Kronika

ƒe agbalẽ evelia

1

Salomo bia nunya

1Solomo, David ƒe vi li ke eɖokui sesĩe ɖe eƒe fiaɖuɖu la me elabena Yehowa, eƒe Mawu la li kplii eye wòna eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ.

2Tete Solomo ƒo nu na Israel blibo la, na asrafo akpewo kple asrafo alafawo dzi kpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple kplɔlawo katã le Israel kple ƒometatɔwo 3eye Solomo kple ameha blibo la yi vɔsaƒe si le Gibeon. Mawu ƒe agbadɔ si Mose, Yehowa ƒe dɔla tu le gbedzi la nɔ afi ma. 4Fia David va tu agbadɔ aɖe emegbe ɖe Yerusalem na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòtsɔe tso Kiriat Yearim va afi si wòdzra ɖo ɖi nɛ. 5Ke akɔblivɔsamlekpui si Bezalel, Uri ƒe viŋutsu, ame si nye Hur ƒe viŋutsu wɔ la nɔ Gibeon le Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ale Solomo kple ameawo bia eta le afi ma. 6Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi.

7Le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Solomo eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”

8Solomo ɖo eŋu be, “Oo Mawu, ève fofonye, David nu ŋutɔ eye azɔ la, ètsɔ fiaɖuƒe la nam. 9Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi! 10Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”

11Mawu ɖo eŋu be, “Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la, 12matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!”

13Azɔ la, Solomo dzo le agbadɔ la me, eɖi tso togbɛ la dzi le Gibeon heyi Yerusalem be yeaɖu Israel dzi.

14Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã. 15Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. 16Solomo dɔ sɔsitsalawo ɖe Egipte kple Kue be woaƒle sɔhawo vɛ. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. 17Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye, klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.

2

Dzadzraɖowɔwɔ hena Gbedoxɔ la tutu

1Solomo ɖo be yeatu gbedoxɔ na Yehowa ƒe Ŋkɔ kple fiasã na eɖokui. 2Ehiã agbatsɔla akpe blaadre (70,000), kpekpala akpe blaenyi (80,000) le toawo dzi kple dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) na dɔ sia wɔwɔ.

3Solomo dɔ ame ɖe Fia Hiram le Tiro be woagblɔ nɛ be,

“Ɖo sedatikpo siwo tɔgbi nena fofonye David esime wònɔ eƒe fiasã tum la ƒe ɖewo nye hã. 4Ke esusɔ vie madze gbedoxɔ aɖe tutu gɔme na Yehowa, nye Mawu la. Anye teƒe aɖe si mate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋĩ kple atike ʋeʋĩwo le, le Mawu ŋkume, afi si matsɔ Ŋkumeɖobolo ada ɖo eye masa numevɔ le gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ, le Dzudzɔgbewo, le Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiɖugbewo kple Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi elabena Mawu di be Israel naɖu ŋkekenyui tɔxɛ siawo ɣe sia ɣi.

5“Anye gbedoxɔ nyui aɖe elabena míaƒe Mawu la de ŋgɔ, elolo wu mawu bubu ɖe sia ɖe. 6Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le.

7“Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla siwo wɔa sika, klosalo, gadzĩ kple gayibɔ ŋu dɔ kple avɔlɔ̃lawo be woawɔ aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzĩ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔ woakpe ɖe dɔwɔla siwo fofonye David tia da ɖi tso Yuda kple Yerusalem la ŋuti.

8“Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, nàɖo sedatiwo, sesewutiwo kple papawutiwo tso Lebanon ƒe avewo me ɖem elabena ame aɖeke mede wò amewo nu le atitsotso me o. Maɖo nye amewo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu. 9Mehiã ati sɔ gbɔ elabena gbedoxɔ si tu ge megbɔna la alolo ŋutɔ eye wòanyo wu gbɔgblɔ. 10Adzɔ si mana wò dɔla siwo nye atidzelawo lae nye wɔ meme tɔn akpe ene alafa ene (4,400) kple lu tɔn akpe ene alafa ene (4,400) hekpe ɖe wain tɔn alafa ene blaene (440) kple amitimi tɔn alafa ene blaene (440) ŋuti.”

11Tete Tiro fia Hiram ɖo eŋu na Fia Solomo be,

“Yehowa lɔ̃ eƒe amewo eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu!”

12Hiram gagblɔ be,

“Woayra Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si wɔ dziƒo kple anyigba, ame si tsɔ viŋutsu si wòna nunya kple gɔmesesee la na Fia David be wòatu Mawu ƒe gbedoxɔ kple fiasã na eɖokui.

13“Mele aɖaŋudɔwɔlawo ƒe amegã aɖe, ame si nye Huram Abi, nunyala xɔŋkɔ aɖe la ɖom ɖe wò. 14Dadaa nye Yuda nyɔnu aɖe tso Dan ƒe viwo dome le Israel eye fofoa tso Tiro afi sia. Enye sikanutula kple klosalonutula nyui aɖe. Egawɔa akɔbli kple gayibɔ hã ŋu dɔ nyuie eye wònya nu sia nu tso kpe ŋu dɔ wɔwɔ, atikpakpa kple avɔlɔlɔ̃ hã ŋu. Enya avɔɖaɖa hã nyuie eye wòtea ŋu ɖaa avɔ aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ kple nyagãdzĩtɔ hã. Gawu la, eganya ale si wòaɖe nɔnɔmetata vovovowo ɖe nuwo dzi eye wòtoa nu yeyewo hã vɛ. Awɔ dɔ kple wò dɔwɔla siwo nye aƒetɔ, Fia David, fofowò, tia da ɖi.

15“Eya ta ɖo lũ, ƒo, ami kple wain siwo ŋugbe nèdo la ɖe wò dɔla. 16Ekema míadze kpekpakpa kple atitsotso tso Lebanon towo dzi gɔme, woasɔ gbɔ abe ale si nèdi ene. Míada wo ɖe atigbawo dzi ada ɖe atsiaƒua dzi woava ɖo Yopa, ekema àte ŋu alɔ wo tso afi ma ayi Yerusalem.”

17Solomo xlẽ amedzro siwo katã nɔ eƒe Israelnyigba dzi, abe ale si fofoa, Fia David hã wɔ ene eye wòkpɔ be, wole ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153,600) kple alafa ade. 18Etsɔ wo dometɔ akpe blaadre (70,000) wɔ agbatetsɔlawo, ame akpe blaenyi (80,000) wɔ atitsolawo eye wòtsɔ ame akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) wɔ dɔdzikpɔlawoe.

3

Salomo tu Gbedoxɔ la

1Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe. 2Xɔtutu la ŋutɔ dze egɔme le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evelia dzi le Fia Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.

3Gɔmeɖokpe si Solomo ɖo na Mawu ƒe gbedoxɔ la didi mita blaeve-vɔ-adre eye wòkeke mita asieke le nudzidzenu xoxo la nu. 4Akpata si nɔ gbedoxɔ la ŋkume la didi mita asieke va se ɖe gbedoxɔ la ƒe kekeme eye wòkɔ mita blaatɔ̃-vɔ-ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme katã.

5Woklã sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ŋutɔ me, wofa sika nyuitɔ ɖe ʋuƒoawo ŋu eye woɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ɖe sika la me. 6Etsɔ kpe xɔasi siwo nya kpɔna ŋutɔ la ɖo ɖe gliawo me be woado xɔa me ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ. Sika la nye sika nyuitɔ tso Parvaim. 7Wofa sika si me woɖe mawudɔlawo ɖo la ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo, daɖedziwo, ʋɔtruwo kple kpuiawo katã ŋu.

8Teƒe si woyɔna be Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la le gbedoxɔ la ƒe akpa ɖeka. Eƒe didime nye mita asieke eye eƒe kekeme hã nye mita asieke. Wofa sika si ƒe kpekpeme nye “tɔn” blaeve-vɔ-ɖekɛ la ɖe gliawo ŋu. 9Sikagatagbadzɛ siwo ŋu dɔ wowɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye gram alafa atɔ̃ blaadre. Wofa sika ɖe xɔtaxɔawo hã me.

10Solomo na wowɔ mawudɔla eve, efa sika ɖe wo ŋu eye wòtsɔ wo da ɖe xɔ, emetɔ, si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. 11Kerubiawo ƒe aʋalawo ƒe didime le mita ewo. Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita eve kple afã eye wotɔ gbedoxɔ la ƒe gli. Aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la tɔ kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka. 12Nenema ke kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka, si didi mita eve kple afã la tɔ gbedoxɔ la ƒe gli eye eƒe aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la, tɔ kerubi gbãtɔ ƒe aʋala. 13Kerubi eveawo ƒe aʋalawo didi mita ewo. Wole tsitrenu eye wodze ŋgɔ xɔ gã la.

14Etsi xɔmetsovɔ si nye aklala si wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka lɔ̃e eye wota mawudɔlawo ɖe eme la ɖe xɔ sia ƒe mɔnu.

15Sɔti eve le gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Ɖe sia ɖe kɔ mita wuiade. Wotsɔ taɖonu si do tso xɔgbagba la te la ɖo ta na sɔtiawo eye ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã. 16Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la, le sɔtiawo tame eye wòtsi yevuboɖa alafa ɖeka ɖe kɔsɔkɔsɔawo ŋu. 17Etu sɔti eve ɖe gbedoxɔ la ŋkume, ɖeka ɖe dziehe gome, evelia ɖe anyiehe gome eye wòna ŋkɔ wo. Woyɔa dziehetɔ be, Yakin eye woyɔa anyiehetɔ be, Boaz.

4

Gbedoxɔ la ŋunuwo kple emenuwo

1Fia Solomo wɔ akɔblivɔsamlekpui aɖe; edidi mita asieke, keke mita asieke eye wòkɔ mita ene kple afã. 2Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 3Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe zɔ la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene. 4Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina. 5Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaade-vɔ-ade.

6Solomo gawɔ gagba ewo da ɖi be woaklɔ numevɔsanuwo ɖe wo me; atɔ̃ le dziehe gome eye atɔ̃ hã le dziehe gome na gazɔ gã la. Nunɔlawo mewɔa gagbawo ŋudɔ le tsilele me o, ke boŋ wowɔa gazɔ la ŋu dɔ. 7Solomo wɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ nɔ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome. 8Ewɔ kplɔ̃ ewo hã; eda atɔ̃ ɖe gli ŋu le dziehe gome, atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome eye wòwɔ sikatre ewo hã. 9Ewɔ xɔxɔnu ɖeka na nunɔlawo, bubu na ame mamlɛawo eye wòfa akɔbli ɖe xɔxɔnu sia ƒe gliwo ŋu. 10Gazɔ gã la nɔ gbedoxɔ la ƒe gotaxɔwo ƒe dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome.

11Huram gawɔ zewo, sofiwo kple tre siwo ŋudɔ woawɔ le vɔsasa me.

Ale wòwu dɔ si Fia Solomo de asi nɛ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu nu.

12Dɔ siawoe nye sɔti eveawo tutu;

tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo;

wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame,

13yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu.

14Gagbawo kple woƒe zɔwo,

15gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le ete;

16zewo, sofiwo kple gaflowo.

Huram Abi, aɖaŋutɔ gã la wɔ nu siawo katã kple akɔbli si woƒo la na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la. 17Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zereda dome. 18Akɔbli siwo ŋu dɔ Solomo wɔ la sɔ gbɔ ale gbegbe be, womete ŋu dae o.

19Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã.

Nu siawoe nye: vɔsamlekpui

kple kplɔ̃ siwo dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo.

20Etsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖitiawo kple woƒe akaɖiawoe be woanɔ bibim le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ abe ale si woɖoe da ɖi ene.

21Wotsɔ sika wɔ seƒoƒowo eye wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiawo kple ɖovulãnuwo.

22Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖimeɖovulãnuwo, ʋuhlẽgbawo, nuɖugbawo kple dzudzɔdonuwo eye wotsɔ sika wɔ gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, ʋɔtru emetɔ si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu kple ʋɔtru siwo le akpata gã la nu.

5

1Esi Solomo wu dɔ siwo katã, hlɔ̃awo ƒe tatɔwo wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋu nu la, etsɔ sika kple klosalo kple xɔmenu siwo katã ŋu fofoa, David kɔ la da ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo.

Wotsɔ nubablaɖaka la va gbedoxɔ la me

2Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me. 3Israel ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.

4Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la, 5eye wotsɔ nubablaɖaka la kple agbadɔ la kple nu kɔkɔewo siwo katã nɔ eme. Nunɔla siwo nye Levitɔwo lae tsɔ wo; 6eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe.

7Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te. 8Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe nubablaɖaka la ƒe nɔƒe dzi eye wotsyɔ nubablaɖaka la kple etsɔkpoawo dzi. 9Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe. 10Naneke menɔ nubablaɖaka la me o negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb to la gbɔ, esi Yehowa bla nu kple Israelviwo esi woʋu tso Egipte la ko.

11Nunɔlaawo doa go le Kɔkɔƒe la me. Nunɔla siwo katã nɔ afi ma la ƒe habɔbɔwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu. 12Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum. 13Kpẽkulawo kple hadzilawo lé hawo ɖe gbe ɖeka me be woatsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa. Kpẽwo, gakogoewo kple haƒonu bubuwo kpena ɖe hadzilawo ŋu, wokɔa gbe dzi hekafua Yehowa eye wodzia ha be,

“Eƒe dɔme nyo;

eye eƒe amenuveve li tegbee.”

Tete lilikpo aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, 14eye nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.

6

1Tete Solomo gblɔ be, “Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo do viviti aɖe me; 2metu gbedoxɔ gã nyui aɖe na wò, afi si nànɔ tegbee.”

3Tete Fia Solomo trɔ ɖe Israel ƒe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo hegblɔ na wo bena, 4“Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si tsɔ eƒe nu gblɔ nya na fofonye David eye wòwɔ ŋugbe si wòdo nɛ la dzi azɔ. Mawu gblɔ na David bena, 5‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye amewo tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel ƒe toawo dometɔ aɖeke me be, woatu gbedoxɔ ne nye ŋkɔ nanɔ afi ma o eye nyemetia ame aɖeke be wòanye kplɔla na nye dukɔ, Israel o. 6Ke azɔ la, metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afi ma eye azɔ la metia David be wòanɔ nye dukɔ, Israel nu.’ ”

7“Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ. 8Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, ‘Esi nèɖoe ɖe wò dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe wò dzi me. 9Ke menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’ 

10“Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu fia ɖe fofonye teƒe eye metu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ. 11Metsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme eye Nubabla si le Yehowa kple eƒe amewo, Israelviwo dome la, le nubablaɖaka la me.”

Salomo ƒe gbedodoɖa hena gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

12Tete Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo. 13Azɔ la ewɔ teƒe kɔkɔ aɖe kple akɔbli; edidi mita eve kple afã, keke mita eve kple afã eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Etsɔe da ɖe xɔxɔnu egodotɔ titina. Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe la dzi, dze klo le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo. 14Edo gbe ɖa bena,

“Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo. 15Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David ame si nye wò subɔla la, dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene.

16“Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ be, ‘Wò dzidzimeviwo aɖu fia ɖe Israel dzi tegbetegbe ne woawɔ nye sewo dzi abe ale si nèwɔ ene,’ la dzi. 17Ke azɔ la, Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David la hã dzi.

18“Ke, ɖe Mawu anya nɔ anyigba dzi kple amewoa? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo na wò o, ekema nu kae nye gbedoxɔ sia si metu? 19Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wòle dodom ɖa na wò. 20Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be wò ŋkɔ anɔ afi ma ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia. 21Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ẽ, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake.

22“Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wobia tso esi be wòava aka atam le wò vɔsamlekpui sia ŋgɔ be yemewɔ nu vɔ̃ la o la, 23ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu.

24“Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la, 25ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi.

26“Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la, 27ekema see le dziƒo eye nàtsɔ wò dɔla siwo nye wò dukɔ Israelviwo la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbemɔ nyuitɔ wo eye nàdɔ tsidzadza ɖe anyigba si nètsɔ na wò dukɔ be wòanye eƒe domenyinu la dzi.

28“Ne dɔ to alo dɔvɔ̃ va anyigba dzi, ne bli hlɔ̃ alo dze heteku, ne ʋetsuviwo alo ʋetrawo va anyigba la dzi alo ne futɔwo va ɖe to ɖe wo le woƒe duwo dometɔ aɖe me, dzɔgbevɔ̃e alo dɔléle ɖe sia ɖe si ava la, 29ne wò dukɔ, Israel do gbe ɖa alo ƒo koko eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nya eƒe hiãkame kple vevesesewo eye woke woƒe abɔwo me ɖo ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la, 30ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàwɔ na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu (elabena wò koe nya amewo ƒe dzi me), 31ale be woavɔ̃ wò eye woazɔ le wò mɔwo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me le anyigba si nèna mía fofowo la dzi.

32“Amedzro, ame siwo metso wò dukɔ, Israel me o, ke wotso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ si nèdo ɖe dzi ta, eye wodo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la, 33ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe.

34“Ne wò amewo yi aʋa wɔ ge kple woƒe futɔwo le wò gbeɖeɖe nu eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe du sia, Yerusalem, esi nètia kple gbedoxɔ sia, si metu na wò gbɔ la, 35ekema se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo.

36“Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe wɔa nu vɔ̃e ene eye nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hena woƒe futɔwo ɖu wo dzi, woɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, kpuiƒe alo didiƒe aɖe 37eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, wotrɔ dzime eye woƒo koko na wò le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’ la, 38ekema ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba si dzi wole aboyome le eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nètsɔ na wo fofowo kple du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ la gbɔ la, 39ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, kpe ɖe wo ŋu eye nàtsɔ wò ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la ƒe nu vɔ̃wo ake wo.

40“Ẽ, nye Mawu, na wò ŋkuwo nanɔ ʋuʋu eye nàlé to ɖe gbe siwo katã woado ɖa na wò le teƒe sia la ŋu.

41“Azɔ la, Yehowa Mawu, tso eye nàge ɖe wò gbɔɖemeƒe sia,

afi si woda wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la ɖo.

Oo Yehowa Mawu, na wò nunɔlawo nakpɔ ɖeɖe

eye wò ame kɔkɔewo nakpɔ dzidzɔ ɖe wò amenuveve ŋu.

42Oo Yehowa, mègagblem ɖi o eye mègatrɔ wò mo ɖa tso nye,

wò amesiamina la gbɔ o.

Oo, ɖo ŋku ale si nèlɔ̃ David kple ale si nève enu la dzi.”

7

Gbedoxɔ la ŋuti kɔkɔ

1Esi Solomo wu gbedodoɖa nu la, dzo ge tso dziƒo, fia numevɔsa kple vɔsa la eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me. 2Nunɔlaawo mete ŋu ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔe fũu. 3Israel blibo la kpɔ nu sia teƒe eye wotsyɔ mo anyi, kafu Yehowa eye woda akpe nɛ hedo ɣli bena,

“Eƒe dɔme nyo

eye eƒe amenuveve li tegbee!”

4Fia la kple ameawo katã sa vɔwo le Yehowa ŋkume 5eye Fia Solomo sa vɔ kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple ale kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale fia la kple ameawo katã kɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu. 6Nunɔlawo nɔ tsitre ɖe woƒe dɔwɔƒewo le esime Levitɔwo nɔ woƒe akpedahawo dzim be, “Eƒe amenuveve li tegbee” kpe ɖe haƒonu siwo Fia David ŋutɔ wɔ eye wòna wowɔa wo ŋu dɔ hena Yehowa kafukafu ŋuti. Esi nunɔlaawo ku kpẽawo la, Israel ƒe ameha blibo la tsi tsitre.

7Solomo kɔ xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si wòwɔ la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple amiawo.

8Azɔ la, Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. 9Wode ŋkekenyui sia ƒe akpedasɔleme mamlɛtɔ le ŋkeke enyia gbe. 10Fia Solomo ɖo ameawo ɖe aƒe le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃lia gbe. Ameawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le ale si Yehowa ve David kple Solomo kpakple eƒe dukɔ, Israel nu la ta.

Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo

11Esi Solomo wu Yehowa ƒe gbedoxɔ kple fiasã la tutu kple nu siwo katã wòɖo ɖe ta me be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple eya ŋutɔ ƒe fiasã me nu la, 12Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã me eye wògblɔ nɛ be,

“Mese wò gbedodoɖa eye metia teƒe sia na ɖokuinye be wòanye gbedoxɔ na vɔsawo.

13“Ne metu dziƒowo nu ale be tsi megale dzadzam o alo meɖe gbe na ʋetsuviwo be woaɖu nu siwo le anyigba dzi alo medɔ dɔvɔ̃ ɖe dukɔ la dome la, 14ekema ne nye dukɔ, ame siwo ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo abɔbɔ wo ɖokui, ado gbe ɖa, adi nye ŋkume eye woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, mase woƒe gbedodoɖa le dziƒo, matsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye mayɔ dɔ woƒe anyigba. 15Azɔ la, nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu eye nye towo anɔ te ɖe gbe ɖe sia ɖe si woado ɖa le teƒe sia ŋuti. 16Metia eye mekɔ gbedoxɔ sia ŋuti ale be nye ŋkɔ anɔ afi ma tegbetegbee. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.

17“Ke wò la, ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware abe fofowò, David ene eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la, 18ekema makpɔ egbɔ be, wò fiaɖuƒe nali ke abe ale si medo ŋugbe na fofowò David ene hegblɔ nɛ be, ‘Wò ame siwo aɖu fia ɖe Israel dzi la matso o.’

19“Ke ne mènɔ yonyeme o, ne ègbe se siwo mena mi dzi la wɔwɔ eye miesubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, 20mate nye amewo le nye anyigba si metsɔ na wo la dzi eye maɖe gbedoxɔ sia togbɔ be mekɔ eŋuti na ɖokuinye hã. Mana wòazu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. 21Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku, eye wòabia be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’ 22Woaɖo eŋu be, ‘Elabena ameawo ɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo do goe le Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo eya tae wòhe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo!’ ”

8

Salomo ƒe wɔna bubuawo

1Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple eya ŋutɔ ƒe fiasã la vɔ la, 2Solomo gbugbɔ kɔƒe siwo Hiram tso nɛ la tu eye wòna Israelviwo yi ɖanɔ wo me. 3Ɣeyiɣi sia me kee Solomo ho aʋa ɖe Hamat Zoba du la ŋu eye wòɖu edzi. 4Etso Tadmɔ du la ɖe gbegbe kple du bubuwo ɖe Hamat abe nudzraɖoƒe duwo ene. 5Eglã Bet Horon du dzigbetɔ kple Bet Horon anyigbetɔ siaa. Eɖo gli ƒo xlã wo, de gakpogbowo kple gametiwo wo nu. 6Etu Baalat kple nudzraɖoƒe du bubuwo le ɣeyiɣi sia me, etso du siwo me wòda eƒe tasiaɖamwo kple sɔwo ɖo eye wòtu xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo.

7Ame siwo katã susɔ le Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o), 8Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. 9Ke metsɔ Israelviwo ya wɔ kluviwo o, ke boŋ ena wozu asrafowo, asrafomegãwo, le aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo nu; 10hekpe ɖe dziɖuɖu ƒe dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃, ame siwo kpɔa dukɔmenyawo katã dzi la ŋu.

11Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.”

12Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi. 13Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui. 14Be wòalé fofoa David ƒe ɖoɖowo me ɖe asi la, etia nunɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ eye Levitɔwo hã be woanɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzidzime eye woakpe ɖe nunɔlaawo ŋu le gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu. Nenema ke wòtia agbonudzɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena agbo vovovoawo ŋu dzɔdzɔ elabena esiae David, Mawu ƒe ame la, ɖo da ɖi. 15Womeda le fia la ƒe sededewo na nunɔlawo alo Levitɔwo dzi le nya aɖeke me o. Nenema kee nye nudzraɖoƒewo ƒe nyawo hã.

16Wowɔ dɔ siwo katã Solomo de tome be yeawɔ la tso gbe si gbe wòɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe anyi va se ɖe esime wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu.

17Solomo yi Ezion Geber kple Elat le Edom ƒuta. 18Hiram ɖo tɔdziʋu siwo eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo nya atsiaƒu ŋu dɔ wɔwɔ nyuie la ku la ɖee. Ame siawo kple Solomo ƒe amewo yi Ofir eye wotsɔ sika kilo akpe wuiatɔ̃ vɛ na Fia Solomo.

9

Seba fianyɔnu va kpɔ Salomo ɖa

1Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti. 2Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ. 3Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe, 4nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.

5Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe. 6Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia eye mekpɔe kple nye ŋutɔ nye ŋkuwo. Le nyateƒe me la, womegblɔ ale si wò nunya de ŋgɔe la ƒe afã gɔ̃ hã nam o. Ekɔ gbɔ nutsotso siwo mese la ŋu sasasa. 7Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o! 8Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.”

9Tete Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o.

10Fia Hiram kple Solomo ƒe tɔdziʋukulawo tsɔ sika si tso Ofir kple papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ. 11Fia Solomo tsɔ papawutiwo wɔ atrakpuiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ haƒonu nyui mawo tɔgbi kpɔ le Yudanyigba blibo la dzi o.

12Fia Solomo tsɔ nunana geɖewo na Seba fianyɔnu la eye woƒe home de esi fianyɔnu la nae nu hafi wògatsɔ nu sia nu si fianyɔnu la biae la nɛ. Azɔ la, fianyɔnu la kple eƒe amewo trɔ yi wo de.

Salomo ƒe atsyɔ̃ kple ŋutikɔkɔe

13Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃, 14ga si asitsalawo tsɔna vɛ nɛ la mele eme o. Hekpe ɖe esia ŋu la, Arabia fiawo katã kple anyigba la dzi mɔmefiawo tsɔa sika kple klosalo vɛ na Solomo.

15Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. 16Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃ (300), ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo eve. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ me le eƒe fiasã la me.

17Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. 18Etsɔ sika wɔ atrakpui ade kple afɔɖodzinu ɖeka kple abɔɖoƒewo ɖe fiazikpui la ŋu. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. 19Dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. 20Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe anyinɔɣi la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o. 21Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram ƒe dɔlawo tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo.

22Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. 23Fiawo tsoa dukɔ ɖe sia ɖe me vana Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. 24Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika kple awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe.

25Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe (4,000) ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ. 26Solomo ɖu fia ɖe fia kple fiaɖuƒe ɖe sia ɖe dzi tso Frat tɔsisi la to yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi heyi keke Egipte ƒe liƒo dzi. 27Ena klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. 28Wotsɔa sɔwo tso Egipte kple dukɔ bubuwo me vɛ nɛ.

Salomo ƒe ku

29Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Nyagblɔɖila Natan ƒe ŋutinyawo kple Nyagblɔɖila Ahiya, Silotɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nukpɔla, ldo ƒe nu siwo wòkpɔ tso Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋu la me. 30Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. 31Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.

10

Israel dze aglã ɖe Rehoboam ŋu

1Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. 2Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu, se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu, yi ɖabe ɖo. 3Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel katã yi Rehoboam gbɔ eye wogblɔ nɛ bena, 4“Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”

5Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi miatrɔ agbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo dzo. 6Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”

7Woɖo eŋu nɛ be, “Ne ànyo dɔme na ame siawo, awɔ nu siwo wodi eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”

8Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm. 9Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”

10Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siwo, gblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime. 11Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ”

12Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.” 13Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. 14Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.”

15Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.

16Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo wo la, woɖo eŋu na fia la be,

“Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me

eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ?

Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me!

Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!”

Ale Israelviwo katã dzo yi aƒe me. 17Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko.

18Fia Rehoboam dɔ Adoniram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israelviwo ƒu kpee wòku. Ke hã la Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem. 19Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.

11

1Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000) nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene. 2Ke Yehowa gblɔ na Nyagblɔɖila Semaya be, 3“Yi, nàgblɔ na Yuda fia, Rehoboam, Solomo ƒe vi kple Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo be, 4‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’ ”

Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o.

Rehoboam tu mɔwo ɖe Yuda

5Rehoboam nɔ Yerusalem eye wòglã Yuda du aɖewo kple gliwo kple agbowo hena eya ŋutɔ ƒe dedinɔnɔ. 6Du siawoe nye Betlehem, Etam, Tekoa 7Bet Zur, Soko, Adulam, 8Gat, Maresa, Zif, 9Adoraim, Lakis, Azeka, 10Zora, Aiyalon kple Hebron. 11Egbugbɔ mɔwo tu sesĩe wu tsã, tsɔ aʋafiawo kple woƒe asrafowo de wo me eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me. 12Edzra akpoxɔnuwo kple akplɔwo ɖo ɖe du ɖe sia ɖe me hena eƒe amewo ƒe dedinɔnɔ elabena Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo koe nɔ eyome.

13Nunɔlawo kple Levitɔwo tso woƒe towo me le anyigba blibo la dzi lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi. 14Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o. 15Eɖo nunɔla bubuwo ɖe wo teƒe eye nunɔla siawo do ŋusẽ ameawo be woasubɔ legbawo ɖe Mawu teƒe eye woasa vɔ na gbɔ̃ kple nyivi siwo wokpa kple ati tsɔ da ɖe togbɛawo dzi. 16Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le. 17Nu sia na Yuda fiaɖuƒe la li ke, ale Fia Rehoboam mekpe fu aɖeke le ƒe gbãtɔ etɔ̃awo me o elabena le ƒe mawo me la, woto David kple Solomo ƒe afɔtoƒe.

Rehoboam ƒe aƒemetɔwo

18Rehoboam ɖe Mahalat, ame si nye David ƒe vi Yerimɔt kple David nɔviŋutsu Isai ƒe vi, Eliab ƒe vinyɔnu Abihail ƒe vi. 19Wodzi viŋutsu etɔ̃; woawoe nye Yeus, Semaria kple Zaham.

20Emegbe la, Rehoboam gaɖe Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu eye wòdzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ. 21Elɔ̃ Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu, wu srɔ̃a bubuawo kple eƒe ahiãviwo. Srɔ̃ wuienyi kple ahiãvi blaade, viŋutsu blaeve-vɔ-enyi kple vinyɔnu blaade nɔ esi. 22Rehoboam tɔ asi Maaka ƒe vi, Abiya dzi be wòanye gbãtɔ le fiaviŋutsuawo dome ale be wòaɖu fia ɖe ye yome. 23Edze aye, kaka Via ŋutsu bubuawo ɖo ɖe du siwo woglã la me le Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Ena nunɔamesiwo wo fũu eye wòɖe srɔ̃ geɖewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe.

12

Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu

1Esime Rehoboam li ke ɖe eƒe fiazikpui dzi eye wòɖo ŋusẽ la, eya kple Israel blibo la gbe nu le Yehowa ƒe se la gbɔ. 2Esi wometo nyateƒe na Yehowa o ta la, Sisak, Egipte fia, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me 3kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte. 4Fia Sisak ɖu Yuda du siwo woglã la katã dzi eye wòɖo Yerusalem.

5Nyagblɔɖila Semaya wɔ takpekpe kple Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe, ame siwo si va Yerusalem la eye wògblɔ na wo be, “Yehowa gblɔ be, ‘Miegblem ɖi eya ta nye hã megble mi ɖi ɖo eye metsɔ mi de asi na Sisak.’ ”

6Fia Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo do ɣli ʋu woƒe nu vɔ̃wo me be, “Yehowa tɔ dzɔ be wòwɔ mí alea!”

7Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o. 8Ke miadzɔ nu na Sisak ƒe sia ƒe. Ekema miadze sii be, enyo sãa be miasubɔm wu be miasubɔ Sisak!”

9Ale Egipte fia, Sisak ɖu Yerusalem dzi eye wòlɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. 10Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. 11Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me. 12Esi fia la bɔbɔ eɖokui la, Yehowa na eƒe dɔmedzoe nu tso eye metsrɔ̃ ameawo keŋkeŋ o. Le Sisak ƒe aʋawɔwɔ kpli wo emegbe gɔ̃ hã la, meda ahe o.

13Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe. 14Rehoboam nye fia vɔ̃ɖi aɖe elabena meɖo ta me kura be yeadze Yehowa ŋu o. 15Woŋlɔ Rehoboam ƒe ŋutinya blibo la ɖe nu siwo nyagblɔdila, Semaya kple nukpɔla, Ido ŋlɔ ɖe Dzidzimegbalẽ la me.

Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. 16Esi Rehoboam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Abiya ɖu fia ɖe eteƒe.

13

Abiya, Yuda fia

1Abiya zu fia le Yuda le Fia Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. 2Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadae nye Mikaya si nye Uriel tso Gibea ƒe vinyɔnu. Azɔ la, aʋa nɔ Abiya kple Yeroboam dome.

3Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene (400,000) eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi (800,000). 4Esime Israel ƒe aʋakɔ la va ɖo Zemaraim to la gbɔ, le Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi la, Fia Abiya do ɣli gblɔ na Fia Yeroboam kple Israel ƒe aʋakɔ la bena, 5“Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa? 6Miaƒe fia Yeroboam la, David ƒe vi ƒe subɔla ko wònye eye wònye ame si de eƒe aƒetɔ asi. 7Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. 8Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi. 9Gawu la, mienya Yehowa ƒe nunɔlawo kple Aron ƒe viwo kpakple Levitɔwo eye mietsɔ ame bubuwo ɖo nunɔlawoe ɖe wo teƒe. Mietsɔa ame sia ame si ko nya tsɔ nyitsu fɛ̃ kple agbo adre vɛ la ɖoa nunɔlae abe ale si dukɔ bubu me tɔwo wɔna ene. Ame sia ame ko ate ŋu anye nunɔla na miaƒe mawu siwo menye mawuwo kura o! 10Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. 11Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi 12eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!”

13Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe. 14Yuda trɔ eye wòkpɔ be woho aʋa ɖe ye ŋu tso ŋgɔgbe kple megbe siaa. Tete wodo ɣli na Yehowa. Nunɔlaawo ku woƒe kpẽwo 15eye Yuda ƒe viwo do aʋaɣli. Esi aʋaɣli la ɖi la, Mawu tsrɔ̃ Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋkume. 16Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo 17eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe.

18Woɖu Israelviwo dzi gbe ma gbe. Yuda ƒe viwo ɖu dzi elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu. 19Abiya nya Yeroboam ɖe du nu eye wòxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Efrɔn kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la le esi. 20Israel fia, Yeroboam megakpɔ ŋusẽ kpɔ le Abiya ƒe agbenɔɣi o eye mlɔeba la, Yehowa ƒoe ƒu anyi, wòku.

21Yuda fia, Abiya, va kpɔ ŋusẽ gã ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ wuiene eye viŋutsu blaeve-vɔ-eve kple vinyɔnu wuiade nɔ esi. 22Woŋlɔ eƒe ŋutinya katã la ɖe Nyagblɔɖila Ido ƒe agbalẽ, Yuda ƒe Ŋutinya me.

14

Yuda fia, Asa

1Abiya ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via ŋutsu, Asa, zu fia ɖe eteƒe eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋkekewo me la, ŋutifafa nɔ dukɔ la me ƒe ewo sɔŋ 2elabena Asa wɔ nu si dza le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe ŋkume. 3Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui siwo nɔ togbɛawo dzi kple woƒe aƒeliwo, emu Aserim legbawo ƒu anyi 4eye wòɖe gbe be, dukɔ blibo la nawɔ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe sewo dzi. 5Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe ɣelegbawo ɖa le togbɛawo dzi kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo ɖa le Yuda duwo me. Esia ta Mawu na ŋutifafa nɔ eƒe fiaduƒe me. 6Nu sia na wòte ŋu tso duwo eye wòɖo gli ƒo xlã wo le Yudanyigba la ƒe akpa sia akpa.

7Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, “Esi Yehowa yra mí eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, xɔ tsralawo, agbowo kple gamedetiwo.” Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie.

8Aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) tso Yuda ƒe viwo dome nɔ Fia Asa ƒe aʋakɔ me. Akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple akplɔwo nɔ wo si. Ame akpe alafa eve blaenyi (280,000) tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eƒe aʋakɔ la me eye akpoxɔnu gãtɔwo kple datiwo kple aŋutrɔwo nɔ wo si. Wohe aʋawɔlawo katã tso to eveawo me eye wonye kalẽtɔwo.

9Zera, Kusitɔ, ho aʋa ɖe wo ŋu kple aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖam alafa etɔ̃ eye wova ɖo keke Maresa. 10Asa do go yi be yeakpee eye eƒe amewo dze aʋa ɖi ɖe Zefata bali la me te ɖe Maresa ŋu.

11Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!”

12Yehowa na Asa kple Yuda ƒe aʋakɔ la ɖu Kustɔwo dzi eye Kustɔwo si. 13Asa ƒe amewo nya wo yi keke Gerar ke eye wofiti Kustɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ale gbegbe be, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo katã. Yuda ƒe aʋakɔ la ha aboyonu geɖewo ŋutɔ. 14Esi wonɔ Gerar la, wodze du siwo katã nɔ nuto me ma la dzi eye Yehowa na vɔvɔ̃ ɖo afi ma tɔwo. Le esia ta wogaha aboyonu geɖewo le du siawo hã me. 15Womeha nuwo ɖeɖe ko le duawo me o, ke boŋ wogbã lãhawo ƒe agbadɔwo hã eye wokplɔ ale kple kposɔ geɖewo dzoe va Yerusalem.

15

Tɔtrɔ yeye siwo Asa he va du la kple Mawusubɔsubɔ me

1Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Azaria, Obed ƒe vi dzi 2eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome. 3Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke hã meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la hã meganɔ anyi o 4gake ɣe sia ɣi si wogatrɔ va Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ le woƒe fukpeɣiwo me eye wodii la, egakpena ɖe wo ŋu. 5Ŋutifafa aɖeke menɔ anyi esime wodze aglã ɖe Mawu ŋu o. Nuwo kpeke wo le go ɖe sia ɖe me eye nu vɔ̃ wɔwɔ nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le afi sia afi. 6Aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le woawo kple dukɔ bubuwo dome eye aʋawɔwɔ ganɔ Israel duwo ɖeɖe hã dome elabena Mawu nɔ fukpekpe ƒomevi vovovowo dam ɖe wo dzi. 7Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi.”

8Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ.

9Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo nɔ wo dome. Ameha gã aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii. 10Wova ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ɣleti etɔ̃lia me le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. 11Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre (700), gbɔ̃ kple alẽ akpe adre (7,000) tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa. 12Wobla nu be woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la kple woƒe dzi blibo kpakple woƒe luʋɔ blibo. 13Woawu ame siwo katã medi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o; eɖanye ɖevi alo ametsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o. 14Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku. 15Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ ɖe atam si woka la ta elabena woka atam la kple woƒe dzi blibo. Wodi Mawu vevie eye woke ɖe eŋu eya ta Yehowa hã na gbɔɖeme wo le goawo katã me.

16Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. 17Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o hã la, Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 18Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Mawu ƒe gbedoxɔ la me. 19Ale aʋa aɖeke megadzɔ o va se ɖe Fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-atɔ̃lia me.

16

Asa ƒe ŋkeke mamlɛawo

1Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adelia me la, Baasa, Israel fia, ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia, Asa, ƒe nuto me alo ado tso eme o. 2Ale Asa tsɔ klosalo kple sika tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ɖo ɖe Siria fia, Ben Hadad, le Damasko eye wòɖo du ɖee bena, 3“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”

4Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Wogbã du siawo: Iyɔn, Dan kple Abel Maim kple nudzraɖoƒe duwo katã le Naftali. 5Esi Baasa se nya si dzɔ ko la, edzudzɔ Rama du la tutu kple eƒe dɔ la. 6Fia Asa kplɔ Yuda blibo la yi Rama eye wolɔ Fia Baasa ƒe xɔtukpewo kple xɔtutiwo tso afi ma ɖatu Geba kple Mizpa. 7Nyagblɔɖila Hanani yi Fia Asa gbɔ ɣe ma ɣi eye wògblɔ nɛ be, “Esi nèɖo ŋu ɖe Siria fia ŋu eye menye ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu o ta la, Siria fia ƒe aʋakɔ si dzo le gbɔwò. 8Mèɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Kustɔwo kple Libiatɔwo kple woƒe aʋakɔ gã la kple woƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo katã dzi oa? Èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣe ma ɣi eye wòtsɔ wo katã de asi na wò 9elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.”

10Asa do dɔmedzoe ɖe nyagblɔɖila la ŋu le nya si wògblɔ nɛ la ta eye wòdee gaxɔ me. Asa te ameawo katã ɖe anyi ɣe ma ɣi.

11Woŋlɔ Asa ƒe ŋutinya mamlɛawo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽwo me. 12Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekelia me la, dɔléle sesẽ aɖe va dze eƒe afɔ dzi. Metsɔ dɔléle sia ɖo Yehowa ŋkume o, ke boŋ eyi atikewɔlawo gbɔ. 13Asa ku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaene-vɔ-ɖekɛlia me eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ. 14Woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ ɖe na eɖokui la me le David ƒe du la me. Wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋĩ vovovo siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ da ɖo la dzi, eye wodo dzo gã aɖe nɛ eteƒe mekɔ o.

17

Yuda fia Yehosafat

1Yehosafat ɖu fia ɖe fofoa, Asa teƒe eye wòglã eɖokui ɖe Israel fia ŋu. 2Eda asrafowo ɖe Yuda du siwo woglã la me kple teƒe vovovowo le dukɔ la me kple Efraim, du siwo fofoa Asa xɔ la me.

3Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o. 4Ewɔ fofoa ƒe Mawu ƒe sewo dzi eye menɔ abe ame siwo nɔ Israel ene la kura o. 5Esia ta Yehowa na wòli ke abe Yuda fia ene. Yuda ƒe viwo katã xea woƒe dugawo ale wòzu kesinɔtɔ gã aɖe eye amewo lɔ̃e ŋutɔ. 6Ezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi dzideƒotɔe; ekaka trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛawo dzi eye wòho aƒeliwo gɔ̃ hã.

7Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woafia nu amewo le Yuda duwo me. Ame siawoe nye Ben Hail, Obadia, Zekaria, Netanel kple Mikaya. 8Levi ƒe vi asieke kple nunɔla eve kpe ɖe wo ŋu. Levi ƒe viawoe nye Semaya, Netania, Zebadia, Asahel, Semiramɔt, Yehonatan, Adoniya, Tobiya, Tob Adoniya kpakple nunɔlawo Elisama kple Yehoram. 9Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo.

10Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o. 11Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700).

12Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi. 13Ewɔ ɖoɖowo ɖe dukɔmedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu eye wòda aʋakɔ gã aɖe ɖe Yerusalem, si nye eƒe fiadu la me. 14Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale:

tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo (1,000) nunɔlawo nɔ anyi

eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) nɔ woƒe aʋafia, Adna te.

15Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi (280,000) nu.

16Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) dzi.

17Aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) tso Benyamin ƒe viwo dome;

wotsɔ datiwo, aŋutrɔwo kple akpoxɔnuwo eye wonɔ aʋafia xɔŋkɔ Eliada te.

18Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000), ame siwo xɔ hehe nyuie.

19Aʋawɔla siawo nɔ Yerusalem kpe ɖe esiwo fia la da ɖe du siwo woglã le dukɔ blibo la me la ŋuti.

18

Mikaya gblɔ nya ɖi tso Ahab ƒe afɔku ŋu

1Azɔ la, kesinɔnu geɖe ɖo Yehosafat si eye bubu hã nɔ eŋu. Ewɔ ɖeka kple Ahab to via nyɔnuvi ɖeka ɖeɖe me. 2Le ƒe ʋɛe aɖewo megbe la, eyi Samaria be yeakpɔ Fia Ahab ɖa eye Fia Ahab wu alẽ kple nyi geɖewo heɖo kplɔ̃ na Yehosafat kple eƒe amewo. Ahab bia Yehosafat be wòakpe ɖe ye ŋu yewoaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu. 3Ahab, Israel fia, bia Yuda fia, Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?”

Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene. Míakpe ɖe ŋutiwò le aʋa la me.” 4Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.”

5Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene (400) nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?”

Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.”

6Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?”

7Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.”

Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”

8Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”

9Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume. 10Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.”

11Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”

12Ame si yi ɖayɔ Mikaya la, gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nyanyui aɖe agblɔ.”

13Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be, nya si Mawu gblɔ la ko magblɔ.”

14Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?”

Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!”

15Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”

16Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ”

17Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nyanyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”

18Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya bubu si Yehowa gagblɔ nam la ɖa. Mekpɔ Yehowa le eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ geɖewo le tsitre ɖe eƒe ɖusi kple mia dzi. 19Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’

“Amewo do susu vovovowo ɖa. 20Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’

“Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’

21“Eɖo eŋu be, ‘Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nume na eƒe nyagblɔɖilawo katã.’

“Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’

22“Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nume na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be, Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”

23Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”

24Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”

25Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas. 26Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ”

Wowu Ahab le Ramot Gilead

27Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”

28Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead.

29Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi.

30Aram fia de se na eƒe tasiaɖamdzikpɔlawo be, “Miɖe asi le ame sia ame ŋu eye miati Israel fia ɖeɖe ko yome!”

31Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, eya kokokoe nye Israel fia la. Ale wolũ ɖe edzi, ke Yehosafat do ɣli eye Yehowa xɔ nɛ. Ke Mawu ble wo dzoe le egbɔ 32elabena esi wodze sii be menye eyae nye Israel fia la o ko la, wodzudzɔ eyometiti. 33Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.” 34Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Israel fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, ke esi ɣe ɖo to ko la, eku.

19

1Esi Yuda fia, Yehosafat, trɔ yi eƒe fiasã me le Yerusalem dedie la, 2nukpɔla Yehu, Hanani ƒe vi, do go yi ɖakpee eye wòbia fia la be, “Ɖe nàkpe ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu eye nàlɔ̃ ame siwo lé fu Yehowa? Esia ta la, Yehowa ƒe dziku le dziwò. 3Ke hã la, nu nyui aɖe le mewò elabena èɖe aƒeliwo ɖa le anyigba la dzi eye nètsɔ wò dzi ɖo Mawu didi ŋu.”

Yosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo

4Le esia ta Yehosafat megayi Israel azɔ o, ke boŋ enɔ Yerusalem. Emegbe la, egado go yi ameawo gbɔ; ezɔ mɔ tso Beerseba yi Efraim ƒe tonyigba dzi be yeado ŋusẽ wo be woasubɔ wo fofowo ƒe Mawu la. 5Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe du gãwo katã me le anyigba blibo la dzi 6eye wògblɔ na wo be, “Mizɔ le nyateƒe me elabena menye nyee ɖo mi o, ke boŋ Mawue ɖo mi; anɔ anyi kpli mi eye wòakpe ɖe mia ŋu miatso afia dzɔdzɔe le nya sia nya si woatsɔ vɛ na mi la me. 7Mikpɔ nyuie be miatso afia bubu tso esi Mawu gblɔ na mi be miatso la gbɔ o elabena mele be afiaŋkunɔtsotso, ameŋkumekpɔkpɔ alo zãnuxɔxɔ nanɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo me o.”

8Yehosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒewo anyi le Yerusalem hã eye wòda Levitɔwo, nunɔlawo, hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe wo nu. 9Nu siwo wòɖo na wo be woawɔ la woe nye, “Ele be miawɔ nu sia nu ɣe sia ɣi le mawuvɔvɔ̃ me kple nuteƒewɔdziwo. 10Ne ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ nyawo tso duta va mia gbɔ la, nenye amewunya alo Mawu ƒe sewo dometɔ aɖe dzi dada la, ele be miabu ɖaseɖiɖiwo ŋu nyuie eye miakpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la siwo tso duta ŋu be, woatso afia dzɔdzɔe ne Mawu ƒe dɔmedzoe nagabi ɖe miawo kple woawo siaa ŋu o. Ne miewɔ alea la, ekema miawɔ miaƒe dɔdeasiwo nyuie.”

11Etsɔ nunɔlagã Amaria ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a mawuvɔ̃nyawo nu; etsɔ Zebadia, Ismael ƒe vi, ɖo dziɖula le Yuda be wòakpɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a dukɔmenyawo dzi eye wòna be Levitɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Eƒe nya mamlɛtɔ na woe nye, “Migavɔ̃ le miaƒe tenɔnɔ ɖe nyateƒe la nu kple nuteƒewɔwɔ me o. Yehowa nato mia dzi aʋli fɔmaɖilawo ta.”

20

Yehosafat ɖu Moabtɔwo kple Amonitɔwo dzi

1Le esiawo megbe la, Moabtɔwo kple Amonitɔwo ho aʋa ɖe Yehosafat ŋu. Ke Meunitetɔ aɖewo kpe ɖe wo ŋu. 2Yehosafat se be, “Aʋakɔ gã aɖe ho aʋa ɖe ŋuwò tso Dzeƒu la godo le Siria gbɔna eye wova ɖo Hazazon Tamar, si wogayɔna hã be En Gedi la xoxo.” 3Nya sia na vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe be, wòɖo ta me be yeabia Yehowa ne wòakpe ɖe ye ŋu eya ta wòɖe gbeƒã bena, Yudatɔwo katã natsi nu adɔ ɣeyiɣi aɖe, aɖe asi le woƒe nu vɔ̃wo ŋu eye woado gbe ɖa na Mawu. 4Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa. 5Yehosafat tsi tsitre ɖe ameawo dome le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu yeye la eye wòdo gbe ɖa bena,

6“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò? 7Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa? 8Wò amewo tso aƒe ɖe afi sia, wotu gbedoxɔ sia na wò 9eye woxɔe se be, le ŋɔdziɣi abe esia ene la, ne nukpekeamewo va mía dzi abe aʋawɔwɔ, dɔléle alo dɔwuame ene la, míate ŋu atsi tsitre ɖe afi sia, le gbedoxɔ sia ŋgɔ elabena èle afi sia, le gbedoxɔ sia me, míado ɣli ayɔ wò be nàɖe mí eye míeka ɖe edzi be, àse míaƒe kukuɖeɣliwo eye nàɖe mí.

10“Azɔ la, kpɔ nu si Amon ƒe viwo, Moabtɔwo kple Seirtɔwo ƒe aʋakɔwo le wɔwɔm ɖa. Mèna mía tɔgbuiwo wɔ aʋa kpli wo esime Israel dzo le Egipte o, ale míeƒo xlã to wo ŋu eye míetsrɔ̃ wo o. 11Azɔ la, kpɔ ale si wodi be yewoaɖo eteƒe na mí ɖa! Wova be woanya mí le wò anyigba si nèna mí la dzi. 12Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.”

13Esi ame siwo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume kple wo srɔ̃wo kple wo viwo la, 14Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka.

15Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe! 16Miyi miakpe aʋa kpli wo etsɔ! Miakpɔ wo le Ziz to la kɔgo le balime si yi ɖe Yeruel gbegbe la ƒe nuwuwu! 17Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’ ”

18Eye Fia Yehosafat mlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo katã hã wɔ nenema henɔ Yehowa subɔm. 19Eye Levitɔwo tso Kohat kple Korah ƒe hlɔ̃wo me tsi tsitre hekafu Yehowa, Israel ƒe Mawu kple kafukafuha siwo me kɔ eye wodzi ha sesĩe.

20Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”

21Le aɖaŋuɖoɖo kple dukɔa kplɔlawo vɔ megbe la, eɖo be hadzilawo nado awu siwo ŋu wokɔ, anɔ zɔzɔm le aʋakɔ la ŋgɔ,

“Atsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa eye woanɔ ha dzim be,

eƒe amenuveve li tegbee.”

22Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo! 23Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo trɔ ɖe ame siwo wotsɔ be woawɔ aʋa na yewo to Seir to la dzi la ŋu eye wowu wo katã. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu!

24Ale esi Yuda ƒe aʋakɔ la va ɖo xɔ tsrala si dzi dzɔlawo nɔna kpɔa gbegbe la ɖa gbɔ la, wokpɔ ame kukuwo le anyigba le afi sia afi, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mete ŋu si dzo o. 25Fia Yehosafat kple eƒe amewo yi ɖaha nuwo le ame kukuawo ŋu. Wokpɔ ga, awuwo kple kpe xɔasi geɖewo ɖe le wo ŋu ale gbegbe be wotsɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ lɔ afunyinuawo! 26Le ŋkeke enelia gbe la, woƒo ƒu ɖe balime si woyɔna va se ɖe egbe be Yayrabalime la eye wokafu Mawu ale si woate ŋui.

27Ale Yehosafat nɔ ŋgɔ na ameawo eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ be Yehowa ɖe yewo nukutɔe alea tso yewoƒe futɔwo ƒe asi me. 28Wozɔ ge ɖe Yerusalem du la me esime wonɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom nɔ kpẽwo kum eye woyi ɖe gbedoxɔ la me.

29Abe ale si wòdzɔ kpɔ va yi ene la, esi dukɔ siwo ƒo xlã wo se be, Yehowa ŋutɔe wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Mawu ŋu. 30Ale ŋutifafa nɔ Yehosafat ƒe fiaɖuƒe me elabena eƒe Mawu na dzudzɔe.

Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe nuwuwu

31Fia Yehosafat ƒe nyawo le ale: Ezu Yuda fia esi wòxɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu. 32Yehosafat nye fia nyui aɖe abe fofoa, Asa ene; edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, 33ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o eye ameawo hã meɖo ta me be yewoasubɔ wo fofowo ƒe Mawu haɖe o,

34Woŋlɔ nu sia nu tso Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe ŋutinya si Yehu, Hanani ƒe vi, ŋlɔ wode Israel fiawo Ƒe Ŋutinya me la me.

35Ke le eƒe agbe ƒe nuwuwu la, Yuda fia Yehosafat wɔ ɖeka kple Israel fia, Ahazia, ame si nye ame vɔ̃ɖi aɖe. 36Ebla nu kplii be yeatu tɔdziʋuwo le Ezion Geber be woanɔ Tarsis dem. 37Eliezer si nye Dodavahu ƒe vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi ɖe Yehosafat ŋu be, “Esi nèwɔ ɖeka kple Fia Ahazia ta la, Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔwo me.” Ale tɔdziʋuawo gbã le mɔa dzi eye womete ŋu ɖo Tarsis o.

21

Yuda fia Yehoram

1Esi Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe Du la me, eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe. 2Fofoa ƒe viŋutsu bubuwoe nye Azaria, Yehiel, Zekaria, Azaria, Mikael kple Sefatia. 3Wo fofo na klosalo, sika kple nu xɔasi geɖewo wo kpe ɖe Yuda du siwo woglã la ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yehoram elabena eyae nye via ŋusu ŋgɔgbetɔ. 4Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã. 5Yehoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. 6Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. 7Ke Yehowa medi be yeatsi David ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu o elabena ebla nu kple David be, yeana eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka nanɔ fiazikpui la dzi ɣe sia ɣi kokoko.

8Le Yehoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. 9Ke Yehoram yi afi ma kple eƒe amegãwo kpakple tasiaɖamwo katã. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. 10Gake Edomtɔwo do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã elabena Yehoram trɔ le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu yome. 11Gawu la, Yehoram wɔ nuxeƒewo ɖe Yuda ƒe towo dzi eye wòzi eƒe amewo dzi be woasubɔ legbawo.

12Nu sia na Nyagblɔɖila Eliya ŋlɔ agbalẽ sia nɛ be,

“Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be, esi mèto fofowò Yehosafat alo Fia Asa ƒe afɔtoƒe o, 13ke èvɔ̃ɖi abe fia siwo le Israel ene eye nèna Yerusalemtɔwo kple Yudatɔwo subɔ legbawo abe ale si wowɔ le Fia Ahab ŋɔli ene eye esi nèwu nɔviwòwo, ame siwo nyo wu wò ta la, 14Yehowa atsrɔ̃ wò dukɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe azɔ. Woatsrɔ̃ wò ŋutɔ, viwòwo, srɔ̃wòwo kple nu siwo katã le asiwò. 15Dɔléle, aɖe fu na wò dɔkaviwo eye wò dɔmenuwo aƒaƒã.”

16Ale Yehowa na Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, ame siwo do liƒo kple Kustɔwo la ho aʋa ɖe Yehoram ŋu. 17Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si.

18Le esiawo megbe la, Yehowa na dɔléle dze Fia Yehoram ƒe dɔmenuwo dzi. 19Le ƒe eve megbe la, eƒe dɔkaviwo do go eye wòku le vevesese geɖe me. Womewɔ kɔnu siwo wowɔna na fiawo ne wòku la nɛ o.

20Exɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eye wòɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Esi wòku la, womefae o, woɖii ɖe Yerusalem gake menye ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me o.

22

Yuda fia, Ahazia

1Yerusalem nɔlawo tsɔ Ahazia, Yehoram ƒe viŋutsu suetɔ ɖo fiae ɖe fofoa teƒe elabena adzoha aɖewo va kple Arabiatɔwo, woge ɖe woƒe aʋasaɖa me eye wowu Via ŋutsu tsitsitɔwo katã. Ale Ahazia, Yuda fia, Yehoram ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. 2Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadae nye Atalia, ame si nye Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. 3Ahazia hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena dadaa do ŋusẽe be wòanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. 4Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena Ahab ƒe ƒometɔwo zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe eye woblee de gbegblẽ me.

5Ahazia zɔ ɖe woƒe aɖaŋu vɔ̃ nu eye wòwɔ ɖeka kple Yoram, Israel fia Ahab ƒe vi, hekpe aʋa kpli Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me. 6Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta. 7Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.

8Esime Yehu nɔ Ahab ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo wum la, edo go Ahazia ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye Yuda ƒe fiaviŋutsuwo eye wòwu wo. 9Esi Yehu kple eƒe amewo nɔ Ahazia dim la, wokpɔe wòbe ɖe Samaria du me, wolée yi na Yehu eye wòwui. Woɖi Ahazia abe fia ene elabena Fia Yehosafat, ame si subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvie.

Atalia kple Yoas

Ahazia ƒe vi Yoas koe tsi agbe aɖu fia ɖe eteƒe; 10Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nɔ Yuda ƒe aƒe la me. 11Ke Yehoseba fia, Yehoram ƒe vinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòkplɔe sii le fiaviŋutsuwo, ame siwo wogbɔna wuwu ge la dome eye wòtsɔ eya kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ gã me. Yehoseba, fia Yehoram ƒe vinyɔnu kple nunɔla Yehoiada srɔ̃, ame si hã nye Ahazia nɔvinyɔnu la ɣla ɖevi la ɖe Atalia be mate ŋu akpɔe awu o. 12Yoas nɔ bebeƒe kpli wo le Mawu ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade sɔŋ, esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum.

23

1Le ƒe adrelia me la, Yehoiada ɖe eƒe ŋusẽ fia. Ebla nu kple ame alafawo (100) ƒe aʋafia siawo: Azaria, Yeroham ƒe vi, Ismael, Yehohanan ƒe vi, Azaria, Obed ƒe vi kple Maaseya, Adaya ƒe vi kple Elisafat, Zikri ƒe vi. 2Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la, 3ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me.

Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene. 4Azɔ la, nu si míawɔ enye si. Mi nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe gbãtɔ me tɔwo, ame siwo awɔ dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la, miaƒe ŋkuwo anɔ ʋɔtruawo ŋu, 5mama evelia me tɔwo adzɔ fiasã la ŋu eye mama etɔ̃lia me tɔwo adzɔ Gɔmeɖokpegbo la ŋu. Ame bubuawo katã anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. 6Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu. 7Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!”

8Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o. 9Yehoiada na akplɔwo kple akpoxɔnuwo asrafomegãwo siwo le ame alafawo nu. Aʋawɔnu siawo nye Fia David tɔwo tsã eye wodzra wo ɖo ɖe gbedoxɔ la me. 10Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe. 11Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”

12Esi Atalia se se howɔwɔ kple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. 13Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”

14Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” 15Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.

16Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo. 17Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. 18Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm. 19Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o.

20Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi. 21Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi.

24

Yoas dzra Gbedoxɔ la ɖo

1Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibia tso Beerseba. 2Yoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, le nunɔla Yehoiada ƒe agbemeŋkekewo katã me. 3Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ.

4Emegbe la, Yoas ɖo ta me be yeadzra gbedoxɔ la ɖo. 5Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o.

6Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.”

7Azɔ la, nyɔnu vɔ̃ɖi ma, Atalia ƒe viŋutsuwo gbã ʋɔa ge ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me eye wowɔ nu kɔkɔeawo gɔ̃ hã ŋu dɔ na Baalwo.

8Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wokpa tsitrenuɖaka aɖe da ɖe gota le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo nu. 9Woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem be woatsɔ adzɔga si Mawu ƒe dɔla Mose bia tso Israel si le gbea dzi la vɛ na Yehowa. 10Dɔnunɔlawo katã kple ameawo katã tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo vɛ kple dzidzɔ eye woda wo ɖe nudzɔɖaka la me va se ɖe esime wòyɔ banaa.

11Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe. 12Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo. 13Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu. 14Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.

15Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) hafi ku. 16Woɖii ɖe David ƒe Du la me ɖe fiawo dome elabena ewɔ nu nyui geɖewo na Israel kple Mawu kple gbedoxɔ la.

Yoas ƒe ŋutasesẽ

17Le Yehoiada ƒe ku megbe la, Israel kplɔlawo va de ta agu na fia la eye fia la ɖo to wo. 18Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu. 19Mawu ɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woana ameawo natrɔ va ye gbɔ gake ameawo meɖo to wo o.

20Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.” 21Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu. 22Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”

23Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko. 24Yehowae na Siria ƒe aʋakɔ sue la ɖu Yuda ƒe aʋakɔ gã la dzi elabena Yudatɔwo gble Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi. Ale Mawu he to na Yoas. 25Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.

26Ame siwo wɔ babla ɖe eŋu la woe nye Zabad, ame si dadae nye Simeat, Amon ƒe viwo dometɔ ɖeka kple Yehozabad, Simirit, nyɔnu aɖe si tso Moab. 27Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me.

Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.

25

Yuda fia, Amazia

1Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ asieke. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, tso Yerusalem. 2Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o! 3Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. 4ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.”

5Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo (100) ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃ (300,000), wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie. 6Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka (100,000) tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃.

7Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o. 8Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.”

9Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?”

Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.”

10Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ.

11Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir. 12Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku.

13Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ (3,000) eye woha aboyonu geɖewo.

14Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo. 15Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?”

16Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.”

Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.”

17Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu.

18Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. 19Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”

20Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta. 21Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. 22Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. 23Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene. 24Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria.

25Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. 26Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 27Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. 28Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.

26

Yuda fia Uzia

1Yuda blibo la tsɔ Uzia, ame si xɔ ƒe wuiade la ɖo fiae ɖe fofoa, Amazia, teƒe. 2Le fofoa Amazia ƒe ku megbe la, egbugbɔ Elat du la tu eye wògbugbɔe xɔ na Yuda. 3Uzia xɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. 4Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene 5Le Zekaria ƒe agbenɔɣi la, Uzia dina ɣe sia ɣi be yeadze Mawu ŋu. Zaxarya nye ame si kpɔa ɖeɖefia tɔxɛwo tsoa Mawu gbɔ. Ŋkeke ale si fia la zɔ le Mawu ƒe ɖoɖowo nu ko la, nuwo dze edzi nɛ elabena Mawu yrae. 6Eho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu eye wòɖu Gat kple Yabne kple Asdod dzi eye wòmu woƒe gliwo ƒu anyi. Etso du yeyewo ɖe Asdod nutomewo kple teƒe bubuwo le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. 7Mawu kpe ɖe eŋu, menye le aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo ɖeɖe ko me o, ke boŋ le aʋa siwo wòwɔ kple Gur Baal ƒe Arabiatɔwo kple Meunitɔwo hã me. 8Amonitɔwo dzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo yi keke Egipte ke elabena enye fia ŋusẽtɔ aɖe.

9Etu xɔ tsralawo ɖe Yerusalem le Dzigbegbo kple Balimegbo la nu kple afi si gli la glɔ̃ mɔ le eye wòglã wo. 10Etu mɔwo ɖe Negeb hã eye wòɖe vudo geɖewo elabena lãha geɖewo nɔ esi le balimewo kple gbadzaƒewo. Agbledede doa dzidzɔ nɛ ale agble kple waingble geɖewo nɔ esi, le toawo ŋu kple balime afi si nukuwo nyona le nyuie.

11Ema eƒe aʋakɔ la ɖe aʋalɔglowo me eye wòde amewo wo me abe ale si Yeiel, aʋakɔ la ƒe nuŋlɔla kple eƒe kpeɖeŋutɔ Maaseya, ɖoe da ɖi ene. Aʋafia gã lae nye aʋakplɔla Hananiya. 12Hlɔ̃wo ƒe tatɔwo akpe eve alafa ade (2,600) nɔ aʋalɔglo siawo nu. 13Aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa etɔ̃ kple adre kple alafa atɔ̃ (307,500) nɔ aʋakɔ la me. 14Uzia na akpoxɔnuwo, akplɔwo, gakukuwo, gawuwo, datiwo kple akafomekpewo wo. 15Ena nunyala aɖe wɔ aʋawɔmɔ aɖewo le Yerusalem, aʋawɔmɔ siawo tea ŋu daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo tso xɔ kɔkɔwo kple xɔwo tame. Ale eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ elabena Yehowa kpe ɖe eŋu nukutɔe va se ɖe esime wòzu fia ŋusẽtɔ gã aɖe. 16Ke esi ŋusẽ ɖo Uzia ŋu vɔ megbe la, dada si nɔ eme la na wòdze anyi. Meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, ke boŋ ege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ le dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la dzi. 17Azaria, nunɔla la kple Yehowa ƒe nunɔla dzideƒotɔ blaenyi, bubu kplɔe ɖo ge ɖe eme. 18Wotɔ gbee gblɔ be, “Medze be wò, Uzia, nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o. Nunɔlawo ƒe dɔe, Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo ŋu wokɔ be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do go le Kɔkɔeƒe la elabena mèwɔ nuteƒe o eye Yehowa Mawu made bubu ŋuwò o.”

19Uzia, ame si lé dzudzɔdonu ɖe asi eye wònɔ klalo be yeado dzudzɔ la, do dɔmedzoe vevie. Esi wònɔ dziku dom ɖe nunɔlaawo ŋu, le wo ŋkume, le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la ŋgɔ la, kpodɔ dze eƒe ŋgonu zi ɖeka. 20Esi nunɔlagã Azaria kple nunɔla bubuawo katã nye kɔ kpɔe la, wokpɔ be edze kpodɔ ɖe ŋgonu eya ta wonyae do goe enumake le gbedoxɔ la me. Le nyateƒe me la, eya ŋutɔ hã tsi dzi na dodo elabena Yehowa ƒoe vevie.

21Ale Fia Uzia dze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Kpodɔ la nɔ eŋu, woɖee ɖe aga ɖe aƒe aɖe me eye womeɖe mɔ nɛ be wòagava Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Via, Yotam zu fiateƒenɔla le fiasã la me eye wòɖu ame siwo nɔ anyigba la dzi la dzi.

22Nu bubu siwo dzɔ le Uzia ƒe fiaɖuɣi, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la, Nyagblɔdila Yesaya, Amoz ƒe vi ŋlɔ wo katã da ɖi. 23Uzia ku eye woɖii ɖe abɔ si me woɖia fiawo ɖo la gbɔ elabena ameawo gblɔ be, “Edze kpodɔ.” Ke via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe.

27

Yotam, Yuda fia

1Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. 2Yotam Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Ke eya mege ɖe gbedoxɔ la me abe fofoa ene o; ke eƒe amewo ya yi nu gbegblẽ wɔwɔ dzi.

3Yotam tu Dzigbegbo ɖe gbedoxɔ la ŋu eye wògbugbɔ gli siwo le Ofel toa dzi, afi si gbedoxɔ la le la ƒe akpa gã aɖe tu. 4Etso duwo ɖe Yuda ƒe tonyigba la dzi eye wòtu mɔwo kple xɔ kɔkɔwo ɖe avewo me le toawo dzi.

5Yotam wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe fia eye wòɖu edzi. Le ƒe ma me la, Amonitɔwo tsɔ klosalo si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400), lu tɔn akpe eve alafa eve (2,200) kple ƒo tɔn akpe eve alafa eve (2,200) vɛ nɛ. Amonitɔwo tsɔ nu siawo ke vɛ nɛ le ƒe evelia kple etɔ̃lia siaa me. 6Fia Yotam kpɔ ŋusẽ ŋutɔ elabena ekpɔ egbɔ be yezɔ nyuie le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe mɔ dzi ɣe sia ɣi.

7Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe aʋawɔwɔwo kple eƒe wɔna bubuwo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyawo me. 8Le ŋutinya la nu la, Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. 9Esi wòku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Ahaz ɖu fia ɖe eteƒe.

28

Yuda fia, Ahaz

1Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem, ke mewɔ nu si dzɔ le Yehowa ŋkume abe tɔgbuia David ene o. 2Edze fia siwo nɔ Israel la ƒe kpɔɖeŋuwo yome eye wòsubɔ Baal ƒe legbawo. 3Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene. 4Esa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.

5Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko.

Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ. 6Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome. 7Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo. 8Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve (200,000) eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria.

9Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o. 10Azɔ la, ɖe miele nana ge Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo siaa nazu kluviwoa? Mieɖo ŋku miawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ŋuti dzi oa? 11Miɖo tom eye miagbugbɔ miaƒe ƒometɔwo ayi wo dewoe kpoo elabena azɔ la, Yehowa ƒe dɔmedzoe le bibim sesĩe ɖe mia ŋu.”

12Efraim ƒe kplɔlawo ƒe amegã aɖewo hã ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu. Ame siawoe nye Azaria, Yehohanan ƒe vi kple Berekia, Mesilemɔt ƒe vi kple Yehizkiya, Salum ƒe vi kple Amasa, Hadlai ƒe vi.

13Wogblɔ be, “Miekpɔ mɔ akplɔ aboyomeawo va afi sia o. Ne miekplɔ wo vɛ la, Yehowa ado dɔmedzoe eye nu vɔ̃ sia akpe ɖe miaƒe nu vɔ̃ bubu geɖeawo ŋu. Dɔmedzoe si Mawu do ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ xoxo.”

14Ale asrafomegãwo tsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo de asi na dukɔa kplɔlawo be woabu ta me tso nu si woawɔ kple wo la ŋu. 15Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria.

16Le ɣe ma ɣi me la, fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria fiawo be woava xɔ na ye. 17Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo 18le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me. 19Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o. 20Ke esi Asiria fia Tilgat Pilneser va ɖo la, eɖe fu na Fia Ahaz le esime wòakpe ɖe eŋu teƒe. 21Ale, Ahaz tsɔ nu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ƒe akpa aɖewo kpakple dɔnunɔlawo tɔ hetsɔ na Asiria fia la gake egbe kpekpe ɖe eŋu.

22Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me. 23Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi. 24Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 25Gawu la, ewɔ nu ma ke le Yuda ƒe du ɖe sia ɖe me eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu.

26Woŋlɔ nu tso Fia Ahazia ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ bubuawo tso gɔmedzedzea va se nuwuwu ŋu ɖe Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 27Esi Fia Ahaz ku la, woɖii ɖe Yerusalem du la me, ke menye ɖe fiawo ƒe ɖiƒe o, eye via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.

29

Hezekia kɔ Gbedoxɔ la ŋu

1Hezekia dze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. 2Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene.

3Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo. 4Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu wo ɖe yaxɔƒe si nɔ ɣedzeƒe lɔƒo 5eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la. 6Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Yehowa, mía Mawu, ŋkume. Wogble Yehowa kple eƒe gbedoxɔ la ɖi eye wotrɔ megbe dee. 7Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o 8eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Ena míezu ŋɔdzidonamenuwo kple alɔmeɖenuwo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. 9Wowu mía fofowo le aʋa me eye woɖe aboyo mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le esia ta.

10“Azɔ la, medi be mawɔ nubabla kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ale be wòaɖe eƒe dɔmedzoe helihelĩ la ɖa le mía dzi. 11Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.”

12Levitɔwo ƒe vi siwo nɔ afi ma hena subɔsubɔdɔ la woe nye:

ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me:

Mahat, Amasai ƒe vi; Yoel, Azaria ƒe vi.

Ame siwo tso Merari ƒe hlɔ̃ me:

Kis, Abdi ƒe vi kple Azaria, Yehalelel ƒe vi.

Ame siwo tso Gerson ƒe hlɔ̃ me:

Yoas, Zima ƒe vi kple Eden, Yoa ƒe vi.

13Ame siwo tso Elizafan ƒe hlɔ̃ me:

Yeiel kple Simri.

Ame siwo tso Asaf ƒe hlɔ̃ me:

Zekaria kple Matania.

14Ame siwo tso Heman ƒe hlɔ̃ me:

Yehiel kple Simei.

Ame siwo tso Yedutun ƒe hlɔ̃ me.

Semaya kple Uziel.

15Woawo hã yɔ Levitɔ bubuawo, wokɔ wo ɖokuiwo ŋuti eye wode asi gbedoxɔ la dzadzraɖo kple eŋu kɔkɔ me, abe ale si fia la gblɔ Yehowa ƒe nya na wo eye wòɖe gbe na wo be woawɔ ene. 16Nunɔlawo dzra xɔ emetɔ le gbedoxɔ la me ɖo eye wolɔ ʋuʋudedi kple nu gbegblẽwo katã tso afi ma va kɔ ɖe xɔxɔnu. Levitɔwo lɔ nu siawo yi Kidron tɔʋu la me. 17Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae.

18Le esia megbe la, wotrɔ yi Fia Hezekia gbɔ le eƒe fiasã la me eye wogblɔ nɛ be, “Míewu gbedoxɔ la, numevɔsamlekpui la, Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la kple eŋunuwo ŋu kɔkɔ nu. 19Gawu la, míefɔ gbedoxɔmenu siwo Fia Ahaz tsɔ ƒu gbe esi wòtu gbedoxɔ la eye míekɔ woawo hã ŋuti. Míetsɔ wo da ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ.”

20Esi ŋu ke ŋdi kanyaa la, Fia Hezekia yi Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple dumegãwo. 21Wotsɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ɖe fiaɖuƒe, Kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Egblɔ na nunɔlaawo, Aron ƒe dzidzimeviwo, be woatsɔ wo asa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi. 22Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. 23Wokplɔ gbɔ̃tsu siwo wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la va fia la kple ameha la ŋkume eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi. 24Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu.

25Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi. 26Ale Levitɔwo nɔ klalo kple David ƒe haƒonuwo eye nunɔlaawo nɔ klalo kple woƒe kpẽwo. 27Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo. 28Esime hadzilawo nɔ ha dzim eye wonɔ kpẽawo kum la, ameha blibo la de ta agu hesubɔ. Esiawo yi edzi va se ɖe esime numevɔsa la wu enu.

29Esi vɔsawo wu enu la, fia la kple ame siwo katã nɔ teƒea kplii la dze klo hesubɔ. 30Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ.

31Hezekia gblɔ be, “Míewu ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo nu, azɔ la, mitsɔ miaƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ.” Ale ameawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe tsɔ woƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ eye ame siwo lɔ̃ la, tsɔ numevɔsanuwo hã vɛ.

32Nu siwo ameha la tsɔ vɛ na numevɔsa lae nye nyitsu blaadre, agbo alafa ɖeka (100) kple agbovi alafa eve (200). Wotsɔ nu siawo katã vɛ hena numevɔsasa na Yehowa. 33Ke lã siwo ŋuti wokɔ abe vɔsalãwo ene la, le nyitsu alafa ade (600), alẽ kple gbɔ̃ akpe etɔ̃ (3,000). 34Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe. 35Numevɔsawo sɔ gbɔ kpe ɖe woƒe nunovɔsawo ŋu eye akpedavɔsawo hã sɔ gbɔ.

Ale wogadze mawusubɔsubɔ kple vɔwo sasa gɔme le gbedoxɔ la me. 36Hezekia kple ameawo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu siwo Mawu wɔ le ɣeyiɣi kpui ma me la ta.

30

Hezekia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la

1Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 2Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me. 3Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o. 4Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi 5eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.

6Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be,

“Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu. 7Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o. 8Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi. 9Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.”

10Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame! 11Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem. 12Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.

13Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 14Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me.

15Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me. 16Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe.

17Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa. 18Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be, 19“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.” 20Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o.

21Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe.

22Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.

23Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu. 24Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe adre (7,000) ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe ewo (10,000). Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi. 25Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe. 26Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o. 27Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.

31

1Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me.

Kpekpeɖeŋuwo nana hena mawusubɔsubɔ

2Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ. 3Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene.

4Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie. 5Esi sedede sia ɖo ameawo ƒe tome ko la, Israelviwo kɔ dɔme na woƒe kutsetse gbãtɔwo, wain yeye, ami kple anyitsi kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi. Wotsɔ nu sɔgbɔwo vɛ siwo nye nu sia nu ƒe ewolia ƒe ɖeka. 6Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo. 7Wodze nu sia wɔwɔ gɔme le ɣleti etɔ̃lia me eye wowu enu le ɣleti adrelia me. 8Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo.

9Hezekia bia nunɔlawo kple Levitɔwo be, “Afi ka nu gbogbo siawo katã tso?” 10nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.”

11Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema. 12Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ. 13Yehiel, Azazia, Nahat, Asahel, Yerimɔt, Yozabad, Eliel, Ismakia, Mahat kple Benaya nye dɔdzikpɔlawo nɔ Konania kple nɔvia ŋutsu Simei te le Fia Hezekia kple Azaria, Mawu ƒe gbedoxɔ dzikpɔla la ƒe ɖoɖo nu.

14Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam. 15Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amaria kple Sekania kpe ɖe eŋu le nuteƒewɔwɔ me le nunɔlawo ƒe duwo me le numama na wo nɔvi nunɔlawo me ɖe woƒe hatsotsowo nu na tsitsiawo kple ɖeviawo siaa. 16Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu. 17Eye woma nuwo na nunɔlawo, ame siwo ŋkɔ woƒe ƒomewo ŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽawo me. Nenema kee wowɔ na Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu, le woƒe dɔdeasiwo kple woƒe hatsotsowo nu. 18Ame siwo hã ƒe ŋkɔwo nɔ dzidzimegbalẽawo me la woe nye: ɖevi suewo, srɔ̃nyɔnuwo kple dukɔ blibo la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo elabena wowɔ nuteƒe le wo ɖokuiwo ŋu kɔkɔ me. 19Wotia nunɔla ɖeka le du ɖe sia ɖe si me nunɔlawo, Aron ƒe viwo, nɔ la me be wòama nuɖuɖu kple nu bubuwo na nunɔla siwo le nuto me ma kple Levitɔ siwo katã ŋkɔ wode agbalẽ me.

20Ale Fia Hezekia wɔ ɖoɖo ɖe numama ŋu le Yudanyigba blibo la dzi; ewɔ nu si nyo eye wòdze la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume. 21Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie.

32

Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem

1Le nu siwo Hezekia wɔ anukwaretɔe vɔ megbe la, Asiria fia, Senakerib ho va dze Yuda dzi. Eɖe to ɖe du siwo woglã kple susu be, yeaxɔ wo na ye ɖokui. 2Esi eme kɔ ƒãa be Fia Senakerib ɖo ta me be yeaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu la, 3Hezekia wɔ takpekpe kple eƒe fiaviŋutsuwo kple eƒe aɖaŋudelawo. Woɖo be yewoaxe vudo siwo le dua godo. 4Wodi dɔwɔla geɖewo woxe vudoawo katã kple tɔsisi si si to agblewo me. Wobia be, “Nu ka ta Asiria fia ava eye wòakpɔ tsi ano?”

5Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo.

6Eƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu eye wòɖo asrafomegãwo ɖe wo nu, heɖo wo ɖe gbadzaƒe si le dua ŋgɔ. Eƒo nu, de dzi ƒo na wo kple nya siawo be, 7“Misẽ ŋu, miawɔ kalẽ eye migavɔ̃ Asiria fia la alo eƒe aʋakɔ gã la o elabena ame aɖe le mía dzi si kpɔ ŋusẽ wui sãa! 8Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.”

9Le nu siawo megbe la Asiria fia Senakerib kple aʋakɔwo ɖe to ɖe Lakis du la, eye wòdɔ amewo ɖa be woagblɔ na Yuda fia Hezekia kple Yudatɔ siwo katã le afi ma be,

10“Asiria fia Senakerib le biabiam be: Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo be yewoate ŋu atsi agbe esi meɖe to ɖe Yerusalem dua? 11Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’ 12Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa?

13“Ɖe mienya nu si mía kple fofonyewo míewɔ anyigbadzidukɔwo katã oa? Dukɔ mawo ƒe mawuwo mete ŋu wɔ naneke heɖe woƒe anyigbawo o. 14Dukɔ siawo ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye asi me? Nu kae na miebu be miaƒe Mawu ya ate ŋu aɖe mi? 15Migana Hezekia nana miazu abunɛtɔwo o! Migaxɔ edzi se o! Megale egblɔm be, dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖe eƒe amewo tso nye asi me loo alo tso tɔgbuinyewo ƒe asi me kpɔ o. Aleke miaƒe mawu ya ate ŋui?”

16Ale ame dɔdɔ la ɖe alɔme le Yehowa Mawu kple Mawu ƒe dɔla Hezekia ŋu eye wòdzu wo. 17Fia Senakerib ŋlɔ agbalẽ hã eye wòdo vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me be, “Dukɔ bubuwo katã ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso nye asi me o, eye Hezekia ƒe Mawu hã mate ŋui o.” 18Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo. 19Dɔla siawo ƒo nu tso Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe trɔ̃subɔlawo ƒe mawu, siwo nye legba siwo amegbetɔ wɔ la dometɔ ɖeka ene!

20Ale Fia Hezekia kple Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, do ɣli, ɖe kuku na Mawu le dziƒo 21eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma. 22Ale Yehowa ɖe Fia Hezekia kple Yerusalemtɔwo eye azɔ la, ŋutifafa nɔ fiaɖuƒe blibo la me.

23Tso ɣe ma ɣi dzi la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la, bua Hezekia vevie eye nunana geɖewo na Yehowa kple nunana tɔxɛwo na Hezekia hã va ɖo Yerusalem.

Hezekia ƒe dada, dzidzedzekpɔkpɔ kple ku

24Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ vevie eye wòɖo kudo nu. Edo gbe ɖa na Yehowa, ame si ɖo gbedodoɖa la ŋu nɛ hena nukudzesi aɖee. 25Ke dada nɔ Hezekia ƒe dzi me eye metsɔ ɖeke le dɔmenyo si Yehowa wɔ nɛ la me o eya ta Yehowa ƒe dziku nɔ eya amea, Yuda kple Yerusalem dzi. 26Tete dada si nɔ Hezekia ƒe dzi me la vee eye wòtrɔ dzi me. Yerusalem nɔlawo hã wɔ nenema ke, eya ta Yehowa ƒe dziku la mebi ɖe wo ŋu le Hezekia ƒe ŋkekewo me o.

27Ale Hezekia zu kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe, etu nudzraɖoƒewo na eƒe klosalo, sika kple kpe xɔasiwo, atike ʋeʋĩwo, akpoxɔnuwo kple sikatrewo. 28Etu avawo be yeadzra bli, wain yeye kple ami ɖo ɖe wo me eye wògatu lãkpowo hã. 29Etso kɔƒewo eye lãha gãwo sɔ gbɔ ɖe esi elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔ woe. 30Exe Gihon tɔsisi la ƒe Dzigbetɔʋu la ƒe nugbɔ eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsi la be wòatsa ayi David ƒe Du la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yerusalem.

31Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye.

32Woŋlɔ Hezekia ŋutinya mamlɛa kple dɔ nyui siwo katã wòwɔ la ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi ƒe agbalẽ kple Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. 33Esi Hezekia ku la, woɖii ɖe fia David ƒe dzidzimeviwo wo ƒe yɔdowo gbɔ le togbɛ la ŋu. Yuda kple Yerusalem blibo la de bubu eŋu le eƒe ku me. Via ŋutsu Manase zu fia ɖe eteƒe.

33

Yuda fia, Manase

1Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. 2Manase wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. 3Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòwɔ aƒeliwo. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. 4Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le esime Yehowa gblɔ le gbedoxɔ la ŋu be, “Nye ŋkɔ atsi Yerusalem ŋu tegbetegbe.” 5Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. 6Etsɔa via ŋutsuviwo saa dzovɔe le Ben Hinom ƒe Balime. Ekaa afa, dea nubiaƒe, wɔa adze, dea ŋɔliyɔlawo kple gbɔgbɔwo yɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.

7Eda legba aɖe si wòwɔ la ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Mawu ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! 8Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na fofowòwo la dzi o, nenye be wolé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”

9Ke Manase do ŋusẽ Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo be woawɔ nu vɔ̃ siwo vɔ̃ɖi wu esiwo dukɔ siwo Yehowa tsrɔ̃ esime Israel ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã. 10Manase kple eƒe amewo meɖo to Yehowa ƒe nyagbegbe na wo o 11eya ta Yehowa dɔ Asiria ƒe aʋakɔ la ɖa, wolé Manase heƒo ga ɖe ŋɔti nɛ. Wode akɔblikɔsɔkɔsɔe eye woɖe aboyoe yi Babilonia. 12Manase va nyɔ le eɖokui me mlɔeba eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ kple ɖokuibɔbɔ. 13Yehowa se eƒe kukuɖeɖe eye wòna wògbugbɔ va Yerusalem kple eƒe fiaɖuƒe la. Azɔ hafi Manase dze sii mlɔeba be Yehowa nye Mawu nyateƒe!

14Esi wògbugbɔ David ƒe Du la ƒe gli egodotɔ ɖo vɔ la, eɖo gli la ɖe Gihon tɔʋu si le balime la ƒe ɣedzeƒe yi ɖase keke Tɔmelãgbo la nu, eɖoe ƒo xlã Ofel togbɛ la eye wòna teƒe sia ƒe gliwo kɔ wu teƒe mamlɛawo tɔwo. Eɖo aʋafiawo Yuda du siwo katã wòglã la nu.

15Eɖe dzromawuwo ɖa eye nenema ke wòɖe legba la hã ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Nenema ke wòɖe vɔsamlekpui siwo katã wòɖi ɖe gbedoxɔa ƒe togbɛ dzi kple le Yerusalem eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe du la godo. 16Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu, ŋutifafavɔ kple akpedavɔ le edzi eye wògblɔ na Yuda be wòasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 17Ke hã la, ameawo gasaa vɔwo ko le vɔsamlekpui siwo le togbɛawo dzi la dzi gake wosaa vɔ siawo azɔ na Yehowa, woƒe Mawu la.

18Woŋlɔ nu bubu siwo yi edzi le Manase ƒe fiaɖuɖu me, eƒe gbe si wòdo ɖa na eƒe Mawu, nya siwo nukpɔlawo gblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la katã ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 19Woŋlɔ eƒe gbedodoɖa kple ale si eƒe kokoƒoƒo wɔ dɔ ɖe Mawu dzi kpe ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe nuteƒemawɔmawɔ, teƒe siwo wòtu nuxeƒewo ɖo, afi siwo wòtu aƒeliwo ɖo eye wòli legbawo ɖo hafi bɔbɔ eɖokui la katã de nukpɔlawo ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me.

20Manase ku, woɖii ɖe eƒe fiasã me eye Amon, Via ŋutsu, ɖu fia ɖe eteƒe.

Amon, Yuda fia

21Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. 22Amon wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Esubɔ eye wòsa vɔ na legbawo katã abe fofoa ene, 23ke eya metrɔ dzime abe fofoa ene o, ke boŋ Amon yi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. 24Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me. 25Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi, Yosia, ɖo fiae.

34

Tɔtrɔ yeye siwo Yosia wɔ

1Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. 2Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia, David ƒe afɔtoƒewo. Medze ɖe ɖusime alo miame o. 3Esi wòxɔ ƒe wuiade le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu didi me eye le ƒe ene bubu megbe la, ede asi nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me le Yuda kple Yerusalem. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo eye wòho aƒeliwo le nuxeƒeawo. 4Eya ŋutɔ ɖakpɔ ale si wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui kple ale si womu aƒeli siwo nɔ vɔsamlekpui la tame la ƒu anyi kple ale si wogbã legbawoe eye wotu wɔ heʋuʋu ɖe ame siwo sa vɔ na legba mawo la ƒe yɔdowo dzi la teƒe. 5Etɔ dzo trɔ̃nuawo ƒe ƒuwo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe vɔsamlekpui dzi elabena ebu be nuwɔna sia aɖe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃wo ɖa le Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo ŋuti.

6Le esia megbe la, eyi Manase, Efraim kple Simeon ƒe duwo me, yi keke Naftali ƒe duwo me ke eye wòwɔ nu mawo ke le teƒe mawo hã. 7Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo gudugudu eye wòmu woƒe aƒeliwo ƒu anyi. Ewɔ nu sia le afi sia afi le Israelnyigba blibo la dzi hafi trɔ yi Yerusalem.

8Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esi wòɖe nu vɔ̃wo ɖa le anyigba la dzi kple gbedoxɔ la ŋuti vɔ la, etia Safan, Azalia ƒe viŋutsu kple Maaseya, be woanye mɔmefia le Yerusalem. Etia Yoa, Yoahaz ƒe vi be wòanye dua ƒe gadzikpɔla eye wòadzra Yehowa, eƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ɖo. 9Eye woyi Nunɔlagã Hilkia gbɔ hetsɔ ga siwo wohe va Mawu ƒe gbedoxɔ me la na. Ga siawo nye ga si Levitɔwo xɔ le gbedoxɔ la ƒe agbowo nu tso ame siwo tso Manase, Efraim kple Israel ƒe akpa bubuawo, Yuda blibo la kple Benyamin kpakple Yerusalemtɔwo si. 10Ale wotsɔ wo na dɔnunɔla siwo wotia be woakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzadzraɖodɔwo dzi. Ame siawo xea fe na dɔwɔla siwo dzra gbedoxɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo. 11Hekpe ɖe esia ŋu la, wona ga atikpalawo kple gliɖolawo be woaƒle kpe kpakpawo kple atiwo na xɔ siwo Yuda fiawo gble ɖi eye nuwo gblẽ le wo ŋuti.

12Dɔwɔlawo tsɔ dzo ɖe dɔ la ŋu nɔ Yahat kple Obadiya, ame siwo nye Levitɔwo tso Merari ƒe hlɔ̃ la me la ƒe dzikpɔkpɔ te. Zekaria kple Mesulam tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me woe nye xɔtudɔdzikpɔlawo. Levitɔ siwo nya saŋkuƒoƒo la, nɔa saŋku ƒom le esime dɔwɔlawo nɔa dɔ dzi. 13Levitɔ bubuwo kpɔa agbatetsɔla siwo tsɔa xɔtunuwo yina na xɔtulawo la dzi. Ame bubuwo naa kpekpeɖeŋu abe gakɔntabulawo, dɔdzikpɔlawo kple agbatsɔlawo ene.

Wofɔ Segbalẽ la

14Gbe ɖeka esi nunɔlagã Hilkia nɔ gbedoxɔ me eye wònɔ ga si wodzɔ le agboawo nu dem agbalẽ me la, ekpɔ Segbalẽ aɖe si me woŋlɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na Mose la ɖo! 15Hilkia gblɔ na Safan, nuŋlɔla la be, “Mefɔ Segbalẽ la le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan.

16Tete Safan tsɔ agbalẽ la yi na fia la eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo le nu sia nu wɔm le woƒe dɔdeasiwo ŋuti. 17Wotsɔ ga si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me la de asi na dɔdzikpɔlawo kple dɔwɔlawo.”

18Safan ƒo nu tso agbalẽ la kple ale si Hilkia fɔe la ŋu eye wòxlẽe na fia la. 19Esi fia la se nu siwo Se siawo bia tso Mawu ƒe amewo si be woawɔ la, edze eƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. 20Eɖe gbe Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Abdon, Mika ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be, 21“Miyi miabia Yehowa nam kple Israel kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa trɔ eƒe dɔmedzoe kɔ ɖe mía dzi elabena mía fofowo mewɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo dzi o. Womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la nu o.”

22Ale Hilkia kple fia ƒe ame dɔdɔwo yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu nyagblɔɖila sia nye Tokhat ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Hasra si dzi Tokhat nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. 23Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be, 24‘Yehowa ƒe gbe enye si: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi. Fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me si woxlẽ le Yuda fia ƒe ŋkume la, ava eme; 25Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo me la. Nye dɔmedzoe atrɔ akɔ ɖe teƒe sia dzi eye enu matso o.’

26“Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti. 27Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Mawu ƒe ŋkume, esi miese nu siwo wògblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu eye esi miebɔbɔ mia ɖokui le ŋkunye me, miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe. 28Ke fifia la, àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va afi sia kple ame siwo le afi sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la.

Ale wotsɔ nya sia tso Yehowa gbɔ yi na fia la. 29Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. 30Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple Levitɔwo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. 31Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le Yehowa ŋkume. Eɖe adzɔgbe na Yehowa be, yeadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi. 32Ebia tso ame sia ame si nɔ Yerusalem kple Benyamin si be, woanɔ nubabla sia me kple Mawu eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi.

33Ale Yosia ɖe legbawo katã ɖa le teƒe siwo Israelnyigba katã dzi eye wòbia tso wo katã si be woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, le eƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me; ameawo yi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la subɔsubɔ dzi.

35

Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la

1Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa le Yerusalem eye wowu Ŋutitotolẽvi la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi. 2Yosia gbugbɔ nunɔlawo ɖo woƒe dɔwo nu eye wòdo ŋusẽ wo be woagadze woƒe dɔwo wɔwɔ gɔme le gbedoxɔ la me. 3Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo. 4Midzra mia ɖokuiwo ɖo ɖe ƒomewo nu le míaƒe hatsotsowo me ɖe ale si David, Israel fia kple via, Solomo, ŋlɔe da ɖi la nu.

5“Mitsi tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la kple Levitɔwo ƒe ha aɖe ɖe ƒomewo ƒe ha ɖe sia ɖe nu ɖe mia nɔvi siwo menye nunɔlawo o la nu. 6Miwu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo, mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti eye miakpe ɖe ame siwo va la ŋuti ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na to Mose dzi la nu.”

7Fia la tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe blaetɔ̃ (30,000) kple nyitsuvi akpe etɔ̃ (3,000) na ameawo be woatsɔ asa Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔwoe. 8Dumegãwo na lɔlɔ̃nununanawo nunɔlawo kple Levitɔwo. Hilkia, Zekaria kple Yehiel, ame siwo nye gbedoxɔ la dzikpɔlawo la na alẽ kple gbɔ̃ akpe eve alafa ade (2,600) kple nyitsu alafa etɔ̃ (300) abe woƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsanuwo ene. 9Levitɔwo ƒe kplɔlawo, Konania, Semaya kple Netanel kple nɔviawo, Hasabia, Yeiel kple Yozabad na alẽ kple gbɔ̃ akpe atɔ̃ (5,000) kple nyitsu alafa atɔ̃ (500) Levitɔwo hena woƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa.

10Esi wowu ɖoɖo ɖe sia ɖe nu vɔ la, nunɔlaawo tsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo eye Levitɔwo nɔ woƒe dɔwɔhawo me abe ale si fia la ɖo na wo ene. 11Levitɔwo wu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye wotsɔ woƒe ʋu na nunɔlaawo wohlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu, esi Levitɔwo ɖe agbalẽ le lãawo ŋu. 12Woli kɔ alẽ siwo wowu la ɖi na hlɔ̃ vovovoawo be hlɔ̃ ɖe sia ɖe natsɔ etɔ asa numevɔe na Yehowa abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe sewo me ene. Wowɔ nyi siwo wowu hã nenema ke. 13Le esia megbe la, wome Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye woɖa nunana kɔkɔewo le zewo kple agbawo me le Mose ƒe se la nu eye woɖe abla tsɔ wo yi na ameawo be woaɖu. 14Emegbe la, Levitɔwo ɖa nu na woawo ŋutɔ kple nunɔlaawo, Aron ƒe viwo, elabena wonɔ dɔ dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ henɔ dzo tɔm numevɔsalãwo ƒe ami.

15Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe viwo la nɔ woƒe nɔƒewo eye wozɔ ɖe ɖoɖo siwo Fia David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia la ƒe nyagblɔɖila wɔ da ɖi ƒe geɖewo do ŋgɔ la dzi. Agbonudzɔlawo dzɔ agboawo nu, womedzo le woƒe agbowo nu o elabena wo nɔvi Levitɔwo tsɔ woƒe nuɖuɖu yi na wo. 16Wowu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu nu le ŋkeke ɖeka ma dzi. Wosa numevɔwo katã le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yosia ɖoe da ɖi ene.

17Israelvi siwo nɔ Yerusalem la kpɔ gome le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me. Le esia megbe la, woɖu Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui ŋkeke adre. 18Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o. 19Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia le fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.

Yosia ƒe ku

20Le esia megbe la, esi Yosia ɖɔ gbedoxɔ la ɖo vɔ la, Egipte fia Neko ho yi be yeawɔ aʋa le Karkemis gbɔ le Frat tɔsisi la to, eye Yosia hã ho yi ɖakpee. 21Neko ɖo amewo ɖe Yosia gbɔ be, “Nyemedi be mawɔ aʋa kpli wò, Yuda fia, o! Meva be mawɔ aʋa kple ame si mekpe aʋa kplii ko. Ɖe asi le ŋunye elabena Mawu gblɔ nam be, mawɔ kaba eya ta mègade nu Mawu ƒe nya sia me ne wòatsrɔ̃ wò o elabena Mawu li kplim.”

22Ke Yosia metrɔ dzo o, ke boŋ ekplɔ eƒe aʋakɔ la eye wòkpe aʋa kple Fia Neko ƒe aʋakɔ la le Megido balime. Eɖe eƒe fiawu da ɖi ale be futɔwo makpɔe adze sii o. Yosia mexɔe se be Mawu gbɔe Neko ƒe nya la tso o. 23Futɔwo ƒe aŋutrɔdalawo ŋɔ Fia Yosia kple woƒe aŋutrɔwo eye wode abi eŋu. Yosia do ɣli na eŋumewo be, “Mitsɔm dzoe le aʋagbe la dzi.”

24Ale woɖee le eƒe tasiaɖam me de tasiaɖam evelia si nɔ esi la me eye wotsɔe yi Yerusalem, afi si wòku le. Woɖii ɖe tɔgbuiawo ƒe ɖiƒe eye Yuda blibo la kple Yerusalem fae.

25Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me.

26Woŋlɔ Yosia ƒe nuwɔna kple dɔ nyui bubuwo wɔwɔ kple ale si wòwɔ Yehowa ƒe sewo dzi la 27ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinya me.

36

1Anyigba la dzi tɔwo katã tia Yehoahaz, Yosia ƒe vi eye wotsɔe ɖo fiae ɖe Yerusalem ɖe fofoa teƒe.

Yuda fia Yehoahaz

2Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòdze fiaɖuɖu gɔme, ke eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. 3Egipte fia ɖe Yehoahaz le fiazikpui la dzi le Yerusalem eye wòɖo nudzɔdzɔ Yuda dzi be wòana klosaloga kilogram akpe etɔ̃, alafa ene (3,400) kple sikaga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.

4Egipte fia tsɔ Eliakim, Yehoahaz nɔvi, ɖo fia ɖe Yuda kple Israel nu. Wotrɔ Eliakim ƒe ŋkɔ wòzu Yehoyakim. Ke Neko kplɔ Eliakim nɔvi Yehoahaz yi Egipte.

Yehoyakim zu Yuda fia

5Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. 6Babilonia fia, Nebukadnezar, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ɖu edzi eye wòde kɔsɔkɔsɔ Fia Yehoyakim heɖe aboyoe yi Babilonia. 7Nebukadnezar lɔ sikatrewo kple nu bubuwo tso gbedoxɔ la me ɖada ɖe eya ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me le Babilonia. 8Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya kple eƒe wɔna mamlɛawo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe.

Yehoyatsin, Yuda fia

9Yehoyatsin xɔ ƒe enyi ko esi wòɖu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo ko. Ewɔ nu vɔ̃ le Mawu ƒe ŋkume o. 10Esi ƒe trɔ la, Fia Nebukadnezar yɔe va Babilonia le adame. Wolɔ kesinɔnu geɖewo tso Yerusalem gbedoxɔ la me yi Babilonia eye Fia Nebukadnezer tsɔ Yehoyatsin nɔvi Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.

Zedekia, Yuda fia

11Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. 12Zedekia nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume elabena egbe, mezɔ ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ƒe nya si wòse tso Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ la nu o. 13Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu togbɔ be eka atam nɛ be yeasubɔe anukwaretɔe hã hafi. Zedekia nye kɔlialiatɔ aɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe sewo dzi mawɔmawɔ me eye wògbe metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.

Yerusalem ƒe anyidzedze

14Ame vevi siwo katã nɔ dukɔ la me, nunɔlagãwo gɔ̃ hã, subɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe legbawo ale wodo gu Yehowa ƒe gbedoxɔ la le Yerusalem. 15Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la. 16Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o.

17Ekplɔ Babilonia fia ƒu wo, ame si wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le Kɔkɔeƒe la eye meve ɖekakpuiwo loo alo ɖetugbiwo, ametsitsi loo alo amegãɖeɖi nu o. Mawu tsɔ wo katã de asi na Nebukadnezar. 18Elɔ nu siwo katã le Mawu ƒe gbedoxɔ me, nu suewo kple gãwo siaa kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nu xɔasiwo kple fia ƒe dɔnunɔlawo ƒe nu xɔasiwo katã yi Babilonia. 19Wotɔ dzo Mawu ƒe gbedoxɔ la, gbã Yerusalem ƒe gliwo, wotɔ dzo fiasãwo katã eye wogblẽ nu sia nu si ŋu asixɔxɔ nɔ le afi ma.

20Ekplɔ ame siwo susɔ, esiwo si le yi nu la yi aboyome le Babilonia eye wova zu subɔlawo na eya ŋutɔ kple via ŋutsuwo va se ɖe esime Persia fiaɖuƒe la xɔ ɖe eteƒe. 21Anyigba la xɔ eƒe Dzudzɔgbe dzudzɔwo. Edzudzɔ ɣeyiɣi siwo katã wònye aƒedo va se ɖe esime ƒe blaadre de le Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yeremia dzi la nu.

22Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋa Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi eye wòade gbeƒãɖeɖe sia nuŋɔŋlɔ me be,

23Nu si Sirus, Persia fia, gblɔe nye,

“Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dziɖuɖu de asi nam eye wotiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. Ame siwo nye Yehowa ƒe ame eye wole mia dome la, Yehowa, woƒe Mawu la nanɔ kpli wo eye wòana woadzo ayi.”