Hosea

ƒe agbalẽ

1

1Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel.

Hosea srɔ̃ kple viawo

2Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.” 3Ale Hosea yi ɖaɖe Gomer, Dioblaim ƒe vinyɔnu, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ.

4Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu. 5Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.”

6Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o, 7gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.”

8Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. 9Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o.

10“Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’ 11Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”

2

1“Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’

Mawu he to na Israel, eye wòtsɔ eƒe nu vɔ̃ kee

2“Mika mo na mia dada,

elabena etrɔ zu ŋutsu bubu srɔ̃,

eye nyemeganye srɔ̃a o.

Mika mo nɛ be wòadzudzɔ ahasiwɔwɔ,

eye megatsɔ eɖokui na ŋutsu bubuwo azɔ o.

3Ne egbe gale edzi la,

maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama

abe gbe si gbe wodzii ene,

eye mana wòasɔ kple gbegbe,

anɔ abe kuɖiɖinyigba ene,

eye mana tsikɔ nawui wòaku.

4Nyemakpɔ nublanui na viawo o,

elabena wonye ahasiviwo.

5Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo,

eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be,

‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti,

be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’

6Ke nye la, matɔ kpɔ aƒo xlãe kple ŋutiwo;

maxe mɔ nɛ, ale be magakpɔ mɔ o,

7eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o.

Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o.

Ekema agblɔ na eɖokui be,

‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ,

elabena esi menɔ egbɔ la,

nuwo dze edzi nam wu fifia.’

8Menyae be nyee naa bli,

aha yeye, ami, sika kple klosalo si

wòtsɔ le eƒe mawu, Baal

subɔmii la ye o.

9“Ke azɔ la, maxɔ wain kple bli siwo menanɛ la le esi,

eye maxɔ avɔ siwo katã metso nɛ be wòata la le esi.

10Azɔ maɖe amamae le dutoƒo be eƒe lɔlɔ̃tɔwo nakpɔ,

eye ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o.

11Matɔ te eƒe azãɖuɖuwo katã;

eƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyuiwo, dzinu yeyewo,

Dzudzɔgbewo kple azãɖugbewo katã.

12Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo,

agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye.

Mana agblewo nato gbe azu ave,

eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã.

13Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ

na Baalwo, eƒe legba Baal,

eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo,

hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi.

Yehowae gblɔe.

14“Eya ta mable enu akplɔe ayi ɖe gbedzi,

afi ma maƒo nu nɛ kple lɔlɔ̃gbe bɔkɔɔ le.

15Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ,

eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la

wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo.

Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le

eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.”

16Yehowa be,

“Gbe ma gbe la ayɔm be,

‘Srɔ̃nye,’ ke menye ‘Nye Aƒetɔ’ o.

17Maɖe Baalwo ƒe ŋkɔwo ɖa le ŋuwò,

eye màgaƒo ŋkɔ ɖo na wo azɔ o.

18Le ɣe ma ɣi me la,

mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo,

kple lã siwo tana la dome,

maŋe dati kple yi,

maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi,

eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me.

19Mabla wò ɖe ɖokuinye ŋu tegbee;

matsɔ dzɔdzɔenyenye, nuteƒewɔwɔ,

lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ

abla wò ɖe ɖokuinye ŋu.

20Mabla wò le anukwareɖiɖi me ɖe ɖokuinye ŋu,

eye àva nya Yehowa wu tsã.”

21Yehowa be:

“Le ŋkeke ma dzi la,

maɖo to dziƒowo ƒe gbe,

dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe,

22anyigba hã aɖo to bli,

aha yeye kple ami,

eye woawo hã woaɖo to Yezreel ƒe gbe.

23Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye

le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia

ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’

Magblɔ na ame siwo woyɔna be,

‘Mienye nye dukɔ o’ la be

‘Mienye nye dukɔ’;

eye woawo hã agblɔ be,

‘Wòe nye mía Mawu.’ ”

3

Hosea dzra eya kple srɔ̃a dome ɖo

1Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàkplɔ srɔ̃wò agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi hã, elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo hã.”

2Ale megbugbɔ ƒlee tso eƒe kluvinyenye me kple klosalo wuiatɔ̃ kple lu agba alafa ɖeka blaatɔ̃. 3Megblɔ nɛ be, “Ele be nànɔ gbɔnye ŋkeke geɖe; mègado go kple ŋutsu bubuwo alo awɔ gbolo o, ekema manye tɔwò ɖaa.”

4Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ gɔ̃ hã manɔ wo si o! 5Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me.

4

Wotsɔ nya ɖe Israel ŋu

1O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo.

Yehowa saba mi, eye nya siwo

wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo:

Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu

megale anyigba blibo la dzi o.

2Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame,

fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu.

Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi.

3Esiawo tae miaƒe anyigba

megale nuku wɔm o ɖo,

anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa,

nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum;

lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m.

4“Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu

alo aka mo nɛ o,

elabena wò dukɔ la le abe

ame siwo le dzre wɔm

kple nunɔlawo ene.

5Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo

miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa,

eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu.

6Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi,

nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la,

nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o,

eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la,

nye hã maŋlɔ mia viwo be.

7Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la,

zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye,

eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.

8Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu,

eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene,

9eya ta ale wòle:

Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ,

elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi.

Esia ta, mahe to na nunɔlaawo

kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta.

10“Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o.

Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o,

elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ,

11eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain,

kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo.

12Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la

be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo.

Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo.

Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe,

elabena wowɔ ahasi,

gbe nu le woƒe Mawu gbɔ

hedze mawu bubuwo yome.

13Wosaa vɔ le towo tame,

eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi,

le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te.

Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le,

eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le.

14“Nu ka ta nyemahe to na wo

ne wole ahasi wɔm o?

Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo,

eye wosaa vɔ kple gbolowo.

Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃.

15“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la,

esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ.

“Mègayi Gilgal o,

eye mègayi Bet Aven o.

Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.

16Mèganɔ abe Israel ene o,

wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu,

ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe

damawo dzi abe alẽvi enea?

17Mègate ɖe Efraim ŋu kura o,

elabena edo ka kple legbawo.

18Ne Israel ŋutsuwo no aha tsu vɔ la,

ekema woyia gbolowo gbɔ.

Woƒe kplɔlawo lɔ̃a ŋukpenanuwo wɔwɔ,

19eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe,

eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo.

5

Wobu fɔ Israel

1“Miɖo to nya sia,

O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe,

miƒu to anyi;

O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to,

mebe mi katã miatsrɔ̃!

Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa,

mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi

2kple ʋe goglo si woɖe ɖe Sitin,

gake migaŋlɔ be,

be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la ta o.

3Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o.

O Efraim, ètrɔ zu gbolo,

eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.

4“Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu

ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o,

elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke,

eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o.

5Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu.

Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta.

6Mlɔeba la, woava do kple woƒe alẽwo

kple nyiwo be woasa vɔ na Yehowa,

gake womakpɔe o,

elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.

7Wometo nyateƒe na Yehowa o,

elabena wodzi ahasiviwo.

Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo

kple woƒe nunɔamesiwo.

8“Miku lãdzo le Gibea,

eye miaku kpẽ le Rama.

Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven.

O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!

9Woagbã Efraim gudugudu

ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo.

Le Israel ƒe toawo dome la,

nu siwo mena wo nya la ava eme godoo.

10Yuda ƒe amegãwo le abe

ame siwo ŋea liƒo ɖe eme la ene,

eya ta matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe

wo dzi bɔbɔbɔ abe tɔɖɔɖɔ ene,

11eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu,

elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome.

12Maɖu Efraim, agblẽ edome abe ale si gbagbladza ɖua avɔe ene,

eye magblẽ Yuda dome abe ale si ŋɔ ɖua aŋgba ene.

13“Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle,

eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la,

Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu,

eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ,

gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu,

ana miaƒe abiwo naku o.

14Manye dzata ɖe Efraim ŋu,

eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu.

Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo;

malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.

15Magblẽ wo ɖe aboyo me,

atrɔ yi aƒe va se ɖe esime wolɔ̃ be yewodze agɔ,

atrɔ ɖe ŋutinye, aɖe kuku nam,

elabena ne fukpekpe dze wo dzi la,

woadi nye mɔ.”

6

Israel gbe dzimetɔtrɔ

1“Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ,

elabena eyae vuvu mí,

eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi.

Eyae de abi mía ŋuti,

eye eyae abla abi la na mí.

2Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí,

le ŋkeke etɔ̃a gbe la,

aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume!

3Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.

Mina míadze agbagba be míanyae,

eye abe ale si ɣedzedze

kple kelemetsi medana le edzi o ene la,

nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.”

4“O, Efraim, nu ka mawɔ na wò,

O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò?

5Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe,

eye metsɔ nye numenyawo wu mii;

nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,

6elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele,

menye vɔsa o,

eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo,

7gake abe Adam ene la,

mietu nye nubabla la,

eye miewɔ nuteƒe o.

8Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du,

eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi.

9Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ,

eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi.

Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi

le amewo wum,

eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm.

10Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel.

Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me,

eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me.

11“O, Yuda,

woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã.

“Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,

7

1Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la,

ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go,

eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi,

elabena woblea ame, gbãa ʋɔ,

fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi.

2Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku

le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o.

Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe,

eya ta mele wo katã kpɔm.

3“Wotsɔa woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ doa nukokoe na fia la,

eye dumegãwo kpɔa dzidzɔ koa nu

le woƒe alakpadadawo ta.

4Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ.

Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime

eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la,

nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu.

5Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la,

dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo.

6Woƒe dziwo bina abe kpodzo ene,

eye woyia egbɔ le ayedzedze me.

Woƒe didiwo ɖea fu na wo le zã blibo la me

eye le ŋdi la, wonɔna abe dzo ƒe aɖewo ene.

7Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene,

eye wofiaa woƒe kplɔlawo.

Woƒe fiawo katã mu dze anyi,

gake ɖeke meyɔm kpɔ o.

8“Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo,

eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene.

9Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o.

Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom,

gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim

le gbɔdzɔgbɔdzɔm o.

10Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti;

esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la,

metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la

gbɔ be yeadii o.

11“Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene,

eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti,

eye wòdzona yia Asiria.

12Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo;

maɖiɖi wo ava anyie abe xevi

si le dzodzom le yame ene.

Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo.

13Baba na mi, nye amewo,

elabena miegbem;

mana woatsrɔ̃ mi,

elabena miedze aglã ɖe ŋutinye!

Medi vevie be maɖe wo,

gake woda alakpa ɖe asinye.

14Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o,

ke wofa avi le woƒe abawo dzi.

Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti,

ke nye la, wotrɔ le yonyeme.

15Nyee he wo, eye mena wokpɔ ŋusẽ,

gake azɔ la, wotsi tsitre ɖe ŋutinye.

16Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o.

Wole abe dati si daa dadagbo la ene,

eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu

ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta.

Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi.

8

Israel ŋlɔ Mawu be

1“Mitsɔ kpẽ la ɖo nu!

Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu,

elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu.

2Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be,

‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’

3Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ;

azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome.

4Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o,

eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o.

Wotsɔ woƒe klosalo

kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena

woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.

5O Samaria, tsɔ wò nyivilegba si nèwɔ la ƒu gbe.

Nye dɔmedzoe le bibim ɖe wo ŋu.

Gbe ka gbe miana mia ŋuti nakɔ?

6Nu siawo dzɔ tso Israel,

nyivilegba si gbede tu la,

menye Mawu o,

eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.

7“Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya.

Woƒe bliwo magbã ahadza o,

eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o,

eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la,

amedzrowo ahae aɖu.

8Israel gbã gudugudu,

ɖeko wòle dukɔwo dome

abe nu maɖinu ene,

9elabena wodzo yi Asiria hele tsatsam

abe gbetedziwo ene.

Efraim tsɔ eɖokui dzra na ahiãviwo.

10Togbɔ be wodzra wo ɖokuiwo na dukɔwo hã la,

magaƒo wo nu ƒu azɔ.

Woakpe fu le fiagã la

kple dumegãwo ƒe teteɖeanyi ta.

11“Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo,

hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o.

Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ.

12Ne mede se akpe ewo nɛ hã la,

ɖeko wòagblɔ be menye yee wode seawo na o,

ke boŋ ame bubuwoe wode wo na.

13Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu,

gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o.

Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi,

eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta,

ale woagatrɔ ayi Egipte.

14Israel ŋlɔ eƒe wɔla be,

eye wòtu fiasã gã dranyiwo.

Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo.

Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo,

eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”

9

Tohehe na Israel

1O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o,

elabena miegbe miaƒe Mawu la

hesa vɔ na mawu bubuwo,

eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo

le lugbɔƒe ɖe sia ɖe.

2Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o,

eye woƒe aha yeye agblẽ.

3Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o,

Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria.

4Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o,

elabena vɔsa siwo katã woawɔ

le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o;

vɔsa siawo ŋuti mekɔ o,

ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene,

eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o.

Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo,

gake menye be woatsɔe asa vɔe

le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.

5Ekema nu ka miawɔ le ŋkeke kɔkɔewo

kple Yehowa ƒe ŋkekenyuiwo dzi?

6Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la,

Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo.

Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia,

eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi.

7Toheɣi na Israel ɖo vɔ;

nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la,

Israel anya nu si wònye.

Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle,

eye fuléle yɔ mewò fũu ta la,

nyagblɔɖila zu bometsila,

eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ.

8Meɖo nyagblɔɖilawo be woadzɔ Efraim ŋu,

gake dukɔ la xe mɔ na wo le mɔ ɖe sia ɖe nu,

woɖe woƒe fulélewo fia le dutoƒo, eye wowɔ esia hã

le Mawu ƒe gbedoxɔ me gɔ̃ hã.

9Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la,

le abe movinu siwo wowɔ le

Gibea gbe aɖe gbe va yi ene.

Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi,

eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.

10“Esi medo go Israel la,

enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene;

esi medo go wo fofowo la,

enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene.

Ke esi wova Baal Peor gbɔ la,

wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la

eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene.

11Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene,

eya ta womadzi vi o,

womafɔ fu o, eye womado fu hã o

12eye ne viwòwo tsi la,

maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo.

Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ.

Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.

13Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani

aɖe abe Tiro ene,

gake Efraim akplɔ viawo ade

asi na amewula.”

14O Yehowa, nu ka nàtsɔ ana wò amewo?

Nu siwo nàtsɔ na wo lae nye vidzidɔ

si mate ŋu atsɔ fu o

kple no siwo me notsi manɔ o.

15“Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal,

eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le.

Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta.

Nyemagalɔ̃ wo azɔ o,

elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.

16Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel,

wò kewo katã yrɔ,

màgatse ku azɔ o,

eye ne èdzi vi hã la,

mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.”

17Nye Mawu agbe Israelviwo,

elabena wogbe be yewomaɖo toe o.

Woazu tsatsalawo,

kple aƒemanɔsitɔwo le dukɔwo dome.

10

1Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa!

Israel le abe wainka si vu,

eye wòtse ku kplanya la ene.

Ale si ke wòtse ku geɖewoe la,

nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe.

Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la,

zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.

2Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ.

Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo.

Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo,

eye wòagbã woƒe legbawo.

3Ekema woagblɔ be, “Fia aɖeke megale mía si o,

elabena míede bubu Yehowa ŋu o.

Ke ne fia le mía si hã la,

nu ka wòawɔ na mí?”

4Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii,

eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti

abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene.

5Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo

le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta.

Esubɔlawo le nu xam le eta,

eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi

eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta.

6Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la,

woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb,

abe nunana ene.

Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.

7Woakplɔ Samaria kple eƒe fia adzoe

abe ale si ƒutsotsoe kplɔa futukpɔ dzonae ene.

8Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven,

eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃.

Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi.

Woagblɔ na towo be,

“Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ

na togbɛwo be,

“Mimu dze mía dzi.”

9“O Israel, èwɔ nu vɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke,

eye nègale ewɔwɔ dzi.

Ɖe Gibea ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ mena

woɖu wo dzi le aʋa me oa?

10Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta;

ɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la,

madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo

ɖe mia ŋuti be woahe to na mi,

le miaƒe nu vɔ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta.

11Efraim léa be na nyiviwo nyuie,

eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ;

azɔ la matsɔ kɔkuti

ade eƒe kɔ nyuie la,

eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu,

Yuda aŋlɔ agble,

eye Yakob adzobo anyigba

12Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃;

miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene,

elabena azɔe nye Yehowa diɣi,

be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi.

13Ke miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble,

miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ,

mieɖu alakpakutsetse;

elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ

kple aʋakɔ gã la ŋu.

14Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ,

eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã,

abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene;

le nyadzɔdzɔ ma me la,

wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.

15Esia anye ale si woawɔ wò, O Betel,

elabena wò nu vɔ̃ɖiwo sɔ gbɔ.

Le ŋdi kanya gbe ɖeka la,

woaɖe Israel fia ƒe agbe ɖa.

11

Mawu ƒe lɔlɔ̃ na Israel

1“Esi Israel nye ɖevi la,

melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe,

abe vinye ŋutsu ene.

2Zi ale si meyɔe la,

zi nenema ke wòtrɔ megbe dem,

hele vɔ sam na Baalwo,

eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo.

3Nyee lé Efraim ƒe alɔnu

hefia azɔlizɔzɔe,

gake menyae be

nyee kpɔ ye ta o.

4Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka,

eye mebla wo kple lɔlɔ̃.

Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ,

eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.

5“Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte,

eye Asiria aɖu wo dzi,

elabena wogbe dzimetɔtrɔ.

6Aʋa adzɔ le woƒe duwo me;

woagbã woƒe agbo sesẽwo,

eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo.

7Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem.

Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la,

womakpɔ xɔxɔ o.

8“O, nye Efraim,

aleke mate ŋu atsɔ wò ana?

Israel, aleke mate ŋu aɖe asi le ŋuwò?

Aleke mawɔ agbe wò abe Adma kple Zeboyim ene?

Nye dzi le avi fam le menye,

eye nye dzi xɔ dzo ɖe mia ŋuti be maɖe mi!

9Gbeɖe, nyemahe to na mi

abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o,

eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o,

elabena Mawue menye,

eye menye amegbetɔe menye o.

Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome

eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o.

10Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa.

Aɖe gbe abe dzata ene.

Ne eɖe gbe la,

viawo atrɔ agbɔ

kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe.

11Woatrɔ tso Egipte abe xeviwo ƒe ha gã aɖe ene.

Nenema ke woatrɔ tso Asiria

abe ahɔnɛ ƒe ha gã aɖe ene.

Magakplɔ wo ayi woƒe aƒewo mee.”

Yehowae gblɔe.

Israel ƒe nu vɔ̃

12Efraim ƒo xlãm kple alakpa,

eye Israel ƒe aƒe la ƒo xlãm kple beble.

Yuda gadze aglã ɖe Mawu ŋuti,

eye wòtsi tsitre ɖe anukwaretɔ kple Kɔkɔetɔ la gɔ̃ hã ŋu.

12

1Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo,

etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã,

eye wòdzia alakpa

kple ŋutasesẽ ɖe edzi.

Ebla nu kple Asiria,

eye wòɖo ami ɖe Egipte.

2Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti.

Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta,

eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.

3Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi,

eye esi wòtsi zu ŋutsu la,

ete kame kple Mawu.

4Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla,

eye wòɖu edzi gɔ̃ hã.

Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye.

Edo go Mawu le Betel,

ƒo nu kplii le afi ma.

5Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ

si ŋkɔe nye Yehowa la ƒo nu nɛ,

6eya ta mitrɔ gbɔ va miaƒe Mawu la gbɔ.

Minɔ agbe le nyateƒetoto kple lɔlɔ̃ me,

eye miɖo ŋu ɖe miaƒe Mawu la ŋu be

wòawɔ nu geɖe na mi.

7Alakpanudanu le asitsalawo si,

wolɔ̃a amebaba.

8Efraim dana gblɔna be:

“Kesinɔtɔ gã aɖee menye!

Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la,

womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.”

9“Yehowa ɖeka kple Mawu ɖeka ma,

si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egipte lae menye,

eye nye kee ana mianɔ agbadɔwo me

abe ale si miewɔnɛ ƒe sia ƒe

le Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu me ene.

10Medɔ nye nyagblɔɖilawo be

woaxlɔ̃ nu mi to ŋutega,

drɔ̃ekuku kple lododowo me.”

11Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã?

Vavã wonye bometsilawo.

Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead.

Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo

ali kɔe ɖe agble dzi.

12Yakob si yi ɖe Siria,

eye Israel subɔ be yeaɖe srɔ̃,

eye be yeakpɔ ga abia nyɔnu ta la, ekplɔ alẽ.

13Yehowa kplɔ eƒe dukɔ la do goe

le Egipte to nyagblɔɖila aɖe dzi,

eye wòdzɔ wo ŋuti, fia mɔ wo,

14gake Efraim do dɔmedzoe

na Yehowa vevie.

Eƒe Aƒetɔ la ana eƒe nu vɔ̃wo ƒe ʋu nava eƒe ta dzi,

eye wòaɖo eteƒe nɛ.

13

Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe Israel ŋu

1Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la,

dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya,

elabena wodoe ɖe dzi le Israel,

gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku.

2“Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ.

Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo,

ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo

le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu.

Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be

wotsɔa amegbetɔ saa vɔe,

eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo.

3Wo katã woabu vĩi abe afu ene,

eye woaƒu enumake abe ahũ ene;

woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene,

eye woabu abe dzudzɔ ene.

4“Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu,

eye alea ko mele tso esime

ke mekplɔ mi do goe tso Egipte.

Mawu bubu aɖeke mele mia si o,

negbe nye ko,

elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.

5Mekpɔ mia ta le gbedzi,

le kuɖiɖinyigba ma dzi.

6Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la,

dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,

7eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene,

made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene.

8Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene,

mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene.

Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.

9“O Israel, ètsrɔ̃ ɖokuiwò,

elabena ètso ɖe nye,

wò xɔnametɔ ŋu.

10Afi ka miaƒe fia la le?

Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o?

Afi ka miaƒe dumegãwo katã le?

Ame siwo ŋuti miegblɔ le be,

‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le?

Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi!

11Le nye dziku me, meɖo fia na mi,

eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me.

12Woƒo Efraim ƒe vodadawo nu ƒu,

eye wodzra eƒe nu vɔ̃wo ɖo ɖe agbalẽ me.

13Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene,

gake ele abe vi manyanu ene,

elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la,

medoa ta ɖe vidzidɔ nu o.

14“Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me,

eye maxɔ wo le ku ƒe asi me.

O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le?

O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le?

Elabena nyemakpɔ nublanui o.

15“Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu

le nɔviawo dome hã la,

ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava.

Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla.

Woaha eƒe nudzraɖoƒewo,

eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe.

16Samaria azu aƒedo,

elabena edze aglã ɖe Mawu ŋu.

Woatsi yi nu,

woalé vidzĩwo axlã ɖe anyi woaku,

eye woako woƒe funɔwo

kple yi agbagbee.”

14

Dzimetɔtrɔ si ahe yayra vɛ

1O Israel, mitrɔ yi Yehowa,

miaƒe Mawu la gbɔ,

elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.

2Miva Yehowa gbɔ

kple miaƒe kukuɖeɖe,

eye miagblɔ nɛ be,

“O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.

Ve mía nu nàgaxɔ mí,

eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò.

3Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o,

eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o;

míagayɔ legba siwo míewɔ

kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o,

elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko

tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”

4“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu,

eye magalɔ̃ wo kple dzi faa,

elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.

5Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel,

aƒo se nyuie abe dzogbenya ene,

eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene.

6Eƒe alɔdzewo atse nyuie,

eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene,

eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene.

7Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ,

aʋã abe bli ene,

aƒo se abe wainti ene,

eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene.

8O Efraim! Migbe nu le legbawo gbɔ!

Matɔ nɛ, akpɔ eta.

Mele abe ati dama ene.

Wò nuteƒewɔwɔ tso gbɔnye.”

9Ame sia ame si si nunya le la,

ase nu siawo gɔme.

Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to,

elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe,

eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi,

ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.