Nyagblɔla

ƒe agbalẽ

1

Nu sia nu nye tofloko

1Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo:

2Le nye nugɔmesese nu la,

viɖe aɖeke mele naneke ŋu o;

nu sia nu nye tofloko ko.

3Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba

siwo katã wòdzena le ɣea te la me?

4Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana,

ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee.

5Ɣe hã dzena eye wòɖoa to;

eɖea abla yia afi si wòdze tso.

6Ya ƒona ɖoa ta dziehe

eye wòtrɔna yia anyiehe.

Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe

eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.

7Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me,

ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o.

Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me

eye wògatsana yia atsiaƒu la me.

8Nuwo katã le dagbadagba dzi

eye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu

le eŋu wòade edeƒe o:

nukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o

abe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene.

9Nu siwo nɔ anyi va yi la,

woawo ke koe agatrɔ ava

eye nu siwo wowɔ kpɔ la,

woawo ke ko woagawɔ.

Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o.

10Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be,

“Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã?

Enɔ anyi kpɔ le blema ke,

do ŋgɔ na mí.

11Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o;

nenema ke ame siwo woava dzi la,

maɖo ŋku nu siwo dzɔ

do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o.

Nunya nye tofloko

12Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem. 13Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o. 14Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.

15Nu si glɔ̃ da ɖi la,

womagate ŋu adzɔe o

eye nu si meli o la,

womate ŋu axlẽe o.

16Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.” 17Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;

18elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me,

eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la,

dzia nuxaxa ɖe edzi.

2

Dzidzɔdonamenuwo katã nye tofloko

1Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko 2elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme? 3Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la.

4Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo, 5mewɔ abɔwo kple yaxɔƒewo, medo atiwo kple kutsetseti ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo me. 6Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me. 7Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si. 8Mena fiawo kple dutatɔwo dzɔ klosalo kple sika nam. Meɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe hadzihawo, kpẽkuhawo kple ʋuƒohawo da ɖi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nye ahiãviwo dze tugbe, eye wosɔ gbɔ fũu. 9Ale mexɔ ŋkɔ wu Fia bubu ɖe sia ɖe si nɔ Yerusalem kpɔ. Gawu la, meke ŋku ɖi be mate ŋu ade dzesi nu siawo katã ƒe asixɔxɔ.

10Mewɔ nu sia nu si dze ŋunye eye nyemehe ɖokuinye ɖa tso

dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke ƒomevi gbɔ o.

Dɔ sesẽ wɔwɔ gɔ̃ hã do dzidzɔ nam.

Le nyateƒe me la,

dzidzɔkpɔkpɔ sia koe nye nye

agbagbadzedzewo katã ƒe fetu.

11Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la,

medze sii be wo katã nye tofloko

kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele

naneke ŋu le afi aɖeke o.

12Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya,

tsukuku kple bometsitsi ŋu,

elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ?

Nu si tututu wowɔ va yi la koe!

13Mekpɔe be viɖe le nunya ŋu wu bometsitsi

abe ale si kekeli nyo wu viviti ene.

14Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me.

Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna

ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi.

15Eya ta megblɔ le nye dzi me be

ale si bometsila aku la,

nenema tututue nye hã makue,

eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam?

Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;

16elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge

eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ

le ŋkeke siwo gbɔna la me.

Agbagbadzedze nye tofloko

17Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko. 18Nu si gate ɖe dzinyee nye magblẽ nye dagbadagbawo katã ƒe metsonu ɖi na ame bubuwo. 19Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko! 20Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu, 21elabena ame aɖe li si tsɔ nunya kple gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe, ke ele nɛ be wòagblẽ nu siwo wòkpɔ tso dɔwɔwɔ me la ɖi na ame aɖe si mewɔ naneke kura tso dɔ la ŋu o la, woazu etɔ. Esia hã anye tofloko kple nu vɔ̃ɖi aɖe 22elabena nu ka ame kpɔna tso eƒe dagbadagba kple eƒe dzi ƒe agbagbadzedze le dɔ siwo katã wòwɔna le ɣea te ŋu la me? 23Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko.

24Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona, 25elabena ame kae ate ŋu ato Mawu megbe aɖu nu alo aɖu agbe? 26Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu.

3

Ɣeyiɣi li na nu sia nu

1Ɣeyiɣi li na nu sia nu,

eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.

2Amedziɣi li, eye kuɣi li.

Nudoɣi li, eye nuxaɣi li.

3Amewuɣi li, eye gbedaɣi li.

Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li.

4Avifaɣi li, eye nukoɣi li.

Konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.

5Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li.

Asikplakɔɣi li, eye asiɖelekɔɣi li.

6Nudiɣi li, eye nubuɣi li.

Nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li.

7Nuvuɣi li, eye nutɔɣi li.

Ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.

8Lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li.

Aʋawɔɣi li, eye ŋutifafawɔɣi li.

9Nu ka tututu amegbetɔ kpɔna tso dɔ sesẽ wɔwɔ me? 10Mebu ta me tso nu sia ŋu tso dɔ vovovo siwo Mawu tsɔ na amegbetɔ la ŋu. 11Nu sia nu sɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ke, togbɔ be Mawu de mavɔmavɔnyenye ta me na amegbetɔ hã la, amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔ blibo la tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu o, 12eya ta metso nya la me be gbã la, nu si ƒo nuwo katã tae nye be amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ, eye wòaɖu agbe ŋkeke ale si wòate ŋui; 13evelia la, ele be wòaɖu nu, ano nu eye wòaɖu agbe kple nu siwo do tso eƒe dagbadagbawo me elabena esiawoe nye nunana tso Mawu gbɔ. 14Eye menya esia be nu sia nu si Mawu wɔ la, tɔtrɔ aɖeke meganɔa eŋu o, womate ŋu atsɔ naneke akpee o eye womate ŋu aɖe naneke le eme hã o. Mawu ƒe taɖodzinu le nya sia mee nye be ele be amegbetɔ navɔ̃ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la.

15Nu sia nu si li fifia la,

nɔ anyi tso keke gbe aɖe gbe ke

eye nu sia nu si ava dzɔ la,

dzɔ kpɔ va yi xoxo.

Mawu gatrɔa nu si dzɔ kpɔ xoxo la vanɛ.

16Hekpe ɖe esia ŋu la,

mede dzesii be,

le anyigba blibo la dzi la,

dzɔdzɔenyenye le bubum,

nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm

eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.

17Megblɔ na ɖokuinye be,

“Ne azã la su ko la,

Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna,

nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”

18Le esia megbe la, medze sii be, “Mawu le mɔ ɖem be xexea me nalé eƒe nu vɔ̃ mɔ atsɔ, ale be yeate ŋu ado amegbetɔƒomea kpɔ, eye amegbetɔwo ŋutɔ nakpɔe be yewole abe gbemelãwo ene. 19Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko! 20Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu, 21elabena ame ka ate ŋu aɖee fia bena, amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ ɖoa ta dzi, ke lãwo tɔ ya ɖoa ta anyi, gena ɖe tome?”

22Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia.

4

Teteɖeto, agbagbadzedze kple xɔlɔ̃ ƒe ame si manɔmanɔ

1Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu.

Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo;

kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o,

le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la

le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.

2Ale mebu be ame kukuwo tɔ

nyo sãa wu agbagbeawo tɔ

3eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la,

woawoe nye ame siwo womedzi o

eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi

kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o.

4Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

5Bometsila bla asi ɖe akɔnu

eye wògblẽ eɖokui dome.

6Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa

le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze

kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo.

7Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu.

8Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si

viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu,

ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe,

eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu.

Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na?

Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema?

Viɖe aɖeke kura mele eme o.

9Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka

ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve

elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.

10Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe,

ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la,

egena ɖe fukpekpe me.

11Hekpe ɖe esia ŋu la,

ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka

le vuvɔŋɔli le zã me la

kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ,

ke aleke ame ɖeka ate ŋu

ade dzo lãme na eɖokui?

12Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe

gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi.

Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka

elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o.

Dzidzedzekpɔkpɔ hã toflokoe

13Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ. 14Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã. 15Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe gɔ̃ hã. 16Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

5

Vɔ̃ Mawu

1Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o,

2Wò nu megatsɔ blablabla o,

eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o,

elabena Mawu le dziƒo ke,

le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii

eya ta mègaƒo nu blablabla o.

3Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana

wokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la,

nenema kee bometsitsi nana

woƒoa nukpoloe.

4Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. Wɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi nɛ. 5Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ. 6Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi? 7Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.

Kesinɔnuwo hã nye tofloko

8Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame. 9Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me.

10Ame si lɔ̃a ga la,

makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ,

adze eŋu gbeɖe o.

Enye bometsitsi be ame nabu be

kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!

11Ale si nèkpɔ ga wòsɔ gbɔe la,

nenema tututue wò gaŋudɔwɔwɔ hã anɔ;

ekema nu nyui kae le gakpɔkpɔ ŋu?

Ɖewohĩ nu nyui si le gakpɔkpɔ ŋu

koe nye nàkpɔ ga la wòaƒu du ato wò

asibidɛwo dome adzo le gbɔwò!

12Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la,

dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe

alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi

eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o.

13Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te:

eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da

ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ

14alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me,

ale be ne viŋutsu le amea si la,

naneke matsi anyi na viŋutsu la o.

15Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la,

trɔna kaba yia ahedada me,

afi si wòdze dɔa gɔme tsoe.

16Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la:

Nya sia nye nya sesẽ aɖe,

elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua

tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko.

Eƒe nuwo katã buna.

17Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la

zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo.

18Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me. 19Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ. 20Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi.

6

1Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi. 2Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe.

3Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe, 4elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o, 5makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o. 6Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu?

7Ame ƒe sreɖidzedzewo katã ku ɖe eƒe nuɖuɖu ko ŋu,

ke meɖia ƒo ɣe aɖeke ɣi o.

8Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila?

Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya

ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume?

9Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame

ƒe tsaglalãtsatsa le susu me.

Drɔ̃ekuku dzodzro le nu nyuiwo ŋu nye bometsitsi

eye wòganye dagbadagba ɖe yame ko.

10Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi;

woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo

eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe

kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o.

11Ne wò nyawo sɔ gbɔ la,

gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o,

ekema nu ka ta nàɖe fu na

ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?

12Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?

7

Nunya

1Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake.

Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe!

2Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede

elabena èle kuku ge eye enye nu nyui

be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.

3Nuxaxa nyo wu nukoko

elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi.

4Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie

ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu.

5Ne nunyala ka mo na ame la,

enyo wu bometsila nakafu ame

6elabena bometsila ƒe amekafukafu nu yina kaba

abe agbalẽ kakɛe ge ɖe dzo me ene

eya ta enye numanyamanya be

ame nana bometsitsi ma tɔgbi ƒe nya nawɔ dɔ ɖe edzi.

7Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila

elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me.

8Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze!

Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi.

9Mègado dɔmedzoe kabakaba o,

elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana

ame zua bometsila.

10Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o

elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o!

11Nunya nye domenyinu xɔasi

kple viɖe na ame siwo le agbe;

12Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu,

gake nyui geɖe le nunyalanyenye me.

13Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi.

Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o.

14Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me,

eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la,

dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui

kple dzɔgbevɔ̃e siaa,

ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele

naneke ŋu le agbe sia me o.

15Medze si nu sia nu le nye agbenɔnɔ ƒuƒlu sia me.

Medze sii be ame nyui aɖewo kuna kaba

ke ame vɔ̃ɖi aɖewo nɔa agbe didi

16eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o

eye mèganya nu tso eme akpa o.

Nu ka ta nàwu ɖokuiwò?

17Ke mègavɔ̃ɖi akpa loo

alo nàtsi bome akpa o!

Nu ka ta nàku hafi wò azã nasu?

18Lé fɔ ɖe dɔdeasi ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ŋu,

eye ne èvɔ̃a Mawu la,

àte ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra.

19Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu

wu du gã ewo ƒe dziɖulawo!

20Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye

ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.

21Mègade xa ɖi hena nyasese o,

àva se wò dɔla wòanɔ fi ƒom de wò!

22Wò ŋutɔ ènya zi geɖe

siwo nèƒoa fi dea amewoe!

23Medze agbagba ɖe sia ɖe be manya nu.

Megblɔ be, “Mazu nunyala kokoko”

Ke medze edzi nam nenema o.

24Nunya le didiƒe ke

eye esesẽ ŋutɔ be woake ɖe eŋu.

25Medii le afi sia afi,

meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya

kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi,

eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ,

eye bometsitsi nye tsukuku.

26Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la

ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ.

Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu,

ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o.

27Nyagblɔla gblɔ be,

“Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye,

woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be

woanya ɖoɖo si le nuwo me.

28Esi mele nuwo me kum,

nyemeke ɖe naneke ŋu o la,

mekpɔ ŋutsu si nye ame dzɔdzɔe ɖeka

le ame akpe ɖeka dome,

ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka si nye

ame dzɔdzɔe la le wo katã dome o.

29Mekpɔe hã be

togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo

wonye ame dzɔdzɔewo hã la,

wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze

eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.”

8

1Ame kae le abe nunyala ene?

Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme?

Nunya nana ame ƒe mo klẽna

eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la.

Ɖo to fia la

2Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume 3Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu. 4Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o.

5Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o.

Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi.

6Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la,

ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi.

7Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la,

ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ?

8Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o

eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o,

elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o.

Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu

akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o.

9Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui. 10Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.

11Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie. 12Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo. 13Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o.

14Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko! 15Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.

16Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la, 17tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o.

9

Nu ɖeka koe le amewo katã ŋgɔ

1Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ. 2Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o.

Ale si wòle na ame nyui la,

nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã.

Ale si wòle na ame siwo kaa atam la,

nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka.

3Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome. 4Agbagbeawo si ko mɔkpɔkpɔ le. “Enyo be ame nanye avu gbagbe wu wòanye dzata kuku.”

5Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge

ke kukuawo ya menya naneke o

eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o.

6Nu sia nu si wowɔ le woƒe agbenɔɣi,

abe lɔlɔ̃, fuléle alo ŋuʋaʋã ene la,

woŋlɔ wo be keŋkeŋ eye wɔƒe aɖeke

megale wo ŋu le xexe sia me o.

7Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo! 8Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o. 9Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta. 10Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.

11Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me

eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu

ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi

le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o

eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o.

Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe

eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o,

ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko,

ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

12Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o.

Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me

alo xevi si woɖe le mɔ me ene.

Nunya nyo wu bometsitsi

13Nu bubu si gawɔ dɔ tɔxɛ ɖe dzinye esi melé ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nyawo ŋu lae nye: 14Du sue aɖe nɔ anyi; ame ʋɛ aɖewo koe nɔ eme. Fia gã aɖe va kple eƒe aʋakɔ, eye woɖe to ɖee. 15Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o. 16Ale medze sii be togbɔ be nunya xɔ asi wu ŋusẽ hã la, ne nunyala la nye ame dahe ko la, woado vloe eye eƒe nuƒoƒo madze ame ŋu o.

17Ke nunyala ƒe nya si wògblɔna dzaa la,

xɔa asi wu bometsilawo ƒe fia ƒe ɣlidodo.

18Nunya nyo wu aʋawɔnuwo,

ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe.

10

1Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la

ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu!

Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe

kple bubu gã me.

2Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyui

ke bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃.

3Àte ŋu adze si bometsila le

ale si wòle zɔzɔm le ablɔ dzi la me!

4Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la,

mègadzo le egbɔ o,

elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.

5Megade dzesi nu vɔ̃ɖi aɖe tso fiawo

kple dziɖulawo ŋu esi melé ŋku ɖe nuwo

ƒe yiyi me le xexea me ŋu.

6Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ

wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe

na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o.

7Gawu la, mekpɔ subɔlawo wonɔ sɔ dom

le esime fiaviŋutsuwo nɔ afɔ zɔm abe subɔlawo ene!

8Ame si ɖea vudo la,

eyae gena ɖe eme.

Ame si gbãa gli toa eme la,

eyae da ɖuna.

9Ame si gbãa kpe la,

eyae kpe wɔa nuvevii!

Ame si dzea nake la,

eyae fia sina!

10Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la,

wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ.

Dze nunya eye nànyre fia la nyuie.

11Ne da ɖu ame hafi wosa gbe de daa la,

ekema gbesala mewɔ dɔ nyui aɖeke o.

12Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya,

ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu.

13Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanya

eye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi.

14Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu

eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito!

Ke ame ka tututu ate ŋu

anya nu si le dzɔdzɔ ge?

15Dɔ sue aɖe ko wɔwɔ nana ɖeɖi tea eŋu

ale gbegbe be ŋusẽ meganɔa eŋu hena dua me yiyi o.

16Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi

eye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe.

17Woayra dukɔ si ƒe fia nye bubume,

eƒe kplɔlawo wɔa dɔ sesĩe hafi ɖua nu

eye wonoa nu bena woatsɔ ado ŋusẽ wo ɖokuiwo

hena dɔ si le wo ŋgɔ la wɔwɔ.

18Kuviawɔwɔ nana xɔ ƒe daɖedziwo nyena ɖe eme,

eye alɔgblɔlɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna.

19Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ,

wain hea dzidzɔ vanɛ,

eye gae dia nu sia nu kpɔna.

20Mègado ɖiŋu na fia la

le wò susu me ke gɔ̃ hã o;

mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o,

elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo.

11

“Tsɔ wò abolo da ɖe tsi dzi”

1Na nu amewo faa

elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ

gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe.

2Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me

elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe

le ŋkeke siwo ava la me.

3Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana.

Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la,

etsia afi si wòdze.

4Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la,

meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la,

meŋea nu o.

5Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí

abe ale si míenya ya ƒe toƒe o

kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ

ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene.

6Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko,

elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o;

ɖewohĩ wo katã amie.

Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuime.

7Enye nu nyui wɔnuku aɖe be ame nanɔ agbe!

8Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la,

nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me,

ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi,

elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo

le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko,

ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu.

Nya blibo la ƒe taƒonya

9Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime,

eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime.

Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu,

ke nyae be

Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,

10eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime,

eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ,

elabena ɖekapuimenɔnɔ

kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.

12

1Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,

hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ

le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.

2Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli,

ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti,

eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe,

3elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo

kple abɔwo nadzo nyanyanya,

wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ,

wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu

eye wò ŋkuwo hã natsi

4ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum

esi wò aɖuwo tu vɔ la ta!

Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me,

ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom,

màgate ŋu adzi ha o.

5Àvɔ̃ na dzidede kple gege,

eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ,

ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o,

ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo

eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm.

6Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,

hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã,

tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to,

tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa,

7nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu,

ame si tsɔe na wò la gbɔ.

8Nyagblɔla be nuwo katã nye tofloko ko.

9Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te, 10elabena Nyagblɔla menye nunyala ɖeɖe ko o, ke boŋ enye nufiala nyui aɖe hã. Menye ɖe wòfia nu si wònya la ko wo o, ke boŋ efianɛ to mɔ si do dzidzɔ na wo la dzi.

11Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo.

12Ke vinye, na woaxlɔ̃ nu wò. Seɖoƒe aɖeke meli na agbalẽ geɖe ŋɔŋlɔ o eye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ƒe ŋutilã ŋu.

13Nya blibo la ƒe taƒonyae nye:

Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi,

elabena esia koe nye amegbetɔwo

ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo

14elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí

le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa,

eɖanye nyui alo vɔ̃.