖe anyigba dzi be

5ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o,

eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.

6Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo,

eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la,

7atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene

eye ame siwo kpɔe la agblɔ be,

‘Afi ka wòle?’

8Edzona dzona abe drɔ̃e ene,

womagakpɔe o eye wòabu

abe ŋutega si wokpɔ le zã me ene.

9Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o,

eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o.

10Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo dɔ me na ame dahewo,

eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu.

11Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si yɔ

eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me.

12“Togbɔ be nu vɔ̃ɖi vivi le eƒe nu me,

eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,

13togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o

eye wòbe ɖe nu me nɛ hã la,

14eƒe nuɖuɖu ave le eƒe dɔ me,

eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me.

15Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe.

Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi.

16Eno da ƒe aɖi

eye ƒli ƒe aɖi awui.

17Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi

siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o.

18Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o,

ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe

si do tso eƒe asitsatsa hã me o

19elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo

eye wòxɔ aƒe siwo metu o.

20“Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o

eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o.

21Naneke masusɔ nɛ esi wòavuvu o

eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o.

22Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la,

xaxa ava edzi eye hiãtuame

ƒe ŋusẽ katã ava edzi.

23Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ

eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi

eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi.

24Togbɔ be esi le gayibɔlãnu nu hã la,

akɔbliŋutrɔ ƒo ɖee.

25Eɖee do goe tso eƒe lãme

eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me.

Ŋɔdzi alée,

26eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam.

Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae

eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ.

27Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go

eye anyigba atso ɖe eŋu.

28Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la,

tsi sisiwo akplɔe adzoe.

29Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo,

eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo.”

21

Hiob ƒe nuƒo

1Hiob ɖo nya ŋu nɛ be,

2“Ɖo to nyuie nàse nye nyawo,

esia nenye akɔfafa si nànam.

3Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la,

miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi.

4“Amegbetɔe mele konyi fam na?

Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o?

5Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo

nawɔ yaa eye miaƒu asi nu.

6Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam

eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya.

7Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina,

kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo?

8Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo

eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume.

9Woƒe aƒewo me le dedie,

wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe

ameƒoti mevaa wo dzi o.

10Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o,

woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o.

11Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene

eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum.

12Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu

eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu.

13Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me

eye woyia yɔ me le ŋutifafa me

14gake wogblɔna na Mawu be,

‘Ɖe asi le mía ŋu!

Medzro mí be míanya wò mɔwo o.

15Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe?

Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’

16Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o,

eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.

17“Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina?

Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi,

esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me?

18Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu

alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?

19Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’

Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ,

ne wòanya nu si wònye!

20Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ,

eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu

21elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ

siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti

siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua?

22“Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu,

esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã?

23Ame aɖe ku esi eƒe agbe ɖo vivime,

wòle dedinɔnɔ me eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,

24eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ

eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu.

25Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me

eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o.

26Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me,

eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi.

27“Menya nu siwo susum miele la nyuie

kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye.

28Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le

eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’

29Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa?

Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ

si wogblɔ fia mi la me be

30woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe,

eye woɖenɛ le dzikugbe oa?

31Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ?

Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ?

32Wokɔnɛ yia yɔdo gbɔe

eye wodzɔa eƒe yɔdokpe ŋu.

33Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome

eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ.

34“Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ

miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã?

Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!”

22

Elifaz ƒe nuƒo

1Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,

2“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua?

Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?

3Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe?

Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o?

4“Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò

hetsɔ nya ɖe ŋuwòa?

5Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa?

Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa?

6Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe

eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.

7Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono o

eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo,

8evɔ nèhenye ŋusẽtɔ,

anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi,

bubu le ŋuwò.

9Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu

eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.

10Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo

eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò

11eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o

eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo.

12“Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?

13Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya?

Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?

14Lilikpo dodowo xe eŋkume

eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam

le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’

15Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dzi

ame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia?

16Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de

eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe.

17Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu!

Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’

18Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu,

eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.

19Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo,

ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be,

20‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã

eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’

21“Tsɔ ɖokuiwò na Mawu

eye nànɔ ŋutifafa me kplii,

to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi.

22Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ

eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me

23Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te.

Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ,

24eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me,

tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,

25ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika

kple klosalo nyuitɔ.

26Ekema le nyateƒe me la,

Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò

eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu.

27Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò

eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ.

28Nu si nèɖo la, ava eme na wò

eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.

29Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi,

eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’

la, ekema woafɔ ame siwo wote

ɖe anyi la ɖe dzi.

30Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã,

ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”

23

Hiob ƒe nuƒo

1Tete Hiob ɖo eŋu be,

2“Egbe gɔ̃ hã nye konyifafa do gã ɖe edzi,

eƒe asi sẽ ɖe dzinye,

evɔ mele hũu ɖem hafi.

3Nenye ɖe manya afi si makpɔe le,

nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ!

4Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu

kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu

5Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam

eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti.

6Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ gã aɖea?

Ao, ke boŋ aɖo tom

7Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le

eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me.

8“Gake ne meyi ɣedzeƒe la, mele afi ma o,

ne meyi ɣetoɖoƒe la, nyemekpɔe le afi ma hã o.

9Ne ele dɔ wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o,

ne etrɔ ɖe dziehe hã la, nye ŋku melɔnɛ o.

10Gake enya mɔ si dzi mele, ne edom kpɔ la,

mato eme abe sika ene.

11Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli,

melé eƒe mɔ tsɔ eye nyemedze ɖe aga o.

12Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o,

mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu

wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.

13“Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ?

Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna.

14Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye

eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye.

15Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume

eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na nɛ.

16Mawu na dzi ɖe le ƒonye,

Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam.

17Ke hã la, viviti la alo blukɔ tsiɖitsiɖi

si tsyɔ mo nam la mena ɖoɖoe zi le nunye o.

24

1“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la

meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o?

Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm

na ŋkeke siawo dzodzro?

2Amewo ɖea liƒokpewo ɖa,

wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee.

3Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae

eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene.

4Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒome

eye wozia ame dahe siwo katã

le anyigba dzi la dzi be woasi abe.

5Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim

abe gbetedziwo le gbegbe ene

eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo.

6Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo

eye wofɔa nuku siwo ge la le

ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me.

7Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me

eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o.

8Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi,

wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o.

9Woɖea tsyɔ̃evi le no nu

eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu.

10Esi wònye avɔ mele wo si o ta la,

wole yiyim amama,

wolé lu bablawo ɖe ta,

evɔ dɔ le wo wum.

11Wole amiti ƒe ku tum le te dzi,

wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum.

12Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ

eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli

dom be woaxɔ na yewo,

gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.

13“Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu,

ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o.

14Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo,

le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene

15Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam,

egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’

eye wòɣlaa eƒe mo.

16Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ,

gena ɖe aƒewo me

gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu

elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o.

17Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene

eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.

18“Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ,

woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome

ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o.

19Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe

si lolõ la dzonae ene la,

nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa

nu vɔ̃ la hã dzonae.

20Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo,

womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o,

ke boŋ woŋena abe atilɔ ene.

21Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo

eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o.

22Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ.

Togbɔ be woli ke hã la,

kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o.

23Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie

gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.

24Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe,

tete wo nu va yina,

woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna

abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo

abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene.

25“Ne mele alea o la,

ame kae aɖe aʋatso nam

eye wòana nye nyawo nazu tofloko?”

25

Bildad ƒe nuƒo

1Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be,

2“Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ,

eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.

3Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa?

Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?

4Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume?

Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?

5Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o

eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la,

6aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi

kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”

26

Hiob ƒe nuƒo

1Hiob ɖo eŋu nɛ be,

2“Miekpe ɖe ame beli la ŋu ŋutɔ!

Miekpe ɖe ame gblɔe la ƒe abɔ ŋu ŋutɔ!

3Aɖaŋu kae nye esi nèna ame si si nunya mele o!

Eye sidzedze kae nye gã si nèɖe fia!

4Ame kae kpe ɖe ŋuwò be nègblɔ nya siawo?

Eye ame ka ƒe gbɔgbɔe ƒo nu to dziwò?

5“Ame kukuwo le vevesese gã aɖe me,

nenema kee nye ame siwo le tɔ gɔme

kple ame siwo le tɔ me.

6Ku le ƒuƒlu le Mawu ŋkume,

eye wometsyɔ nu gbegblẽ dzi o.

7Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o

eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o.

8Eŋlɔ tsiwo ɖe lilikpowo me,

gake woƒe kpekpe mena lilikpoawo gbã o.

9Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume

eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi.

10Eɖe liƒo na dzite ɖe tsiwo dzi

eye wòde mama kekeli kple viviti dome.

11Ne ele mo kam na nuwɔwɔwo la,

dziƒosɔtiwo ʋuʋuna eye wodzona nyanyanya.

12Ena atsiaƒu dze agbo to eƒe ŋusẽ dzi

eye wòfli Rahab kakɛkakɛ to eƒe nya dzi.

13Ena dziŋgɔli me kɔ to eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ dzi

eye eƒe asi ŋɔ da vɔ̃ɖi si ɖiɖi va yina.

14Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko

eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale!

Eya ta ame kae ate ŋu ase

eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”

27

1Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be,

2“Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ,

ame si do vevesese na nye luʋɔ be,

3zi ale si agbe le menye,

Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la,

4nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o

eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o.

5Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o

va se ɖe esi maku la,

nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o.

6Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa

eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o.

Zi ale si mele agbe la,

nye dzitsinya mado vlom o.

7“Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene

eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene!

8Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa

eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa?

9Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo,

ne eɖo xaxa mea?

10Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua?

Ɖe wòayɔ Mawu ɣe sia ɣia?

11“Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti

eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o.

12Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã.

Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo?

13“Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo

kple domenyinyi si ŋutasẽla xɔna tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.

14Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la,

woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo

makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o.

15Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ

eye woƒe ahosiwo mafa na wo o.

16Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene,

wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la,

17ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe

eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo.

18Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui

ƒe azi si wòƒo teti ko la ene

eye wòanɔ abe zãɖialawo

ƒe agbadɔ si wòwɔ la ene.

19Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene

gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o

elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la,

naneke megali o.

20Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene

eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me.

21Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo,

ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe.

22Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe,

esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe.

23Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe

eye wònyae ɖa le enɔƒe.”

28

1“Klosalokuƒe li

eye teƒe li si wololõa sika le.

2Wokua gayibɔ le tome

eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe.

3Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti,

etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔ

kekeake me hena tomenuwo.

4Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ,

teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o;

teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae

wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le.

5Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ

le tome abe dzo me wòto ene.

6Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la me

eye woɖea sika tso eƒe kewɔ me.

7Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma o

eye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o

8Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o,

eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o.

9Ame ƒe asi gbã kpe sesẽawo

eye wòna towo te dze go.

10Eɖea mɔ ɖe kpeawo tome

eye eƒe ŋkuwo kpɔa

eƒe nu xɔasi vovovowo katã.

11Etsana le tsidzɔƒewo

eye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu.

12“Ke afi ka woakpɔ nunya le?

Afi ka gɔmesese nɔna?

13Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o,

womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.

14Gogloƒe gblɔ be,

‘Menye tɔnyee o,’

Atsiaƒu gblɔ be,

‘Mele gbɔnye o,’

15Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ

alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.

16Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo,

oniks kple safir o.

17Sika alo kristalkpe masɔ kplii o

eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o.

18Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o

elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã.

19Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii o

eye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o.

20“Ekema afi ka nunya tso?

Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe?

21Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe

eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã.

22Tsiẽƒe kple ku gblɔ be,

‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’

23Mawue nya egbɔmɔ

eye eya koe nya afi si wòle.

24Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu

ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te.

25Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ anyi,

hedzidze tsiwo vɔ,

26esi wòwɔ se na tsidzadza,

heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la,

27enye kɔ kpɔ nunya, dzro eme kpɔ

eye wòda asi ɖe edzi, hedoe kpɔ.

28Tete wògblɔ na amegbetɔ be,

‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e

nye nunya eye nugbegbe

le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”

29

1Hiob yi eƒe nuƒoƒo dzi be,

2“O, ale si medi vevie be wòanɔ nam abe

ale si wònɔ le ɣleti siwo va yi me la ene,

le ŋkeke siwo me Mawu kpɔ tanye,

3esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi

eye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me!

4O, nenye ɖe wòanɔ nam abe nye lãmesẽŋkekewo me ene,

esi kadodo kple Mawu kplikplikpli na wòyra nye aƒe,

5esi Ŋusẽkatãtɔ la ganɔ kplim ko

eye vinyewo ƒo xlãm,

6esi nye toƒe nye notsi kpeke ɖeɖe

eye amitimi ɖuɖu bababa tso agakpe me nam.

7“Ne meyi dua ƒe agbo nu,

henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli,

le dua ƒe ablɔme la,

8ɖekakpuiawo kpɔam,

heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu,

9dumegãwo tɔna ne wole nu ƒom

hetsɔa asi ɖoa nu.

10Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo

eye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me.

11Ame sia ame si ɖo tom la kafuam

eye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋutinye

12elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be

woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o.

13Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye

eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.

14Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu ene

eye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu.

15Menye ŋku na ŋkuagbãtɔ

kple afɔ na tekunɔ.

16Menye tɔ na hiãtɔwo

eye mexɔa nya ɖe amedzrowo nu.

17Meŋea tsyo na ame vɔ̃ɖiwo

eye meɖea nu si woda adzoe la le woƒe aɖutame.

18“Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me,

nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene.

19Nye kewo aƒo ɖe to, ade tsi gbɔ

eye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã blibo la.

20Nye ŋutikɔkɔe anɔ yeye zum ɣe sia ɣi le ŋunye

eye dati anɔ yeye ɖaa le asinyeme.’

21“Amewo ɖoa tom henɔa nye asinu kpɔm,

nɔa lalam na nye aɖaŋuɖoɖo le ɖoɖoezizi me.

22Ne meƒo nu la, womegaƒoa nu o

eye nye nyawo gena ɖe woƒe towo me bɔlɔɔ.

23Wonɔa lalayem abe ale si wolalana na tsidzadza ene

eye woxɔa nye nyawo dea wo ɖokui me

abe ale si wonoa kelemetsi ene.

24Womexɔnɛ sena ne meko nu na wo o,

nye mo ƒe kekeli nye nu xɔasi na wo.

25Metiaa mɔ si woato la na wo,

menɔa wo dome abe woƒe tatɔ ene

eye menɔa wo dome abe woƒe fia le

eƒe aʋakɔwo dome ene.

Menɔna abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene.

30

1“Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na,

ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade ha

kple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye.

2Nu ka woƒe alɔkpa sesẽ la wɔ nam,

esi ŋusẽ vɔ le wo ŋu?

3Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsam

le dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me.

4Le gbe me woda amagbewo

eye woƒe nuɖuɖue nye dɔli ƒe ke.

5Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha me

eye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene.

6Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me,

agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me.

7Wole xɔxlɔ̃m le gbe me

eye woƒo ta kpli ɖe avekawo te.

8Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wo

kple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene.

9“Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem,

heɖu fewu le ŋunye le ha la me

eye mezu lodonu le wo dome.

10Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nam

eye woɖea ta ɖe mo nam faa.

11Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la,

wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me.

12Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime,

woɖo mɔwo ɖi na nye afɔ

eye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye.

13Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo be

wogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o.

14Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene

eye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye.

15Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye,

wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue ene

eye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene.

16“Azɔ nye agbe nu va le yiyim

eye hiãŋkekewo lém.

17Zã ŋɔa nye ƒuwo

eye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o.

18Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la

dzinye abe avɔ ene, eye

wòle awu ɖe ve nam.

19Ekɔm ƒu gbe ɖe ba me

eye mezu ke kple dzofi.

20“O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o,

metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu.

21Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔe

eye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee.

22ȃom tsa, hena ya lɔm ɖe nu

eye nènyamam le ahom la me.

23Menya be àhem ayi ku me,

teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.

24“Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léa

ame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom be

woaxɔ na ye le eƒe xaxa me o.

25Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa?

Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa?

26Gake esi mekpɔ mɔ na nyui la, vɔ̃ tum,

esi mekpɔ mɔ na kekeli la, viviti koe va nam.

27Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o,

fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim.

28Nye amea menyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi le yiyim

gake menye ɣee ɖum o,

metsi tsitre ɖe ameha

la titina hedo ɣli bia kpekpeɖeŋu.

29Meva zu nɔviŋutsu na amegãxiwo

kple hati na golowo.

30Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye

eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.

31Nye kasaŋku do konyifagbe

eye nye dze le avigbe dom.

31

1“Mebla nu kple nye ŋku be

megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.

2Elabena nu kae nye amegbetɔ tɔ gome tso

Mawu si le dziƒo la gbɔ

kple eƒe domenyinu tso

Ŋusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ?

3Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo

kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa?

4Ɖe mekpɔ nye mɔwo

eye wòxlẽ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe oa?

5“Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me

alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la,

6ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzi

eye wòanya be nyemeɖi fɔ o.

7Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi,

nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo

alo nye asiwo ƒo ɖi la,

8ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã

eye woneho nye nukuwo le bo dzi.

9“Ne nyɔnu aɖe flu nye dzi

alo mede xa ɖe nye aƒelika ƒe ʋɔtru nu la,

10ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubu

eye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii.

11Elabena esia anye ŋukpenanu

kple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃.

12Enye dzo si bina hena gbegblẽ,

eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi.

13“Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwo

kple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la,

14nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem?

Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta?

15Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa?

Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katã

ɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa?

16“Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwo

alo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu,

17nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la,

eya ko woagblɔ nya aɖe,

18evɔ la tso nye ɖekakpuime ke,

menyi tyɔẽviwo abe fofo ene

eye tso nye ɖevime ke,

mefia mɔ ahosiwo.

19Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi ta

alo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o

20eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ

kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o,

21ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be

woxɔa nye nya le ʋɔnu la,

22ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋu

eye wòaŋe le ekpeƒe.

23Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam,

eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o.

24“Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu

alo megblɔ na sika nyuitɔ be,

‘Wòe nye nye sitsoƒe,’

25nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta,

nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ,

26nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm

alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃,

27ale be woflu nye dzi le adzame

eye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo,

de bubu wo ŋu la,

28ekema esiawo hã anye nu vɔ̃

siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu,

elabena adze ċa be

nyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o.

29“Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le

nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu

alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la,

eya ko magblɔ nya aɖe.

30Gake nyemeɖe mɔ na nye nu be

wòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o.

31Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be,

‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la,

anye ne enye nya bubu

32elabena mele na amedzro aɖeke be

wòatsi mɔto adɔ o

elabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖi

ɣe sia ɣi na mɔzɔlawo.

33Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃

abe ale si amewo wɔna ene,

be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me,

34elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔ

eye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be,

mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la,

anye ne enye nya bubu kura.

35“O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe!

Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te,

azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam,

ame si le nunye tsom la hã neŋlɔ

nunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi.

36Vavã malée ɖe nye abɔta

eye maɖɔe ɖe ta abe fiakuku ene.

37Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti

eye mate ɖe eŋu abe fiavi ene.

38“Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinye

eye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi,

39nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxee

alo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi la

ƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la,

40ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒe

eye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe.”

Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu.

32

Elihu ƒe nuƒo

1Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume. 2Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta. 3Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe. 4Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui. 5Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi.

6Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be,

“Nyemetsi o, mienye xoxo nam

eya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋu

do dzi gblɔ nu si menya la na mi o.

7Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu

eye ƒe geɖe nefia nunya.’

8Gake gbɔgbɔ si le ame me,

Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee.

9Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o

eye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o.

10“Eya ta megblɔ be, Miɖo tom,

nye hã magblɔ nu si menya la na mi.

11Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom,

meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewo

kple ale si nya vɔ le mia si

eye mienɔ nya si miagblɔ la dim.

12Meɖo to mi nyuie

gake mia dometɔ aɖeke mete ŋu

ɖee fia be Hiob dze agɔ o

eye mia dometɔ aɖeke mete ŋu

ɖo eƒe nyahehewo ŋu o.

13Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o,

Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’

14Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o

eye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o.

15“Woƒe mo wɔ yaa,

nya aɖeke megale wo si woagblɔ o

eye gbɔgblɔ bu ɖe wo.

16Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe

eye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖii

nya aɖeke ŋu maɖomaɖoea?

17Nye hã magblɔ tɔnye sinua;

nye hã magblɔ nu si menya

18elabena nya le asinye fũu,

eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim.

19Elabena le menye la,

mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene

eye abe wainlãgbalẽgolo si

le klalo na gbagbã ene.

20Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe,

ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu.

21Nyemade ame aɖeke dzi

alo aflu ame aɖeke o

22elabena ne mebi le amefuflu me la,

nye Wɔla akplɔm dzoe kpuie.

33

1“Ke azɔ la, Hiob, ɖo to nye nyawo,

eye ƒu to anyi ɖe nu sia nu si magblɔ la ŋu.

2Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge

eye nye nyawo le nye aɖe nu.

3Nye nyawo tso dzi vavã me

eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.

4Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm,

Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye,

5eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui,

dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim.

6Ɖeko mele abe wò ene le Mawu ŋkume,

nye hã anyi mee woɖem tsoe.

7Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na wò

alo nye asi nakpe le dziwò o.

8“Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me

eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be,

9‘Medza eye nu vɔ̃ mele ŋutinye o,

ŋutinye kɔ eye mevo tso vodada me.

10Ke hã la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye,

eye wòbum eƒe futɔe.

11Etsɔ nye afɔ de kunyowu me

eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.’

12“Gake magblɔe na wo be,

le esia me ya, tɔwò medzɔ o,

elabena Mawu lolo wu amegbetɔ.

13Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be,

meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o?

14Elabena Mawu ƒoa nu to mɔ sia alo ekemɛ dzi

togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o hã.

15Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me,

ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi

alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la,

16ava ƒo nu ɖe to me na wo,

atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo,

17be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me

eye wòaɖee tso dada me,

18ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me

eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o.

19“Alo eƒoa ame le dɔbadzi

kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa,

20ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu

eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã.

21Eƒe ŋutilã vɔ le eme eye eƒe ƒu siwo ŋu

lã nɔ tehetehe la dze go azɔ.

22Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe,

eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me.

23Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene,

ɖeka le akpe dome,

be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ,

24heve enu, gblɔ nɛ be,

‘Ɖe eƒe agbe be magayi yɔdo me o

elabena mekpɔ avulénu nɛ’ la,

25tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene

eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe

eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene.

26Edoa gbe ɖa na Mawu

eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ,

ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli,

ale Mawu gaɖonɛ te,

be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã.

27Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be,

‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe

gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.

28Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me,

eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’

29“Mawu wɔa nu siawo katã na ame,

zi eve alo etɔ̃ gɔ̃ hã,

30be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe,

be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi.

31“Ƒu to anyi, Hiob, ne nàɖo tom,

zi ɖoɖoe, ne maƒo nu.

32Ne nya aɖe le asiwò la, ɖo nya ŋu nam,

elabena medi be wòatso na wò.

33Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom,

zi ɖoɖoe ne mafia nunya wò.”

34

1Tete Elihu gblɔ be,

2“Mise nye nyawo, mi nunyalawo,

miɖo tom, mi nugɔmeselawo,

3elabena to doa nyawo kpɔ

abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene.

4Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokui

eye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae.

5“Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o

gake Mawu gbe afiatsotso nam

6Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe,

togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la,

eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’

7Ame kae le abe Hiob,

ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene?

8Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo

eye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo.

9Elabena egblɔ be,

‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba be

yeadze Mawu ŋu o.’

10“Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo.

Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖi

kple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ.

11Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu

eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii.

12Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã be

Mawu awɔ nu gbegblẽ

alo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o.

13Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae?

Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu?

14Ne enye eƒe tameɖoɖo

eye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔ

kple agbegbɔgbɔ dzi la,

15amegbetɔwo katã atsrɔ̃

eye ame atrɔ azu anyi.

16“Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia,

lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti.

17Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua?

Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la?

18Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be,

‘Mienyo na naneke o’

eye na bubumewo be,

‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa,

19ame si medea amegãwo dzi o

eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo,

gblẽa ame dahewo ɖi o,

elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa?

20Wokuna kpata le zãtitina,

ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina

ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee.

21“Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu,

ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe.

22Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli

si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o.

23Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔ

alo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o.

24Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo,

eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o.

25Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋu

eya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me,

eye wogbãna gudugudugudu.

26Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta,

le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le

27elabena wotrɔ le eyome

eye womegatsɔ ɖeke le eme na eƒe mɔ aɖeke o.

28Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume,

ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo

29Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe?

Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe?

Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe,

30be maɖe mɔ na Mawumavɔ̃la wòaɖu fia o

eye be maɖe mɔ nɛ wòaɖo mɔ na ameawo o.

31“Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be,

‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o.

32Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam,

ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’

33Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu,

esi nègbe be yematrɔ dzi me oa?

Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee o

eya ta gblɔ nu si nènya la nam.

34“Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyala

siwo se nye nyawo la gblɔ nam be,

35‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔe

eye susu mele eƒe nyawo me o.’

36O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu,

be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ!

37Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti,

esia akpe fewuɖutɔe le mía dome

eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”

35

1Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be,

2“Èsusu be esia le dzɔdzɔea?

Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’

3gake nèhele ebiam be,

‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ

le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’

4“Medi be maɖo eŋu na wò

kple xɔ̃wò siwo le gbɔwò.

5Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa,

le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme

6Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu?

Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la,

nu ka wòagblẽ le eŋu?

7Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ,

alo nu kae wòxɔ tso asiwò me?

8Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo

eye amegbetɔviwo ko dzie wò

dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo.

9“Amewo le ɣli dom le teteɖeanyi

ƒe agba kpekpewo te,

wole kuku ɖem be woana gbɔdzɔe yewo tso

Ŋusẽtɔ la ƒe alɔ sesẽ te

10gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu,

nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me,

11ame si fiaa nu geɖewo mí,

wu gbemelã siwo le anyigba dzi

eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’

12Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o,

le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta.

13Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la o

eye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo.

14Ne meɖo to emawo o la,

aleke wòaɖo to esia ya boŋ esi nègblɔ be,

mele ekpɔm o, wò nya la le eƒe asi me,

eye ele be nàlalae.

15Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe o

eye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o.

16Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo

eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o

la kɔ ɖi gleglegle.”

36

1Elihu yi edzi be,

2“Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wò

be nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu.

3Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa,

eya ta matso na nye Wɔla.

4Kakaɖedzi nenɔ asiwò be,

nye nyawo menye aʋatso o

eya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò.

5“Mawu nye Ŋusẽtɔ,

etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me o

gake medoa vlo amewo o.

6Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o,

ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo.

7Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o,

eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa

eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe.

8Ke ne wode ga amewo,

hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la,

9egblɔa nu si wowɔ la na wo,

esi nye be wowɔ nu vɔ̃ dadatɔe.

10Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo be

woatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me.

11Ne woɖo to eye wosubɔe la,

woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ me

eye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme.

12Ke ne womeɖo to o la,

yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae.

13“Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo,

ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la,

womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.

14Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me,

ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome.

15Ke eɖea ame siwo le fu kpem la

le woƒe fukpekpewo me

eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me.

16“Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me,

ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me

eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo

le fũu la ŋu le dziɖeɖi me.

17Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze na

ame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò,

ale nège ɖe afiatsotso

kple tohehe ƒe asi me.

18Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o

eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o.

19Ɖe wò kesinɔnuwo alo wò kutrikuku veviwo katã

alé wò ɖe asi be màɖo xaxa me oa?

20Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàhe

amewo ado goe le woƒe aƒewo me o.

21Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi,

si nèdi wu hiã la ŋu o.

22“Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me.

Ame kae nye nufiala abe eya ene?

23Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be,

‘Èwɔ nu gbegblẽ?’

24Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,

siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me.

25Amegbetɔwo katã kpɔe

eye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge.

26Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta!

Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta.

27“Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu,

si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me,

28lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me,

eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi.

29Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo,

kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme?

30Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokui

eye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa.

31Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖu

wo le agbɔsɔsɔ me.

32Etsɔa dzikedzo yɔa eƒe asiwo mee

eye wòdɔnɛ be wòake dzo ɖe nu si wòɖoe na la dzi.

33Eƒe dziɖegbe ɖea gbeƒã ahom si gbɔna,

nyiwo gɔ̃ hã ɖea gbeƒã, ne egbɔna.

37

1“Esia na nye dzi lã kpo eye wòti kpo le enɔƒe.

2O ɖo to! Ɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe

kple bublu si le dodom tso eƒe nu me.

3Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã

eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã

4Eƒe gbeɖeɖe kplɔa esia ɖo,

ebluna kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe gbe.

Ne eƒe gbe ɖi la, meléa naneke ɖi o.

5Mawu ƒe gbe bluna le nukumɔwo dzi,

ewɔa nu dzɔtsu siwo kɔ wu míaƒe gɔmesese.

6Egblɔna na tsikpe be,

‘Dza ɖe anyigba dzi’

eye na tsi be,

‘Nye tsi gã aɖe nàdza.’

7Ale be amegbetɔ siwo katã wòwɔ la nanya eƒe dɔwɔwɔ,

eye wòɖoa asi ame sia ame ƒe dɔ dzi.

8Gbemelãwo sina bena

eye wonɔa woƒe dowo me.

9Ahom tsoa eƒe xɔa me vana

eye ya sesẽwo hea vuvɔ vɛ.

10Mawu ƒe gbɔgbɔ hea fafa gã aɖe vɛ

eye tsi gbanawo dzi zua tsikpe.

11Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me,

ekakaa eƒe dzikedzo to wo me.

12Le eƒe mɔfiafia nu wotrɔa trɔgodoe le anyigba la katã ŋkume,

be woawɔ nu sia nu si ƒe se wòde na wo.

13Ehea lilikpowo vɛ be woahe to na amewo

alo be woade tsi anyigba,

ne wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia ameawo.

14“Hiob, ɖo to nàse nu sia,

zi ɖoɖoe eye nàbu Mawu ƒe nukunuwo ŋu.

15Ènya ale si Mawu léa lilikpowo ɖe asii,

eye wònana dzi kea dzoa?

16Ènya ale si lilikpowo wɔ hafi le yamea,

ènya nukunu siwo nye ame si de blibo

le gɔmesese me la tɔa?

17Wò ame si le fifia tem le wò awuwo me,

ne dzieheya xɔdzo nya ƒo to anyigba dzi ko,

18àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me,

nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea?

19“Gblɔ nu si míagblɔ nɛ la na mí,

míate ŋu ahe míaƒe nya ayi egbɔe o

elabena míawo míele viviti me.

20Wonegblɔ nɛ be medi be maƒo nua?

Ɖe ame aɖe abia be wonemi ye agbagbea?

21Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɣe o

elabena ele keklẽm le dziƒo ŋutɔ,

esi yaƒoƒo na eƒe mo kɔ nyuie.

22Edo tso anyiehe kple sikatsyɔ̃ɖoɖo.

Mawu ɖiɖi va le ŋɔdzi ƒe ŋutikɔkɔe me.

23Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o

elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo,

le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la,

metea ame aɖeke ɖe anyi o.

24Eya ta amewo dea bubu eŋu

elabena ɖe medea bubu ame siwo katã

ƒe dzi me nunya le la ŋu oa?”

38

Yehowa ƒo nu

1Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be,

2“Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzi

kple nya siwo gɔmesese meli na la o?

3Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene,

mabia nya wò, nàɖo eŋu nam.

4“Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi?

Gblɔe nam, ne èse egɔme.

5Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime?

Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?

6Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo?

Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe

7esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae

eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?

8“Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu

esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me

9esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe

viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,

10esi meɖo seɖoƒe nɛ,

hede ʋɔtru kple gametiwo enu,

11esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse,

mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o,

afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’

12“Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso

esi wò ŋkekewo dze egɔme

alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe,

13be wòalé anyigba ƒe toga,

ahaʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzia?

14Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene,

eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene.

15Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si

eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi.

16“Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo me

alo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa?

17Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa?

Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa?

18Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea?

Gblɔe nam, ne ènya esiawo katã.

19“Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to?

Eye afi kae nye viviti nɔƒe?

20Àte ŋu akplɔ wo ayi wo nɔƒewoea?

Ènya toƒe si yi ɖe wo nɔƒea?

21Meka ɖe edzi be ènyae

elabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo!

Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe!

22“Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒe

alo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe,

23esi meɖo ɖi na xaxaɣi,

aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa?

24Afi ka mɔ si wotona yia teƒe

si dzikedzo kakana le

alo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖe

anyigba blibo la dzi la to?

25Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzana

kple mɔ na ahom sesẽwo,

26be woade tsi anyigba si dzi ame mele o

kple gbegbe si ame menɔ o,

27be wòaɖi kɔ na kuɖiɖinyigba gbɔlo

eye wòamie gbe fɛ̃wo?

28Fofo le tsidzadza sia?

Ame kae nye tɔ na ahũdzadza?

29Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso?

Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo,

30esi tsiwo do kpe abe ahlihã ene

eye gogloƒewo tame zu tsikpe?

31“Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma?

Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa?

32Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖo

alo akplɔ koklonɔ kple viawoa?

33Ènya dziƒo ƒe sewoa?

Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia?

34“Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo,

eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia?

35Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia?

Ɖe wova gblɔna na wò be,

‘Míawoe nye esi’ mahã?

36Ame kae tsɔ nunya na dzi

alo gɔmesese na susu?

37Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo?

Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo,

38ne anyigba do kpe eye anyikɔ

siwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu?

39“Wòe daa ade na dzatanɔ

eye nèdia nuɖuɖu na dzatawo, ne dɔ le wo wum

40eye womlɔ woƒe dowo me

alo le adeklo dzi le ave mea?

41Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo,

ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawu

eye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?

39

1“Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via?

Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua?

2Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia?

Ènya ɣeyiɣi si wodzia via?

3Wodzea klo hedzia vi

eye woƒe kuléle wua nu.

4Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me,

ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o.

5“Ame kae na ablɔɖe gbetedzi?

Ame kae tu kae?

6Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒe

kple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe.

7Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la

le kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o.

8Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe

eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe.

9“Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa?

Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea?

10Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua?

Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?

11Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta?

Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?

12Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie

eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea?

13“Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe

gake womate ŋu atsɔe asɔ

kple damixe ƒe fu kple aʋalã o.

14Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba,

enana ke xɔdzo dea dzo eme

15eye metsɔ ɖeke le eme be,

ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo,

alo lã wɔadã aɖe agbãe o.

16Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o

ene eye metsɔa ɖeke le eme ne

eƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o.

17Elabena Mawu mena nunyae

alo na susu nyuie o.

18Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la,

sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ.

19“Wòe na ŋusẽ sɔ

alo wòe tsɔ kɔdza de kɔ nɛa?

20Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene

eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa?

21Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe,

ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu

eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi.

22Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o,

yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o.

23Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi,

nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.

24Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ,

mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o.

25Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi.

Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke

kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.

26“Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu

eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea?

27Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nu

eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea?

28Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me,

agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe.

29Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonae

eye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke.

30Ʋu nye nuɖuɖu na viawo

eye afi si aʋatsilawo le la,

afi ma wònɔna.”

40

1Yehowa gblɔ na Hiob be,

2“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa?

Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”

3Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be,

4“Aleke nye ame si medze o

la maɖo nya ŋu na wòe?

Metsɔ nye asi ɖo nye nu.

5Meƒo nu zi ɖeka

gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o;

meƒo nu zi evelia

eya ta nyemagaƒo nu o.”

6Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be,

7“Bla ali dzi abe ŋutsu ene,

mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam.

8“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa?

Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?

9Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene

eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?

10Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò

eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.

11Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa,

nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.

12Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi

eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.

13Ɖi wo katã ɖe ke me

eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.

14Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be,

wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.

15“Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa,

eɖua gbe abe nyi ene.

16Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si le

eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!

17Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene,

eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.

18Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene

eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.

19Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome

gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.

20Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ

eye gbemelãwo katã fena le egbɔ.

21Emlɔa anyi ɖe ati dama te

eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.

22Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ

eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.

23Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o

eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la,

eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.

24Ɖe ame aɖe ate ŋu alée

kple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ,

ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?

41

1“Àte ŋu atsɔ ƒu aɖe lo le tɔ me

alo atsɔ ka abla eƒe aɖe ɖe nu me nɛa?

2Àte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ alo atsɔ ƒu aŋɔ eƒe glã?

3Anɔ kukuɖeɖe na wò dzi ɖaa be nàkpɔ nublanui nɛa?

Aƒo nu na wò kple gbe blewua?

4Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye

wò kluvi le eƒe agbe me katã?

5Àte ŋu amlae abe xevi ene alo atsɔe ada ɖe

avɔ dzi na viwò nyɔnuviwoa?

6Ɖe asitsalawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia?

Ɖe woamae ɖe asitsalawo domea?

7Àte ŋu atsɔ gaƒliwo aŋɔ eƒe ŋutigbalẽ

alo atsɔ akplɔ atɔ eƒe ta?

8Ne èka asi eŋuti la, àɖo ŋku avuwɔwɔ si yi edzi la dzi

eye madzro wò be nàgawɔe o!

9Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu aɖu edzi nye beble

elabena ne èkpɔe teti gɔ̃ hã la, ŋɔ adzi wò.

10Ame aɖeke medzi ŋɔ de enu ne wòanyɔe o.

Ekema ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?

11Ame kae tre nu nanam bena maɖo eteƒe nɛ mahã?

Nu sia nu si le ɣea te la nye tɔnye.

12“Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ata, abɔ,

eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.

13Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu?

Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli?

14Ame ka ate ŋu ake eƒe nu,

nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃?

15Akpoxɔnuwo ɖo ɖe eƒe dzimegbe

eye woɖo ɖe wo nɔewo nu,

16ɖe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu ale gbegbe be,

ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o.

17Wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe,

woku ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be,

womate ŋu ama wo dome o.

18Eƒe nyenye kea dzo miamiamia

eye eƒe ŋkuwo le abe ŋdi ƒe kekeli ene.

19Dzoxiwo dona tso eƒe nu me,

eye nenema kee nye dzo ƒe aɖewo hã.

20Dzudzɔ dona le eƒe ŋɔtime abe ale si tsize si

woɖo aƒladzo dzi la fiena tua dzudzɔe ene.

21Eƒe gbɔgbɔ dea dzo aka me

eye dzo bibi dona tso eƒe nu me.

22Ŋusẽ le eƒe kɔ me eye dɔmedzoe le eŋgɔ.

23Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi

eye wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe,

ale be womate ŋu afoe ɖa o.

24Eƒe akɔta do akpa abe kpe ene

eye wòsẽ abe te si dzi wotua nu le la ene.

25Ne etso la, ŋɔ dzia ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã

eye wogbugbɔna ɖe megbe ne

wose eƒe afɔzi wògbɔna.

26Yi si kaa eŋu la mewɔa nanekee o,

nenema kee nye akplɔ,

aŋutrɔ kple akplɔ nuɖekɛ.

27Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ene

eye akɔbli le abe ati si nyunyɔ la ene.

28Mesina le aŋutrɔwo nu o

eye akafokpewo le nɛ abe blitsro ene.

29Kpo le nɛ abe gbe ƒuƒu ene

eye ne yi le gbe dom la, eɖia kokoe nɛ.

30Eƒe dɔme le abe ze gbagbã dzaglidzagliwo ene

eye woɖea fli ɖe ba me abe luƒomɔ ene.

31Enana gogloƒewo fiena wlɔwlɔwlɔ abe aŋɔɖaze ene

eye wòblua atsiaƒu me abe

amiɖaze me blum wole ene.

32Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe

eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi,

ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene.

33Naneke mele anyigba dzi sɔ kplii o,

enye nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o.

34Eklẽa ŋku ɖe nu siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi

eye wònye fia ɖe nu siwo katã dana la dzi.”

42

Hiob ƒe nuƒo

1Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be:

2“Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu,

ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o.

3Èbia be, ‘Ame kae nye

esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’

Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti,

nu siwo goglo akpa na nye nyanya.

4“Ègblɔ be, ‘Ɖo to azɔ, ne maƒo nu,

ne mabia gbe wò, ne nàɖo eŋu nam.’

5Nye towo se nya le ŋuwò,

ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò

6eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam

eye megbe wo le ke kple afi me.”

Nuwunyawo

7Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o 8eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.” 9Ale Temanitɔ, Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar wɔ abe ale si Yehowa de see na wo ene eye Yehowa xɔ Hiob ƒe gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta.

10Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã. 11Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.

12Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene (14,000), kposɔ akpe ade (6,000), agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka (1,000) kple tedzi akpe ɖeka (1,000) nɔ esi. 13Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi. 14Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be, Yemima, evelia be, Kezia eye etɔ̃lia be Keren Hapuk. 15Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa.

16Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene (140) eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ. 17Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku.